Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Ƒe Kpeɖodzi Gãtɔ Kekeake

Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Ƒe Kpeɖodzi Gãtɔ Kekeake

Te Ðe Mawu Ŋu

Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Ƒe Kpeɖodzi Gãtɔ Kekeake

1 Mose 22:1-18

ABRAHAM lɔ̃ Mawu. Blemafofo wɔnuteƒe ma lɔ̃ Isak si nye vi si wòdzi le eƒe amegãkuku me la hã. Gake esi Isak xɔ abe ƒe 25 ene la, Abraham dze ŋgɔ dodokpɔ aɖe si tsi tsitre ɖe seselelãme si nɔa vifofo si na via ŋu—Mawu gblɔ nɛ be wòatsɔ via asa vɔe. Ke hã, mlɔeba la, megaxa wu Isak o. Elabena le ɣeyiɣi si me tututu Abraham do asi ɖa be yeawu via la, Mawu ɖo asi edzi to mawudɔla aɖe dzi. Biblia me nuŋlɔɖi si le 1 Mose 22:1-18 la nye lɔlɔ̃ gã si Mawu va ɖe fia mí emegbe la tɔgbi ɖeɖe fia le mɔ sue aɖe nu.

Kpukpui gbãtɔ gblɔ be: “Mawu do Abraham kpɔ.” Xɔse sẽŋu nɔ Abraham si, gake fifia ya edze ŋgɔ xɔse ƒe dodokpɔ aɖe si tɔgbi medo go kpɔ o. Mawu gblɔ nɛ be: ‘Kplɔ Isak, wò tenuvi, si gbɔ mèlɔ̃a nu le o la, eye natsɔe amè nui le afi ma le vɔsamlekpui dzi le to aɖe, si mafia wò la dzi!’ (Kpukpui 2) Ðo ŋku edzi be Mawu meɖea mɔ be woate esubɔlawo kpɔ wu esi nu woate ŋu anɔ te ɖo o. Eya ta dodokpɔ sia ɖe ale si gbegbe Yehowa ka ɖe Abraham dzii la fia.—1 Korintotɔwo 10:13.

Abraham wɔ ɖe Mawu ƒe nya la dzi enumake. Míexlẽ be: “Abraham fɔ ŋdi kanya, bla akpa na eƒe tedzi, eye wòkplɔ dɔla eve kple via Isak ɖe asi, eye esi wòdze nake ɖe numemea ŋu la, edze mɔ yi teƒe, si Mawu gblɔ nɛ la.” (Kpukpui 3) Edze ƒãa be Abraham megblɔ dodokpɔ sia ŋu nya na ame aɖeke o.

Wodze ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔzɔzɔ la gɔme, eye anɔ eme be Abraham nɔ ŋugble dem vevie le mɔa dzi. Gake Abraham megbɔdzɔ le nu si wòɖo kplikpaa be yeawɔ la me o. Nya siwo wògblɔ la ɖe xɔse si gbegbe nɔ esi la fia. Esi wòkpɔ to si wotia nɛ le adzɔge ʋĩi la, egblɔ na eƒe subɔviawo be: ‘Mitsi afi sia; ke mía kple vinye la míayi afi mɛ aɖado gbe ɖa, emegbe míagatrɔ ava mia gbɔ.’ Esi Isak bia be afi kae alẽ si yewoatsɔ asa vɔa le mahã la, Abraham ɖo eŋu be: “Mawu ŋutɔ adi alẽ míatsɔ amè nui.” (Kpukpui 5, 8) Abraham nɔ mɔ kpɔm be yeatrɔ ayi aƒe kple ye viŋutsua. Nu ka tae? Elabena “ebui be Mawu ate ŋu [afɔ Isak] ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.”—Hebritɔwo 11:19.

Esi woɖo toa dzi eye Abraham “do asi ɖa tsɔ hɛ, be yeawu via” la, mawudɔla aɖe ɖo asi edzi. Mawu ŋutɔ tsɔ agbo aɖe si xaxa ɖe avekɔe aɖe me la na Abraham be wòatsɔ asa vɔ “ɖe via teƒe.” (Kpukpui 10-13) Le Mawu gbɔ la, ɖeko wònɔ abe ɖe wotsɔ Isak sa vɔe ŋutɔŋutɔ ene. (Hebritɔwo 11:17) Agbalẽnyala aɖe ɖe nu me be: “Le Mawu gbɔ la, lɔlɔ̃ faa be woawɔ nane le ko abe nua wɔwɔ ŋutɔŋutɔ ene.”

Abraham ƒe nuteƒewɔwɔ na be ŋu mekpe Yehowa be wòka ɖe edzi o. Eye woɖo Abraham ƒe kaka ɖe Yehowa dzi la teƒe nɛ, elabena Mawu gbugbɔ ŋugbe si wòdo na Abraham be yeayra dukɔwo katã me tɔwo to eya amea dzi la do nɛ ake hekekee ɖe enu.—Kpukpui 15-18.

Mawu meɖe mɔ Abraham tsɔ via sa vɔ nɛ o, gake Mawu ŋutɔ ya tsɔ via sa vɔe. Ale si Abraham lɔ̃ faa be yeatsɔ Isak ana la nye ale si Mawu va tsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi Yesu na ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta la ƒe kpɔɖeŋu. (Yohanes 3:16) Kristo ƒe vɔsa lae nye lɔlɔ̃ si le Yehowa si na mí la ƒe kpeɖodzi gãtɔ kekeake. Esi Mawu tsɔ nu sia gbegbe sa vɔ ɖe mía ta ta la, anyo be míabia mía ɖokuiwo be, ‘Nu kawoe mele klalo be matsɔ asa vɔe be madze Mawu ŋu?’