Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Nu kae ʋã nyɔnu aɖe si tsɔa lotamekpe gbãa de hefia eƒe dɔtɔ la be wòva zu dɔwɔla ɖianukware? Nu kae kpe ɖe nyɔnu aɖe si tee kpɔ zi eve be yeawu ye ɖokui la ŋu wòva ke ɖe taɖodzinu si le agbe ŋu la ŋu? Nu kae do ŋusẽ ame aɖe si nye aha tsu nola kple atike vɔ̃ɖi zãla tsã la ŋu be wòte ŋu ɖe asi le numame gblẽnuleameŋuwo ŋu? Se nya siwo ame siawo ŋutɔ gblɔ la ɖa.

AMEA ŊUTI NYATAKAKAWO

ŊKƆ: MARGARET DEBRUYN

ƑE SI WÒXƆ: 45

DUKƆ: BOTSWANA

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: DEGBÃLA KPLE FIAFI

AGBE SI MENƆ TSÃ: Fofonye nye Germany vidzidzi gake wòva zu South-West Africa (si nye Namibia fifia) ƒe dukɔmevi. Danye nye Mangologa to si le Botswana la me tɔ. Eye wodzim le Gobabis, Namibia.

Le ƒe 1970-awo me la, South Africa dziɖuɖua kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Namibia dzi, eye wòzi eƒe vovototodedeameme ƒe sewo ɖe amewo dzi le du kple kɔƒeduwo katã me. Esi dzinyelawo dometɔ ɖeka nye ame yibɔ eye evelia nye yevu ta la, woƒoe ɖe wo nu woklã. Esia wɔe be danye kplɔ mía kple nɔvinyeŋutsuwo kpakple nɔvinyenyɔnuwo hetrɔ yi Ghansi, le Botswana.

Le ƒe 1979 me la, meʋu yi ɖatsi Lobatse, le Botswana, afi si atsu kple asi aɖe xɔm nyi le va se ɖe esime mewu suku nu. Emegbe la, meva kpɔ ɔfisdɔ le ʋudzraɖoƒe aɖe. Tso nye ɖevime kee mexɔe se be Mawu mekpɔa amewo ƒe nu hiahiãwo gbɔ na wo o, eya ta ele be ame nawɔ nu sia nu si wòate ŋui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o, atsɔ akpɔ eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea ƒe nu hiahiãwo gbɔ.

Esi wònye be ɖoƒe vevi aɖee nɔ asinye le dɔa me ta la, mezãa mɔnukpɔkpɔa tsɔ fia ʋuŋutinuwo le nye dɔtɔ te. Ɣesiaɣi si keteke aɖe va to dua me yina le zã me la, mía kple xɔ̃nyewo míeɖonɛ hefia nu sia nu si ŋu míeke ɖo. Metsɔa lotamekpe, sika, kple gadzẽ gbãa dee hã. Meƒo ɖokuinye ɖe atike vɔ̃ɖiwo zazã me, meva zu ame wɔadã, eye ahiãvi geɖewo nɔ asinye.

Gake mlɔeba le ƒe 1993 me la, wova lém menɔ nane fim, eye dɔ ge le asinye. “Xɔ̃nyewo” ka hlẽ le ŋunye, elabena wonɔ vɔvɔ̃m be woava lé yewo hã. Woƒe nuwɔna vem ŋutɔ, eye meɖoe be nyemagaka ɖe ame aɖeke dzi azɔ o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆE: Le ƒe 1994 me la, medo go Tim kple Virginia, Yehowa Ðasefo eve aɖewo siwo nye dutanyanyuigblɔlawo. Mekpɔ dɔ bubu le afi aɖe, eye wovaa dɔa me va srɔ̃a Biblia kplim le ŋdɔnuɖuɣiwo. Esi meva kpɔe be mate ŋu aka ɖe wo dzi la, meɖe mɔ na wo be woava nɔ Biblia srɔ̃m kplim le nye aƒe me.

Eteƒe medidi o meva de dzesii be ahiã be mawɔ tɔtrɔ aɖewo le nye agbenɔnɔ me hafi mate ŋu adze Mawu ŋu. Le kpɔɖeŋu me, 1 Korintotɔwo 6:9, 10 me nyawo na meva kpɔe be, “agbe gbegblẽ nɔlawo . . . kple fiafitɔwo kple ŋuklẽlawo kple ahamulawo kple amedzulawo kple adzodalawo la, womanyi Mawu fiaɖuƒe la dome o.” Eya ta mete asiɖeɖe le nye agbenɔnɔ tsãtɔwo ŋu ɖekaɖeka. Medzudzɔ fififi. Medzudzɔ hadede kple gbevuvi siwo medea ha kple tso nye ɖevime ke la. Eye le Yehowa ƒe ŋusẽdodo me la, menya nye ahiãviawo katã ɖa le ɖokuinye ŋu.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Le agbagbadzedze geɖe vɔ megbe la, mete ŋu srɔ̃ ale si maɖu nye dziku dzi, kple ale si nyemaganɔ bublum ɖe vinyewo ta ne woda vo o. (Efesotɔwo 4:31) Medzea agbagba be manɔ nu ƒom tufafatɔe le nyawo gbɔ kpɔkpɔ me. Nuƒoƒo alea kpɔa nyawo gbɔ, eye wòtea mí ƒoa ƒui abe ƒome ene.

