Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Minɔ Ŋudzɔ”

“Minɔ Ŋudzɔ”

“Minɔ Ŋudzɔ”

“Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. . . . Minɔ ŋudzɔ hena gbedodoɖa.”—1 PET. 4:7.

1. Nu kae nye Yesu ƒe nufiafia ƒe tanya?

ESIME Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, Mawu Fiaɖuƒea ye nye eƒe nufiafia ƒe tanya. To Fiaɖuƒe ma dzi la, Yehowa aʋli eƒe xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ta ahakɔ eƒe ŋkɔ ŋuti. Eya tae Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa na Mawu be: “Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.” (Mat. 4:17; 6:9, 10) Eteƒe madidi o Fiaɖuƒedziɖuɖu ma ahe Satana ƒe xexea ava nuwuwui, eye wòakpɔ egbɔ be wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba blibo la dzi. Abe ale si Daniel gblɔe ɖi ene la, Mawu Fiaɖuƒea “agbã fiaɖuƒe [siwo li egbea] katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Dan. 2:44.

2. (a) Aleke Yesu yomedzelawo ate ŋu akpɔe adze sii be eva li le Fiaɖuƒeŋusẽ me? (b) Nu bubu kae dzesi sia afia asi?

2 Esi Mawu Fiaɖuƒea ƒe vava nɔ vevie na Yesu yomedzelawo ale gbegbe ta la, wobiae be: “Nu kae anye wò anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?” (Mat. 24:3) Woana dzesi si woate ŋu akpɔ kple ŋku la wo, elabena anyigba dzi nɔlawo makpɔ Kristo ƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me kple ŋku o. Nudzɔdzɔ vovovo siwo wogblɔ ɖi ɖe Ŋɔŋlɔawo me lae ƒo ƒu wɔ dzesi ma. Eya ta Yesu yomedzela siwo anɔ anyi le ɣeyiɣi ma me la, ate ŋu akpɔe adze sii be ete dziɖuɖu le dziƒo. Dzesi ma ade dzesi nuɖoanyi vɔ̃ɖi si kpɔ ŋusẽ ɖe anyigba dzi egbea la ƒe “ŋkeke mamlɛawo,” si woyɔ le Biblia me la, ƒe gɔmedzedze hã.—2 Tim. 3:1-5, 13; Mat. 24:7-14.

Minɔ Ŋudzɔ Le Ŋkeke Mamlɛawo Me

3. Nu ka tae wòahiã be Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ?

3 Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eya ta minɔ ŋute, eye minɔ ŋudzɔ hena gbedodoɖa.” (1 Pet. 4:7) Ahiã be Yesu yomedzelawo nanɔ ŋute ahanɔ ŋudzɔ ɖe xexea me nudzɔdzɔ siwo aɖee afia be eli hele dzi ɖum le Fiaɖuƒeŋusẽ me la ŋu. Eye woƒe ŋudzɔnɔnɔ agava hiã geɖe wu esi fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ɣekaɣi aƒetɔa le vava ge [ava drɔ̃ ʋɔnu Satana ƒe xexea] o.”—Mar. 13:35, 36.

4. Gblɔ vovototo si le nɔnɔme si le ame siwo nye Satana ƒe xexea ƒe akpa aɖe si kple esi le ame siwo nye Yehowa subɔlawo si la dome. (Kpɔ aɖaka.)

4 Ame akpa gãtɔ le Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te, eye womenɔa ŋudzɔ ɖe gɔmesese si le xexea me nudzɔdzɔwo ŋu la ŋu o. Womekpɔnɛ dzea sii be Kristo li hele dzi ɖum le Fiaɖuƒeŋusẽ me o. Gake Kristo yomedzela vavãwo nɔa ŋudzɔ eye gɔmesese ŋutɔŋutɔ si le nu siwo dzɔ le ƒe alafa si va yi me ŋu la su wo si. Tso ƒe 1925 me ke la, Yehowa Ðasefowo kpɔe dze sii be Xexemeʋa I kple nu siwo dzɔ ɖe eyome la nye kpeɖodzi si ŋu ɖikeke aɖeke mele o be Kristo ƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me la dze egɔme tso ƒe 1914 me. Eye ema fia be nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia si le Satana ƒe ŋusẽ te la ƒe ŋkeke mamlɛawo dze egɔme. Ame geɖe siwo léa ŋku ɖe nu ŋu la kpɔe dze sii be vovototo gã aɖe le ale si nuwo nɔ do ŋgɔ na Xexemeʋa I kple ale si wole tso ɣemaɣi dzi la dome, togbɔ be womenya gɔmesese si le wo ŋu o hã.—Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye  “Zitɔtɔ Ƒe Ɣeyiɣiwo Dze Egɔme.”

