Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nye Ɣeyiɣi Meɖo Haɖe O”

“Nye Ɣeyiɣi Meɖo Haɖe O”

“Nye Ɣeyiɣi Meɖo Haɖe O”

Gbelɔʋu gã aɖe kula ɖe ŋu ɖi vie eye eƒe ʋua trɔ mɔ. Ʋua lia kpui si le mɔdodoa to heƒo atsu kple asi aɖe kpakple ɖekakpui aɖe si xɔ ƒe 23, siwo nɔ zɔzɔm le afɔtoƒea. New York City ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be atsu kple asia ku enumake, eye ɖekakpuia ya yi ɖi me. Esi wòva nyɔ hekpɔ nu si dzɔ la, nya si ge le nu nɛ gbãe nye: ‘Ewɔ nuku nam ŋutɔ. Mawu, meɖe kuku ɖem tso eme.’ Egblɔ be, “Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o.”

ANƆ eme be èse nya siawo tɔgbi kpɔ. Ne ame aɖe tsi agbe le afɔku aɖe me la, amewo gblɔna be ‘Eƒe ɣeyiɣie meɖo haɖe o,’ gake ne ame aɖe ku le afɔku dziŋɔ aɖe me la, woƒoa nya ta be, ‘Eƒe ɣeyiɣie de, alo be ‘Mawu ƒe lɔlɔ̃nue.’ Amewo ɖagblɔ be dzɔgbese, aklama, biɔva, alo Mawu gbɔe emetsonu siawo tsona o, nukpɔsusu ɖeka ma kee le megbe na nuŋububu siawo katã. Ame geɖewo xɔe se be nu siwo dzɔna ɖe yewo dzi le agbe me kple wo me tsonuwo nye nuɖoɖiname siwo ŋu yewo mate ŋu awɔ naneke le o. Nukpɔsusu sia li tso gbe aɖe gbe ke, eye menye ne ku alo afɔku dzɔ koe amewo ƒoa nya ta alea o.

Le kpɔɖeŋu me, blema Babilontɔwo xɔe se be ɣletiviwo kple ɖoɖo si nu wozɔna le la kpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe agbemenudzɔdzɔwo dzi. Eya ta woléa ŋku ɖe dziƒonutowo me nɔa dzesiwo kple afakadzesiwo dim be woafia mɔ yewo. Helatɔwo kple Romatɔwo subɔa dzɔgbese ƒe mawunɔ siwo ƒe ŋutete be woana dzɔgbenyui alo dzɔgbevɔ̃e nava tea ŋu ƒoa woƒe mawu gãtɔ siwo nye Zeus alo Jupiter tɔ ta ɣeaɖewoɣi.

Le Ɣedzeƒenutowo me la, Hindutɔwo kple Buddhatɔwo xɔe se be nu siwo me tom ame aɖe le fifia la nye agbe si wonɔ hafi gava dzɔ la me tsonuwo, eye be nu siwo wɔm wòle fifia ava kpɔ ŋusẽ ɖe agbe si woava nɔ ne egava gbugbɔ dzɔ la dzi. Subɔsubɔha bubuwo—siwo dome Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo hã le—hã xɔ dzɔgbese ƒe dzixɔse mawo de eme, eye esia dze ƒãa le woƒe nufiafia si nye be woɖo nu si ava dzɔ ɖe ame sia ame dzi ɖi xoxo la me.

Eya ta mewɔ nuku o be, le míaƒe ŋkuʋuʋu kple ŋkumekɔkɔ ƒe ɣeyiɣi siawo gɔ̃ hã me la, ame geɖewo gaxɔe se kokoko be dzɔgbesee kpɔa ŋusẽ ɖe nu siwo dzɔna ɖe yewo dzi gbe sia gbe kple nu si ava dzɔ ɖe yewo dzi mlɔeba le etsɔme la katã dzi, eye be nu boo aɖeke meli yewoate ŋu awɔ tso eŋu o. Nenemae nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe agbea ŋua? Ðe woɖo míaƒe agbemenudzɔdzɔwo, abe míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ kple kpododonuwo—alo míaƒe dzigbe kple kugbe gɔ̃ hã—ɖi nyateƒea? Dzɔgbesee kpɔa ŋusẽ ɖe wò agbe dzia? Mina míakpɔ ale si Biblia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖo na bibia siawo la ɖa.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Ken Murray/New York Daily News