Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Dzɔdzɔewo Akafu Mawu Tegbee

Ame Dzɔdzɔewo Akafu Mawu Tegbee

Ame Dzɔdzɔewo Akafu Mawu Tegbee

“Ame dzɔdzɔe anɔ anyi hena ŋkuɖoɖodzi tegbee. . . . Eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee.”—PS. 112:6, 9.

1. (a) Etsɔme nyui kae le ame siwo katã Mawu bua ame dzɔdzɔewoe la lalam? (b) Nyabiase kae fɔ ɖe te?

ETSƆME nyui ka gbegbee nye esi le ame siwo Mawu bua ame dzɔdzɔewoe la lalam! Anye dzidzɔ na wo be yewoayi edzi anɔ nu geɖe wu srɔ̃m tso Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo ŋu tegbee. Woƒe dzi ayɔ fũu kple dzidzɔ ne wova le nu geɖe wu srɔ̃m tso Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu. Nu vevi aɖe si wodi tso ame siwo akpɔ gome le etsɔmeyayra mawo me sie nye “dzɔdzɔenyenye,” si dzi wote gbe ɖo le Psalmo 112 lia me. Gake aleke Yehowa, Mawu kɔkɔe si le dzɔdzɔe la, ate ŋu abu amegbetɔ nuvɔ̃mewo be wole dzɔdzɔe? Eɖanye aleke kee míedze agbagba vevie be míawɔ nu si le eteƒe o, míewɔa vodadawo, eye ɣeaɖewoɣi la, wonyea vodada gãwo.—Rom. 3:23; Yak. 3:2.

2. Nukunu eve kawoe lɔlɔ̃ ʋã Yehowa wòwɔ?

2 Lɔlɔ̃tɔe la, Yehowa wɔ ɖoɖo ɖe nya sia gbɔ kpɔnu deblibo aɖe ŋu. Nu kae wòwɔ? Gbã la, ewɔ nukunu si nye be etrɔ Via lɔlɔ̃a si nɔ dziƒo la ƒe agbe va de ɖetugbui aɖe si menya ŋutsu o la ƒe vidzidɔ me ale be wote ŋu dzii wònye ame deblibo. (Luka 1:30-35) Eye esi Yesu ƒe futɔwo wui megbe la, Yehowa wɔ nukunu ɖedzesi bubu aɖe. Mawu fɔ Yesu ɖe tsitre wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ si wodo ŋutikɔkɔe na.—1 Pet. 3:18.

3. Nu ka tae wòdzɔ dzi na Mawu be yeatsɔ agbenɔnɔ le dziƒo aɖo eteƒe na Via?

3 Yehowa tsɔ nane si menɔ Via Yesu si le dziƒo do ŋgɔ na eƒe anyigba dzi vava o la yrae—eyae nye agbe si womate ŋu atsrɔ̃ o la nɔnɔ le dziƒo. (Heb. 7:15-17, 28) Edzɔ dzi na Yehowa be yeatsɔ nu sia aɖo eteƒe nɛ, elabena Yesu wɔ nuteƒe bliboe le dodokpɔ sesẽwo me. Yesu to esia wɔwɔ me na Fofoa kpɔ ŋuɖoɖo nyuitɔ kekeake, ɛ̃ ŋuɖoɖo deblibo, na Satana ƒe aʋatsonutsotso si nye be ɖokuitɔdidi tae amegbetɔwo subɔa Mawu ɖo, ke menye ɖe lɔlɔ̃ akuaku tae o la.—Lod. 27:11.

4. (a) Esi Yesu trɔ yi dziƒo la, nu kae wòwɔ le mía ta, eye aleke Yehowa wɔ nu ɖe eŋui? (b) Aleke nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe nu si Yehowa kple Yesu wɔ na wò la ŋu?

4 Le dziƒo la, Yesu gawɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. Etsɔ “ye ŋutɔ ƒe ʋu” la ƒe asixɔxɔ ‘do ɖe Mawu ŋutɔ ŋkume le mía ta.’ Mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la lɔ̃ faa xɔ Yesu ƒe vɔsa xɔasi la abe “avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta” ene. Eya ta míate ŋu atsɔ ‘dzitsinya dzadzɛwo’ awɔ “subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Mawu gbagbe la.” Susu nyui ka gbegbee nye esi si tae wòle be míalɔ̃ ɖe Psalmo 112 lia ƒe nyagbe gbãtɔ dzi ahagblɔ be, “Mikafu Yehowa!”Heb. 9:12-14, 24; 1 Yoh. 2:2.

