Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mele Be Nàŋlɔ Yehowa Be O

Mele Be Nàŋlɔ Yehowa Be O

Mele Be Nàŋlɔ Yehowa Be O

ISRAEL VI aɖewo wɔ nu sia tɔgbi kpɔ. Gake le wo dometɔ akpa gãtɔ gome la, esiae nye zi gbãtɔ kple zi mamlɛtɔ si wozɔ tso tɔ aɖe evɔ womeƒo tsi o. Ðeko Yehowa na Yordan Tɔsisia me tsiwo nu tso koe nye ema. Azɔ Israel vi akpe teƒe akpeawo lɔ hoo to tɔʋu la me ɖo ta Ŋugbedodonyigbaa dzi. Abe ale si wònɔ le wo tɔgbuiwo gome le Ƒu Dzĩa nu ƒe 40 aɖewoe nye ema ene la, Israel vi siwo nɔ Yordan tɔsisia tsom fifia hã dometɔ geɖe anya gblɔ le wo ɖokui me be, ‘Nyemaŋlɔ nu si Yehowa wɔ le afi sia be gbeɖe o.’—Yos. 3:13-17.

Ke hã, Yehowa nyae be Israel vi aɖewo ‘aŋlɔ yeƒe dɔwɔwɔwo be kaba.’ (Ps. 106:13) Eya tae wòde se na Israel kplɔla Yosua be woatsɔ kpe 12 tso tɔsisia titina eye woatsɔ wo ada ɖe teƒe gbãtɔ si woaƒu asaɖa anyi ɖo. Yosua ɖe eme be: “Kpe siawo nye ŋkuɖodzinu na Israel-viwo.” (Yos. 4:1-8) Ŋkuɖodzikpe mawo aɖo ŋku Yehowa ƒe dɔ klitsuwo dzi na dukɔ la ahana woakpɔ nu si ta wòle vevie be woasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe ɣeawokatãɣi la ɖo.

Ðe ŋutinya ma le vevie na Mawu ƒe amewo egbea? Ɛ̃. Mele be míawo hã míaŋlɔ Yehowa be gbeɖe o; ele be míayi edzi anɔ esubɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Nuxlɔ̃ame bubu siwo wona Israel dukɔa ate ŋu aɖe vi na Yehowa subɔla siwo li egbea hã. Bu Mose ƒe nuxlɔ̃ame sia ŋu kpɔ, egblɔ be: “Kpɔ nyuie, bena màgaŋlɔ Yehowa, wò Mawu be, eye nagbe eƒe sewo, kɔnuwo kple ɖoɖowo . . . dziwɔwɔ o.” (5 Mose 8:11) Esia ɖee fia be Yehowa ŋɔŋlɔ be ate ŋu ana woaɖoe koŋ azu tomaɖola. Afɔku ma ate ŋu adzɔ ɖe míawo hã dzi egbea. Esi apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kristotɔwo la, exlɔ̃ nu wo ku ɖe “tosesẽ ma” si Israel viwo ɖe fia le gbea dzi la tɔgbi ŋu.—Heb. 4:8-11.

Na míadzro Israel ƒe ŋutinya me nudzɔdzɔ aɖewo siwo te gbe ɖe nu si tae mele be míaŋlɔ Mawu be o dzi la me kpɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nusɔsrɔ̃ tso ale si Israel ŋutsu wɔnuteƒe eve aɖewo nɔ agbee me akpe ɖe mía ŋu míatsɔ dzidodo kple ŋudzedzekpɔkpɔ asubɔ Yehowae.

Susu Siwo Tae Míaɖo Ŋku Yehowa Dzi

Le ƒe siwo katã Israel viwo tsɔ nɔ Egipte me la, Yehowa meŋlɔ wo be kpɔ o. “[Eɖo] ŋku nu, si wòbla kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi.” (2 Mose 2:23, 24) Nu si Mawu wɔ ɣemaɣi tsɔ ɖe wo le kluvinyenye me la nye nu si mele be woaŋlɔ be gbeɖe o.

