Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mina Míayi Ŋgɔ Aɖo Tsitsinyenye Gbɔ—“Yehowa Ƒe Ŋkeke Gã La Tu Aƒe”

Mina Míayi Ŋgɔ Aɖo Tsitsinyenye Gbɔ—“Yehowa Ƒe Ŋkeke Gã La Tu Aƒe”

Mina Míayi Ŋgɔ Aɖo Tsitsinyenye Gbɔ—“Yehowa Ƒe Ŋkeke Gã La Tu Aƒe”

“Mina míayi ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ.”—HEB. 6:1.

1, 2. “Sisi ayi towo dzi” ƒe mɔnukpɔkpɔ kae ʋu ɖi na Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem kple Yudea le ƒe alafa gbãtɔ me?

ESIME Yesu nɔ anyigba dzi la, eƒe nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu hebiae be: “Ɣekaɣie nu siawo adzɔ, eye nu kae anye wò anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?” Nyagblɔɖi si Yesu tsɔ ɖo nya ŋu na wo la va eme zi gbãtɔ le ƒe alafa gbãtɔ me. Yesu ƒo nu tso nudzɔdzɔ masekpɔ aɖe si aɖee afia be nuwuwua gogo la ŋu. Ne wokpɔ nudzɔdzɔ ma te eme vava ko la, “ekema ame siwo le Yudea nate sisi ayi towo dzi.” (Mat. 24:1-3, 15-22) Ðe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo akpɔ dzesi sia adze si ahawɔ eƒe mɔfiamewo dzia?

2 Le ƒe 61 M.Ŋ. me, si nye ƒe 30 kloe megbe la, apostolo Paulo ŋlɔ gbedeasi sesẽ aɖe si me nyawo le tẽe la na Hebri Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem kple eƒe nutowo me. Paulo kple eƒe haxɔsetɔwo menya kura be ƒe atɔ̃ koe susɔ ne dzesi si anye “xaxa gã la” ƒe gɔmedzedze la nava eme o. (Mat. 24:21) Le ƒe 66 M.Ŋ. me la, Cestius Gallus nɔ ŋgɔ na Roma srafowo wova dze Yerusalem dzi hexɔe kloe. Gake kasia la, woa kple eƒe amewo trɔ dzo, eye esia ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na ame siwo ƒe agbe ɖo afɔku me la be woasi ayi dedienɔƒe.

3. Nuxlɔ̃ame kae Paulo na Hebri Kristotɔwo, eye nu ka tae?

3 Kristotɔ mawo hiã gɔmesese nyui kple gbɔgbɔmenukpɔkpɔ yi ŋgɔe ale be woakpɔ nudzɔdzɔawo adze sii be wonye nyagblɔɖi ma ƒe emevava ahasi. Ke hã, “nusese zu dɔ na” wo dometɔ aɖewo. Wonɔ abe gbɔgbɔmevidzĩ siwo hiã “notsi” ko ene. (Mixlẽ Hebritɔwo 5:11-13.) Eva nɔ dzedzem le wo dometɔ aɖewo siwo zɔ nyateƒemɔa dzi ƒe geɖewo gɔ̃ hã ŋu be wonɔ “tetem ɖa le Mawu gbagbe la gbɔ.” (Heb. 3:12) Eye ezu “numame” na wo dometɔ aɖewo be wonɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo dam ƒu le ɣeyiɣi si me ‘ŋkeke vɔ̃ ma nɔ ɖoɖom.’ (Heb. 10:24, 25) Paulo na nuxlɔ̃ame si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu la wo be: “Esi míedzo le Kristo la ŋuti gɔmedzenufiafiawo gbɔ la, mina míayi ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ.”—Heb. 6:1.

4. Nu ka tae wòle vevie be míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me, eye nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia?