5. Nu ka tae wòle vevie be míayi edzi anɔ ŋudzɔ ɖo?

5 Nu dovoɖiname siwo le dzɔdzɔm le xexea me godoo ƒe alafa ɖeka kloe nye esia la ɖo kpe edzi be míele ŋkeke mamlɛawo me. Ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ be Yehowa naɖe gbe na Kristo wòanɔ ŋgɔ na mawudɔlawo ƒe aʋakɔ triakɔ aɖe woawɔ aʋa kple Satana ƒe xexe sia. (Nyaɖ. 19:11-21) Woxlɔ̃ nu Kristotɔ vavãwo be woanɔ ŋudzɔ. Eya ta ehiã kpata be míayi edzi anɔ wɔwɔm ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi esi míele nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu lalam. (Mat. 24:42) Ele be míayi edzi anɔ ŋudzɔ, eye le Kristo ƒe mɔfiafia te la, ele be míawɔ dɔ tɔxɛ aɖe ade goe le anyigba la dzi godoo.

Dɔ Aɖe Si Wɔm Wole Le Anyigba La Dzi Godoo

6, 7. Aleke gbegbe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa keke tae le ŋkeke mamlɛ siawo me?

6 Wogblɔ dɔ si wòle be Yehowa subɔlawo nawɔ la ŋu nya ɖi le dzesi ƒokpli si ɖee fia be míele fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me la me. Yesu ƒo nu tso dɔ sia si ayi edzi le anyigba dzi godoo la ŋu esime wònɔ nu ƒom tso nu vovovo siwo adzɔ le nuwuɣia me la ŋu. Egblɔ nya vevi sia le eƒe nyagblɔɖia me be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—Mat. 24:14.

7 Bu nudzɔdzɔ aɖewo siwo do ƒome kple Yesu ƒe nyagblɔɖi ma la ŋu kpɔ. Ame siwo nɔ gbeƒã ɖem nya nyuia ƒe xexlẽme nɔ ʋɛ ŋutɔ esime ŋkeke mamlɛawo dze egɔme le ƒe 1914 me. Gake egbea la, xexlẽme ma dzi ɖe edzi ale gbegbe. Yehowa Ðasefo siwo wu 7,000,000 ye le gbeƒã ɖem le anyigba dzi godoo, eye wole hame 100,000 kple edzivɔwo me. Ame bubu siwo ade 10,000,000 va wɔ ɖeka kple Yehowa Ðasefowo le Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi wɔnawo wɔɣi le ƒe 2008 me. Esia nye wɔna sia valawo ƒe dzidziɖedzi ɖedzesi aɖe ne wotsɔe sɔ kple ƒe si va yi me tɔ.

8. Nu ka tae tsitretsiɖeŋulawo mete ŋu xe mɔ na míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ o?

8 Ðase sẽŋu kae nye esi ɖim wole tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu le dukɔwo katã me hafi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu naɖo! Esia le edzi yim togbɔ be Satanae nye “nuɖoanyi sia ƒe mawu” hã. (2 Kor. 4:4) Satanae le ŋusẽ kpɔm ɖe xexe sia me dunyahehe, mawusubɔsubɔ, kple asitsatsa ƒe habɔbɔwo kpakple woƒe nyakakamɔnuwo siaa dzi. Ekema nu ka gbɔe dzidzedze wɔnuku si gbegbe kpɔm míele le ɖaseɖiɖidɔ sia me la tso? Nu si gbɔ wòtsoe nye be Yehowae da megbe na dɔa. Eya tae Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa le ŋgɔ yim nukutɔe togbɔ be Satana le agbagba dzem be yeatɔ tee hã.

9. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be nukunue míaƒe gbɔgbɔ me nudzedzinamea nye?

9 Míate ŋu agblɔ be nukunue Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa, gbɔgbɔ me nudzedziname kple dzidziɖedzi si kpɔm Yehowa ƒe amewo le la nye. Kpekpeɖeŋu si Mawu nana, si lɔ mɔfiafia eƒe amewo kple wo ta kpɔkpɔ ɖe eme, manɔmee la, gbeƒãɖeɖedɔa manya wɔ o. (Mixlẽ Mateo 19:26.) Míate ŋu aka ɖe edzi be esi Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le dɔ wɔm ɖe ame nɔŋudzɔ siwo lɔ̃ faa be yewoasubɔ la ƒe dzi dzi ta la, míawɔ gbeƒãɖeɖedɔ sia ade goe dzidzedzetɔe, “ekema nuwuwu la ava.” Ɣeyiɣi ma le aƒe tum kabakaba.

“Xaxa Gã La”

10. Aleke Yesu ɖɔ xaxa gã si gbɔna lae?

10 Nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia awu enu le nu si woyɔ be “xaxa gã” la me. (Nyaɖ. 7:14) Biblia megblɔ ɣeyiɣi didi si esia axɔ la na mí o, gake Yesu gblɔ be: “Ɣemaɣi la, xaxa gã ava, si tɔgbi meva kpɔ o, ao, meva kpɔ tso xexea ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magava ake o.” (Mat. 24:21) Ne míede ŋugble tso xaxa si gbegbe me anyigba dzi nɔlawo to va yi, abe Xexemeʋa II si me wobu akɔnta le be wowu ame miliɔn 50 va se ɖe miliɔn 60 le ene, ŋu la, ke efia be xaxa gã si gbɔna la nu asẽ ŋutɔ vavã. Aɖo eƒe sesẽaƒe le Harmagedon ʋa la me. Ɣemaɣie Yehowa aɖo eƒe ametsrɔ̃lawo ɖa woava tsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi si le anyigba dzi la ƒe susɔea ɖa keŋkeŋ.—Nyaɖ. 16:14, 16.

11, 12. Nudzɔdzɔ kae ade dzesi xaxa gã la ƒe gɔmedzedze?

11 Biblia me nyagblɔɖiwo megblɔ ŋkeke si dzi xaxa gã la ƒe akpa gbãtɔ la adze egɔme la na mí o, gake wogblɔ nudzɔdzɔ ɖedzesi si ade dzesi eƒe gɔmedzedze la na mí. Nudzɔdzɔ mae nye ale si dunyaheŋusẽwo atsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo katã ɖae. Le Biblia me nyagblɔɖi siwo dze le Nyaɖeɖefia ta 17 kple ta 18 me la, wotsɔ alakpasubɔsubɔhawo sɔ kple gbolo aɖe si nɔ agbe gbegblẽ kple anyigba dzi dunyahenuɖoanyiwo. Nyaɖeɖefia 17:16 ɖee fia be eteƒe madidi o dunyahenuɖoanyi siawo “alé fu gbolo la, eye woagblẽe, eye woaɖe amae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.”

12 Ne ɣeyiɣia de be esia nadzɔ la, Mawu “[atsɔe ade dunyahedziɖulawo ƒe] dzi me, be woawɔ nu si le eƒe susu me la dzi” ahatsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo katã ɖa. (Nyaɖ. 17:17) Esia tae woate ŋu agblɔ be Mawu gbɔe tsɔtsrɔ̃ sia tso. Esia nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ subɔsubɔha alakpanuwɔla siwo nɔ nu siwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu la fiam tso gbe aɖe gbe ke hetia esubɔlawo yome la. Xexea me nɔla akpa gãtɔ mele mɔ kpɔm be woava tsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo ɖa le etsɔme o. Gake Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ya kpɔa mɔ nɛ. Eye woyi edzi le gbeƒã ɖem tso eŋu le míaƒe ŋkeke mamlɛ siawo katã me.