Yehowa he fuwɔame asieke va Egiptetɔwo dzi. Ŋusẽ aɖeke menɔ Farao ƒe afakalawo si be woatsi wo nu o. Ke hã, Farao gbe toɖoɖo Yehowa kokoko hegbe be yemaɖe asi le Israel viwo ŋu woadzo o. (2 Mose 7:14–10:29) Gake fuwɔame ewolia me tsonuwo zii ɖe dziɖula dadala ma dzi wòwɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi. (2 Mose 11:1-10; 12:12) Mose nɔ ŋgɔ na ame siwo anya de 3,000,000, siwo nye Israel viwo kple amedzro gbogbo aɖewo la, woʋu dzo le Egipte. (2 Mose 12:37, 38) Womeɖo afi aɖeke hafi Farao gatrɔ susu o. Eɖe gbe na eƒe aʋawɔtasiaɖam me nɔlawo kple sɔdolawo—aʋakɔ sesẽtɔ si nɔ anyigba dzi ɣemaɣi—be woayi aɖagbugbɔ alé yeƒe kluvi tsãtɔwo vae na ye. Le ɣeyiɣi ma me la, Yehowa gblɔ na Mose be wòakplɔ Israel viwo ayi teƒe aɖe si xaxa ɖe Ƒu Dzĩa kple towo dome si woyɔna be Pi-Haxirot, teƒe aɖe si dze abe sisiƒe aɖeke meli na Israel viwo o ene.—2 Mose 14:1-9.

Farao xɔe se be Israel viwo ge ɖe mɔ me, eya ta ena eƒe aʋakɔa ti wo yome be yewoadze wo dzi. Gake Yehowa xe mɔ na Egiptetɔwo esi wòna alilikpo dodo aɖe si do viviti ɖe Egiptetɔwo evɔ wòheklẽ na Israel viwo la ma dukɔ eveawo dome. Mawu na Ƒu Dzĩ la me ma ɖe eve, eye domedomea zu ƒuƒuiƒe, ena tsiawo ƒo ƒu abe gli ene ɖe woƒe ɖusime kple miame, eye tsiawo ƒe kɔkɔme ade meta 15. Azɔ Israel viwo to ƒuƒuiƒea nɔ ƒua tsom. Eteƒe medidi o, Egiptetɔwo va ɖo ƒua nu hekpɔ Israel viwo nɔ go kemɛ dzi ɖom.—2 Mose 13:21; 14:10-22.

Tatɔ si bua nu ŋu nyuie wu la adzudzɔ ame mawo yome titi—gake Farao ya, kpao. Esi wòka ɖe eɖokui dzi ale gbegbe ta la, ena eƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo ti wo yome to tɔʋu la me. Ŋgɔ ko yimee Egiptetɔwo nɔ kple du. Gake hafi woaxe Israel viwo la, du si dzi wonɔ kple ŋkubiã la nu tso. Kpɔ ɖa, Egiptetɔwo ƒe tasiaɖamwo megate ŋu nɔ ŋgɔ yim o! Ɛ̃, Yehowa ɖe afɔtiwo ɖa le woƒe tasiaɖamwo te.—2 Mose 14:23-25; 15:9.

Esime Egiptetɔwo nɔ kame tem kple woƒe tasiaɖam siwo ƒe afɔtiwo gli la, Israel ha blibo la ɖo ƒua ƒe ɣedzeƒe ƒe go dzi. Azɔ Mose do eƒe asi ɖe Ƒu Dzĩa dzi. Yehowa na tsi si zu gli la trɔ va kpe. Tsi gbogbo mawo nye tsyɔ Farao kple eƒe aʋawɔlawo dzi, eye wonyrɔ. Futɔ mawo dometɔ ɖeka pɛ hã metsi agbe o. Israel viwo kpɔ ablɔɖe azɔ!—2 Mose 14:26-28; Ps. 136:13-15.

Nudzɔdzɔ sia ŋuti nyatakaka na ŋɔdzi lé dukɔ siwo nɔ nuto mawo me ɣeyiɣi didi aɖe. (2 Mose 15:14-16) Ƒe 40 megbe la, Raxab si tso Yerixo gblɔ na Israel ŋutsu eve aɖewo be: ‘Ŋɔdzi, si le mia ŋu la, va lé mí, elabena míese, ale si Yehowa na Avaƒu la mie le mia ŋgɔ, esime mieʋu tso Egipte.’ (Yos. 2:9, 10) Trɔ̃subɔdukɔ mawo gɔ̃ hã meŋlɔ ale si Yehowa ɖe eƒe amewo la be o. Edze ƒãa be susu geɖe wu nɔ Israel viwo si siwo ta wòle be woaɖo ŋku Mawu dzi ɖo.