5. (a) Nu kae wòle be míawɔ be tenɔnɔ dzɔdzɔe nayi edzi anɔ mía si le Mawu ŋkume? (b) Ðoɖo ka nue woɖo Psalmo 111 kple 112 lia ɖo?

5 Be tenɔnɔ dzɔdzɔe nayi edzi anɔ mía si le Mawu ŋkume la, ele be míayi edzi anɔ eɖem fia be míexɔ Yesu ƒe ʋu si wokɔ ɖi la dzi se. Mele be míaɖe mɔ ŋkeke ɖeka teti nava yi si míada akpe na Yehowa ɖe lɔlɔ̃ si gbegbe wòɖe fia mí la ta o. (Yoh. 3:16) Ehiã hã be míayi edzi anɔ Mawu ƒe Nya la srɔ̃m, eye míayi edzi anɔ míaƒe ŋutetewo katã wɔm be míanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple gbedeasi si le eme. Aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Psalmo 112 lia me na ame siwo katã di be dzitsinya dzadzɛ nayi edzi anɔ yewo si le Mawu ŋkume la. Psalmo sia kple Psalmo 111 lia de nu wo nɔewo me. Wotsɔ nyagbe si nye “Mikafu Yehowa!” alo “Haleluyah” ʋu psalmo evea siaa nui; le Hebrigbe gbãtɔa me la, woma psalmo siawo me nyawo ɖe nyagbewo ƒe fli 22 me, eye fli ɖe sia ɖe dze egɔme kple Hebrigbe me alfabeta 22-awo dometɔ ɖeka. *

Nu Si Tae Míakpɔ Dzidzɔ Ðo

6. Aleke woyra “ŋutsu” mawuvɔ̃la si ŋu woƒo nu tsoe le Psalmo 112 lia me lae?

6 “Woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ le eƒe seawo ŋu vevie. Ŋusẽ anɔ viawo ŋu le anyigba dzi, eye woayra dzime dzɔdzɔe tɔwo ƒe ƒome.” (Ps. 112:1, 2) De dzesii be gbã la, psalmo sia ŋlɔla ƒo nu tso “ŋutsu” ɖeka ŋu, gake le kpukpui 2 lia ƒe nuwuwu la, eƒo nu tso “dzime dzɔdzɔe tɔwo” ŋu, si fia ame geɖewo. Esia ɖee fia be Psalmo 112 lia ate ŋu aku ɖe ƒuƒoƒo aɖe si me ame geɖewo le la ŋu. Eɖe dzesi be gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòzã nya siwo le Psalmo 112:9 la tsɔ ku ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ŋu. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 9:8, 9.) Aleke gbegbe psalmo sia ɖɔ ale si Kristo yomedzela siwo le anyigba dzi egbea ate ŋu akpɔ dzidzɔe la nyuie nye esi!

7. Nu ka tae wòhiã be vɔvɔ̃ nyuitɔ nanɔ Mawu subɔlawo si na Mawu? Eye aleke wòle be nàbu Mawu ƒe sededewoe?

7 Abe ale si wòdze le Psalmo 112:1 me ene la, Kristotɔ vavãwo kpɔa dzidzɔ geɖe esi wole zɔzɔm le ‘Yehowa vɔvɔ̃’ me. Vɔvɔ̃ nyui sia, si nye vɔvɔ̃ be woagawɔ naneke adze agɔ le Mawu dzi o la, kpena ɖe wo ŋu be wotsia tsitre ɖe Satana ƒe xexea ƒe gbɔgbɔ la ŋu. ‘Wokpɔa dzidzɔ’ ɖe Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple eƒe seawo dzi wɔwɔ ya ŋu vevie. Se siawo lɔ sedede si nye be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le anyigba bliboa dzi la hã ɖe eme. Wodzea agbagba be yewoawɔ dukɔwo katã me nɔlawo woanye nusrɔ̃lawo, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, woxlɔ̃a nu ame vɔ̃ɖiwo ku ɖe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke si gbɔna la ŋu.—Xez. 3:17, 18; Mat. 28:19, 20.