13. Nu kae ɖee fia be ɣeyiɣi kpui aɖe koe alakpasubɔsubɔhawo ƒe tsɔtsrɔ̃ axɔ?

13 Dzidzi aƒo amewo ale gbegbe ne wokpɔe be wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo ɖa. Biblia me nyagblɔɖiwo ɖee fia be “anyigba dzi fia” aɖewo gɔ̃ hã agblɔ tso tsɔtsrɔ̃ ma ŋu be: “Baba na wò, baba na wò, . . . elabena wò ʋɔnudɔdrɔ̃ va ɖo le gaƒoƒo ɖeka me!” (Nyaɖ. 18:9, 10, 16, 19) Nyagbɔgblɔ “gaƒoƒo ɖeka” si Biblia zã le afi sia ɖee fia be nudzɔdzɔ sia axɔ ɣeyiɣi kpui aɖe ko.

14. Ne Yehowa ƒe futɔwo va dze esubɔlawo dzi mlɔeba la, aleke Mawu awɔ nui?

14 Míenyae be ɣeyiɣi aɖe le alakpasubɔsubɔhawo tsɔtsrɔ̃ vɔ megbe la, woadze Yehowa subɔla, siwo nɔa gbeƒã ɖem eƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasiwo, la dzi. (Xez. 38:14-16) Ne amedzidzedze ma dze egɔme la, anɔ na amedzidzela mawo be woakpe ŋgo kple Yehowa, ame si do ŋugbe be yeakpɔ ye subɔla wɔnuteƒewo ta la. Yehowa gblɔ be: “Nye ŋuʋaʋã kple nye dziku ƒe dzo mee meƒo nu le . . . ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.” (Mixlẽ Xezekiel 38:18-23.) Mawu gblɔ le eƒe Nya la me be: “Ame si ka asi [ye subɔla wɔnuteƒewo] ŋu la, eka asi [yeƒe] ŋkuvi ŋu.” (Zax. 2:12) Eya ta ne eƒe futɔwo te eƒe amewo dzi dzedze le anyigba dzi godoo la, Yehowa atso. Atso ɖe wo ŋu, eye esia ahe xaxa gã la ƒe akpa mamlɛtɔ—eƒe taƒoƒo si nye Harmagedon—la avae. Le Kristo ƒe kpɔkplɔ te la, mawudɔla triakɔwo ahe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava Satana ƒe xexea dzi.

Ŋusẽ Kae Wòle Be Esia Nakpɔ Ðe Mía Dzi?

15. Ŋusẽ kae wòle be enyanya be nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu tu aƒe la nakpɔ ɖe mía dzi?

15 Ŋusẽ kae wòle be enyanya be nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum kabakaba la nakpɔ ɖe mía dzi? Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Esi woalolõ nu siawo katã ta la, ame ka ƒomeviwo ye wòle be mianye le agbenɔnɔ kɔkɔe me nuwɔnawo kple dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le me.” (2 Pet. 3:11) Nya siawo te gbe ɖe ale si wòhiã vevie be míanɔ ŋudzɔ ahakpɔ egbɔ be míaƒe agbenɔnɔ wɔ ɖeka kple Mawu ƒe nudidiwo la dzi. Egate gbe ɖe ale si wòhiã vevie be míawɔ dɔ siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le siwo ɖea lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa fiana la hã dzi. Dɔwɔna mawo bia hã be míawɔ míaƒe ŋutetewo katã le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia me hafi nuwuwua nava. Petro ŋlɔ hã bena: “Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. . . . Minɔ ŋudzɔ hena gbedodoɖa.” (1 Pet. 4:7) Míetena ɖe Yehowa ŋu heɖea lɔlɔ̃ si le mía si nɛ la fianɛ to gbedodoɖa nɛ edziedzi kple ebiabia be wòafia mɔ mí to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kple xexea me katã ƒe hamea dzi me.

