Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Míadze “Kristo La” Yome?

Nu Ka Tae Míadze “Kristo La” Yome?

Nu Ka Tae Míadze “Kristo La” Yome?

“Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ, . . . eye wòadze yonyeme ɖaa.”—LUKA 9:23.

1, 2. Nu ka tae wòle vevie be míadzro susu siwo tae wòle be míadze “Kristo la” yome me?

ALEKE wòado dzidzɔ na Yehowae nye esi be wòakpɔ mi ame yeye siwo tsɔ ɖe le nyateƒea me kple sɔhɛwo le esubɔlawo ƒe ha gã la dome! Esi nèyi edzi le Biblia srɔ̃m, le Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem edziedzi, eye Mawu ƒe Nya la me nyateƒe si xɔa ame ɖe agbe la ŋuti sidzedze geɖe wu va le asiwò sum la, ahiã be nàbu Yesu ƒe amekpekpe sia ŋu vevie; egblɔ be: “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti la gbe sia gbe, eye wòadze yonyeme ɖaa.” (Luka 9:23) Yesu nɔ gbɔgblɔm be ele be nàgbe nu le ɖokuiwò gbɔ ahadze ye yome. Eya tae wòle vevie be míadzro nu si tae wòle be míadze “Kristo la” yome me ɖo.—Mat. 16:13-16.

2 Ke mí ame siwo le Yesu Kristo ƒe afɔɖoƒewo tom xoxo ya ɖe? Wole nu xlɔ̃m mí be “[míayi] edzi awɔe geɖe wu.” (1 Tes. 4:1, 2) Eɖanye nyitsɔ laa koe míeva tadedeagu vavãtɔa me alo ƒe geɖee nye esia o, ŋugbledede tso susu siwo tae wòle be míadze Kristo la yome ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃amea dzi ahayi edzi adze Kristo la yome geɖe wu le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me. Mina míadzro susu atɔ̃ siwo tae wòle be míadze Kristo la yome ɖo la me.

Ana Mía Kple Yehowa Dome Nava Nɔ Kplikplikpli Wu

3. Mɔ eve kawo dzie míate ŋu ato anya Yehowa nyuie wu?

3 Esime apostolo Paulo “tsi tsitre ɖe Areopago la titina” henɔ nu ƒom na Atenetɔwo la, egblɔ be: “[Mawu ɖo] ɣeyiɣi ɖoɖiwo kple amegbetɔwo nɔƒewo ƒe liƒowo ɖi, bene woadi Mawu, ne ɖe woatsa asi adii kura gɔ̃ hã, ne woake ɖe eŋu vavã, togbɔ be le nyateƒe me la, mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.” (Dɔw. 17:22, 26, 27) Míate ŋu adi Mawu ahanyae nyuie hã. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe nuwɔwɔwo fiaa nu geɖe mí tso eƒe nɔnɔmewo kple ŋutetewo ŋu. Ne míedea ŋugble tso Wɔla la ƒe nuwɔwɔwo ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe la, ana míanya nu geɖe tso eŋu. (Rom. 1:20) Yehowa gaɖe nu bubu geɖewo fia mí ku ɖe eɖokui ŋu le eƒe Nya si woŋlɔ ɖi, si nye Biblia la, me. (2 Tim. 3:16, 17) Zi ale si míeyi edzi ‘bua tame le eƒe nuwɔwɔwo’ ŋu ‘hedea ŋugble tso eƒe dɔwɔwɔwo’ ŋu la, zi nenemae míeva nyaa Yehowa nyuie wu.—Ps. 77:13.

4. Aleke Kristo la yome dzedze ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míava nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa?

