Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Susu Atɔ̃ Siwo Ta Wòle Be Míavɔ̃ Mawu Ke Menye Amegbetɔ O

Susu Atɔ̃ Siwo Ta Wòle Be Míavɔ̃ Mawu Ke Menye Amegbetɔ O

Susu Atɔ̃ Siwo Ta Wòle Be Míavɔ̃ Mawu Ke Menye Amegbetɔ O

DZI dzɔ ɖekakpui la eye wòwɔ nuku nɛ ŋutɔ. Menɔ mɔ kpɔm na nu si dzɔ la kura o. Dzeɖoɖo si yi edzi le woa kple Yehowa Ðasefo eve aɖewo dome la na nuwo me kɔ nɛ ale gbegbe. Susu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo la nye nya si nɔ fu ɖem nɛ hena ƒe geɖe, gake fifia la, wozã Biblia tsɔ ɖe nu me nɛ eme kɔ nyuie. Menya kura be nyatakaka vevi dedzigbɔname mawo gbegbe le Biblia me o.

Miniti ʋɛ aɖewo le Ðasefoawo ƒe dzodzo megbe la, nyɔnu si ƒe aƒe me wòle la lũ ɖe edzi le xɔa me hebiae dzikutɔe be, “Ame kawoe ame mawo nye?”

Ewɔ mo yaa na ɖekakpuia ale gbegbe be mete ŋu ɖo nya aɖeke ŋu nɛ o.

Nyɔnua do ɣli be, “Menya ame siwo wonye, ne megakpɔ woƒe afɔ le gbɔwò ake la, teƒe bubu koe nàɖadi xɔ le ahaya!”

Edo go hetu ʋɔa sesĩe hedzo.

Kristo Yomedzela Vavãwo Kpɔa Mɔ Na Yometiti

Menye numadzɔkpɔe nu si dzɔ ɖe ɖekakpui sia dzi la nye o. Mawu ƒe Nya, Biblia, ɖe nu me be: “Ame siwo katã dina be yewoanɔ agbe le ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome.” (2 Timoteo 3:12) Ame akpa gãtɔ mekpɔa ŋudzedze ɖe Kristotɔ vavãwo ŋu egbea o, eye nenema ko wònɔ tso gbe aɖe gbe ke. Nu ka tae? Apostolo Yohanes gblɔ na hati Kristotɔwo be: “Míenyae be Mawu me míetso, gake xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” Woƒo nu tso Satana Abosam ŋu hã be ele abe “dzata, si le gbe ɖem ene, eye wòle ame dim be yeami.” (1 Yohanes 5:19; 1 Petro 5:8) Amegbetɔvɔvɔ̃ nye Satana ƒe aʋawɔnu veviwo dometɔ ɖeka.

Woɖu fewu le Yesu Kristo, ame si wɔ nu nyui geɖe, eye mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o la gɔ̃ hã ŋu heti eyome. Egblɔ be: “Wolé fum dzodzro.” (Yohanes 15:25) Le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me la, etsɔ nya siawo dzra eƒe nusrɔ̃lawo ɖo be: “Ne xexea léa fu mi la, mienyae be elé fum gbã hafi lé fu mi. Nya si megblɔ na mi la nenɔ susu me na mi be: Kluvi mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, ekema woati miawo hã mia yome.”—Yohanes 15:18, 20.

Le esia ta esesẽna na ame geɖe be yewoatiae be yewoanɔ tadedeagu vavãtɔa ƒe akpa dzi. Biblia gblɔ tso ame aɖewo siwo nɔ Yesu dim ɣeaɖeɣi la ŋu be: “Ame aɖeke menɔ nu ƒom le eŋu le gaglãgbe o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo.” (Yohanes 7:13; 12:42) Subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi ɣemaɣi la gblɔ tsɔ do ŋɔdzi na amewo be yewoanya ame sia ame si axɔ Kristo dzi ase la ɖa le ƒuƒoƒea. Ale vɔvɔ̃ na amegbetɔ wɔe be ame geɖe mete ŋu zu Kristotɔ o.—Dɔwɔwɔwo 5:13.

Emegbe esi wova ɖo Kristotɔnyenye anyi la, míexlẽ nu tso “yometiti gã” aɖe si wohe va hame si nɔ Yerusalem dzi la ŋuti. (Dɔwɔwɔwo 8:1) Le nyateƒe me la, Kristotɔwo to yometiti geɖe me le Roma Fiaɖuƒea me. Ame ŋkuta siwo nɔ Roma la gblɔ na apostolo Paulo be: “Míenyae be woƒoa nu tsia tsitre ɖe kɔmama sia ŋu le afi sia afi.” (Dɔwɔwɔwo 28:22) Nyateƒee, woti Kristotɔ vavãwo yome le teƒe geɖewo.

