Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Anyidɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la kee nye anyidɔ si míenya egbea?

Nu si atikenyalawo yɔna egbea be “anyidɔ” alo kpodɔ, nye dɔ aɖe si léa amegbetɔwo; dɔlékui aɖe gbɔe dɔléle sia tsona. Ðɔkta G.A. Hansen ye nye ame gbãtɔ si ke ɖe dɔlékui (Mycobacterium leprae) sia ŋu le ƒe 1873 me. Numekulawo de dzesii be dɔlékui sia ate ŋu anɔ agbe le mitsi si dona tso ŋɔti me la me ŋkeke asieke sɔŋ. Numekulawo de dzesii hã be ame siwo tena ɖe anyidɔlélawo ŋu kplikplikpli ate ŋu axɔ dɔ sia bɔbɔe, eye woate ŋu axɔe hã to nudodo siwo me dɔ sia le la dzi. Le Xexea Me Ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe nya nu la, ame siwo wu 220,000 ye xɔ anyidɔ le ƒe 2007 me.

Ðikeke mele eme o be Titina Ɣedzeƒetɔwo lé anyidɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me, eye Mose ƒe Sea bia be woaɖe ame si ŋu anyidɔ le la ɖe aga. (3 Mose 13:4, 5) Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le Biblia me be “anyi” lae nye Tsa·raʹʽath, eye menye amegbetɔwo ko ŋue anyidɔ sia ƒona ɖo o. Tsa·raʹʽath sia ƒona ɖe awuwo kple xɔwo hã ŋu. Anyidɔ sia ƒomevi ƒona ɖe kuntru alo awu siwo wotsɔ aklala tɔ alo nu sia nu si wotsɔ lãgbalẽ wɔ la hã ŋu. Le go aɖewo me la, wotea ŋu nyaa awuawo, eye anyi la dzona le eme. Ke hã, ne wonya awua alo lãgbalẽa, evɔ amadede si nye ‘aŋutiɖiɖi kple gbemu tsaka, alo biabiã,’ gakpɔtɔ le eme la, ke ele be woatɔ dzoe. (3 Mose 13:47-52) Le xɔwo gome la, dɔvɔ̃ sia dzena ‘aŋutiɖiɖi kple gbemu tsaka alo biãna vie.’ Wobia tso Israel viwo si be woaho kpe siwo ŋu dɔa le la ahalɔ wo aƒu gbe ɖe afi si menye amenɔƒe o. Nenye be anyidɔa gagbɔ la, wogbãa xɔ bliboa ƒua anyi helɔa nu siwo wotsɔ tui la ƒua gbe. (3 Mose 14:33-45) Ame aɖewo gblɔ be ɖewohĩ anyidɔ si ƒona ɖe avɔwo me alo xɔwo ŋu lae nye nu si woyɔna egbea be fufudzedze alo dzaƒoƒo. Gake womate ŋu agblɔ esia kple kakaɖedzi o.

Nu ka tae apostolo Paulo ƒe gbeƒãɖeɖe le Efeso na klosalonutula siwo nɔ dua me la dze agbo?

Klosalonutula siwo nɔ Efeso la kpɔ viɖe geɖe tso “klosalo tsɔtsɔ wɔ Artemis ƒe trɔ̃xɔwo” me. Efesotɔwo bua Artemis sia be enye adedada, fufɔfɔ, kpakple vidzidzi ƒe mawunɔ si kpɔa yewo ta. (Dɔwɔwɔwo 19:24) Woxɔe se be mawunɔ sia ƒe nɔnɔmewɔwɔ “ge tso dziƒo” eye wotsɔe da ɖe Artemis ƒe gbedoxɔ si nɔ Efeso la me. (Dɔwɔwɔwo 19:35) Wobu gbedoxɔ sia be enye blemaxexea ƒe nukunu adreawo dometɔ ɖeka. Xɔsetamɔzɔla gbogbo aɖewo zɔa mɔ heva ƒoa zi ɖe Efeso le March kple April me ƒe sia ƒe be yewoakpɔ gome le azã si wotsɔ dea bubu Artemis ŋu la me. Amedzro gbogbo siwo ƒoa zi ɖe dua me nana wòva hiãna geɖe wu be woawɔ subɔsubɔnu siwo wozãna abe ŋkuɖodzinuwo, atiblɛwo, alo nu siwo wotsɔ saa vɔ na mawunɔa, alo nu siwo xɔsetamɔzɔla siawo azã le woƒe ƒomeawo ƒe tadedeagu me ne wotrɔ yi wo de la ene na wo. Blemanuŋlɔɖikpe siwo ŋu woke ɖo le Efeso ƒo nu tso Artemis ƒe nɔnɔmewɔwɔ siwo wotsɔ sika kple klosalo wɔ la ŋu, eye nuŋlɔɖikpe bubuwo ƒo nu tso klosalonutulawo ƒe habɔbɔwo ŋu tẽe.

Paulo fia nu amewo be “menye mawuwoe esiwo wotsɔ asi wɔ la nye o.” (Dɔwɔwɔwo 19:26) Esia tae klosalonutula siawo siwo va kpɔe dze sii be yewoƒe dɔwɔɖuia ɖo afɔku me la de zitɔtɔ amewo dome tsɔ tsi tsitre ɖe Paulo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ɖo. Klosalonutulawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Demetrio ƒo nu tso vɔvɔ̃ si lé wo la ŋu kpuie be: “Afɔku li be menye míaƒe dɔwɔɖui sia ɖeɖe koe wogbɔna gbɔ ɖi gee o, ke boŋ womegagbɔna mawunɔ gã Artemis ƒe gbedoxɔa hã bu ge ɖe naneke me o, eye eƒe atsyɔ̃ si Asia nuto blibo la katã kple anyigba dzi tɔwo katã subɔna la hã ava zu nu gbɔlo.”—Dɔwɔwɔwo 19:27.