4 Míele ɣeyiɣi si me Yesu ƒe nyagblɔɖia ava eme zi mamlɛtɔ la me. “Yehowa ƒe ŋkeke gã” si ahe Satana ƒe nuɖoanyi bliboa ava nuwuwu la “tu aƒe.” (Zef. 1:14) Ehiã fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe be míanɔ ŋute ahanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me. (1 Pet. 5:8) Ðe míele esia wɔm ŋutɔŋutɔa? Kristotɔwo ƒe tsitsinyenye akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ afi si míeva ɖo na ɣeyiɣia la ŋu.

Nu Si Kristotɔwo Ƒe Tsitsinyenye Bia

5, 6. (a) Nu kae gbɔgbɔmetsitsinyenye bia? (b) Ŋgɔyiyi aɖo tsitsinyenye gbɔ bia be míadze agbagba le go eve kawo me?

5 Menye ɖeko Paulo de dzi ƒo na Hebri Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔa me be woayi ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ o, ke boŋ egblɔ nu si gbɔgbɔmetsitsinyenye bia la hã na wo. (Mixlẽ Hebritɔwo 5:14.) “Notsi” ɖeɖe dzaa meɖia kɔ na ame siwo nye “ame tsitsiwo” le gbɔgbɔ me o. Woɖua “nuɖuɖu sesẽ.” Eya ta wonyaa “gɔmedzenufiafiawo” kple nyateƒea “ƒe nu goglowo” siaa. (1 Kor. 2:10) Gawu la, wona hehe woƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo to wo zazã me, si fia be wotsɔa nu siwo wonya la dea dɔwɔwɔ me, eye esia kpena ɖe wo ŋu wodea vovototo nyui kple vɔ̃ dome. Ne nyametsotso aɖe wɔwɔ dze ŋgɔ wo la, hehe sia kpena ɖe wo ŋu wokpɔa Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo ŋu dɔ wòle be woawɔ le nɔnɔme ma me kple ale si woawɔ wo ŋu dɔe la dzea sii.

6 Paulo ŋlɔ bena: “Esia tae wòle vevie na mí be míalé to ɖe nu siwo míese la ŋu geɖe wu, bene míagatra mɔ gbeɖe o.” (Heb. 2:1) Ate ŋu adzɔ be míatra mɔ tso xɔse la gbɔ hafi ava de dzesii. Míate ŋu aƒo asa na esia ne míeléa “to ɖe nu siwo míese la ŋu geɖe wu” le Ŋɔŋlɔawo me nyateƒeawo me dzroɣiwo. Eya ta ehiã be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Gɔmedzenufiafiawo ko mee megakpɔtɔ dzrona? Ðe wòanye be ɖeko menɔa nuwo wɔm ɖewoɖewoe abe kɔnu aɖe ko ene, evɔ nye dzi mekuna ɖe nyateƒea ŋu bliboe oa? Aleke mawɔ awɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ŋutɔŋutɔ?’ Ŋgɔyiyi aɖo tsitsinyenye gbɔ bia be míadze agbagba le go eve aɖewo ya teti me. Ele be míanya Mawu ƒe Nya la nyuie. Eye ehiã be míasrɔ̃ toɖoɖo hã.

