Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ƒe Nunya Dzena Le Eƒe Nuwɔwɔwo Me

Yehowa Ƒe Nunya Dzena Le Eƒe Nuwɔwɔwo Me

Yehowa Ƒe Nunya Dzena Le Eƒe Nuwɔwɔwo Me

“Eƒe nɔnɔme makpɔmakpɔawo dzena . . . wokpɔna . . . le nu siwo wòwɔ la me.”—ROM. 1:20.

1. Ŋusẽ kae xexea me ƒe nunya kpɔ ɖe ame geɖe dzi egbea?

XEXEA me nɔla geɖe bua ame siwo si sidzedze geɖe su la nunyalawoe. Gake ɖe wonye nunyalawo vavã? Ao, elabena ame siawo siwo woyɔna be nunyalawo la mate ŋu akpe ɖe amewo ŋu alo ana mɔfiame si ŋu kakaɖedzi le si ana woanɔ agbe si ŋu viɖe vavã le la wo o. Ðe ema teƒe la, ame siwo ɖea mɔ ame mawo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi la va zua ame “siwo wonyamana abe ale si ƒutsotsoewo nyamaa nu ene, eye nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna.”—Ef. 4:14.

2, 3. (a) Nu ka tae Yehowa nye “nunyatɔ ɖeka hɔ̃” la? (b) Aleke mawumenunya to vovo na xexemenunyae?

2 Aleke gbegbe nɔnɔmea to vovo le ame siwo si nunya vavã, si tso Yehowa Mawu gbɔ, le la gomee nye esi! Biblia gblɔ na mí be Yehowa nye “nunyatɔ ɖeka hɔ̃.” (Rom. 16:27) Enya nu sia nu tso xexea me ŋu, enya nu tso eƒe wɔwɔme kple eƒe ŋutinya hã ŋu. Yehowa ye ɖo dzɔdzɔmese siwo ŋu amegbetɔwo ɖoa ŋu ɖo le woƒe numekukuwo wɔwɔ me la katã. Eya ta amegbetɔwo ƒe nu tovɛwo mewɔa nuku nɛ o, eye nu si woyɔna be amegbetɔwo ƒe xexemenunya deŋgɔ la mewɔa dɔ ɖe edzi o. “Xexe sia ƒe nunya nye bometsitsi le Mawu gbɔ.”—1 Kor. 3:19.

3 Biblia gblɔ na mí be Yehowa “naa nunya” esubɔlawo. (Lod. 2:6) Nunya si tso Mawu gbɔ la mele abe amegbetɔwo ƒe xexemenunya si ŋu kpeɖodzi gobi aɖeke menɔna o la ene o. Ke boŋ etea gbe ɖe nuŋububu nyui dzi, eye wotui ɖe sidzedze kple gɔmesese vavã dzi. (Mixlẽ Yakobo 3:17.) Yehowa ƒe nunya wɔ nuku na apostolo Paulo ale gbegbe. Esia ʋãe wòŋlɔ bena: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kpakple sidzedze me goglo loo! Aleke seɖoƒe meli na eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me o ye nye esi!” (Rom. 11:33) Esi wònye be Yehowa nye nunyala si ɖeke mesɔ kplii o ta la, míeka ɖe edzi be eƒe sewo fiaa agbenɔnɔmɔ nyuitɔ mí. Le nyateƒe me la, Yehowa nya nu si míehiã bene míakpɔ dzidzɔ la wu ame bubu ɖe sia ɖe.—Lod. 3:5, 6.