8. (a) Aleke woɖo eteƒe na Mawu subɔla dovevienuwo egbea le woƒe dɔwɔwɔ dzonɔamemetɔe ta? (b) Etsɔmeyayra kawoe le ŋgɔ na ame siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le?

8 Esi Mawu subɔlawo le wɔwɔm ɖe sedede mawo dzi ta la, wosɔ gbɔ wu ame miliɔn adre egbea. Ame kae ate ŋu agblɔ be “ŋusẽ” mele Mawu ƒe amewo ŋu “le anyigba dzi” o? (Yoh. 10:16; Nyaɖ. 7:9, 14) Eye aleke gbegbe ‘woagayra’ woe nye esi ne Mawu na be eƒe tameɖoɖo va eme! Woakpɔ ame siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la ta abe ƒuƒoƒo ene le “xaxa gã” si gbɔna la me, eye woawoe azu “anyigba yeye” si “me dzɔdzɔenyenye anɔ” la. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ‘woagayra’ ame siwo atsi agbe le Harmagedon ʋaa me la geɖe wu. Woanɔ klalo be yewoaxɔ ame miliɔn gbogbo siwo woafɔ ɖe tsitre la atuu. Mɔkpɔkpɔ nyui ka gbegbee nye esi! Mlɔeba la, ame siwo ‘kpɔa dzidzɔ le’ Mawu ƒe “seawo ŋu vevie” la atsi aɖo blibodede gbɔ, eye woase vivi na “Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe le la” tegbee.—2 Pet. 3:13; Rom. 8:21.

Kesinɔnuwo Zazã Nyuie

9, 10. Aleke Kristotɔ vavãwo zãa woƒe gbɔgbɔ me kesinɔnuwoe, eye mɔ ka nue woƒe dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbee le?

9 “Nu geɖe kple kesinɔnu le eƒe me, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee. Amenuvela, nublanuikpɔla kple dzɔdzɔetɔ nye kekeli dze na nuteƒewɔlawo le viviti me.” (Ps. 112:3, 4) Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu subɔla aɖewo ƒe ŋkɔ de du le kesinɔnu siwo nɔ wo si ta. Eye le gɔmesese bubu nu la, ame siwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo la va zua kesinɔtɔwo ŋutɔŋutɔ, nenye be ŋutilãmekesinɔnuwo mesu wo si o gɔ̃ hã. Nyateƒeae nye be, ate ŋu anɔ eme be, ame akpa gãtɔ siwo tiae be yewoabɔbɔ yewo ɖokuiwo ɖe Mawu te la nanye ame dahewo eye amewo ado vlo wo, abe ale si wònɔ le Yesu ƒe ŋkekeawo hã mee ene. (Luka 4:18; 7:22; Yoh. 7:49) Ke hã, ame ɖanye kesinɔtɔ alo da ahe le ŋutilã me o, ate ŋu anye kesinɔtɔ le gbɔgbɔ me ya.—Mat. 6:20; 1 Tim. 6:18, 19; mixlẽ Yakobo 2:5.

10 Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo siaa memiaa asi ɖe woƒe gbɔgbɔ me kesinɔnuwo dzi o. Ke boŋ wonyea ‘kekeli dzena na nuteƒewɔlawo’ le Satana ƒe xexe doviviti sia me. Wowɔa esia to kpekpe ɖe amewo ŋu be nunya kple sidzedze Mawu, siwo nye gbɔgbɔ me kesinɔnuwo la, naɖe vi na wo. Tsitretsiɖeŋulawo dze agbagba be yewoatsi Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa nu, gake wodo kpo nu. Le nyateƒe me la, dɔ dzɔdzɔe sia ƒe kutsetsewo ‘anɔ anyi tegbee.’ Ne Mawu subɔlawo yi edzi do dzi le nu dzɔdzɔe wɔwɔ me la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ wo si be yewoayi edzi anɔ agbe ɖaa, ɛ̃ ‘woanɔ anyi tegbee.’

