Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

1 Srɔ̃ Ale Si Nàka Ðe Biblia Dzi

1 Srɔ̃ Ale Si Nàka Ðe Biblia Dzi

1 Srɔ̃ Ale Si Nàka Ðe Biblia Dzi

“Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia, na nyagbename, na ɖɔɖɔɖo.”—2 Timoteo 3:16.

NU KAE NYE MƆXENUA? Ame geɖe gblɔna be amegbetɔwo ƒe nunya dzro koe le Biblia me. Ame aɖewo hã xɔe se be ŋutinyamenudzɔdzɔ siwo le Biblia me la menye nyateƒe o. Ame bubuwo hã gblɔna be Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo zu tsigãdzinu.

ALEKE NÀWƆ AÐU MƆXENUA DZI? Zi geɖe la, ame siwo gblɔna be womate ŋu aka ɖe Biblia dzi o, alo be viɖe aɖeke mele eŋu o la ŋutɔ mekua nu me tso nya sia ŋu o. Nya siwo ame bubuwo gblɔna wosena la koe wonɔa gbɔgblɔm. Gake Biblia xlɔ̃ nu be: “Amebebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.”—Lododowo 14:15.

Le esi teƒe be nàxɔ nya si amewo gblɔna dzi ase eŋumabumabui la, ɖe manyo be nàsrɔ̃ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Beroia, si le Greece ƒe dziehe fifia la ƒe kpɔɖeŋu oa? Womexɔ nya si amewo gblɔ na wo la dzi se dzro ko o. Ke boŋ wonya wo be “wonɔa Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito gbe sia gbe be nya siawo le nenema hã.” (Dɔwɔwɔwo 17:11) Na míadzro susu eve siwo ta nàte ŋu aka ɖe edzi be Biblia nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me kpuie.

Ŋutinyamenudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tso le Biblia me la sɔ pɛpɛpɛ. Ƒe geɖewoe nye esia la, ɖeklemiɖelawo he nya le amewo kple teƒe siwo ƒe ŋkɔ woyɔ le Biblia me la ƒe nyateƒenyenye ŋu—eye wogakpɔtɔ yi edzi le ewɔm. Gake kpeɖodziwo ɖee fia zi gbɔ zi geɖe be ɖeklemiɖela mawo ƒe nyawo menye nyateƒe o, eye be kakaɖedzi le Biblia me nuŋlɔɖiwo ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖeɣi va yi la, agbalẽnyalawo ke ɖi le Asiria Fia Sargon si ŋu woƒo nu tso le Yesaya 20:1 la ƒe anyinɔnɔ le ŋutinya me ŋu. Gake tomenukulawo va ke ɖe afi si fia sia ƒe fiasã nɔ la ŋu le ƒe 1840-awo me. Fifia la, Sargon nye Asiria fia siwo ŋu amewo nya nu tso nyuie wu la dometɔ ɖeka.

Ðeklemiɖelawo he nya le Roma mɔ̃mefia Pontio Pilato, si ɖe gbe wowu Yesu la ƒe anyinɔnɔ le ŋutinya me ŋu. (Mateo 27:1, 22-24) Gake le ƒe 1961 me la, wova ke ɖe kpe aɖe si dzi woŋlɔ Pilato ƒe ŋkɔ kple ɖoƒe si nɔ esi ɖo la ŋu le afi si gogo Kaisarea dugã si le Israel.

Le Biblia me ŋutinyamenudzɔdzɔwo ƒe nyateƒenyenye gome la, October 25, 1999 ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye U.S.News & World Report gblɔ be: “Le mɔ wɔnuku aɖewo nu la, egbegbe tomenukukuwo ɖo kpe ŋutinyamenudzɔdzɔ ɖedzesi siwo dze le Nubabla Xoxoa kple Nubabla Yeyea me la dzi—si ɖo kpe ŋutinya siwo ku ɖe Israel blemafofowo, Israel viwo ƒe ʋuʋu tso Egipte, David ƒe fiaƒomea, kple Yesu ƒe ɣeyiɣiawo kple eƒe agbenɔnɔ ŋu la ƒe akpa veviwo dzi.” Togbɔ be menye nu siwo ŋu woke ɖo le tomenukuku me dzie míanɔ te ɖo aka ɖe Biblia dzi o hã la, ale si Biblia me nyawo sɔ kple ŋutinyamenudzɔdzɔwo pɛpɛpɛ nye ale si míakpɔ mɔ be agbalẽ si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la nanɔ.

Nunya si le Biblia me la ɖea vi na ame sia me. Ƒe geɖewo do ŋgɔ hafi woava ke ɖe nugbagbevi siwo womekpɔna kple ŋku o kple ale si wote ŋu kakaa dɔléle ŋu la, Biblia na mɔfiamewo ku ɖe dzadzɛnyenye ŋu siwo gaɖea vi egbea. (3 Mose 11:32-40; 5 Mose 23:12, 13) Ƒome siwo me tɔwo tsɔa Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe ale si woawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu wɔa dɔe la kpɔa dzidzɔ wu. (Efesotɔwo 5:28–6:4) Ame si nɔa agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu la nyea dɔwɔla si léa fɔ ɖe dɔ ŋu alo dɔtɔ si sea nu gɔme na ame wu. (Efesotɔwo 4:28; 6:5-9) Wɔwɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi ɖea vi le lãmesẽmenɔnɔ le seselelãme gome hã. (Lododowo 14:30; Efesotɔwo 4:31, 32; Kolosetɔwo 3:8-10) Aɖaŋuɖoɖo nyui mawoe wòle be míakpɔ mɔ na tso mía Wɔla la gbɔ vavã.

VIÐE KAE ADO TSO EME? Nunya si le Biblia me la ate ŋu ana bometsila gɔ̃ hã nadze nunya. (Psalmo 19:8) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne míeva ka ɖe Biblia dzi la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le afɔ evelia si ana míaƒe xɔse nasẽ ɖe edzi la ɖeɖe me wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe.

Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? * ƒe ta 2 lia si nye “Biblia La—Agbalẽ si Tso Mawu Gbɔ” hena numeɖeɖe bubuwo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Yehowa Ðasefowoe tae