Yesu—Ame Si Nye “Dɔnunɔla” La

4. Mɔ siwo nu míate ŋu akpɔ Yehowa ƒe nunya adze sii le la dometɔ aɖe ɖe?

4 Míate ŋu akpɔ Yehowa ƒe nunya kple eƒe nɔnɔme deŋgɔ bubuwo le nu siwo wòwɔ la me. (Mixlẽ Romatɔwo 1:20.) Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, tso gãtɔ kekeake dzi va se ɖe suetɔ kekeake dzi, ɖea eƒe amenyenye ƒe akpa vovovoawo fiana. Afi ka kee míeɖakpɔ o—eɖanye dziƒo alo anyigba si dzi zɔm míele o—míekpɔa kpeɖodzi gbogbo aɖewo siwo ɖenɛ fiana be Wɔla lɔ̃ame aɖe si ƒe nunya ƒo ɖe sia ɖe ta li. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso eŋu to ŋugbledede le nu siwo wòwɔ ŋu me.—Ps. 19:2; Yes. 40:26.

5, 6. (a) Ame ka hãe kpe ɖe Yehowa ŋu le nuwo wɔwɔ me? (b) Nu kawo ŋue míalé ŋku ɖo, eye nu ka tae?

5 Menye Yehowa ɖekae nɔ anyi esime ‘wòwɔ dziƒo kple anyigba’ o. (1 Mose 1:1) Biblia ɖee fia be ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na xexe si wokpɔna wɔwɔ la, Mawu wɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖe si dzi wòto wɔ ‘nu bubuwo katã.’ Gbɔgbɔmenuwɔwɔ mae nye Mawu ƒe Tenuvi—“nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la”—si va zu amegbetɔ nɔ anyigba dzi emegbe, si woyɔ be Yesu. (Kol. 1:15-17) Abe Yehowa ene la, nunya le Yesu hã si. Le nyateƒe me la, woƒo nu tso eŋu le Lododowo ta 8 me abe nunya si woɖɔ abe ame ene. Biblia ƒe ta ma yɔ Yesu be Mawu ƒe “dɔnunɔla” hã.—Lod. 8:12, 22-31.

6 Eya ta nuwɔwɔ siwo wokpɔna la ɖe Yehowa kple eƒe Dɔnunɔla, Yesu, siaa ƒe nunya fia. Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso nuwɔwɔwo gbɔ. Mina míalé ŋku ɖe nuwɔwɔ ene aɖewo siwo ŋu wogblɔ le le Lododowo 30:24-28, NW, be “nunya le wo si tso dzɔdzɔ me” la ŋu kpɔ. *

Veviedodonu Ƒe Nufiame Aɖe

7, 8. Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le anyidiwo ŋu?

7 Ne míelé ŋku ɖe nuwɔwɔ siwo woate ŋu ayɔ be ‘anyigba dzi nu suetɔwo kekeake’ kura gɔ̃ hã ƒe wɔwɔme kple woƒe dɔwɔwɔwo ŋu tsitotsito la, míate ŋu asrɔ̃ nu tso wo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, bu nunya si le anyidi si le dzɔdzɔme nu la ŋu kpɔ.—Mixlẽ Lododowo 30:24, 25.

8 Numekula aɖewo xɔe se be anyidiwo sɔ gbɔ wu amegbetɔwo zi gbɔ zi 200,000, eye wo katã wonɔa dɔ dzi vevie le anyigba la dzi kple anyigba la te. Anyidiwo ƒoa ƒu ɖe hatsotsowo me, eye anyidi ƒe ha etɔ̃e nɔa hatsotso akpa gãtɔ me: fianyɔnuwo, atsuwo, kple dɔwɔlawo. Ha siawo dometɔ ɖe sia ɖe wɔa eƒe akpa dzi le woƒe hatsotsoa ƒe nu hiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me. Abɔdɔwɔla dzeaɖaŋu aɖe ŋutɔe anyidi ƒomevi aɖe si woyɔna be South American leaf-cutting ant (La fourmi défoliante d’Amérique du Sud) la nye. Anyidi sue siawo nyroa anyigba hedoa hlo ƒomevi aɖe na wo ɖokuiwo, woviãa nuawo hehoa dzedzeawo ɖadona, eye ne wole tsitsim la, woɖea woƒe alɔwo ŋu be woate ŋu awɔ nyuie. Numekulawo va kpɔe be nuɖuɖu agbɔsɔsɔ si woƒe hatsotsoa hiã la nue “abɔdɔwɔla” dzeaɖaŋu siawo wɔa dɔ ɖo. *

9, 10. Aleke míate ŋu asrɔ̃ anyidiwo ƒe veviedodonu?

