Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vatikan Dze Agbagba Be Yeana Woadzudzɔ Mawu Ƒe Ŋkɔa Zazã

Vatikan Dze Agbagba Be Yeana Woadzudzɔ Mawu Ƒe Ŋkɔa Zazã

Vatikan Dze Agbagba Be Yeana Woadzudzɔ Mawu Ƒe Ŋkɔa Zazã

KATOLIKOHA ƒe amegãwo le agbagba dzem be yewoadzudzɔ Mawu ƒe ŋkɔ zazã le yewoƒe subɔsubɔwɔnawo me. Le ƒe si va yi me la, Vatikan Mawusubɔsubɔ Kple Sakramento Kɔkɔewo Ŋuti Nufiaha ɖo mɔfiamewo ɖe Katoliko bisiɔpwo ƒe takpekpewo me le xexea me godoo ku ɖe nya sia ŋu. Papa lae na “mɔfiame” sia.

Mɔfiamegbalẽ sia si woŋlɔ le June 29, 2008 dzi la gblɔ be togbɔ be se meɖe mɔ o hã la, “le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, Israel ƒe Mawu ƒe ŋkɔ si wotsɔ Hebri ŋɔŋlɔdzesi ƒe xaxagbeɖiɖi ene יהוה, YHWH, ŋlɔ la zazã va le gegem ɖe Sɔlemehaa me.” Agbalẽa de dzesi be woɖe Mawu ƒe ŋkɔ gɔme le mɔ vovovo nu abe “Yahweh,” “Yahwè,” “Jahweh,” “Jahwè,” “Jave,” “Yehovah,” kple bubuwo ene. * Ke hã, Vatikan la di be yeana Katolikoha la nagatrɔ ɖe nu si wowɔna tsã la ŋu. Si nye be woatsɔ “Aƒetɔ” aɖo Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi eneawo teƒe. Eye be, “mele be woazã [Mawu ƒe ŋkɔ] YHWH la, alo ayɔe” le subɔsubɔwɔnawo, subɔsubɔhadzidziwo, kple gbedodoɖawo me o.

Le nukpɔsusu sia dzi dede ta la, Vatikan mɔfiamegbalẽa bia be Katolikotɔwo nagatrɔ ɖe woƒe “nu si wowɔna tso gbe aɖe gbe ke” la ŋu. Mɔfiamea gblɔ be, le Septuagint (Septante), si nye Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖeɖe ɖe Helagbe me, si nɔ anyi xoxoxo do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣiawo gɔ̃ hã me la, Helagbe me nya Kyʹri·os, si gɔmee nye “Aƒetɔ,” ye wozã ɖe Mawu ƒe ŋkɔa teƒe zi geɖe. Eya ta mɔfiamea te tɔ ɖe edzi be “le gɔmedzedzea me la, Kristotɔwo hã mezã Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ lae o.” Ke hã, mɔfiame siawo nalawo ŋe aɖaba ƒu nyateƒenya si tsi tsitre ɖe woƒe nyawo ŋu la dzi. Menye Kyʹri·os ye wozã le Septuagint Biblia gbãtɔwo me o, ke boŋ Mawu ƒe ŋkɔ si nye יהוה ye wozã. Kristo yomedzela siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔa me la nya Mawu ƒe ŋkɔa eye woyɔe hã. Yesu ŋutɔ gblɔ le gbe aɖe si wòdo ɖa na Fofoa me be: “Mena wonya wò ŋkɔ la.” (Yohanes 17:26) Eye Yesu fia mí le eƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa si ame geɖe nya nyuie me be: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.”—Mateo 6:9.

Ele be wòanye Kristotɔwo katã ƒe didi be yewoakpɔe woakɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti. Agbagba siwo dzem Vatikan le be yeana woadzudzɔ Yehowa ƒe ŋkɔa zazã la medea bubu eya ame si gblɔ be “Esia nye nye ŋkɔ tegbee, eye nye ŋkɔ sia dzidzimewo katã woayɔ” la ŋu o.—2 Mose 3:15.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Ƒe geɖewoe nye esia la, “Yehowa” ye ame geɖe nya le Eʋegbe me be enye Mawu ƒe ŋkɔ, eye wozãe le Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 30]

“Esia nye nye ŋkɔ tegbee.”—2 Mose 3:15

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me “Septuagint” ƒe akpa kakɛ aɖe. Mawu ƒe ŋkɔ si wotsɔ blema Hebri ŋɔŋlɔdzesi ene, si gɔme woɖena be YHWH, ŋlɔ lae nye ema wote fli ƒoxlãe

[Nya si ɖe dzesi si le axa 30]

Courtesy of the Egypt Exploration Society