Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Woɖo Míaƒe Etsɔme Ði Do Ŋgɔa?

Ðe Woɖo Míaƒe Etsɔme Ði Do Ŋgɔa?

Exlẽlawo Bia Be

Ðe Woɖo Míaƒe Etsɔme Ði Do Ŋgɔa?

Ame aɖewo gblɔna be dzɔgbese ɖo míaƒe kugbe ɖi. Ame bubuwo hã tea tɔ ɖe edzi be Mawu ŋutɔe ɖoa ɣeyiɣi si ame sia ame aku la ɖi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame siawo bua agbemenudzɔdzɔ veviwo be wonye nu siwo nu míate ŋu asi le o. Nenemae wò hã nèbua nuwo ŋua?

Ðewohĩ abia nya siawo tɔgbi ɖokuiwò be: ‘Ne nyateƒee wònye be míate ŋu awɔ naneke tso nu siwo ava dzɔ ɖe mía dzi la ŋu o, eye ne Mawu alo dzɔgbesee ɖo nu si ava dzɔ ɖe mía dzi la ɖi xoxo la, nu ka tae wòagahiã be míado gbe ɖa? Eye ne woɖo míaƒe etsɔme ɖi xoxo la, ke nu ka tae míaɖe afɔwo be míatsɔ akpɔ mía ɖokui ta? Nu ka tae míade ʋumezikpuiŋuka ne míele ʋu me le mɔ zɔm? Azɔ hã, nu ka tae wòle be míatsri ahanono atsɔ aku ʋui?’

Biblia meda asi ɖe ameɖokuitamakpɔmakpɔ ƒe nuwɔna ma dzi o. Biblia megblɔ be dzɔgbese aɖe ɖo nu sia nu si adzɔ ɖi do ŋgɔ o, ke boŋ ɖe wòde se na Israel viwo be woaɖe afɔ siwo hiã atsɔ akpɔ woƒe dedienɔnɔ ta boŋ. Le kpɔɖeŋu me, wode se na wo be woatɔ kpɔ sue aɖe aƒo xlã woƒe xɔwo ta. Taɖodzinuae nye be wòakpɔ amewo ta be woagage le xɔa ta o. Gake nu ka tae Mawu ade se ma ne nye ɖe woɖoe ɖi na ame aɖe xoxo be wòage le xɔ ta aku?—5 Mose 22:8.

Ke ame siwo kuna le dzɔdzɔmefɔkuwo alo nudzɔdzɔ dziŋɔ siwo ŋu womate ŋu awɔ naneke le o me ya ɖe? Ðe woɖo “gbe si gbe woaku” la ɖi do ŋgɔa? Kura o. Fia Salomo si gbɔgbɔ ʋã wòŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖe la ka ɖe edzi na mí be “azãgbe kple nuɖiɖeame li na [mí] katã.” (Nyagblɔla 9:11) Eya ta eɖanye aleke kee nudzɔdzɔ aɖe ɖawɔ nuku alo ɖadzi ŋɔe o, menye ɖe woɖoe ɖi do ŋgɔ o.

Ke hã, ame aɖewo sena le wo ɖokui me be nya mawo tsi tsitre ɖe nya si Salomo gblɔ do ŋgɔ la ŋu, si nye be: ‘Ɣeyiɣi li na nu sia nu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te. Amedziɣi li, eye kuɣi li.’ (Nyagblɔla 3:1, 2) Gake ɖee Salomo nɔ dzɔgbese ƒe dzixɔsea dom ɖe ŋgɔ nyateƒea? Mina míadzro nya mawo me tsitotsito.

Menye ɖe Salomo nɔ gbɔgblɔm be woɖo amedziɣi kple kuɣi ɖi o. Ke boŋ eƒe nyawo fia be amewo dzidzi kple amewo ƒe kuku nye nu siwo dzɔna ɖaa, abe agbemenudzɔdzɔ bubu geɖewo ke ene. Le nyateƒe me la, míado go nɔnɔme deamedziwo kple nɔnɔme madeamedziwo le agbe me. Salomo gblɔ be: “Avifaɣi li, eye nukoɣi li.” Eɖee fia be nudzɔdzɔ madeamedzi mawo siwo va ɖina ɖe mí la hã le “nudzɔdzɔ ɖe sia ɖe [si yia edzi ɖaa] le dziƒoa te” la dome. (Nyagblɔla 3:1-8, NW; 9:11, 12) Eya ta eƒe nyataƒoƒoe nye be míagaƒo mía ɖokui ɖe agbemenuwɔnawo me vĩi ale gbegbe be míaŋlɔ mía Wɔla la be o.—Nyagblɔla 12:1, 13.

Togbɔ be naneke mele ɣaɣla ɖe mía Wɔla la le agbe kple ku ŋu o hã la, meɖo dzɔgbese aɖeke ɖi si kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi o. Biblia fiaa nu be Mawu ʋu agbenɔnɔ tegbee ƒe mɔkpɔkpɔ ɖi na mí katã. Ke hã, Mawu mezia mía dzi be míana mɔkpɔkpɔ sia nasu mía si o. Ðe eƒe Nya la gblɔ boŋ be: “Ame sia ame si lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la femaxee.”—Nyaɖeɖefia 22:17.

Nyateƒee, ele be mía ŋutɔwo míadi be ‘míaxɔ agbetsi’ la ano. Eya ta dzɔgbese meɖo míaƒe etsɔme ɖi o. Mía ŋutɔ míaƒe nyametsotsowo, nɔnɔmewo, kple nuwɔnawoe kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe etsɔme dzi.