Egbea kura gɔ̃ hã la, Satana gazãa amegbetɔ vɔvɔ̃ ƒe aʋawɔnua tsɔ xea mɔ na ame geɖewo be woagazu Kristo yomedzela vavãwo o. Dzianukwaretɔ siwo Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Biblia kplii la doa go tsitretsiɖeŋu alo fewuɖuɖuwo le suku, le dɔme, le woƒe nutoa me, alo le wo xɔlɔ̃wo dome. Ðewohĩ woanɔ vɔvɔ̃m be amewo maganɔ bubu dem yewo ŋu o, yewo xɔlɔ̃wo agbe yewo, alo be ŋutilãmekpekpeɖeŋu aɖewo magasu yewo si o. Le kɔƒenuto aɖewo me la, agbledelawo avɔ̃ be yewoƒe aƒelikawo agbe kpekpeɖeŋunana yewo le nuŋeɣiwo, alo be woagbe yewoƒe lãhawo ta kpɔkpɔ. Togbɔ be ele alea hã la, ame miliɔn geɖewo ɖoe kplikpaa be yewoaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu ahanɔ agbe ɖe Mawu ƒe Nya la me mɔfiamewo nu le Yesu Kristo sɔsrɔ̃ me. Eye Yehowa yraa wo ɖe esia ta.

Nu Si Ta Míavɔ̃ Mawu, Ke Menye Amegbetɔ O

Biblia xlɔ̃ nu mí be míavɔ̃ Mawu, ke menye amegbetɔ o. Egblɔ be: “Yehowa vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto.” (Psalmo 111:10) Menye vɔvɔ̃ si naa dzidzi ƒoa ame ye nye esia o, ke boŋ enye vɔvɔ̃ nyuitɔ be míagawɔ naneke si madze míaƒe Agbenala la ŋu o. Enye nya si do ƒome kplikplikpli kple lɔlɔ̃. Gake nu ka tae wòle be míavɔ̃ Mawu, ke menye amegbetɔ o? Mina míadzro susu atɔ̃ aɖewo me akpɔ.

1 Yehowae nye Dziɖula Gãtɔ. Yehowa ƒe ŋusẽ ƒo amegbetɔ ɖe sia ɖe tɔ ta sãsãsã. Ne míevɔ̃a Mawu la, ke míele eɖem le fiafiam be míetiae be míele Ŋusẽkatãtɔ, ame si ƒe ŋku me “dukɔwo le abe tsi toŋtoŋ le ze ŋu ene” la ƒe akpa dzi. (Yesaya 40:15) Esi wònye be Mawu nye ŋusẽkatãtɔ ta la, ŋusẽ le esi be wòagblẽ “lãnu sia lãnu, si wotu ɖe” ame siwo wɔa nuteƒe nɛ ŋu la dome. (Yesaya 54:17) Esi wònye Yehowae atso nya me le ame siwo dze akpɔ agbe mavɔ ŋu ta la, nunya anɔ eme be míagaɖe mɔ gbeɖe be naneke nana míadzudzɔ nusrɔsrɔ̃ tso eŋu o.—Nyaɖeɖefia 14:6, 7.

2 Mawu akpe ɖe mía ŋu eye wòakpɔ mía ta. Biblia gblɔ le Lododowo 29:25 be: ‘Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea ame; ke ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.’ Amegbetɔvɔvɔ̃ nye mɔ̃ elabena ate ŋu ana míanɔ vɔvɔ̃m na eɖeɖefia be míexɔ Mawu dzi se. Mawu na kakaɖedzi mí le eƒe ameɖeŋusẽ ŋu esi wògblɔ be: “Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.”—Yesaya 41:10.

3 Mawu lɔ̃a ame siwo tena ɖe eŋu. Apostolo Paulo ŋlɔ nya ʋãme siawo be: “Meka ɖe edzi bliboe be, ku alo agbe alo mawudɔlawo alo dziɖuɖuwo alo nu siwo li fifia alo nu siwo le vava ge alo ŋusẽwo alo kɔkɔƒe alo gogloƒe alo nuwɔwɔ bubu aɖeke, mate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ, me la gbɔ o.” (Romatɔwo 8:37-39) Ne míesrɔ̃ ale si míaka ɖe Mawu dzi ahaɖo toe la, míate ŋu ase vivi le Xexea Katã Dziɖula Gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ si nu metsona gbeɖe o la me. Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi!

4 Míekpɔa ŋudzedze gã aɖe ɖe nu siwo katã Mawu wɔ na mí la ŋu. Yehowae nye mía Wɔla, ame si na míele agbe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, menye agbemenuhiahiãwo koe wònana mí o, ke etsɔa nu siwo nana agbe vivia ame nu hedoa dzidzɔ na ame la hã kpee na mí. Le nyateƒe me la, eyae nye nunana nyui ɖe sia ɖe Nala. (Yakobo 1:17) David, ame si nye nuteƒewɔla si kpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe amenuveve ŋu la ŋlɔ bena: “Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ . . . Womele xexlẽ me o.”—Psalmo 40:6.