4 Mɔ nyui aɖe ŋutɔ si dzi míato ava nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowae nye be míadze Kristo la yome. Bu ŋutikɔkɔe si gbegbe nɔ Yesu si le Fofoa gbɔ “hafi xexea va dzɔ” la ŋu kpɔ ko! (Yoh. 17:5) Yesu ye nye “Mawu ƒe nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze.” (Nyaɖ. 3:14) Hafi Yesu, “nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la,” nava anyigba dzi la, enɔ agbe le dziƒo le Fofoa, Yehowa, gbɔ ƒe gbogbo siwo mele xexlẽ me o. Do ŋgɔ na Yesu ƒe amegbetɔzuzu la, ewɔ nu si yi ŋgɔ wu Fofoa gbɔ nɔnɔ ko. Enye Mawu ŋutɔ ƒe zɔhɛ, eye wònɔ dɔ wɔm aduadu kple Ŋusẽkatãtɔ la dzidzɔtɔe, si wɔe be lɔlɔ̃ si ƒo ɖe sia ɖe ta la va nɔ wo dome. Menye ɖeko Yesu léa ŋku ɖe ale si Fofoa wɔa nuwo ŋu hedea dzesi eƒe seselelãmewo kple nɔnɔmewo o, ke boŋ exɔa nu siwo katã wòsrɔ̃ tso Fofoa ŋu la dea eme eye wònɔa agbe ɖe wo nu hã. Esia wɔe be, Vi ɖoto sia va ɖi Fofoa ale gbegbe be Biblia gblɔ tso eŋu be enye “Mawu makpɔmakpɔ la ƒe nɔnɔme.” (Kol. 1:15) Ne míedzea Kristo la yome pɛpɛpɛ la, mía kple Yehowa dome ava nɔ kplikplikpli wu.

Ana Míasrɔ̃ Yehowa Nyuie Wu

5. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ Yehowa nyuie wu, eye nu ka tae?

5 ‘Wowɔ mí ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu, eye míeɖii,’ eya ta míate ŋu aɖe mawumenɔnɔmewo afia. (1 Mose 1:26) Apostolo Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be: “Mizu Mawu srɔ̃lawo, abe lɔlɔ̃viwo ene.” (Ef. 5:1) Kristo la yome dzedze kpena ɖe mía ŋu míesrɔ̃a mía Fofo si le dziƒo la. Ele alea, elabena Yesu ɖe Mawu ƒe tamesusu, eƒe seselelãmewo, kple eƒe amenyenye fia hekpe ɖe mía ŋu míenya Mawu nyuie wu ale si ame bubu ɖe sia ɖe te ŋu wɔe. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, menye ɖeko wòna wonya Yehowa ƒe ŋkɔ o, eɖe Ame si tɔ ŋkɔ ma ƒe amenyenye hã fia. (Mixlẽ Mateo 11:27.) Yesu to eƒe nyagbɔgblɔwo, nuwɔnawo, nufiafiawo, kple kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi dzi ɖe ame si Yehowa nye la fia.

6. Nu kawoe Yesu ƒe nufiafiawo ɖe fia mí tso Yehowa ŋu?

6 Yesu to eƒe nufiafiawo dzi ɖe nu siwo Mawu di tso mía si kple ale si Mawu sena le eɖokui me ɖe mí esubɔlawo ŋu la fia mí. (Mat. 22:36-40; Luka 12:6, 7; 15:4-7) Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu he susu yi Se Ewoawo dometɔ ɖeka si nye “mègawɔ ahasi o” dzi vɔ la, eɖe Mawu ƒe susu ku ɖe nu si yia edzi le ŋutsu ƒe dzi me ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ hafi wòva ɖea afɔ ma la fia. Egblɔ be: “Ame sia ame si yia edzi nɔa ŋku lém ɖe nyɔnu aɖe ŋu, si na wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” (2 Mose 20:14; Mat. 5:27, 28) Esi Yesu he susu yi ale si Farisitɔwo ɖea nya aɖe si le Sea me gɔme—“ele be nàlɔ̃ hawòvi, eye nàlé fu wò ketɔ”—dzi vɔ la, eɖe nu si nye Yehowa ƒe susu le nya la ŋu gblɔ ale: “Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mianɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta.” (Mat. 5:43, 44; 2 Mose 23:4; 3 Mose 19:18) Ne ale si Mawu bua nuwo ŋu hesena le eɖokui me kple nu siwo wòdi tso mía si ŋuti gɔmesese su mía si la, akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ eya amea nyuie wu.