11, 12. Mɔ siwo nu Mawu ƒe amewo zãa woƒe ŋutilãmenunɔamesiwo le la dometɔ aɖewo ɖe?

11 Mawu ƒe amewo, amesiaminawo ƒe ha la kple “ameha gã” la me tɔwo siaa, ɖee fia be yewonye dɔmenyotɔwo le ŋutilãmenuwo gome. Psalmo 112:9 gblɔ be: “Enaa nu ame dahewo fũ.” Egbea la, Kristotɔ vavãwo naa ŋutilã me kpekpeɖeŋu wo hati Kristotɔwo kple wo havi siwo hiã tu la zi geɖe. Wozãa woƒe ŋutilãmenuwo tsɔ kpea asi ɖe kpekpeɖeŋunadɔwo hã ŋu ne afɔkuwo dzɔ. Esia hã nye nu si nana míekpɔa dzidzɔ abe ale si Yesu gblɔe ɖi be anɔ ene.—Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 20:35; 2 Korintotɔwo 9:7.

12 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, de ŋugble tso ga gbogbo siwo wozãna tsɔ taa magazine sia ɖe gbegbɔgblɔ 172, siwo dometɔ geɖe dolawo nye ame siwo dzi nu mede boo o, me la ŋu kpɔ. Gabu nyateƒe si wònye be wotaa magazine sia ɖe tokunɔgbe vovovowo me hetanae na ŋkunɔwo hã ŋu kpɔ.

Nunala Kple Dzɔdzɔetɔ

13. Ame kawoe ɖo nunana ameŋububutɔe ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔwo ɖi, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu?

13 “Eme anyo na ŋutsu, si naa nu ame, eye wòdoa nu na ame.” (Ps. 112:5) Ðikekemanɔmee la, ède dzesii be menye ame sia ame si naa kpekpeɖeŋu amewoe nye ameŋubula o. Ame aɖewo naa nu amewo tsɔ ɖenɛ fiana be nu le yewo si, eye ame aɖewo ya menaa nu amewo kple dzi faa o. Mavivi na wò be nàxɔ kpekpeɖeŋu tso ame aɖe si dina be yeana nàse le ɖokuiwò me be mele ɖeke me o, alo ame aɖe si nana nèsena le ɖokuiwò me be fuɖename alo agbae nènye na ye la gbɔ o. Gake kpɔ ale si gbegbe wònaa ame ƒe dzi dzea emee nye esi be wòaxɔ kpekpeɖeŋu tso ame aɖe si bua ame ŋu la gbɔ ɖa! Yehowa nye Nunala ameŋubula si naa nu kple dzidzɔ, eye wòɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi le go sia me. (1 Tim. 1:11; Yak. 1:5, 17) Yesu Kristo ɖe ameŋububu, si ƒe kpɔɖeŋu Fofoa ɖo ɖi la, fia bliboe. (Mar. 1:40-42) Eya ta be Mawu nabu mí be míele dzɔdzɔe la, ele be míana nu kple dzidzɔ ameŋububutɔe, vevietɔ ne míele gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu nam mía haviwo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.

14. Mɔ siwo dzi míate ŋu ‘atsɔ dzɔdzɔenyenye alé míaƒe nyawo ɖe te’ le la dometɔ aɖewo ɖe?

14 “Etsɔa dzɔdzɔenyenye léa eƒe nyawo ɖe te.” (Ps. 112:5, NW) Abe ale si wogblɔe ɖi ene la, aƒedzikpɔla nyateƒetɔ ƒe ha la, kpɔa eƒe Aƒetɔ la ƒe nunɔamesiwo dzi le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye. (Mixlẽ Luka 12:42-44.) Esia dzena kɔtɛ le Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame, siwo wona hamemetsitsiwo, ame siwo wònɔna na ɣeaɖewoɣi be woakpɔ nya siwo ku ɖe nu vɔ̃ gã si ame aɖe wɔ le hamea me gbɔ, la me. Nuwo gbɔ kpɔkpɔ le dzɔdzɔenyenye me gadzena le mɔfiame siwo wotu ɖe Biblia dzi si kluvi ƒe ha la nana ku ɖe ale si wòle be hamewo, dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒewo, kple Betel ƒewo katã nawɔ woƒe dɔwoe ŋu la me. Menye hamemetsitsiwo ko sie wobia tso be woawɔ nu le dzɔdzɔenyenye me o, ke wobia tso hamea me tɔ bubuwo hã si be woawɔ nu dzɔdzɔe le nuwɔwɔ kple wo nɔvi haxɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo me, eye ele be woawɔe le dɔwɔnyawo hã me.—Mixlẽ Mixa 6:8, 11.