Nya Mawu Ƒe Nya La Nyuie

7. Aleke Mawu ƒe Nya la nyanya nyuie wu ate ŋu aɖe vi na míi?

7 Paulo ŋlɔ bena: “Ame sia ame si noa notsi la, menya dzɔdzɔenyenye ƒe nya la o, elabena vidzĩ ko wònye.” (Heb. 5:13) Be míaɖo tsitsinyenye gbɔ la, ele be míanya Mawu ƒe nya, si nye eƒe gbedeasi si wòtsɔ na mí la, nyuie. Esi wònye be gbedeasi sia le eƒe Nya, Biblia la, me ta la, ele be míanye ame siwo srɔ̃a Ŋɔŋlɔawo kple “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la ƒe agbalẽwo nyuie. (Mat. 24:45-47) Mawu ƒe tamesusuwo xɔxɔ de eme alea akpe ɖe mía ŋu míana hehe míaƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo. Bu nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Orchid ŋu kpɔ. * Egblɔ be: “Ŋkuɖodzinya si kpɔ ŋusẽ gãtɔ ɖe nye agbe dzi wue nye esi ku ɖe Biblia xexlẽ edziedzi la ŋu. Exɔ ƒe eve hafi mete ŋu xlẽ Biblia bliboa vɔ, gake ewɔ nam abe zi gbãtɔe nye ema meva le si dzem nye Wɔlaa ene. Mesrɔ̃ nu tso eƒe mɔwo, nu siwo wòlɔ̃na kple nu siwo melɔ̃na o, ŋusẽ si gbegbe le esi, kple ale si gbegbe eƒe nunya gogloe la ŋu. Biblia xexlẽ gbe sia gbe lém ɖe te le ɣeyiɣi sesẽtɔ siwo me meto le nye agbe me kpɔ la me.”

8. Ŋusẽ kae Mawu ƒe Nya la ate ŋu akpɔ ɖe mía dzi?

8 Mawu ƒe Nya la ƒe akpa aɖe xexlẽ gbe sia gbe wɔnɛ be gbedeasi si le eme la kpɔa “ŋusẽ” ɖe míaƒe agbe dzi. (Mixlẽ Hebritɔwo 4:12.) Nuxexlẽ sia ate ŋu amla ame si míenye le ememe la, eye wòana míaƒe nu nadze Yehowa ŋu geɖe wu. Ðe nèkpɔe be ehiã be yeazã ɣeyiɣi geɖe wu ɖe Biblia xexlẽ kple ŋugbledede le emenyawo ŋu ŋua?

9, 10. Nu kae Mawu ƒe Nya la nyanya nyuie bia? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Biblia nyanya nyuie yi ŋgɔ wu emenyawo nyanya ko. Menye ame siwo menya naneke kura tso Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la ŋu kokokoe gbɔgbɔmevidzĩ siwo nɔ anyi le Paulo ƒe ŋkekea me la nye o. Ke hã, woawo ŋutɔwo mezãe hedo eƒe asixɔxɔ kpɔ to etsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me ŋutɔŋutɔ dzi o. Womeɖe mɔ gbedeasia fia mɔ wo wowɔ nyametsotso siwo me nunya nɔ le woƒe agbe me heto ema dzi ɖee fia be yewonya emenyawo nyuie o.

10 Be míanya Mawu ƒe Nya la nyuie fia be míanya emenyawo nyuie, eye míatsɔ sidzedze si su mía si la ade dɔwɔwɔ me. Nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Kyle ƒe nuteƒekpɔkpɔ ɖe ale si míate ŋu awɔ esia la fia. Nyahehe aɖe ɖo Kyle kple eƒe dɔwɔhati aɖe dome. Nu kae wòwɔ be yeatsɔ akpɔ nya la gbɔ? Egblɔ be: “Mawunyakpukpui si va nye susu me enumakee nye Romatɔwo 12:18, si gblɔ be: ‘Ne [anye] nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.’ Eya ta meɖo game na dɔwɔhati sia be míado go le kpakpã le dɔ me megbe.” Wokpɔ nyaa gbɔ dzidzedzetɔe le woƒe gododoa me, eye ewɔ dɔ ɖe Kyle ƒe dɔwɔhatia dzi be eɖe afɔ ma. Kyle gblɔ be: “Mesrɔ̃e be ne míezɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi la, nuwo dzea edzi godoo.”