‘Elé Be Na Wo Abe Eƒe Ŋkuvi Ene’

Esi Israel viwo tso Ƒu Dzĩa la, wova do ɖe Sinai gbedadaƒo, si nye “gbe gã dziŋɔ” aɖe. Esi wonɔ mɔ zɔm to gbedadaƒo ma si ‘tsi vena le’—eye nuɖuɖu meli woana ameha gã ma woaɖu o—la, Yehowa ɖee fia be yeƒe abɔ meto ɖe eme o. Mose gblɔ be: ‘[Yehowa fɔ Israel] le gbedzi kple gbedadaƒo, afi si gbemelãwo le xɔxlɔ̃m le. Ekpla asi kɔ nɛ, eye wòkpɔ edzi helé be nɛ abe eƒe ŋkuvi ene.’ (5 Mose 8:15; 32:10) Aleke Mawu lé be na woe?

Yehowa na “abolo” si wona ŋkɔ be mana la ‘dza tso dziƒo’ na wo nukutɔe ɖe “anyigba le gbe la dzi.” (2 Mose 16:4, 14, 15, 35) Yehowa na hã be “tsi do tso agakpe sesẽ la me.” Mawu ƒe yayra si nɔ wo dzi la wɔe be avɔ mevuvu le wo ŋu o, eye woƒe afɔwo mete le ƒe 40 siwo wotsɔ nɔ gbea dzi la me o. (5 Mose 8:4) Nu kae Yehowa kpɔ mɔ be woawɔ atsɔ aɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia? Mose gblɔ na Israel viwo be: ‘Kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie, eye nàkpɔ wò agbe ta, bena màgaŋlɔ nu siwo nèkpɔ kple wò ŋku la be o, eye womagado le wò dzi me le wò agbe me ŋkekeawo katã me o.’ (5 Mose 4:9) Ne Israel viwo ɖoa ŋku ale si Yehowa ɖe woe la dzi ŋudzedzekpɔkpɔtɔe la, woayi edzi anɔ esubɔm ɖaa ahadze agbagba anɔ eƒe sededewo dzi wɔm. Nu kae Israel awɔ?

Yehowa Ŋɔŋlɔ Be Na Wozu Akpemadalawo

Mose gblɔ be: ‘Èɖe ŋu ɖi le agakpe, si dzi wò la ŋu, eye nèŋlɔ Mawu be.’ (5 Mose 32:18) Dukɔ la ŋlɔ nukudɔ siwo Yehowa wɔ le Ƒu Dzĩa nu, tsi kple nuɖuɖu si wòtsɔ lé woƒe agbe ɖe te le gbea dzi, kple nu nyui bubu siwo katã wòwɔ na wo la be alo ŋe aɖaba ƒu wo dzi. Israel viwo va dze aglã.

Ɣeaɖeɣi la, Israel viwo he nya ɖe Mose ŋu, elabena wosusui be mɔ aɖeke meli si dzi yewoato akpɔ tsi ano o. (4 Mose 20:2-5) Wogblɔ tso mana si lé woƒe agbe ɖe te la ŋu be: “Nuɖuɖu vlo sia le ŋu nyɔm na mí.” (4 Mose 21:5) Wotɔ gbe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ eye wogbe Mose be meganye yewo kplɔla o hegblɔ be: “Oo, ɖe míeku le Egipte-nyigba dzi boŋ, ɖe míeku le gbe sia dzi boŋ la, ne nyo wu! . . . Mina míaɖo tatɔ na mía ɖokui, eye míagbugbɔ ayi Egipte!”—4 Mose 14:2-4.

Aleke Yehowa se le eɖokui me ɖe Israel viwo ƒe tomaɖomaɖoa ŋu? Emegbe esi hakpala aɖe nɔ ŋugble dem tso nu siwo dzɔ ɣemaɣi ŋu la, eŋlɔ bena: ‘Zi nenie womedze aglã ɖe eŋu le gbea dzi, eye womedo dziku nɛ le gbedadaƒo o! Wole Mawu tetekpɔ dzi ɖaa, eye wodo dziku na Israel ƒe kɔkɔetɔ la. Womeɖo ŋku eƒe asi dzi le gbe si gbe wòɖe wo tso ketɔ la si me, esime wòwɔ eƒe dzesiwo le Egipte o.’ (Ps. 78:40-43) Ɛ̃, ale si Israel viwo ŋlɔ Yehowa be la ɖu dzi nɛ vavã.