Yayra Siwo Ame Dzɔdzɔewo Akpɔ

15, 16. (a) Aleke ame dzɔdzɔewo wɔa nu ɖe nya vɔ̃ siwo dzɔna le xexea me ŋui? (b) Nu kae Mawu subɔlawo ɖo kplikpaa be yewoayi edzi anɔ wɔwɔm?

15 ‘Elabena ke maɖe le ete akpɔ o tegbee; ame dzɔdzɔe anɔ anyi hena ŋkuɖoɖodzi tegbee. Nya vɔ̃ sese aɖeke madzi ŋɔ nɛ o, eƒe dzi dzea eme, eye wòɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu. Dzi le eƒo mavɔ̃ o, va se ɖe esime wòakpɔ eƒe ketɔwo ta ɖa.’ (Ps. 112:6-8) Le ŋutinya katã me la, medzɔ kpɔ be nya vɔ̃wo, abe esiwo ku ɖe aʋawɔwɔ, nu vlo wɔlawo ƒe ŋɔdzidoname, dɔléle yeyewo kple dɔléle xoxo siwo gatrɔ gbɔ, hlɔ̃dodo, ahedada, kple ɖiƒoƒo gblẽnuwo ene ŋu, sese bɔ alea gbegbe o. Ame siwo Mawu bua ame dzɔdzɔewoe la mate ŋu asi le nya vɔ̃ siawo me tsonu vɔ̃ɖiwo nu o, ke hã, womenaa ŋɔdzi léa wo ale gbegbe be dzi ɖena le wo ƒo o. Ke boŋ woƒe “dzi dzea eme” eye ‘dzi nɔa wo ƒo’ esi wotsɔ kakaɖedzi le mɔ kpɔm na etsɔme, elabena wonyae be Mawu ƒe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la tu aƒe. Ne afɔkuwo dzɔ la, wotea ŋu nɔa te ɖe wo nu nyuie wu, elabena woɖoa ŋu ɖe Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ŋu. Mawu meɖea mɔ gbeɖe be ‘ke ɖena le’ ame dzɔdzɔewo te o, ke boŋ enaa kpekpeɖeŋu kple ŋusẽ si wohiã atsɔ ado dzi la wo.—Fp. 4:13.

16 Ame siwo Mawu bua ame dzɔdzɔewoe la kpea akɔ kple fuléle kple alakpanya siwo tsitretsiɖeŋulawo kakana la, gake nu siawo mete ŋu xe mɔ na Kristotɔ vavãwo wodzudzɔ gbeƒãɖeɖe o, eye womate ŋu axe mɔ na wo hã gbeɖe o. Ðe ema teƒe la, Mawu subɔlawo yi edzi le dɔ si Yehowa de wo si, si nye be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la ahawɔ ame siwo katã ɖoa to la woanye nusrɔ̃lawo la, wɔm dzinɔameƒotɔe maʋamaʋãe. Ðikeke mele eme o be ame dzɔdzɔewo ayi edzi anɔ go dom tsitretsiɖeŋu geɖe wu esi nuwuwua le aƒe tum. Fuléle ma aɖo eƒe sesẽaƒe ne Satana Abosam, si nye Gog si tso Magog la, dze Mawu ƒe amewo dzi le anyigba dzi godoo. Mlɔeba la, míakpɔ míaƒe “ketɔwo ta ɖa” esime wole wo tsrɔ̃m vlodoametɔe. Nu wɔdɔɖeamedzi ka gbegbee nye esi wòanye be míakpɔ eteƒe woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu keŋkeŋ!—Xez. 38:18, 22, 23.