16. Nu ka tae wòhiã be míalé Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo me ɖe asi goŋgoŋ?

16 Le míaƒe ɣeyiɣi vɔ̃ siawo me la, ehiã be míalé Mawu ƒe Nya la me aɖaŋuɖoɖo sia si gblɔ be, “Mikpɔ nyuie, be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, eye miƒle ɣeyiɣi si sɔ la na mia ɖokui, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃” la me ɖe asi goŋgoŋ. (Ef. 5:15, 16) Vɔ̃ɖinyenye bɔ egbea wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe le ŋutinya me. Satana to nu geɖewo vae bene yeatsɔ axe mɔ na amewo be woagawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu o alo be yeatsɔ ahe woƒe susu. Mí Mawu subɔlawo ya míenya esia nyuie, eye míedi be míaɖe mɔ naneke nagblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me o. Míenya nu si adzɔ kpuie, eye míekana ɖe Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo hã dzi.—Mixlẽ 1 Yohanes 2:15-17.

17. Aleke ame siwo atso Harmagedon la awɔ nui ne wofɔ kukuawo ɖe tsitre?

17 Ŋugbe wɔnuku si Mawu do be yeagbɔ agbe ame kukuwo la ava eme, elabena “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔw. 24:15) Kpɔ ale si gbegbe kakaɖedzi le ŋugbedodo sia ŋui ɖa: “Tsitretsitsi li”! Ðikeke aɖeke mele nya sia ŋu o, elabena Yehowa ŋutɔe do ŋugbe ma! Wodo ŋugbe na mí le Yesaya 26:19, NW, be: “Wò ame kukuwo anɔ agbe. . . . Mi ketumetɔwo, minyɔ, ne miado dzidzɔɣli! . . . Eye anyigba adzi ame siwo ku, siwo ŋu ŋusẽ aɖeke megale o la.” Nyagblɔɖi sia va eme zi gbãtɔ esime Mawu na eƒe amewo gbugbɔ yi wo denyigba dzi, eye esia na kakaɖedzi mí be nyagblɔɖi sia ava eme le nya la ŋutɔŋutɔ nu le xexe yeyea me. Dzidzɔ gã kae nye esi wòanye ne ame siwo wofɔ ɖe tsitre la va wɔ ɖeka kple woƒe ame veviwo! Vavãe, Satana ƒe xexea ƒe nuwuwu gogo, eye Mawu ƒe xexe yeye la tu aƒe. Aleke gbegbe wòle vevie ye nye esi be míanɔ ŋudzɔ!

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu kae nye Yesu ƒe nufiafia ƒe tanya?

• Aleke gbegbe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa keke ta fifiae?

• Nu ka tae wòle vevie be míanɔ ŋudzɔ?

• Nu kae de dzi ƒo na wò le ŋugbedodo si le Dɔwɔwɔwo 24:15 la me?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 16]

 ZITƆTƆ ƑE ƔEYIƔIWO DZE EGƆME

Agbalẽ aɖe si Alan Greenspan ŋlɔ le ƒe 2007 me la ƒe tanyae nye The Age of Turbulence: Adventures in a New World. Greenspan nye United States Ƒe Gadzikpɔha, si kpɔa dukɔ bliboa ƒe gadzraɖoƒe ƒe nuɖoanyi bliboa dzi la, ƒe zimenɔla hena ƒe 20 kloe. Ete gbe ɖe vovototo gã si le ale si nɔnɔmeawo nɔ do ŋgɔ na ƒe 1914 kple ale si wole tso ɣemaɣi dzi la dome dzi ale:

“Le nuŋlɔɖi siwo katã ku ɖe ɣeyiɣi mawo ŋu nu la, edze abe xexe si do ŋgɔ na ƒe 1914 nɔ ŋgɔyiyi matrɔmatrɔ aɖe wɔm ɖo ta bubudede ame nɔewo ŋu kple ŋkuʋuʋu ƒe dzidzenu kɔkɔwo gbɔ ene; edze abe amegbetɔƒomea ate ŋu aɖo nudzedziname blibo gbɔ ene. Wodzudzɔ kluvisitsatsa wɔnublanui la le ƒe alafa wuiasiekelia me. Ewɔ abe ŋutasesẽ ɖigbɔame dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ ene. . . . Wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le mɔɖaŋununya me le xexea me godoo le ƒe alafa wuiasiekelia katã me, eye woto esia dzi to ketekemɔwo, telefon, eletrikkaɖi, sinema, lɔriwo, kple elektriknuzazã gbogbo aɖewo siwo míate ŋu ayɔ o la vae. Atikeŋutinunya, nuɖuɖu nyui, kple tsi nyui ƒe ame geɖewo si susu na be amewo va nɔ agbe didi nɔm wu . . . Amewo xɔe se le xexea me godoo be nuwo ayi edzi anɔ nyonyom ɖe edzi matrɔmatrɔe.”