9 Míate ŋu asrɔ̃ nu tso anyidiwo gbɔ. Wofiaa mí be veviedodonu hiã ne míedi be míawɔ nu siwo aɖe vi. Biblia gblɔ na mí be: “Yi anyidi gbɔ, kpɔ eƒe nuwɔna ɖa, eye nadze nunya! Esi amegã, dzikpɔla kple dziɖula aɖeke mele esi o hã la, eƒoa eƒe abolo le dzomeŋɔli, eye wòtua eƒe nuɖuɖu ɖo le nuŋeɣi.” (Lod. 6:6-8) Yehowa kple eƒe Dɔnunɔla, Yesu, siaa nye veviedolawo. Yesu gblɔ be: “Fofonye le dɔ wɔm va se ɖe fifia, eye nye hã meyi edzi le dɔ wɔm.”—Yoh. 5:17.

10 Abe Mawu kple Kristo srɔ̃lawo ene la, ele be míawo hã míanye veviedolawo. Dɔdeasi ka kee ɖale mía si le Mawu ƒe habɔbɔa me o, ele be mí katã míawɔ “geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ la me.” (1 Kor. 15:58) Eya ta anyo be míawɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo na Kristotɔ siwo nɔ Roma la dzi be: “Migawɔ kuvia le miaƒe dɔ ŋu o. Mixɔ dzo le gbɔgbɔ la me. Miwɔ dɔ na Yehowa abe kluviwo ene.” (Rom. 12:11) Agbagba siwo dzem míele be míawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la menye dzodzro o, elabena Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta . . . be o.”—Heb. 6:10.

Ametakpɔkpɔ Tso Gbɔgbɔmefɔkuwo Me

11. Ƒo nu tso hotoklolo ƒe nɔnɔme aɖewo ŋu.

11 Hotoklolo hã nye nuwɔwɔ sue bubu aɖe si gbɔ míate ŋu asrɔ̃ nu vevi geɖe tso. (Mixlẽ Lododowo 30:26.) Hotoklolo le abe fɔmizi gã aɖe ene, eƒe towo le goɖoe, eye eƒe afɔwo le kpuie. Lã sue sia wɔa eƒe nɔƒe ɖe agakpewo dome. Eƒe ŋku siwo kpɔa nu le didiƒe ʋĩ ke la nana wòkpɔa afɔkuwo do ŋgɔ, eye do kple kpeto siwo nɔa eƒe nɔƒe si le agakpewo dome la kpɔa eta tsoa lã lénuwo si me. Wowɔ hotoklolowo le dzɔdzɔme nu be woanɔ hadede kplikplikpli me kple wo nɔewo bene woakpɔ dzoxɔxɔ ahanɔ dedie le vuvɔŋɔli. *

12, 13. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso hotoklolo gbɔ?

12 Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso hotoklolo gbɔ? Gbã la, de dzesii be lã sia nɔa ŋudzɔ ɖe afɔkuwo ŋu. Ewɔa eƒe ŋku siwo kpɔa nu le didiƒe ʋĩ ke la ŋu dɔ tsɔ kpɔa lã lénuwo tso adzɔge ʋĩ, eye menɔa adzɔge tso do kple kpeto siwo ate ŋu akpɔ eƒe agbe ta la gbɔ o. Le mɔ ma ke nu la, ele be gbɔgbɔmeŋku siwo kpɔa nu yia ŋgɔ nanɔ mía si, ale be míate ŋu akpɔ afɔku siwo de xa ɖi le Satana ƒe xexe sia me la adze sii. Apostolo Petro xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ. Miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem ene, eye wòle ame dim be yeami.” (1 Pet. 5:8) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la enɔ mo xexi henɔ ŋudzɔ ɖe agbagba siwo katã Satana dze be yeagblẽ Eƒe nuteƒewɔwɔ me la ŋu. (Mat. 4:1-11) Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi Yesu gblẽ ɖi na eyomedzelawo!