Ame Eve Siwo Meŋlɔ Yehowa Be O

Gake Israel vi aɖewo ya meŋlɔ Yehowa be o. Wo dometɔ evee nye Yosua kple Kaleb. Ŋutsu eve siawo nɔ ame 12 siwo wodɔ tso Kades-Barnea be woayi aɖatsa ŋku le Ŋugbedodonyigbaa dzi la dome. Wo dometɔ ewo gbɔ va gblɔ nya ɖedzileameƒowo na dukɔa, gake Yosua kple Kaleb ya gblɔ na wo be: “Anyigba, si dzi míede ɖatsa ŋku le la, nyo ʋuu keke tso me. Ne míaƒe nu dze Yehowa ŋu ko la, ekema akplɔ mí ayi anyigba sia dzii, eye wòatsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na mí. Ðeko migadze aglã ɖe Yehowa ŋu o.” Esi dukɔa se nya mawo la, wogblɔ be yewoaƒu kpe Yosua kple Kaleb. Gake ŋutsu eve siawo nɔ te sesĩe heka ɖe Yehowa dzi bliboe.—4 Mose 14:6-10.

Le ƒe aɖewo megbe la, Kaleb gblɔ na Yosua be: ‘Yehowa ƒe dɔla Mose dɔm tso Kades-Barnea, be mayi aɖatsa ŋku le anyigba dzi, eye meva gblɔ, ale si mekpɔ la nɛ. Ke nɔvinye, siwo de kplim la, ɖe dzi le dukɔ la ƒo; gake nye la medze Yehowa, nye Mawu la yome blibo.’ (Yos. 14:6-8) Ale si Kaleb kple Yosua ka ɖe Mawu dzi la kpe ɖe wo ŋu wodo dzi to nɔnɔme sesẽ vovovowo me. Woɖoe kplikpaa be yewoaɖo ŋku Yehowa dzi le yewoƒe agbemeŋkekewo katã me.

Kaleb kple Yosua ɖee fia be yewonye akpedalawo esi wokpɔe dze si be Yehowa wɔ ɖe ŋugbe si wòdo na eƒe amewo be yeana anyigba wɔnu aɖe wo la dzi. Nyateƒee, ele be Israel viwo nada akpe na Mawu, elabena eyae lé woƒe agbe ɖe te. Yosua ŋlɔ bena: ‘Yehowa tsɔ anyigba blibo la na Israel, abe ale si wòka atam na wo fofowo ene. Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la me o, wo katã va eme pɛpɛpɛ.’ (Yos. 21:43, 45) Aleke míawo hã míate ŋu aɖee afia be míenye akpedalawo abe Kaleb kple Yosua ke ene?

Nye Akpedala

Ŋutsu mawuvɔ̃la aɖe bia kpɔ be: “Aleke maɖo dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ nam la, teƒe nɛ?” (Ps. 116:12) Fe siwo míenyi le Yehowa ŋu le ŋutilãmenu siwo wònaa mí, gbɔgbɔ me mɔfiafia, kple mɔnuɖoɖo siwo wòwɔ hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ le etsɔme la lolo ale gbegbe be ne wona mí tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me hã míate ŋu axee avɔ o. Le nyateƒe me la, míate ŋu axe nu siawo ŋu fe na Yehowa gbeɖe o, gake mí katã míate ŋu ada akpe nɛ.

Ðe Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowo kpe ɖe ŋuwò be nète ŋu ƒo asa na kuxiwoa? Ðe eƒe tsɔtsɔke kpe ɖe ŋuwò be dzitsinya nyui gasu asiwòa? Mawu ƒe nuwɔna siawo ƒe viɖe nɔa anyi ɖaa, eya ta ele be míawo hã míayi edzi anɔ akpe dam nɛ ɖaa. Ƒe 14 vi aɖe si ŋkɔe nye Sandra do go kuxi sesẽwo, gake Yehowa kpe ɖe eŋu wòkpɔ ta na wo. Egblɔ be: “Medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye, eye ale si wòkpɔ nɔnɔmeawo gbɔe la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Fifia mese nu si tae fofonye lɔ̃a nuƒoƒo tso Lododowo 3:5, 6 ŋuti nam zi geɖe la gɔme azɔ. Afi ma gblɔ be: ‘Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.’ Meka ɖe edzi be abe ale si ko Yehowa kpe ɖe ŋunye va se ɖe fifia ene la, ayi edzi anɔ kpekpem ɖe ŋunye ɖaa.”