Srɔ̃ Toɖoɖo

11. Nu kae ɖee fia be toɖoɖo le nɔnɔme sesẽwo me ate ŋu asesẽ?

11 Nu siwo míesrɔ̃ le Ŋɔŋlɔawo me la dzi wɔwɔ ate ŋu asesẽ, vevietɔ le nɔnɔme sesẽwo me. Le kpɔɖeŋu me, esi Yehowa ɖe Israel viwo tso kluvinyenye me le Egipte megbe kpuie la, “dukɔ la wɔ dzre kple Mose” eye woyi edzi nɔ “Yehowa tem kpɔ.” Nu ka tae? Le esi womekpɔ tsi ano o ta. (2 Mose 17:1-4) Esi wobla nu kple Mawu eye wolɔ̃ ɖe edzi be yewoawɔ ɖe “nya, siwo katã Yehowa gblɔ la” dzi la, mede ɣleti eve hafi woda eƒe se si ku ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu la dzi o. (2 Mose 24:3, 12-18; 32:1, 2, 7-9) Ðe wòanye be esi Mose yi Xoreb Toa dzi heɖanɔ mɔfiame xɔm tso Mawu gbɔ eye wòtsi anyi eteƒe didi tae wonɔ vɔvɔ̃m ɖoa? Ðe wòanye be Israel viwo susui be Amalekitɔwo agava dze yewo dzi ake, eye wɔna aɖeke manɔ yewo ŋu o esi Mose, ame si kɔ eƒe asi dzi ale be yewoɖu dzi do ŋgɔ la, meganɔ yewo dome o taea? (2 Mose 17:8-16) Ate ŋu anye be susu mawo tae, gake eɖanye nu ka tae o, Israel viwo ‘gbe toɖoɖo.’ (Dɔw. 7:39-41) Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo vevie be woawɔ woƒe “ŋutete ɖe sia ɖe” be “[woagage] ɖe tomaɖomaɖo ƒe nuwɔna ma” si Israel viwo ɖe fia esime wonɔ vɔvɔ̃m na gege ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la “tɔgbi” me o.—Heb. 4:3, 11.

12. Aleke Yesu srɔ̃ toɖoɖoe, eye vi kae esia ɖe nɛ?

12 Ŋgɔyiyi aɖo tsitsinyenye gbɔ bia be míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míaɖo to Yehowa. Abe ale si Yesu Kristo ɖo eƒe kpɔɖeŋu ɖi ene la, zi geɖe la, míesrɔ̃a toɖoɖo le nu siwo ƒe fu míekpena la me. (Mixlẽ Hebritɔwo 5:8, 9.) Do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba dzi vava la, eɖoa to Fofoa. Ke hã, Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le anyigba dzi bia be wòakpe fu le ŋutilã kple susu me siaa. Esi Yesu ɖo to le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake me ta la, “wowɔe bliboe” hena ɖoƒe yeye si ƒe tame Mawu ɖo ɖi nɛ, si nye be wòanye Fia kple Nunɔlagã la.

13. Nu kae ɖenɛ fiana be míesrɔ̃ toɖoɖo?

13 Ke míawo ya ɖe? Ðe míeɖoe kplikpaa be míaɖo to Yehowa ne míedze ŋgɔ kuxi donuxaxanamewo gɔ̃ hã? (Mixlẽ 1 Petro 1:6, 7.) Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ, anukwareɖiɖi, aɖe la zazã nyuie, Ŋɔŋlɔawo xexlẽ kple wo sɔsrɔ̃ le mía ɖokui si, Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dede, kple gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me ŋu la me kɔ ƒãa. (Yos. 1:8; Mat. 28:19, 20; Ef. 4:25, 28, 29; 5:3-5; Heb. 10:24, 25) Ðe míeɖoa to Yehowa le nya siawo me nenye be míele kuxi sesẽwo gɔ̃ hã me toma? Míaƒe toɖoɖo ɖenɛ fiana be míele ŋgɔyiyi wɔm ɖo ta tsitsinyenye gbɔ.

Nu Ka Tae Kristotɔwo Ƒe Tsitsinyenye Ðea Vi?

