Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yoas Trɔ Le Yehowa Yome Le Hadede Vɔ̃ Ta

Yoas Trɔ Le Yehowa Yome Le Hadede Vɔ̃ Ta

Fia Nu Viwòwo

Yoas Trɔ Le Yehowa Yome Le Hadede Vɔ̃ Ta

ENYE ɣeyiɣi dziŋɔ aɖe ŋutɔ le Yerusalem, afi si Mawu ƒe gbedoxɔa nɔ. Ðeko wowu Fia Axazya teti koe nye ema. Nu si Axazya dada Atalya wɔ kplɔ esia ɖo la kura gawɔ nuku ŋutɔ. Ena wowu Axazya viwo, siwo nye eya ŋutɔ mamayɔviwo! Ènya nu si tae?— * Bene ye ŋutɔ yeazu fia ɖe wo teƒe.

Ke hã, wokpɔ Atalya mamayɔvi Yoas, si nye vidzĩ la ta le mamaa ƒe manyamanya me. Àdi be yeanya ale si wòkpɔ etaea?— Ðevia tasi aɖe nɔ anyi, si ŋkɔe nye Yoseba, eye eyae tsɔ Yoas ɣla ɖe Mawu ƒe gbedoxɔa me. Ete ŋu wɔ esia le esi srɔ̃a Yoyada nye Nunɔlagã ta. Eya ta eya kple srɔ̃ae kpɔ egbɔ be Yoas nɔ dedie.

Woɣla Yoas ɖe gbedoxɔa me ƒe ade sɔŋ. Wofia nui le afi ma tso Yehowa Mawu kple eƒe sewo ŋu. Mlɔeba esi Yoas xɔ ƒe adre la, Yoyada na woɖo Yoas fiae. Ðe madzɔ dzi na wò be nàse nu tso ale si Yoyada wɔ esiae kple nu si va dzɔ ɖe Yoas mama, Fianyɔnu vɔ̃ɖi Atalya dzi la ŋu oa?—

Gbe ɖeka la, Yoyada yɔ ameŋudzɔla tɔxɛ siwo dzɔa Yerusalem fiawo ŋu ɣemaɣi la ƒo ƒu le adza me. Egblɔ ale si eya kple srɔ̃ wokpɔ Fia Axazya ƒe vi ŋutsuvi sia tae la na wo. Emegbe Yoyada ɖe Yoas fia ameŋudzɔla mawo, eye wokpɔe be eyae dze le se nu aɖu fia. Eya ta wode adaŋu.

Yoyada kplɔ Yoas do goe heɖɔ fiakuku nɛ. Eye dukɔ la ‘ƒu akpe hedo ɣli bena: Fia nenɔ agbe!’ Ameŋudzɔlaawo ƒo xlã Yoas bene yewoakpɔ eta. Ke esi Atalya se aseyetsotso siawo katã ŋu nya la, eyi ɖahe nya ɖe wo ŋu. Gake ameŋudzɔlaawo wu Atalya le Yoyada ƒe gbeɖeɖe nu.—2 Fiawo 11:1-16.

Ðe Yoas yi edzi ɖo to Yoyada helé nu si le eteƒe wɔwɔ me ɖe asia?— Ɛ̃, eyi edzi wɔe nenema le Yoyada ƒe agbenɔɣi. Yoas kpɔ egbɔ kura gɔ̃ hã be amewo dzɔ ga bene woate ŋu aɖɔ Mawu ƒe gbedoxɔa, si fofoa Axazya kple tɔgbuia Yoram gbe dzadzraɖo la ɖo. Gake na míakpɔ nu si dzɔ le Nunɔlagã Yoyada ƒe ku megbe la ɖa.—2 Fiawo 12:2-17.

Ɣemaɣi la, Yoas axɔ ƒe 40 lɔƒo. Le esi teƒe be Yoas nayi edzi anɔ ha dem kple ame siwo subɔa Yehowa la, eva dze xɔ̃ ame siwo dea ta agu na alakpamawuwo. Yoyada vi Zaxariya nye nunɔla na Yehowa ɣemaɣi. Nu kae nèsusu be Zaxariya awɔ esi wòse nu gbegblẽ siwo wɔm Yoas va le fifia la ŋu nya?—

Zaxariya gblɔ na Yoas be: ‘Esi nègblẽ Yehowa ɖi la, eya ta eya hã agblẽ wò ɖi.’ Nya siawo ku dzi na Yoas ale gbegbe be wòɖe gbe be woaƒu kpe Zaxariya wòaku. Wò ya bu eŋu kpɔ lo—wokpɔ Yoas ta tso amewula si me, gake fifia, eyae ma ɖe gbe wowu Zaxariya!—2 Kronika 24:1-3, 15-22.

Ðe nèkpɔe be míate ŋu asrɔ̃ nane tso ŋutinya sia mea?— Gbã la, míadi be míanɔ abe Atalya si nye ŋutasẽla vɔ̃ɖi la ene o. Ke boŋ ele be míalɔ̃ mía hati tadeagulawo kple míaƒe futɔwo kura gɔ̃ hã abe ale si Yesu fia mí be míawɔ ene. (Mateo 5:44; Yohanes 13:34, 35) Ðo ŋku edzi hã be ne míete nu nyui wɔwɔ, abe ale si wònɔ le Yoas gome ene la, ele be míayi edzi adze xɔ̃ ame siwo lɔ̃ Yehowa eye wòdea dzi ƒo na mí be míasubɔ eyama la ɖeɖe ko.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi aɖe la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia nagblɔ eƒe susu.

Nyabiasewo:

○ Alekee wokpɔ Yoas ta, eye tso ame ka si me?

○ Aleke wòdzɔe be Yoas va zu fia si dze, eye nu nyui kawoe wòwɔ?

○ Nu kae na Yoas va te nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, eye ame kae wowu le eƒe gbeɖeɖe nu?

○ Nufiame kawoe le Biblia me ŋutinya sia me na mí?

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Wokpɔ Yoas ta