Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Mawu Meɖoa Gbedodoɖa Aɖewo Ŋu O?

Nu Ka Tae Mawu Meɖoa Gbedodoɖa Aɖewo Ŋu O?

Exlẽlawo Bia Be

Nu Ka Tae Mawu Meɖoa Gbedodoɖa Aɖewo Ŋu O?

Ele bɔbɔe be woate ɖe Mawu ŋu. Abe ale si ko wònyea dzidzɔ na vifofo lɔ̃ame ne viawo tea ŋu ƒoa nu nɛ faa ene la, nenema kee wònyea dzidzɔ na Yehowa Mawu hã be míado gbe ɖa na ye. Togbɔ be ele alea hã la, abe ale si wònɔna le vifofo nyanu ɖe sia ɖe gome ene la, susu aɖewo li siwo tae Mawu meɖoa gbedodoɖa aɖewo ŋu o. Ðe susuawo le ɣaɣlaa, alo ɖe wòɖe nanewo fia le Biblia me siwo akpe ɖe mía ŋu míanya?

Apostolo Yohanes gblɔ be: “Kakaɖedzi si le mía si ku ɖe eŋu lae nye esi: be nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” (1 Yohanes 5:14) Ele be míaƒe gbedodoɖawo nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Ame aɖewo doa gbe ɖa biaa nu siwo mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kura o—le kpɔɖeŋu me, wodoa gbe ɖa be yewoaɖu loto, alo yewoaɖu dzi le tsatsadada me. Ame bubu aɖewo hã medoa gbe ɖa kple nukpɔsusu nyui o. Nusrɔ̃la Yakobo ƒo nu tsi tsitre ɖe ame siwo doa gbe ɖa le mɔ gbegblẽ nu ŋu ale: “Miebiana, ke miexɔnɛ o, elabena susu vɔ̃e mietsɔ le ebiam, ale be miaɖi kɔ na ŋutilã ƒe vivisese ƒe dzodzro sesẽ siwo le mia me.”—Yakobo 4:3.

Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be bɔlƒoha eve aɖewo yina bɔl ƒo ge, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe do gbe ɖa na Mawu be wòana yeaɖu dzi. Míate ŋu akpɔ mɔ kura be Mawu naɖo gbedodoɖa mawo siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la ŋu o. Míate ŋu agblɔ nya ma ke ku ɖe gbe siwo dukɔ siwo ho aʋa ɖe wo nɔewo ŋu dona ɖa egbea be Mawu nana yewoaɖu dzi la hã ŋu.

Mawu meɖoa ame siwo gbea bubudede eƒe sewo ŋu la ƒe gbedodoɖawo ŋu o. Ɣeaɖeɣi la, mawusubɔla alakpanuwɔlawo ƒe nuwɔna na Yehowa gblɔ be: “Ne mieke miaƒe abɔwo la, matsyɔ nu ŋku me ɖe mi, eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemasee o, elabena ʋu yɔ asi me na mi!” (Yesaya 1:15) Biblia gblɔ be: ‘Ame si ɖe to ɖa, be yemase se o la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.’—Lododowo 28:9.

Gake Yehowa ɖoa to gbe siwo esubɔla, siwo dzea agbagba vevie ɣesiaɣi be yewoasubɔe abe ale si wòdii ene, dona ɖa nɛ tso dzi blibo me la ɣesiaɣi. Ðe esia fia be ana nu sia nu si wobiae la nava eme na woa? Ao. Bu Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

Mose nɔ ƒomedodo aɖe si tɔgbi mebɔ o me kple Mawu; ke hã, enɔ na eya hã be wòabia nu si wɔ “ɖeka kple [Mawu ƒe] lɔlɔ̃nu.” Mose ɖe kuku na Mawu be wòaɖe mɔ na ye yeayi ɖe Kanaan nyigba dzi hegblɔ be: “Na mayi dzro, bena maɖakpɔ anyigba nyui la le Yordan godo.” Nu si wòbia la mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o, elabena Mawu gblɔ na Mose do ŋgɔ be mayi anyigba ma dzi o le nu vɔ̃ aɖe si wòwɔ ta. Eya ta Yehowa mewɔ ɖe Mose ƒe didia dzi nɛ o, ke boŋ Mawu gblɔ nɛ be: “Esɔ gbɔ, megaƒo nu kplim le nya sia ŋuti azɔ o.”—5 Mose 3:25, 26; 32:51.

Apostolo Paulo do gbe ɖa be yeavo tso nane si ŋu wògblɔ le be enye ‘ŋu aɖe nɔ yeƒe ŋutilã me’ la si me. (2 Korintotɔwo 12:7) Ate ŋu anye be ŋkudɔ aɖe si ɖea fu na Paulo enuenu alo tsitretsiɖeŋulawo kple “aʋatsonɔviwo” ƒe fuɖename atraɖii yɔmee wònɔ be “ŋu.” (2 Korintotɔwo 11:26; Galatiatɔwo 4:14, 15) Paulo ŋlɔ bena: “Meɖe kuku na Aƒetɔ la vevie zi etɔ̃ le esia ŋuti, be wòadzo le gbɔnye.” Ke hã, Mawu nyae be ne Paulo yi edzi ɖe gbeƒã togbɔ be ‘ŋu si nɔ eƒe ŋutilã me’ la nɔ fu ɖem nɛ vevie hã la, ana Mawu ƒe ŋusẽ nadze ƒãa, eye wòaɖee afia be Paulo ɖoa ŋu ɖe Ye ŋu bliboe. Eya ta le esi Mawu nawɔ Paulo ƒe didia dzi nɛ teƒe la, ɖe Mawu gblɔ nɛ boŋ be: “Nye ŋusẽ zua blibo le mewò le wò gbɔdzɔgbɔdzɔ me.”—2 Korintotɔwo 12:8, 9.

Vavãe, Mawu nya gbedodoɖa siwo ƒe ŋuɖoɖo aɖe vi na mí wu la nyuie wu mía ŋutɔwo gɔ̃ hã. Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɣesiaɣi hena míaƒe nyonyo le ɖekawɔwɔ me kple eƒe tameɖoɖo siwo me lɔlɔ̃ le siwo wòɖe gblɔ le Biblia la me.