13 Mɔ siwo dzi míate ŋu ato anɔ ŋudzɔ dometɔ ɖekae nye be míawɔ gbɔgbɔmetakpɔkpɔ si ƒe ɖoɖo Yehowa wɔ na mí la ŋu dɔ nyuie. Mele be míaŋe aɖaba aƒu Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede dzi o. (Luka 4:4; Heb. 10:24, 25) Gakpe ɖe eŋu la, abe ale si ko hotoklolowo ƒe hadede kplikplikpli kple wo nɔewo nana wonɔa dedie ene la, ehiã be míade ha kple mía nɔvi Kristotɔwo kplikplikpli ale be ‘dzidedeƒo na ame nɔewo nayi edzi le mía dome.’ (Rom. 1:12) Ne míewɔa nu siwo wòle be míawɔ bene Yehowa nakpɔ mía ta la, míaɖee afia be míelɔ̃ ɖe hakpala David ƒe nya siwo gbɔna la dzi be: “Yehowa, nye agakpe, nye mɔ̃ kple nye xɔnametɔ; Mawu, nye aga, si mesi tso.”—Ps. 18:3.

Dzidodo Togbɔ Be Tsitretsiɖeŋu Li Hã

14. Togbɔ be ʋetsuvi ɖeka kpɔkpɔ mawɔ dɔ ɖe ame dzi ale o hã la, nu kae míate ŋu agblɔ tso ʋetsuviwo ƒe ha ŋu?

14 Míate ŋu asrɔ̃ nu tso ʋetsuviwo hã gbɔ. Ʋetsuvi ɖeka, si ƒe didime anɔ abe sentimeta 5 ko ene, kpɔkpɔ mewɔa dɔ ɖe ame dzi ale o, gake ʋetsuviwo ƒe hawo kpɔkpɔ wɔa nuku na ame. (Mixlẽ Lododowo 30:27.) Le ale si wotea ŋu ɖua nu kpatakpata ta la, ʋetsuvi siawo siwo menaa ta o la ƒe ha aɖe ate ŋu atsrɔ̃ agble si ƒu hena ŋeŋe la keŋkeŋ le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Biblia tsɔ nudzodzoewo, siwo dome ʋetsuviwo hã le, siwo ho gbɔna ƒe hoowɔwɔ sɔ kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ kpakple dzo si le gbe ƒuƒuwo fiam la ƒe ɖiɖi. (Yoel 2:3, 5) Amegbetɔwo doa dzowo bene yewoatsɔ axe mɔ ɖe ʋetsuviwo ƒe zɔɖeɖe nu, gake zi geɖe la, wodoa kpo nu. Nu ka tae? Ʋetsuvi siwo ku la hlẽna ɖe dzoa me eye dzoa tsina, si wɔnɛ be mamlɛawo va toa afi ma yina faa. Togbɔ be fia alo kplɔla aɖeke menɔa ʋetsuviwo nu o hã la, wowɔa nu abe aʋakɔ bibi aɖe ene, heɖua mɔxeɖenuwo katã kloe dzi. *Yoel 2:25.

15, 16. Mɔ ka nue egbegbe Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo wɔa nu abe ʋetsuviwo ene le?

15 Nyagblɔɖila Yoel tsɔ Yehowa subɔlawo ƒe dɔwɔnawo sɔ kple ʋetsuviwo tɔ. Eŋlɔ bena: ‘Wole du dzi abe kalẽtɔwo ene, eye wole gli liam abe aʋamewo ene, wo dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ, eye womeɖɔa li woƒe toƒewo o. [Ne wo dometɔ aɖe tsi aŋutrɔwo nu gɔ̃ hã la, mamlɛawo metɔna o, NW.]’—Yoel 2:7, 8.

16 Aleke gbegbe nyagblɔɖi sia ɖɔ egbegbe Mawu Fiaɖuƒea ŋuti gbeƒãɖelawo wòsɔe nye esi! Tsitretsiɖeŋu ƒe “gli” aɖeke mete ŋu tɔ te woƒe gbeƒãɖeɖedɔa o. Ke boŋ wosrɔ̃a Yesu, ame si yi edzi wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖo kplikpaa, togbɔ be ame geɖewo do vloe hã. (Yes. 53:3) Ele eme be “aŋutrɔwo” wu Kristotɔ aɖewo esi wowu wo abe xɔsetakulawo ene le woƒe xɔse ta ya. Ke hã, gbeƒãɖeɖedɔa gakpɔtɔ le edzi yim, eye Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme yi edzi le dzidzim ɖe edzi. Le nyateƒe me la, zi geɖe la, yometiti wɔnɛ be nya nyuia ɖoa ame siwo anye ne womase Fiaɖuƒegbedeasia hafi o la gbɔ. (Dɔw. 8:1, 4) Le wò gbeƒãɖeɖedɔa me la, ɖe nèɖea tamanamana ƒe nɔnɔme si tɔgbi ʋetsuviwo ɖena fiana la fiana, ne amewo metsɔ ɖeke le eme o alo wotsi tsitre ɖe ŋuwò gɔ̃ hã?—Heb. 10:39.

“Milé Ðe Nu Si Nyo La Ŋu”

17. Nu ka tae xɔŋunyatri ƒe afɔwo tea ŋu léna ɖe teƒe zɔzrɔ̃ewo?

17 Edze abe nuheŋusẽ mekpɔa ŋusẽ ɖe xɔŋunyatri sue la dzi o ene. (Xlẽ Lododowo 30:28.) Le nyateƒe me la, ale si nuwɔwɔ sue sia tea ŋu ƒua du liaa gli kple xɔdzisasrã zɔzrɔ̃ewo evɔ megena o la wɔa nuku na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo. Aleke xɔŋunyatri tea ŋu wɔa esiae? Menye nulénu aɖe alo aŋɔ ƒomevi aɖee le eƒe afɔƒome o. Ke boŋ, nu wuwlui akpeakpe siwo le abe ɖa ene ye le xɔŋunyatri ƒe afɔbide ɖe sia ɖe nu. Ka nyaŋui alafa geɖe, siwo le nɔnɔme tɔxɛ aɖe me, ye le nu wuwlui siawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Kukuɖenuŋu ƒe ŋusẽ si le nu siawo dome la nu sẽ ale gbegbe be ate ŋu alé kpekpeme si wu xɔŋunyatri la ŋutɔ ƒe kpekpeme ɖe nu ŋu—ne etrɔ ta to le du ƒum le ahuhɔ̃e zɔzrɔ̃e dzi gɔ̃ hã! Xɔŋunyatri ƒe ŋutete sia wɔ dɔ ɖe numekulawo dzi ale gbegbe be wogblɔ be ne wote ŋu wɔ aŋenuwo ɖe xɔŋunyatri ƒe afɔwo ƒe nɔnɔme nu la, woate ŋu azãe abe nutrenu sesẽ aɖe ene. *

18. Aleke míate ŋu awɔ akpɔ egbɔ be ‘míelé ɖe nu si nyo la ŋu’ ɣesiaɣi?

18 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso xɔŋunyatri gbɔ? Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Minyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi, milé ɖe nu si nyo la ŋu.” (Rom. 12:9) Ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siwo xɔ aƒe ɖe Satana ƒe xexe sia me ate ŋu ana míaɖe asi le mawumegɔmeɖosewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, hadede kple ame siwo mewɔna ɖe Mawu ƒe sewo dzi o—eɖanye le suku alo dɔ me alo to modzakaɖeɖe maɖɔʋu ƒomevi aɖewo dzi o—ate ŋu agblẽ nu le míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míawɔ nu si le eteƒe la ŋu. Mègaɖe mɔ esia nadzɔ ɖe dziwò o! Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be: “Meganye nunyala le ɖokuiwò ŋku me o.” (Lod. 3:7) Ðe ema teƒe la, wɔ ɖe aɖaŋu si me nunya le si Mose ɖo na Mawu ƒe amewo le blema la dzi boŋ, egblɔ be: “Vɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nasubɔe, ku ɖe eŋu.” (5 Mose 10:20) Ne míeléna ɖe Yehowa ŋu la, ekema míele Yesu, ame si ŋu wogblɔ le be, “Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye nèlé fu sedzimawɔmawɔ” la srɔ̃m.—Heb. 1:9.

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Nuwɔwɔwo Gbɔ

19. (a) Yehowa ƒe nɔnɔme kawoe nèkpɔna dzea sii le eƒe nuwɔwɔwo me? (b) Vi kae mawumenunya ate ŋu aɖe na mí?

19 Abe ale si míekpɔe va yi ene la, Yehowa ƒe nɔnɔmewo dzena kɔtɛ le nu siwo wòwɔ la me, eye nusɔsrɔ̃ veviwo le eƒe nuwɔwɔwo me na mí. Zi ale si míeyi edzi le nu geɖe srɔ̃m tso Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo ŋu la, zi nenemae eƒe nunya naa míaƒe nu kuna. Ne míeɖea mɔ mawumenunya fiaa mɔ mí la, ana míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade to ɖe edzi eye wòakpɔ mía ta le etsɔme. (Nyagb. 7:12) Ɛ̃, mía ŋutɔwo míakpɔ kakaɖedzinya siwo le Lododowo 3:13, 18 ƒe nyateƒenyenye adze sii. Afi ma gblɔ be: ‘Woayra ame si tu nunya kple ame si ƒe asi su gɔmesese dzi. Agbeti wònye na ame siwo lée ɖe asi, eye woayra ame si vàe goŋgoŋ la.’

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Ado dzidzɔ na ɖeviwo kple sɔhɛwo koŋ be woadi nyati siwo wofia asii le etenuŋɔŋlɔ siwo gbɔna me, eye woade wo woƒe nyaŋuɖoɖowo me ne wole nyati sia srɔ̃m le hamea ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me.

^ mm. 8 Kpɔ March 22, 1997, ƒe yevugbe me Nyɔ!, axa 31, kple May 22, 2002, ƒe yevugbe me Nyɔ! axa 31 hena nyatakaka bubuwo ku ɖe anyidi si nye leaf-cutting ant ŋu.

^ mm. 11 Kpɔ September 8, 1990, ƒe yevugbe me Nyɔ!, axa 15-16 hena nyatakaka bubuwo ku ɖe hotoklolowo ŋu.

^ mm. 14 Kpɔ October 22, 1976, ƒe yevugbe me Nyɔ!, axa 11 hena nyatakaka bubuwo ku ɖe ʋetsuviwo ŋu.

^ mm. 17 Kpɔ April 2008, ƒe yevugbe me Nyɔ!, axa 26 hena nyatakaka bubuwo ku ɖe xɔŋunyatri ŋu.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Nu vevi kawoe míesrɔ̃ tso nuwɔwɔ siwo gbɔna la gbɔ?

• anyidiwo

• hotoklolowo

• ʋetsuviwo

• xɔŋunyatriwo

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Èdoa vevie nu abe anyidi si woyɔna be “leaf-cutting ant” la enea?

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Hotoklolowo dea ha kple wo nɔewo kplikplikpli, eye wònyea takpɔkpɔ na wo. Wò hã èwɔnɛ nenema?

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Abe ʋetsuviwo ene la, Kristotɔ gbeƒãɖelawo menaa ta o

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Abe ale si ko xɔŋunyatri léna ɖe nuwo ŋu ene la, Kristotɔwo hã léna ɖe nu si nyo la ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Stockbyte/Getty Images