14. Gblɔ ale si ŋgɔyiyi aɖo tsitsinyenye gbɔ ate ŋu anye takpɔkpɔ na mí la ƒe kpɔɖeŋu.

14 Enye takpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ na Kristotɔ be wòana hehe eƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo nyuie bene wòate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome le xexe sia si “naneke megakpea ŋu na” o la me. (Ef. 4:19) Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye James, si xlẽa Biblia srɔ̃gbalẽwo edziedzi hedea asixɔxɔ gã aɖe wo ŋu la, kpɔ dɔ le dɔwɔƒe aɖe, eye eƒe hadɔwɔlawo katã nye nyɔnuwo. James gblɔ be: “Togbɔ be naneke mekpea ŋu na dɔwɔla siawo dometɔ geɖe o hã la, wo dometɔ ɖeka aɖe ya dze ame ɖɔʋu, eye edze abe etsɔ ɖe le Biblia me nyateƒea me ene. Gake esi mía kplii ɖeɖe míenɔ dɔ wɔm le dɔwɔxɔ aɖe me la, ete nuwɔna aɖewo siwo anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe menye la wɔwɔ. Mesusu be fefem wònɔ, gake menɔ bɔbɔe be mana wòadzudzɔ o. Le ɣemaɣi tututu la, meɖo ŋku nuteƒekpɔkpɔ aɖe si dze le Gbetakpɔxɔ aɖe me ku ɖe nɔviŋutsu aɖe si do go tetekpɔ ma tɔgbi le eƒe dɔwɔƒe ŋu la dzi. Le nyati ma me la, wotsɔ Yosef kple Potifar srɔ̃ wɔ kpɔɖeŋui. * Metu asi nyɔnuvia ɖa enumake, eye wòƒu du do go.” (1 Mose 39:7-12) James da akpe be naneke medzɔ wu ema o, eye yelé dzitsinya nyui me ɖe asi.—1 Tim. 1:5.

15. Aleke ŋgɔyiyi aɖo tsitsinyenye gbɔ ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe kpɔɖeŋudzi lae?

15 Tsitsinyenye ɖea vi na mí le mɔ sia hã nu be edoa ŋusẽ míaƒe kpɔɖeŋudzi la, eye wòkpɔa mía ta be ‘nufiafia manyatalenu vovovowo mehea mí yina o.’ (Mixlẽ Hebritɔwo 13:9.) Ne míedzea agbagba be míawɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me la, míaƒe susu yia edzi nɔa “nu siwo le vevie wu la” ŋu. (Fp. 1:9, 10) Esia wɔnɛ be míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu kple mɔnuɖoɖo siwo katã wòwɔ hena míaƒe viɖe ŋu gadea to ɖe edzi wu. (Rom. 3:24) Kristotɔ si “tsi bliboe le nugɔmesese ƒe ŋutetewo gome” la tua ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu sia tɔgbi ɖo, eye tsi metoa woa kple Yehowa dome o.—1 Kor. 14:20.

16. Nu kae ‘do ŋusẽ’ nɔvinyɔnu aɖe ‘ƒe dzi’?

16 Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Louise lɔ̃ ɖe edzi be le yeƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe va de asi na ɣeaɖeɣi la, nu si koŋ ta ko yekpɔa gome le subɔsubɔdɔa mee nye be yeadze amewo ŋu. Egblɔ be: “Nyemenɔ nu gbegblẽ aɖeke wɔm ya o, gake didi vevie menɔ menye ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o. Mekpɔe dze sii be ehiã be mawɔ tɔtrɔ aɖewo hafi mate ŋu ase le ɖokuinye me be mele Yehowa subɔm bliboe. Tɔtrɔ gãtɔ si mewɔe nye be meɖoe be matsɔ nye dzi blibo asubɔe.” Agbagba sia si Louise dze la ‘do ŋusẽ eƒe dzi,’ eye eva ɖe vi nɛ geɖe ŋutɔ esi wòva kpe akɔ kple lãmesẽkuxi sesẽ aɖe emegbe. (Yak. 5:8) Louise gblɔ be: “Mewɔ avu geɖe, gake mete ɖe Yehowa ŋu ŋutɔŋutɔ.”