‘Woado Wo Ðe Dzi Le Bubu Me’

17. Aleke woado ame dzɔdzɔewo ɖe “dzi le bubu me”?

17 Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye be míatsɔ nu sɔsɔe akafu Yehowa le ɣeyiɣi si me Abosam kple eƒe xexea ƒe tsitretsiɖeŋu maganɔ anyi o me! Dzidzɔ sia gbegbee ame siwo katã yia edzi léa tenɔnɔ dzɔdzɔe me ɖe asi le Mawu ŋkume la akpɔ tegbee. Womaɖu ŋukpe alo woaɖu wo dzi ale be woade mo to o, elabena Yehowa do ŋugbe be ame siwo yebu ame dzɔdzɔewoe la ‘ƒe dzo ade dzi le bubu me.’ (Ps. 112:9) Ame siwo Yehowa bu ame dzɔdzɔewo la atso aseye aʋadziɖuɖutɔe ne wokpɔ ame siwo katã tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu la ƒe tsɔtsrɔ̃ teƒe.

18. Aleke Psalmo 112 lia ƒe taƒonyawo ava emee?

18 “Ame vɔ̃ɖi kpɔe, eye dzi kui, eɖu aɖukli, eye wòabu ɖa. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu ayi.” (Ps. 112:10) Eteƒe madidi o ame siwo katã tsia tsitre ɖe Mawu ƒe amewo ŋu la ‘abu ɖa’ kple woƒe ŋuʋaʋã kple fulélewo. Woƒe didi si nye be míaƒe dɔa me nagblẽ la nu ayi kpli wo le “xaxa gã” si gbɔna la me.—Mat. 24:21.

19. Nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

19 Ànɔ agbetsila kpɔdzidzɔ siwo akpɔ aʋadziɖuɖu gã ma teƒe la domea? Alo ne edzɔ be dɔléle alo tsitsi na be nèdɔ alɔ̃ le ku me hafi Satana ƒe xexea va nuwuwu la, ànɔ ‘ame dzɔdzɔe’ siwo woafɔ ɖe tsitre la domea? (Dɔw. 24:15) Àte ŋu aɖo nya siawo ŋu be ɛ̃, nenye be èyi edzi ɖenɛ fiana be yexɔ Yesu ƒe tafevɔsa la dzi se, eye nèyi edzi srɔ̃a Yehowa ƒe nɔnɔmewo, abe ale si “ŋutsu” dzɔdzɔe si ŋu woƒo nu tsoe le Psalmo 112 lia me la wɔe ene. (Mixlẽ Efesotɔwo 5:1, 2.) Yehowa akpɔ egbɔ be womeŋlɔ ame mawo ƒe “ŋkuɖoɖodzi” be o, eye womaŋlɔ dzɔdzɔenyenyedɔ siwo wowɔ la hã be o. Yehowa aɖo ŋku wo dzi ahalɔ̃ wo tegbee tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.—Ps. 112:3, 6, 9.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Ale si psalmo eve siawo de nu wo nɔewo me la dze le ɖoɖo si nu woŋlɔ wo ɖo kple wo me nyawo siaa me. Le Psalmo 111 lia me la, wodo Mawu ƒe nɔnɔmewo ɖe dzi, eye le Psalmo 112 lia me la, “ŋutsu” mawuvɔ̃la si ŋu woƒo nu tsoe la srɔ̃ nɔnɔme siawo. Míate ŋu akpɔ esia ne míetsɔ Psalmo 111:3, 4 sɔ kple Psalmo 112:3, 4.

Biabiawo Hena Ŋugbledede

• Susu siwo tae míagblɔ kple ɣli be “Haleluyah” la dometɔ aɖewo ɖe?

• Míaƒe ŋkekea me nudzɔdzɔ kawoe nana be dzi dzɔa Kristotɔ vavãwo ŋutɔ?

• Nunala ka ƒomevie Yehowa lɔ̃na?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Be tenɔnɔ dzɔdzɔe nayi edzi anɔ mía si le Mawu ŋkume la, ele be míaɖee afia be míexɔ Yesu ƒe ʋu si wokɔ ɖi la dzi se

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Woate ŋu atsɔ lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo ado alɔ kpekpeɖeŋunadɔwo kple Biblia srɔ̃gbalẽwo mama ƒe dɔa