Xɔ̃nye tsãtɔwo kple nye aƒelikawo gɔ̃ hã va kpɔe dze sii be yewoate ŋu aka ɖe dzinye azɔ. Fifia, menye dɔwɔla ɖianukware si dzi woate ŋu aka ɖo si léa be na adzɔnuwo kple dɔwɔƒea ƒe ga nyuie. Esia wɔe be metea ŋu kpɔa ɖokuinye dzi esi mele ɣeyiɣi geɖe zãm tsɔ le kpekpem ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Biblia. Melɔ̃ ɖe nya siwo dze le Lododowo 10:22, NW, me la dzi bliboe. Afi ma gblɔ be: “Yehowa ƒe yayrae wɔa ame kesinɔtɔ, eye metsɔa vevesese aɖeke kpenɛ o.”

AMEA ŊUTI NYATAKAKAWO

ŊKƆ: GLORIA ELIZARRARAS DE CHOPERENA

ƑE SI WÒXƆ: 37

DUKƆ: MEXICO

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: ETE KPƆ BE YEAWU YE ÐOKUI

AGBE SI MENƆ TSÃ: Metsi le Naucalpan, si le Mexico State, ƒe nuto si me kesinɔtɔwo nɔna la me. Tso nye ɖevime kee medze aglã eye melɔ̃a kplɔ̃ɖoƒewo yiyi. Mete atamanono esi mexɔ ƒe 12. Esi mexɔ ƒe 14 la, mete aha muamewo nono, eye kaka maxɔ ƒe 16 la mete atike vɔ̃ɖiwo hã zazã. Le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, meʋu le aƒe me. Xɔ̃nyewo dometɔ akpa gãtɔ nye ame siwo tso ƒome gbagbãwo me, wowɔ ŋlɔmi le wo dometɔ aɖewo ŋu hedzu bubuwo. Mɔkpɔkpɔ bu ɖem le agbe me ale gbegbe be metee kpɔ zi eve sɔŋ be mawu ɖokuinye.

Esime mexɔ ƒe 19 la, medoa boblo awuwo na dɔwɔƒe aɖe si tɔa awuwo. Esia wɔe be mede ha kple dunyahelawo kple fefewɔla xɔŋkɔwo. Mlɔeba la, meɖe srɔ̃ hedzi viwo, gake nyee nye ame si wɔa nyametsotsowo katã le ƒomea me. Meyi atama kple aha nono dzi, eye medzea tre me dzea agba me le agbe me. Melɔ̃a nya madzetowo kple nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ. Medoa dziku kabakaba hã.

Nɔnɔme sia kee nɔ ame siwo medea ha kple la dometɔ akpa gãtɔ si. Wosusuna be nu sia nu le asinye le agbe me. Gake mesena le ɖokuinye me be viɖe kple taɖodzinu aɖeke menɔ nye agbe ŋu o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆE: Le ƒe 1998 me la, Yehowa Ðasefowo va te Biblia sɔsrɔ̃ kplim. Biblia na meva kpɔe be taɖodzinu aɖe le agbea ŋu. Mesrɔ̃e be Yehowa Mawu ɖoe be yeatrɔ anyigba la wòazu Paradiso, eye yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre; meva nyae hã be nye hã mate ŋu akpɔ gome le etsɔmeyayra mawo me.

Megasrɔ̃e hã be mɔ si dzi mato aɖee afia be melɔ̃ Mawu ye nye be maɖo toe. (1 Yohanes 5:3) Esia wɔwɔ sesẽ nam le gɔmedzedzea me, elabena nyemelɔ̃ xɔ mɔfiame tso ame aɖeke gbɔ kpɔ o. Gake, meva kpɔe dze sii mlɔeba be nyemagate ŋu ayi edzi anɔ mɔ fiam ɖokuinye le agbe me o. (Yeremiya 10:23) Medo gbe ɖa na Yehowa be wòafia mɔm. Mebiae be wòakpe ɖe ŋunye be manɔ agbe wòawɔ ɖeka kple eƒe gɔmeɖosewo, eye mafia nu vinyewo be woaganɔ agbe abe ale si menɔe ene o.