5 Ame siwo tiaa mía yome la dometɔ aɖewo ate ŋu ava trɔ. Àte ŋu akpe ɖe ame siwo tsia tsitre ɖe ŋuwò la ŋu to tamanamana kple wò Mawu vɔvɔ̃ kpakple lɔlɔ̃ si le asiwò na eyama la me léle ɖe asi goŋgoŋ me. Bu Yesu ƒe ƒometɔwo ŋu kpɔ. Le gɔmedzedzea me la, womexɔ edzi se o, eye wogblɔ gɔ̃ hã be: “Eƒe tagbɔ le gbegblẽm.” (Marko 3:21; Yohanes 7:5) Gake le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbe la, wo dometɔ geɖewo va zu xɔsetɔwo. Yesu nɔviŋutsu Yakobo kple Yuda va kpɔ gome le Biblia ŋɔŋlɔ me gɔ̃ hã. Nenema kee wònɔ le yometila sẽŋuta Saul, si va zu apostolo Paulo la hã gome. Ame siwo tiaa mía yome egbea la gɔ̃ hã ate ŋu ava kpɔe adze sii be míawo sie Biblia me nyateƒea le le esi míenɔa te sesĩe dzinɔameƒotɔe heléa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi ta.—1 Timoteo 1:13.

Bu Aberash si nye nyɔnu aɖe si le Afrika, si nɔ gbe dom ɖa be yeake ɖe Mawu ŋuti nyateƒea ŋu la ŋu kpɔ. Esi Yehowa Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kplii la, eƒe ƒometɔwo kple subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo tsi tsitre ɖe eŋu kutɔkutɔe. Eƒe ƒomea me tɔ aɖewo siwo hã wonɔ Biblia srɔ̃m kplii la va na ta le amegbetɔ vɔvɔ̃ ta. Gake edo gbe ɖa na Mawu bia ŋusẽdodo kple dzideƒo, eye wòwɔ ŋgɔyiyi va xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka. Nu kae do tso eme? Dzi ɖo eƒe ƒometɔ enyi ƒo, wogana wova le Biblia srɔ̃m kpli wo, eye wole gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyuiwo wɔm.

Àte Ŋu Aɖu Amegbetɔvɔvɔ̃ Dzi

Be nàƒo asa na amegbetɔvɔvɔ̃ ƒe mɔ̃ me dzedze la, wɔ nu sia nu si nàte ŋui nàtsɔ ado ŋusẽ lɔlɔ̃ si le asiwò na Mawu. Àte ŋu awɔ esia to Biblia sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede tso mawunyakpukpui aɖewo abe Hebritɔwo 13:6 ene ŋu, si gblɔ be: “Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o. Nu kae amegbetɔ ate ŋu awɔm?” Mègaŋlɔ susu siwo tae Mawu vɔvɔ̃, ke menye amegbetɔvɔvɔ̃ o, nye nu nyuitɔ kekeake kple nu si me nunya le la be o.

Yayra siwo dona tso nu siwo nèsrɔ̃ tso Biblia me la dzi wɔwɔ me la hã nenɔ susu me na wò. Àte ŋu akpɔ ŋuɖoɖo fakɔnamewo na agbemebiabia vevitɔwo. Nunya si nàtsɔ akpɔ agbemekuxiwo gbɔ la hã ate ŋu asu asiwò. Togbɔ be míele nɔnɔme sesẽwo me tom egbea hã la, mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname aɖe ate ŋu asu asiwò. Eye àte ŋu ate ɖe Mawu ŋusẽkatãtɔ la ŋu le gbedodoɖa me ɣesiaɣi.

Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Xexea nu va yina, nenema kee nye eƒe nudzodzro la hã, ke ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi mavɔmavɔ me.” (1 Yohanes 2:17) Fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be míanɔ te sesĩe ahazɔ le Mawu vɔvɔ̃ me. Le esi teƒe be nàna amegbetɔvɔvɔ̃ naɖu dziwò la, àte ŋu atiae be yeawɔ ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: ‘Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na ame siwo le alɔme ɖem le ŋunye.’ (Lododowo 27:11) Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi!

Ðo ŋku edzi be amegbetɔ aɖeke mate ŋu ana nu si Mawu dzra ɖo ɖi na ame siwo vɔ̃nɛ la wò o: “Kesinɔnu, bubu kple agbe enye fetu tso ɖokuibɔbɔ kple Yehowa vɔvɔ̃ me.”—Lododowo 22:4.

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Dzinɔameƒo si Aberash ɖe fia la wɔe be eƒe ƒometɔ enyi kpɔtɔ le vivi sem le Biblia nusɔsrɔ̃ me