7, 8. Nu kawoe míesrɔ̃ tso Yehowa ŋu le Yesu ƒe kpɔɖeŋu me?

7 Yesu to kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi la dzi ɖe ale si Fofoa le la fia mí. Ne míexlẽ nu tso ale si Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe hiãtɔwo ŋu, ale si wòse veve ɖe ame siwo nɔ fu kpem la nu, kple ale si dɔme vee esi eƒe nusrɔ̃lawo blu ɖe ɖevi suewo ta ŋu le Nya Nyui Gbalẽawo me la, ɖe míekpɔnɛ be nenemae Fofoa hã sena le eɖokui me oa? (Mar. 1:40-42; 10:13, 14; Yoh. 11:32-35) Bu ale si Yesu ƒe nuwɔnawo ɖe Fofoa ƒe nɔnɔme ɖedzesiwo fia mí la ŋu kpɔ. Ðe Kristo ƒe nukunuwo meɖe ŋusẽ gã si gbegbe nɔ esi la fia oa? Ke hã, mezã ŋusẽ ma tsɔ di eya ŋutɔ ƒe viɖe alo tsɔ gblẽ nu le ame bubuwo ŋu kpɔ o. (Luka 4:1-4) Ðe ale si wònya nudzrala ŋuklẽlawo do goe le gbedoxɔa me la meɖe ale si dzɔdzɔenyenye nɔa vevie nɛ la fia oa? (Mar. 11:15-17; Yoh. 2:13-16) Eƒe nufiafiawo kple nya vivi wɔdɔɖeamedzi siwo wògblɔ tsɔ na eƒe nyawo de dzi gbɔ na amewo la ɖee fia be “[elolo] wu Salomo” le nunya gome. (Mat. 12:42) Biblia ɖɔ lɔlɔ̃ si Yesu ɖe fia esi wòtsɔ eƒe luʋɔ na ɖe amewo ta wòsɔ nyuie be “lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si o.”—Yoh. 15:13.

8 Mawu ƒe Vi la ɖe Yehowa ƒe amenyenye fia pɛpɛpɛ le nya sia nya si wògblɔ kple nu sia nu si wòwɔ la me nyuie ale gbegbe be ete ŋu gblɔ le eɖokui ŋu be: “Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.” (Mixlẽ Yohanes 14:9-11.) Ne míesrɔ̃a Kristo ƒe nɔnɔmewo la, ke Yehowae nye ema srɔ̃m míele.

Yesue Nye Yehowa Ƒe Amesiamina La

9. Ɣekaɣie Yesu zu Mawu ƒe Amesiamina, eye alekee?

9 Kpɔ nu si dzɔ le ƒe 29 M.Ŋ. ƒe kele me esime Yesu, ame si xɔ ƒe 30 ɣemaɣi la, yi Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa gbɔ la ɖa. “Esi wonyrɔ Yesu vɔ la, efɔ tso tsia te enumake, eye kpɔ ɖa! Dziƒowo nu ʋu, eye wòkpɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ la wònɔ ɖiɖim ɖe edzi abe ahɔnɛ ene.” Ɣemaɣie Yesu zu Kristo, alo Mesia la. Ɣemaɣi la, Yehowa ŋutɔ na amewo nya be Yesue nye yeƒe Amesiamina la esi wògblɔ be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ŋu mekpɔ ŋudzedze ɖo.” (Mat. 3:13-17) Ðe esia menye susu nyui aɖe si tae wòle be míadi be míadze Kristo la yome oa?

10, 11. (a) Mɔ kawo nue wozãa dzesideŋkɔ “Kristo” tsɔ ɖɔa Yesu le? (b) Nu ka tae mele be míagbe Yesu Kristo yome dzedze o?