Esesẽ nam ɣemaɣi ŋutɔ be mawɔ tɔtrɔ siwo hiã la, gake mete aɖaŋuɖoɖo si dze le Efesotɔwo 4:22-24 la dzi wɔwɔ. Afi ma gblɔ be: “Miaɖe amenyenye xoxo, si wɔa nu ɖe agbenɔnɔ si nɔ mia si tsã nu . . . la ɖa; . . . eye miado amenyenye yeye, si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ me la.” Le gonyeme la, amenyenye yeyea dodo bia be maɖe asi le nuwɔna makɔmakɔwo abe atamanono ene ŋu, eye enɔ nam hã be masrɔ̃ nuƒoƒo nya ƒaƒãwo magblɔmagblɔe. Exɔ ƒe etɔ̃ kloe hafi mete ŋu wɔ tɔtrɔ siwo hiã ale be mete ŋu xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka.

Gakpe ɖe eŋu la, mete nye agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋkubiãtɔe abe srɔ̃nyɔnu kple vidada ene. Mete wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si dze le 1 Petro 3:1, 2 la hã dzi. Afi ma gblɔ be: “Mi srɔ̃nyɔnuwo hã, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, ale be ne wo dometɔ aɖewo meɖoa to nya la o la, wo srɔ̃wo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔmagblɔe naɖe wo, esi wokpɔa miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ kple bubu deto la ta.”

VIÐE SIWO MEKPƆ: Medaa akpe na Yehowa, elabena meva nyae azɔ be tameɖoɖo le agbea ŋu. Mekpɔe be fifia mezu ame ɖɔʋu wu, eye mete ŋu le vinyewo hem nyuie. Ɣeaɖewoɣi la, nye dzi bua fɔm ɖe agbe si menɔ tsã la ta, gake Yehowa nya nu si le nye dzi me. (1 Yohanes 3:19, 20) Ðikeke mele eme o be agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu kpɔ tanye tso afɔku me, eye wòna mekpɔ dzidzeme geɖe le agbe me.

AMEA ŊUTI NYATAKAKAWO

ŊKƆ: JAILSON CORREA DE OLIVEIRA

ƑE SI WÒXƆ: 33

DUKƆ: BRAZIL

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: AHA TSU NOLA KPLE ATIKE VƆ̃ÐI ZÃLA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Wodzim le Bagé, si nye Brazil dugã aɖe la me, eye ame 100,000 aɖewoe le dugã sia me. Míaƒe dua te ɖe Brazil kple Uruguay ƒe dea ŋu. Agbledede kple nyikpɔkplɔ ye nye dɔ siwo koŋ afi ma tɔwo wɔna. Metsi le nuto aɖe si me nuwo mede amewo dzi le o la me. Nu vlo wɔhawo wɔa ŋutasẽnu geɖewo le nuto sia me, eye ahanono kple atike vɔ̃ɖiwo zazã bɔ ɖe sɔhɛwo dome.

Esi mewu suku nu la, mete aha kple marijuana nono, eye meɖoa to ha si woyɔna be heavy-metal. Nyemexɔ Mawu dzi se o. Mesusui be fukpekpe kple zitɔtɔ siwo katã le xexea me la nye kpeɖodzi be Mawu meli o.

Menye saŋkuƒola kple hakpala, eye zi geɖe la, Biblia gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me nyawoe metsɔ kpaa hae. Míaƒe hadzihaa mekpɔ dzidzedze abe ale si menɔ mɔ kpɔm nɛ ene o, esia wɔe be meva nɔ atike vɔ̃ɖiwo zãm geɖe wu. Enono dzi ko menɔna, ne meku hã meka afi aɖeke nam o. Hadzila siwo mebuna abe mawuwo ene la dometɔ geɖe ku le mɔ ma nu.

