Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fifiae Nye Tiatiawɔɣi

Fifiae Nye Tiatiawɔɣi

Fifiae Nye Tiatiawɔɣi

“Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.”—Genesis 1:27.

NYA nyanyɛ siawo siwo dze le Biblia ƒe gɔmedzenyawo me la he susu yi nu gãtɔ kekeake siwo Mawu ‘wɔ nyuie ɖe wo wɔɣi’ la dometɔ ɖeka dzi—Adam kple Eva, atsu kple asi deblibo gbãtɔawo wɔwɔ. (Nyagblɔla 3:11) Yehowa Mawu, si nye wo Wɔla la gblɔ na wo be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!”—1 Mose 1:28.

Mawu to nya siawo dzi na atsu kple asi gbãtɔ siawo nya tameɖoɖo si le esi na wò. Ele be woadzi viwo eye woalé be na anyigba la ahana wòazu xexea me katã ƒe paradiso si me woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo anɔ. Mawu meɖo agbenɔɣi kple kuɣi aɖe koŋ ɖi na wo do ŋgɔ o. Ke boŋ Mawu tsɔ mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe ɖo wo ŋkume. Ne wowɔ tiatia nyuitɔ eye woyi edzi nɔ agbe ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu la, woate ŋu anɔ agbe le ŋutifafa kple dzidzɔ deblibo me tegbee.

Wowɔ tiatia gbegblẽ, eye amegãkuku kple ku ye va nye emetsonua na woawo ŋutɔwo kple amegbetɔwo katã. Blemafofo Hiob lɔ̃ ɖe edzi be: “Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.” (Hiob 14:1) Nu kae na nuwo va trɔ nenema?

Biblia ɖe eme be: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti la.” (Romatɔwo 5:12) “Ame ɖeka” mae nye Adam, ame si ɖoe koŋ tiae be yeada Mawu ƒe sedede bɔbɔe si me kɔ nyuie la dzi. (1 Mose 2:17) Adam to tiatia sia si wòwɔ dzi gblẽ eƒe agbe tegbee nɔnɔ le paradiso me le anyigba dzi ƒe mɔnukpɔkpɔa dome. Egblẽ domenyinu xɔasi ma si wòle be wòana eƒe dzidzimeviwo la hã dome hegblẽ nu vɔ̃ kple ku ƒe fiƒode boŋ ɖi na wo. Ðeko wòdze abe nu sia nu dome gblẽ ɖikaa ene. Gake nenemae wòlea?

Nuwo Ðɔɖɔɖoɣi

Le ƒe akpe geɖewo megbe la, gbɔgbɔ ʋã hakpala la wòŋlɔ bena: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Mawu ƒe Nya la na kakaɖedzi mí be ŋugbe si Mawu do le Eden bɔa me la ava eme godoo esi wòɖɔ nu si wòava wɔ kpuie la wònya se nyuie be: “[Atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.” Emegbe Mawu ŋutɔ gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee.”—Nyaɖeɖefia 21:3-5.

Esi wònye be ɣeyiɣi li na nu sia nu ta la, esɔ be woabia be, Ɣekaɣie nuwo ɖɔɖɔɖoɣi ade bene Mawu ƒe ŋugbedodo wɔnukuawo nava eme? Yehowa Ðasefowo, siwo taa magazine sia la, dzea agbagba kɔa to dzi na amewo be ɣeyiɣi si Biblia yɔ be “ŋkeke mamlɛawo” la mee míele, eye be ɣeyiɣi si dzi Mawu aɖe afɔ atsɔ ‘awɔ nuwo katã yeye’ la tu aƒe. (2 Timoteo 3:1) Míele dzi dem ƒo na wò be nàdzro Biblia me bene nàsrɔ̃ nu tso mɔkpɔkpɔ wɔnuku siwo ate ŋu ava eme na wò ŋutɔŋutɔ la ŋu. Míele dzi dem ƒo na wò hã be nàwɔ ɖe amekpekpe sia dzi be: ‘Midi Yehowa, ŋkeke ale si wòle gaglãgbe, miyɔe, esime wòtsɔ kpuiƒe.’ (Yesaya 55:6) Dzɔgbese aɖeke mekpɔa ŋusẽ ɖe wò agbe dzi o, ke boŋ ekpo ɖe wò ŋutɔ gbɔwò be nàtia agbe si ƒomevi nànɔ kple etsɔme mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si ate ŋu ava su asi wò!

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

“Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee”