Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Mose Gãtɔ La Ŋu

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Mose Gãtɔ La Ŋu

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Mose Gãtɔ La Ŋu

“Yehowa Mawu ana nyagblɔɖila aɖe nado tso mia nɔviwo dome na mi abe nye ene. Ele be miaɖo toe.”—DƆW. 3:22.

1. Ŋusẽ kae Yesu Kristo kpɔ ɖe ŋutinya dzi?

ƑE AKPE eve aɖewoe nye esi va yi la, ŋutsuvi aɖe dzidzi na be mawudɔla siwo le dziƒo ƒe ha gã aɖe kafu Mawu alẽkplɔla aɖewo se. (Luka 2:8-14) Le ƒe 30 megbe, esi ŋutsuvi ma tsi va zu ɖekakpui la, edze subɔsubɔdɔ aɖe gɔme. Togbɔ be ƒe etɔ̃ kple afã koe eƒe subɔsubɔdɔa xɔ hã la, etrɔ ameƒomea ƒe ŋutinya katã. Ðekakpui ma ƒe nu wɔ dɔ ɖe ŋutinyaŋlɔla xɔŋkɔ Philip Schaff, si nɔ anyi le ƒe alafa 19 lia me, dzi wògblɔ tso eŋu be: “Togbɔ be eya ŋutɔ metsɔ eƒe asi ŋlɔ nu fli ɖeka teti o hã la, nu siwo wòwɔ kple nu siwo wògblɔ ʋã ame geɖewo woŋlɔ agbalẽwo, ena wokpɔ nya siwo woazã le woƒe mawunyafiafia, nuƒowo, numedzodzrowo, agbalẽ sɔsrɔ̃wo, nutatawo, kple kafukafuhawo me wu ame xɔŋkɔ gbogbo siwo nɔ anyi le blema kple egbea la katã.” Ðikeke mele eme o be, ɖekakpui ɖedzesi mae nye Yesu Kristo.

2. Nya kae apostolo Yohanes gblɔ ku ɖe Yesu kple Eƒe subɔsubɔdɔa ŋu?

2 Apostolo Yohanes ŋlɔ Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ŋuti nya ɖi, eye wògblɔ tsɔ ƒo eƒe agbalẽa ta be: “Le nyateƒe me la, nu bubu geɖewo gali, siwo Yesu wɔ, si ne ɖe woŋlɔ wo ɖi tsitotsito la, mesusu be xexea ŋutɔ mate ŋu akpɔ teƒe na agbalẽ xatsaxatsa siwo woaŋlɔ la o.” (Yoh. 21:25) Yohanes nyae be nya siwo katã Yesu gblɔ kple nu siwo katã wòwɔ le ƒe etɔ̃ kple afã mawo siwo me nu ɖedzesi geɖe dzɔ le me la ŋuti nyatakaka ʋɛ aɖewo koe yete ŋu ŋlɔ. Ke hã, viɖe gã aɖe le ŋutinya me nudzɔdzɔ siwo ŋu Yohanes ŋlɔ nu tsoe le eƒe Nya Nyui Gbalẽa me la ŋu na mí.

3. Aleke míawɔ bene míase akpa si wɔm Yesu le le Mawu ƒe tameɖoɖo me la gɔme geɖe wu?

3 To vovo na nuŋlɔɖi vevi siwo le Nya Nyui Gbalẽ eneawo me la, míate ŋu akpɔ nya siwo doa ŋusẽ ame ƒe xɔse siwo ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu le Biblia ƒe akpa bubuwo hã. Le kpɔɖeŋu me, nyatakakawo le Biblia me nuŋlɔɖi siwo ŋutsu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Yesu ŋlɔ la me siwo ate ŋu ana míagase akpa si wɔm Yesu le le Mawu ƒe tameɖoɖo me la gɔme geɖe wu. Mina míadzro esiawo dometɔ aɖewo me kpɔ.

Mawu Ƒe Ame Siwo Nye Vɔvɔli Na Kristo La

4, 5. Ame kawoe nye vɔvɔli na Yesu, eye le mɔ kawo nu?

4 Yohanes kple Nya Nyui Gbalẽawo ŋlɔla etɔ̃ bubuawo fia asi Mose, David, kple Salomo be wonye vɔvɔli na Yesu, ame si nye Mawu ƒe Amesiamina la kple Fia si wotia la. Mɔ kawo nue Mawu subɔla mawo siwo nɔ anyi le blema la nye vɔvɔli na Yesu le, eye nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nuŋlɔɖi siawo me?

5 Kpuie ko la, Biblia gblɔ na mí be Mose nye nyagblɔɖila, domenɔla, kple ɖela. Nenema kee wòle le Yesu hã gome. David nye alẽkplɔla kple fia si ɖu Israel ƒe futɔwo dzi. Yesu hã nye alẽkplɔla kple fia aʋadziɖula. (Xez. 37:24, 25) Esime Salomo gakpɔtɔ nye nuteƒewɔla la, enye fia nunyala, eye Israel viwo nɔ ŋutifafa me le eƒe dziɖuɣi. (1 Fia. 5:5, 9) Yesu nye ame aɖe si ƒe nunya de ŋgɔ sãsãsã wu, eye woyɔe be “Ŋutifafafia.” (Yes. 9:5) Edze ƒãa be Kristo Yesu ƒe wɔƒewo ɖi blematɔ mawo tɔ, gake akpa si wɔm Yesu le le Mawu ƒe tameɖoɖo me la de ŋgɔ sãsãsã wu wo tɔwo. Gbã la, mina míatsɔ Yesu asɔ kple Mose, eye míakpɔ ale si wo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo sia akpe ɖe mía ŋu míase akpa si wɔm Yesu le le Mawu ƒe tameɖoɖowo me la gɔme nyuie wu la ɖa.

Mose Nye Vɔvɔli Na Yesu

6. Aleke apostolo Petro ɖe toɖoɖo Yesu ƒe vevienyenye gblɔe?

6 Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste megbe kpuie la, apostolo Petro yɔ nya tso Mose ƒe nyagblɔɖi aɖe si va eme ɖe Yesu Kristo dzi la me. Petro nɔ tsitre ɖe tadeagula gbogbo aɖewo ŋkume le gbedoxɔa me. “Gbɔgblɔ bu ɖe” ameawo esi Petro kple Yohanes da gbe le nubiala aɖe si nye atatututɔ tso dadaa ƒe dɔ me la ŋu, eye wo katã woƒu du va be yewoava kpɔ nu si dzɔ. Petro ɖe eme be, Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si le dɔ wɔm to Yesu Kristo dzi gbɔe wòtso be yewote ŋu wɔ nukunu ma. Emegbe eyɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me hegblɔ be: “Le nyateƒe me la, Mose gblɔ be: ‘Yehowa Mawu ana nyagblɔɖila aɖe nado tso mia nɔviwo dome na mi abe nye ene. Ele be miaɖo toe le nya siwo katã wòagblɔ na mi la nu.’”—Dɔw. 3:11, 22, 23; mixlẽ 5 Mose 18:15, 18, 19.

7. Nu ka tae Petro ƒe nyaselawo ate ŋu ase nya si wògblɔ ku ɖe nyagblɔɖila aɖe si lolo wu Mose ŋu la gɔme?

7 Anɔ eme be Petro ƒe nyaselawo nya Mose ƒe nya mawo nyuie. Esi wonye Yudatɔwo ta la, wodea bubu Mose ŋu ŋutɔ. (5 Mose 34:10) Wonɔ mɔ kpɔm na nyagblɔɖila aɖe si lolo wu Mose la ƒe vava vevie. Menye mesia aɖe, Mawu ƒe amesiamina aɖe abe Mose ene koe nyagblɔɖila sia anye o, ke boŋ anye Mesia la, si nye “Mawu ƒe Kristo la,” Yehowa ƒe “Ame Tiatia la.”—Luka 23:35; Heb. 11:26.

Nu Siwo Me Mose Kple Yesu Ði Wo Nɔewo Le

8. Nu siwo ɖi wo nɔewo le nu siwo me Mose to le agbe me kple nu siwo me Yesu to la dometɔ aɖewo ɖe?

8 Le go aɖewo me la, nɔnɔme siwo me Yesu to le eƒe anyigbadzinɔɣi la ɖi esiwo me Mose to. Le kpɔɖeŋu me, esi Mose kple Yesu siaa nye vidzĩwo la, wokplɔ wo ame evea siaa si le dziɖula ŋutasẽlawo nu ale be womete ŋu wu wo o. (2 Mose 1:22–2:10; Mat. 2:7-14) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ‘woyɔ’ wo ame evea siaa ‘tso Egipte.’ Nyagblɔɖila Hosea gblɔ be: “Esi Israel nɔ ɖevime la, melɔ̃e, eye meyɔ vinye la tso Egipte vɛ.” (Hos. 11:1) Hosea ƒe nya la nɔ asi fiam ɣeyiɣi aɖe si va yi, si me Mawu tia kplɔla, Mose, wòkplɔ Israel dukɔa dzo le Egipte. (2 Mose 4:22, 23; 12:29-37) Gake menye nu siwo dzɔ va yi ŋu koe Hosea ƒe nyawo ku ɖo o, ke woku ɖe nu siwo adzɔ le ɣeyiɣi aɖe si nɔ ŋgɔ me hã ŋu. Eƒe nyawo nye nyagblɔɖi aɖe si va eme esime Yosef kple Maria kplɔ Yesu gbɔ tso Egipte le Fia Herodes ƒe ku megbe.—Mat. 2:15, 19-23.

9. (a) Nukunu kawoe Mose kple Yesu wɔ? (b) Gblɔ nu bubu siwo me Yesu kple Mose ɖi wo nɔewo le. (Kpɔ aɖaka si nye  “Nu Bubu Siwo Me Yesu Ði Mose Le,” le axa 26.)

9 Mose kple Yesu siaa wɔ nukunuwo, eye woto ema dzi ɖee fia be Yehowa nɔ megbe na yewo. Le nyateƒe me la, Mosee nye ame gbãtɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Ŋɔŋlɔawo me be ewɔ nukunuwo. (2 Mose 4:1-9) Le kpɔɖeŋu me, Mose wɔ nukunu siwo lɔ tsi ɖe eme—eɖe gbe Nil tɔsisia me tsiwo kple eƒe ta siwo me aƒlawo nɔ la trɔ zu ʋu, ema Ƒu Dzĩa me ɖe akpa eve, eye wòna tsi do bababa tso agakpe me le gbedadaƒo. (2 Mose 7:19-21; 14:21; 17:5-7) Yesu hã wɔ nukunu siwo lɔ tsi ɖe eme. Eƒe nukunu gbãtɔe nye ale si wòtrɔ tsi wòzu wain le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe aɖe. (Yoh. 2:1-11) Le ɣebubuɣi la, ena Galilea Ƒu si dze agbo la dze akɔ anyi. Eye gbe ɖeka la, ezɔ tsi dzi gɔ̃ hã! (Mat. 8:23-27; 14:23-25) Nu bubu siwo me Mose kple Yesu, si nye Mose Gãtɔ la, ɖi wo nɔewo le la dze le aɖaka si le axa 26 la me.

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Kristo Si Nye Nyagblɔɖila La Ŋu

10. Dɔ kawoe nyagblɔɖila vavã wɔna, eye nu ka tae míagblɔ be Mose nye nyagblɔɖila ma ƒomevi?

10 Ame geɖe bunɛ be nyagblɔɖila ƒe dɔe nye be wòagblɔ etsɔme ɖi, gake nyagblɔɖidɔa ƒe akpa aɖe koe ema nye. Nyagblɔɖila vavãe nye Yehowa ƒe nyanuɖela si wòtsɔ eƒe gbɔgbɔ ʋã, ame aɖe si ɖea gbeƒã “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo.” (Dɔw. 2:11, 16, 17) Dɔ siwo nyagblɔɖila wɔna la dometɔ aɖewoe nye gbeƒãɖeɖe nu siwo adzɔ le etsɔme, Yehowa ƒe tameɖoɖo ƒe akpa vovovowo ɖeɖe fia, alo gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasiwo. Nyagblɔɖila ma ƒomevie Mose nye. Egblɔ Fuwɔame Ewo siwo va Egipte dzi la dometɔ ɖe sia ɖe ɖi do ŋgɔ. Etsɔ Se ƒe nubabla la na dukɔa le Sinai toa dzi. Eye wòfia Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dukɔa. Ke hã, nyagblɔɖila si lolo wu Mose si ava mlɔeba nɔ ŋgɔ gbɔna.

11. Nu kawoe Yesu wɔ siwo ɖee fia be enye nyagblɔɖila si lolo wu Mose?

11 Emegbe le ƒe alafa gbãtɔ me la, Zaxariya wɔ nyagblɔɖidɔ esime wòɖe tame si Mawu ɖo ku ɖe via Yohanes ŋu la gblɔ. (Luka 1:76) Via sia va zu Yohanes Amenyrɔɖetsimela, ame si ɖe gbeƒã nyagblɔɖila si lolo wu Mose si wonɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖe—si nye Yesu Kristo—la ƒe vava. (Yoh. 1:23-36) Abe nyagblɔɖila ene la, Yesu gblɔ nya geɖewo ɖi. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ nya ɖi ku ɖe eya ŋutɔ ƒe ku ŋu hegblɔ ku si ƒomevi wòaku kple ame siwo dzi woato awui la ɖi. (Mat. 20:17-19) Ewɔ nuku na Yesu ƒe nyaselawo esi wògblɔe ɖi be woatsrɔ̃ Yerusalem dua kple eƒe gbedoxɔa siaa. (Mar. 13:1, 2) Eƒe nyagblɔɖiwo ku ɖe nu siwo dzɔ tso ɣemaɣi va ɖo míaƒe ŋkekea me gɔ̃ hã ŋu.—Mat. 24:3-41.

12. (a) Aleke Yesu ɖo xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔme anyi? (b) Nu ka tae míedzea Yesu ƒe kpɔɖeŋu yome egbea?

12 Tsɔ kpe ɖe Yesu ƒe ɖoƒe abe nyagblɔɖila ene ŋu la, enye gbeƒãɖela kple nufiala hã. Eɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya nyuia, eye ame aɖeke mete ŋu ƒo nu kple dzinɔameƒo abe eya amea ene o. (Luka 4:16-21, 43) Eƒo nufiala ɖe sia ɖe ta. Ame aɖewo siwo se eƒe nyawo la gblɔ be, “Ame aɖeke meƒo nu alea kpɔ o.” (Yoh. 7:46) Dzo nɔ Yesu me ɖe nya nyui gbɔgblɔ dɔa ŋu, eye wòƒã Fiaɖuƒea ŋuti dzonɔameme ma ke ɖe eyomedzelawo me. Eto esia me ɖo xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔ si kpɔtɔ le edzi yim la gɔme anyi. (Mat. 28:18-20; Dɔw. 5:42) Le ƒe si va yi me la, Kristo yomedzela miliɔn adre aɖewo zã gaƒoƒo 1,500,000,000 ɖe gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea ŋuti nya nyuia kple Biblia me nyateƒea fiafia ɖetsɔlemetɔwo ŋu. Èle wò ŋutete katã wɔm le dɔ sia mea?

13. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be “míanɔ ŋudzɔ”?

13 Ðikeke mele eme o be Yehowa na nya si wògblɔ ɖi be yeana nyagblɔɖila aɖe si le abe Mose ene nado la va eme. Dɔ kae ema nyanya wɔ ɖe dziwò? Ðe esia na nègaka ɖe edzi geɖe wu be nyagblɔɖi siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me siwo ku ɖe nu siwo adzɔ le etsɔme kpuie ŋu la ava emea? Ɛ̃, ŋugbledede le Mose Gãtɔ la ƒe kpɔɖeŋu ŋu akpe ɖe mía ŋu be “míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi” ɖe nu siwo Mawu awɔ kpuie la ŋu.—1 Tes. 5:2, 6.

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Kristo Si Nye Domenɔla La Ŋu

14. Mɔ ka nue Mose nɔ Israel viwo kple Mawu dome abe domenɔla ene le?

14 Abe Mose ene la, Yesu hã nye domenɔla. Domenɔla naa kadodo nɔa ame eve dome. Mose nye domenɔla na Se ƒe nubabla si nɔ Yehowa kple Israel viwo dome. Ne Yakob viwo wɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi la, woayi edzi anye Mawu tɔ koŋ, woanye eƒe hame. (2 Mose 19:3-8) Nubabla ma nɔ wo dome tso ƒe 1513 D.Ŋ.M. me va se ɖe ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me.

15. Mɔ ka nue Yesu nye domenɔla si de ŋgɔ wu le?

15 Le ƒe 33 M.Ŋ. me la, Yehowa wɔ nubabla aɖe si nyo wu kple Israel yeye aɖe, “Mawu ƒe Israel la,” si va zu xexea me katã ƒe hame si me tɔwo nye Kristotɔ amesiaminawo. (Gal. 6:16) Mose nye domenɔla na nubabla aɖe si ƒe sewo Mawu ŋlɔ ɖe kpewo dzi, gake Yesu ya nye nubabla yeye si de ŋgɔ wu ema la ƒe domenɔla. Mawu ŋlɔ nubabla sia ƒe sewo ɖe amewo ƒe dziwo me. (Mixlẽ 1 Timoteo 2:5; Hebritɔwo 8:10.) Eya ta “Mawu ƒe Israel la” nye Mawu tɔ koŋ, si nye ‘dukɔ si tsea’ Mesia Fiaɖuƒea ‘ƒe kuwo.’ (Mat. 21:43) Gbɔgbɔmedukɔ ma me tɔwo nye nubabla yeyea ƒe gomekpɔlawo. Ke hã, menye woawo ɖeɖe koe nubabla ma aɖe vi na o. Ame gbogbo manyaxlẽ aɖewo, siwo dometɔ aɖewo le alɔ̃ dɔm le ku me fifia gɔ̃ hã, axɔ yayra mavɔwo le nubabla ma si de ŋgɔ wu ta.

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Kristo Si Nye Ðela La Ŋu

16. (a) Mɔ kawo nue Yehowa zã Mose tsɔ ɖe Israel le? (b) Le 2 Mose 14:13 ƒe nya nu la, ame kae nye Israel viwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔa Tsoƒe?

16 Le zã mamlɛtɔ si do ŋgɔ na Israel viwo ƒe Ʋuʋu le Egipte me la, afɔku gã aɖe dze ŋgɔ woƒe dzidzimevi aɖewo. Eteƒe madidi o, mawudɔla aɖe ato Egipte nyigba la katã dzi ahawu ŋgɔgbeviwo katã. Yehowa gblɔ na Mose be woaɖe Israel viwo ƒe ŋgɔgbeviwo ne Israel viwo hlẽ Ŋutitotolẽvi la ƒe ʋu ɖe woƒe ʋɔtruti eveawo kple ʋɔtruti etametɔwo ŋu. (2 Mose 12:1-13, 21-23) Alea tututue wòdzɔe. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dukɔ blibo la ɖo afɔku gã aɖe me. Wova xaxa ɖe Ƒu Dzĩa kple Egiptetɔwo ƒe aʋatasiaɖam siwo nɔ wo yome tim la dome. Yehowa gaɖe wo to Mose dzi, esime wòma ƒu la me nukutɔe.—2 Mose 14:13, 21.

17, 18. Mɔ ka nue Yesu nye ɖela si lolo wu Mose le?

17 Togbɔ be ɖeɖedɔ mawo lolo hã la, ɖeɖedɔ siwo Yehowa wɔ to Yesu dzi la galolo sãsãsã wu. Yesu dzie woto le toɖolawo ɖem tso nu vɔ̃ ƒe kluvinyenye me. (Rom. 5:12, 18) Eye ɖeɖe ma nye “ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ.” (Heb. 9:11, 12) Ŋkɔ Yesu gɔmee nye “Yehowa Nye Xɔname.” Menye ɖeko Yesu ame si nye míaƒe Ðela alo Xɔla la ɖe mí tso nu vɔ̃ siwo míewɔ va yi la me o, ke eʋu etsɔme si nyo wu ƒe mɔkpɔkpɔ ɖi na mí hã. Esi Yesu ɖe eyomedzelawo tso nu vɔ̃ ƒe kluvinyenye me la, exɔ wo tso Mawu ƒe dziku la me, eye wòna wova le ƒomedodo si me lɔlɔ̃ le me kple Yehowa.—Mat. 1:21.

18 Yesu ƒe mía ɖeɖe tso nu vɔ̃ si me la ava na míavo tso dɔléle kple ku gɔ̃ hã, siwo nye nu vɔ̃ me tsonuwo la si me mlɔeba. Be nàkpɔ ale si nu sia anɔ le susu me ɖaa la, de ŋugble tso nu si dzɔ esime Yesu yi ŋutsu aɖe si woyɔna be Yairo, si ƒe vinyɔnuvi ƒe 12 vi ku, gbɔ la ŋu kpɔ. Yesu ka ɖe edzi na Yairo be: “Mègavɔ̃ o, wò ya xɔ se ko, eye akpɔ ɖeɖe.” (Luka 8:41, 42, 49, 50) Abe ale si Yesu gblɔe ene la, nyɔnuvi la fɔ ɖe tsitre! Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe edzilawo kpɔ dzidzɔe la le susu mea? Ekema àte ŋu akpɔ dzidzɔ si gbegbe míakpɔ ne “ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase [Yesu ƒe] gbe, eye woado go” le tsitretsitsia me la ɖaa le susu me. (Yoh. 5:28, 29) Vavãe, Yesue nye mía Xɔla, ame si nye mía Ðela la!—Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 5:31; Tito 1:4; Nyaɖ. 7:10.

19, 20. (a) Vi kae ŋugbledede tso akpa si Yesu wɔ abe Mose Gãtɔ la ene ŋu ɖena na mí? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Enyanya be míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu be Yesu ƒe ɖeɖedɔwo naɖe vi na wo ʋãa mí míekpɔa gome le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me. (Yes. 61:1-3) Gawu la, ŋugbledede tso akpa si Yesu wɔ abe Mose Gãtɔ la ene ŋu naa kakaɖedzi si le mía si be aɖe eyomedzelawo ne eva be yeahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava ame vɔ̃ɖiwo dzi la me gasẽna ɖe edzi wu.—Mat. 25:31-34, 41, 46; Nyaɖ. 7:9, 14.

20 Ɛ̃, Yesue nye Mose Gãtɔ la. Ewɔ nukudɔ geɖe siwo anye ne Mose mate ŋu awɔ gbeɖe o. Nya siwo Yesu gblɔ abe nyagblɔɖila ene kple dɔ siwo wòwɔ abe domenɔla ene la ɖea vi na ameƒome bliboa. Abe Ðela ene la, menye ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe ɖeɖe koe Yesu he vae na ameƒomea me tɔ siwo woate ŋu axɔ na la o, ke ɖeɖe mavɔe wòhe vae na wo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nu geɖewo li míasrɔ̃ le Yesu ŋu tso ŋutsu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema la gbɔ. Míadzro ale si Yesu nye David Gãtɔ kple Salomo Gãtɔ la me le nyati si kplɔe ɖo me.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

Mɔ ka nue Yesu lolo wu Mose le abe

• nyagblɔɖila ene?

• domenɔla ene?

• ɖela ene?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 26]

 Nu Bubu Siwo Me Yesu Ði Mose Le

□ Wo ame evea siaa ɖe asi le ɖoƒe kɔkɔwo ŋu ɖe Yehowa kple eƒe amewo subɔsubɔ ta.—2 Kor. 8:9; Fp. 2:5-8; Heb. 11:24-26.

□ Wo ame evea siaa subɔ abe amesiaminawo, alo ‘kristowo’ ene.—Mar. 14:61, 62; Yoh. 4:25, 26; Heb. 11:26.

□ Wo ame evea siaa va le Yehowa ƒe ŋkɔ me.—2 Mose 3:13-16; Yoh. 5:43; 17:4, 6, 26.

□ Wo ame evea siaa nye ame fafawo.—4 Mose 12:3; Mat. 11:28-30.

□ Wo ame evea siaa nyi amehawo.—2 Mose 16:12; Yoh. 6:48-51.

□ Wo ame evea siaa nye ʋɔnudrɔ̃lawo kple senalawo.—2 Mose 18:13; Mal. 3:22; Yoh. 5:22, 23; 15:10.

□ Wotsɔ wo ame evea siaa ɖo Mawu ƒe aƒe nu.—4 Mose 12:7; Heb. 3:2-6.

□ Woɖɔ wo ame evea siaa be wonye Yehowa ƒe ɖasefo nyateƒetɔwo.—Heb. 11:24-29; 12:1; Nyaɖ. 1:5.

□ Esi Mose kple ame Yesu ku la, Mawu tsɔ woƒe ŋutilãwo dzoe.—5 Mose 34:5, 6; Luka 24:1-3; Dɔw. 2:31; 1 Kor. 15:50; Yuda 9.