‘Mizu Ame Siwo Tso Dzi Me Ðoa To’

17. Nu ka tae toɖoɖo nɔ vevie etɔxɛe le ƒe alafa gbãtɔ me?

17 Aɖaŋu si Paulo ɖo be “míayi ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ” la ɖe Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem kple Yudea le ƒe alafa gbãtɔa me la ƒe agbe. Gbɔgbɔmenugɔmesese nyui si hiã bene woakpɔ nu si Yesu gblɔ be ne eva eme ko la ‘woate sisi ayi towo dzi’ adze sii la nɔ ame siwo wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi la si. Esi wokpɔ “ŋunyɔnu si ahe aƒedozuzu avae . . . wòtsi tsitre ɖe kɔkɔeƒe la,” si fia ale si Roma srafowo ƒo xlã Yerusalem dua hege ɖe eme la, wonyae be ɣeyiɣi de be yewoasi. (Mat. 24:15, 16) Le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amenyagblɔɖia me nyawo dzi me la, Kristotɔwo si le Yerusalem dua me do ŋgɔ na etsɔtsrɔ̃, eye le sɔlemeha la ŋuti ŋutinyaŋlɔla Eusebius ƒe nya nu la, woyi ɖatsi Pella, si nye du aɖe si nɔ Gilead tonutoa me. Esia wɔe be woƒo asa na afɔku dziŋɔtɔ siwo dzɔ ɖe Yerusalem dzi kpɔ siwo ŋu nya woŋlɔ ɖi le ŋutinya me la dometɔ ɖeka.

18, 19. (a) Nu ka tae toɖoɖo le vevie le míaƒe ŋkekea me? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Toɖoɖo si tsoa ŋgɔyiyi aɖo tsitsinyenye gbɔ me aganye nu si axɔ ame ɖe agbe ne míedze ŋgɔ Yesu ƒe nyagblɔɖi si nye be “xaxa gã” si ɖeke mesɔ kpli o “ava” la ƒe emevava gãtɔ. (Mat. 24:21) Ðe míanye ame siwo aɖo to awɔ ɖe mɔfiame ɖe sia ɖe si dzi wòahiã be woawɔ ɖo kpata si “aƒedzikpɔla nyateƒetɔ” la ana mí le etsɔme la dzia? (Luka 12:42) Aleke gbegbe wòle vevie be míasrɔ̃ ale si ‘míaɖo to tso dzi mee’ nye esi!—Rom. 6:17.

19 Ehiã be míana hehe míaƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo hafi míate ŋu aɖo tsitsinyenye gbɔ. Míewɔa esia to agbagbadzedze be míanya Mawu ƒe Nya la nyuie kple toɖoɖo sɔsrɔ̃ hã me. Sɔhɛwo doa go kuxi aɖewo koŋ le ŋgɔyiyi aɖo Kristotɔwo ƒe tsitsinyenye gbɔ me. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro ale si woawɔ anɔ te ɖe kuxiawo nu dzidzedzetɔe la me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 14 Kpɔ nyati si nye “Wodo Ŋusẽe be Wòagbe Nugbegblẽwɔwɔ” le October 1, 1999, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

Nu Kae Nèsrɔ̃?

• Nu kae nye gbɔgbɔmetsitsinyenye, eye aleke míewɔna ɖoa egbɔ?

• Akpa kae Mawu ƒe Nya la nyanya nyuie wɔna le míaƒe ŋgɔyiyi aɖo tsitsinyenye gbɔ me?

• Aleke míesrɔ̃a toɖoɖoe?

• Mɔ kawo nue tsitsinyenye ɖea vi na mí le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ kpena ɖe mía ŋu míekpɔa kuxiwo gbɔ le mɔ si ɖenɛ fiana be míetsi le gbɔgbɔ me nu

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi wɔwɔ xɔ Kristotɔ gbãtɔwo ɖe agbe