Mamanye si gbɔ menɔ tsi gbɔe menɔa ga dom le tsɔ nɔa atike vɔ̃ɖiawo ƒlem. Ne ebiam be nu kae medi be matsɔ gaa awɔ mahã la, medaa alakpa nɛ. Esi gavloe ɖe edzi wue nye be meƒo ɖokuinye ɖe gbɔgbɔyɔyɔ me. Mekpɔa dzidzɔ ɖe dzosasa ŋu ŋutɔ, elabena mesusui be ana be mate ŋu akpa ha nyuie wu.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆE: Esi Yehowa Ðasefowo va te Biblia sɔsrɔ̃ kplim eye mete woƒe kpekpeawo dede la, nye nɔnɔme kple tamesusu te tɔtrɔ. Vivivi la, meva nɔ didim azɔ be manɔ agbe ahakpɔ dzidzɔ. Esi nye nɔnɔme nyui sia va te ŋusẽkpɔkpɔ ɖe dzinye la, metso nya me be malũ nye ɖa legbe la. Meɖe asi le nye ɖa ŋu wòto be matsɔ aɖe nye ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe nu ŋu kple aglãdzedze afia. Gake meva kpɔe be hafi Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋunye la, ele be madzudzɔ aha tsu nono, aɖe asi le atike vɔ̃ɖiwo zazã ŋu ahadzudzɔ atamanono. Mekpɔe hã be ele be madzudzɔ ha maɖɔʋuwo sese.

Zi gbãtɔ si mede Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe la, mede dzesi mawunyakpukpui aɖe si woklã ɖe glia ŋu. Lododowo 3:5, 6 me nyawoe, eye afi ma xlẽ be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” Ŋugbledede le mawunyakpukpui ma ŋu na meka ɖe edzi be ne meɖe mɔ na Yehowa la, akpe ɖe ŋunye be maɖɔ nye agbenɔnɔ ɖo.

Ke hã, asiɖeɖe le agbenɔnɔ si ƒo ke ɖe to ɖe menye kple numame siwo dome atike muamewo zazã le ŋu sesẽ nam ko abe ale si maɖe hɛ ɖe nye asi dzi alãe ɖa ene. (Mateo 18:8, 9) Nyemate ŋu anɔ asi ɖem le numame gbegblẽ siawo ŋu vivivi o. Menyae be mɔnu ma mawɔ dɔ le gonyeme o. Eya ta meɖe asi le agbenɔnɔ baɖa mawo ŋu zi ɖeka kpoyi. Meƒo asa na teƒe kple ame siwo ate ŋu ahem ade nye tsãgbenɔnɔ gblẽnuleameŋu mawo me ake la katã hã.

Mesrɔ̃ ale si makpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo mete ŋu wɔna gbe sia gbe la ŋu, ke menye be nye susu nanɔ nu ɖedzileameƒowo ŋu o. Mese le ɖokuinye me be ne mele dzadzɛ le ŋutilã, agbenɔnɔ, kple gbɔgbɔ me le Yehowa ŋkume la, bubue wònye nam. Medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye nye susu nagayi nu siwo mewɔ tsã la dzi o, eye wòkpe ɖe ŋunye hã. Ɣeaɖewoɣi la, edzɔna be meganoa aha wògbɔa eme ake. Ke hã, metea tɔ ɖe edzi be ame si srɔ̃a Biblia kplim la nesrɔ̃ nua kplim kokoko togbɔ be ɣeaɖewoɣi la, aha si meno la ganɔa fu ɖem nam hã.

Susu le nyateƒenya siwo mesrɔ̃ le Biblia me ku ɖe Mawu ŋu—be etsɔa ɖe le eme na mí ame ɖekaɖekawo, be ava tsrɔ̃ alakpasubɔsubɔ ɖa, eye be ele megbe na xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole la—me nam. (Mateo 7:21-23; 24:14; 1 Petro 5:6, 7) Nyateƒenya siawo katã le abe ale si ko woafɔ nɔnɔmetata si wofli kakɛkakɛe la akpe pɛpɛpɛ ene. Mlɔeba la, metso nya me be matsɔ nye agbe aɖe adzɔgbe na Mawu. Medi be maɖe nye ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe nu siwo katã wòwɔ nam la ŋu.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Fifia mesenɛ le ɖokuinye me be taɖodzinu kple gɔmesese le nye agbe ŋu. (Nyagblɔla 12:13) Le esi manɔ kpekpeɖeŋu biam tso nye ƒometɔwo gbɔ teƒe la, fifia nye hã mete ŋu le kpekpeɖeŋu nam wo. Meƒo nu tso nu nyui siwo mesrɔ̃ le Biblia me la ŋu na mamanye, eye fifia etsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hele esubɔm. Nye ƒometɔ bubu geɖewo kple hadziha si me menɔ tsã la dometɔ ɖeka hã wɔe nenema ke.

Fifia meɖe srɔ̃ eye mía kple srɔ̃nye míezãa míaƒe ɣeyiɣiwo ƒe akpa gãtɔ tsɔ kpena ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Biblia. Mesenɛ le ɖokuinye me be Mawu yram geɖe, elabena mesrɔ̃ ale si ‘maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso nye dzi blibo me.’

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

“Vivivi la, meva nɔ didim azɔ be manɔ agbe ahakpɔ dzidzɔ”