Gake . . . “nu si Xexemeʋa I gblẽ le bubudede ame nɔewo ŋu kple ŋkuʋuʋu ŋu la yi ŋgɔ boo wu nu si Xexemeʋa II gblẽ, togbɔ be aʋa evelia sia tsrɔ̃ ame geɖe hegblẽ ŋutilãmenu gbogbo aɖewo dome hã: Xexemeʋa I tsrɔ̃ nukpɔsusu aɖe. Nyemate ŋu aɖe ɣeyiɣi nyui siwo do ŋgɔ na Xexemeʋa I, siwo me wòdze abe ameƒomea nɔ ŋgɔyiyi si ŋu seɖoƒe meli na o la wɔm kabakaba ene la, ɖa le susu me o. Egbea la, míaƒe nukpɔsusu le agbea ŋu to vovo sãsãsã na esi nɔ amewo si ƒe alafa ɖekae nye esi va yi, gake ɖewohĩ míaƒe nukpɔsusu sɔ kple ale si nɔnɔmeawo le ŋutɔŋutɔ la vie wu. Ðe ŋɔdzidonamewo, anyigba ƒe dzoxɔxɔ, alo dunyahela siwo gblɔna be yewole dukɔmeviwo ta ʋlim siwo gale mo dom ɖa agblẽ nu le dukɔwo dome kadodo si wosusu be ana agbea nanyo ɖe edzi wu ƒe xexe si li egbea la ŋu abe ale si Xexemeʋa I la hã gblẽ nu le tsãtɔa ŋu enea? Ame aɖeke mate ŋu aɖo nyabiase sia ŋu kple kakaɖedzi o.”

Greenspan ɖo ŋku nya aɖe si Gaŋutinunya Nufialagã Benjamin M. Anderson (ƒe 1886-1949) gblɔ esime wònɔ suku dem la dzi. Nufiala ma gblɔ be: “Ame siwo tsi ɣemaɣi ate ŋu aɖo ŋku ale si nɔnɔmeawo nɔ le xexea me do ŋgɔ na Xexemeʋa I la dzi ahase wo egɔme la ɖoa ŋku ɣeyiɣi mawo dzi kple dzidzɔ geɖe. Le ɣeyiɣi mawo me la, dedienɔnɔ ƒe seselelãme aɖe nɔ amewo me si tɔgbi megali o tso ɣemaɣi va se ɖe egbe.”—Economics and the Public Welfare.

Aƒetɔ G. J. Meyer hã ƒo nya ta alea tɔgbi le eƒe agbalẽ si nye A World Undone, si woɖe ɖe go le ƒe 2006 me la me. Egblɔ le agbalẽa me be: “Wogblɔna zi geɖe be ‘nudzɔdzɔ ɖedzesiwo trɔa nu sia nu.’ Esia nye nyateƒe le Aʋa Gã [ƒe 1914-1918] la gome. Aʋa la trɔ nu sia nu vavã: menye liƒowo, dziɖuɖuwo, kple dukɔwo ƒe mɔkpɔkpɔwo koe wòtrɔ o, etrɔ ale si amewo bua xexea kple wo ɖokuiwoe hã tso ɣemaɣi. Eva zu ʋe globo ƒomevi aɖe tso ŋutinya me, si na dometsotso va le ale si nɔnɔmeawo nɔ do ŋgɔ na aʋa la kple ale si nɔnɔmeawo le tso ɣemaɣi dzi la dome tegbee.”

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Le Harmagedon ʋa wɔɣi la, Yehowa aɖo eƒe mawudɔla triakɔwo ɖa