Ðee Fia Be Yeɖoa Ŋku Yehowa Dzi To Dzidodo Me

Biblia gate gbe ɖe nɔnɔme bubu aɖe si do ƒome kple ŋkuɖoɖo Yehowa dzi la dzi hegblɔ be: “Mina dzidodo nawu eƒe dɔwɔwɔ nu bliboe, ale be mianɔ blibo, eye miasu te le goawo katã me, eye naneke naganɔ mia hiãm o.” (Yak. 1:4) Nu kae wòfia be ‘míanɔ blibo, eye míasu te le goawo katã me’? Ebia be míatu nɔnɔme siwo akpe ɖe mía ŋu míatsɔ kaka ɖe Yehowa dzi akpe akɔ kple dodokpɔwo ahaɖo tame kplikpaa be míaɖu wo dzi, ke menye be míana ta o, la ɖo. Dzidodo sia tɔgbi hea dzidzeme gã aɖe vanɛ ne xɔse ƒe dodokpɔa wu enu. Eye dodokpɔwo wua enu godoo hã.—1 Kor. 10:13.

Ŋutsu aɖe si subɔ Yehowa ɣeyiɣi didi aɖe si do go lãmesẽkuxi geɖewo la gblɔ be: “Medzea agbagba be mabu nu si Yehowa le wɔwɔm la ŋu, ke menye nu si nye ŋutɔ medi be mawɔ o. Nuteƒewɔwɔ bia be nye ŋku nanɔ Mawu ƒe tameɖoɖowo dzi, ke menye nye dzodzrowo dzi o. Ne mele akɔ kpem kple kuxiwo la, nyemegblɔna be, ‘Yehowa, nu ka ta wònye dzinyee wòadzɔ ɖo?’ o. Ðeko meyia edzi nɔa esubɔm hekuna ɖe eŋu, ne nɔnɔme sesẽ aɖe si nyemele mɔ kpɔm na o la va dzinye gɔ̃ hã.”

Egbea la, Kristo hamea tsɔa “gbɔgbɔ kple nyateƒe” dea ta agu na Yehowa. (Yoh. 4:23, 24) Abe ƒuƒoƒo ene la, Kristotɔ vavãwo maŋlɔ Mawu be abe ale si Israel dukɔa wɔe ene gbeɖe o. Gake be woanye hamea me tɔ ɖeɖe dzaa menye kpeɖodzi be míanye nuteƒewɔlawo kokoko o. Abe ale si wònɔ le Kaleb kple Yosua gome ene la, ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe naɖee afia be yenye ame si daa akpe hedoa dzi le Yehowa subɔsubɔ me. Susu nyuiwo le mía si siwo tae míawɔ esiawo ɖo, elabena Yehowa yi edzi le mɔ fiam mí hele be lém na mía dometɔ ɖe sia ɖe le nuwuɣi sesẽ sia me.

Abe ŋkuɖodzinu si Yosua ɖo anyi ene la, nuŋlɔɖi siwo ku ɖe ale si Mawu wɔ nu ɖe eƒe amewo ŋu ŋu la na kakaɖedzi mí be Mawu magblẽ eƒe amewo ɖi o. Eya ta neva eme be wò hã nàgblɔ abe hakpala la ene be: “Yehowa ƒe nuwɔwɔwo anɔ ŋku dzi nam, ẽ, maɖo ŋku wò blemanukunuwo dzi. Mabu tame le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo ŋu.”—Ps. 77:12, 13.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Enɔ na dukɔ blibo la be wòazɔ mɔ ato anyigba si dzi ‘tsi vena le’ la dzi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Esi Israel viwo ƒu asaɖa anyi ɖe Kades-Barnea la, wodɔ ŋkutsalawo ɖo ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Le gbedadaƒo nɔnɔ ƒe geɖe vɔ megbe la, Israel viwo ate ŋu ada akpe ɖe Ŋugbedodonyigba wɔnu la ta

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ne míaƒe susu nɔa Yehowa ƒe tameɖoɖowo ŋu la, ekpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le dodokpɔ ɖe sia ɖe ƒomevi me