10 Le Biblia me la, wozã dzesideŋkɔ “Kristo” na Yesu le mɔ vovovowo nu, abe Yesu Kristo, Kristo Yesu, kple Kristo la ene. Yesu ŋutɔe zã nyagbɔgblɔ “Yesu Kristo” zi gbãtɔ—dzesideŋkɔa kplɔ ŋkɔa ŋutɔ ɖo. Egblɔ le gbe aɖe si wòdo ɖa na Fofoa me be: “Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.” (Yoh. 17:3) Eyɔyɔ alea hea míaƒe susu yia Yesu dzi be enye ame si Mawu dɔ ɖa wòva zu eƒe Amesiamina la. Ne dzesideŋkɔa do ŋgɔ na ŋkɔa ŋutɔ, abe ale si wòdze le nyagbɔgblɔ “Kristo Yesu” me ene la, ke ɖoƒe si Yesu le la koŋ dzie wole susu hem le yiyimee. (2 Kor. 4:5) Ne asitɔnudzinyakui si nye “la” kplɔ dzesideŋkɔa ɖo abe ale si wòdze le nyagbɔgblɔ “Kristo la” me ene la, esia hã fia be wole gbe tem ɖe Yesu ƒe ɖoƒe abe Mesia la ene dzi.—Dɔw. 5:42.

11 Eɖanye aleke kee wozã dzesideŋkɔ “Kristo” tsɔ ɖɔ Yesu o, dzesideŋkɔ sia zazã tea gbe ɖe nyateƒenya vevi sia dzi: Togbɔ be Mawu ƒe Vi la va anyigba dzi abe amegbetɔ ene hena amewo nya Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu hã la, menye amegbetɔ alo nyagblɔɖila dzro aɖe koe wònye o; eva zu Yehowa ƒe Amesiamina la. Mele be míagbe Amesiamina sia yome dzedze o.

Yesue Nye Mɔ Ðeka Kolia Si Dzi Míato Akpɔ Xɔxɔ

12. Nya kae Yesu gblɔ na apostolo Toma si ŋu gɔmesese vevi aɖe le na mí?

12 Susu vevi bubu si tae wòle be míayi edzi anɔ Mesia la yome ɖo la dze le nya aɖe si Yesu gblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo gaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na eƒe ku la me. Yesu gblɔ be yeyina teƒe aɖe dzra ge ɖo ɖi na wo, eye esi Toma bia nyae ku ɖe nya ma ŋu la, Yesu gblɔ le eƒe nyaŋuɖoɖoa me be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yoh. 14:1-6) Apostolo wɔnuteƒe 11-awoe Yesu nɔ nu ƒom na ɣemaɣi. Edo ŋugbe be yeana teƒe wo le dziƒo, gake gɔmesese vevi aɖe le eƒe nya mawo ŋu na ame siwo si agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le la hã. (Nyaɖ. 7:9, 10; 21:1-4) Nu ka tae míate ŋu agblɔ alea?

13. Gɔmesese kawo nue Yesu nye “mɔ la” le?

13 Yesu Kristoe nye “mɔ la.” Esia fia be eya ɖeka dzi koe míate ŋu ato ate ɖe Mawu ŋu. Esia nye nyateƒe le gbedodoɖa gome, elabena ne míedo gbe ɖa to Yesu dzi ko hafi kakaɖedzi ate ŋu asu mía si be Fofo la ana nu sia nu si míebia le ɖekawɔwɔ me kple Eƒe lɔlɔ̃nu la mí. (Yoh. 15:16) Ke hã, Yesu ganye “mɔ la” le gɔmesese bubu aɖe hã nu. Nu vɔ̃ klã ameƒomea ɖa tso Mawu gbɔ. (Yes. 59:2) Yesu tsɔ ‘eƒe luʋɔ na wònye tafe ɖe ame geɖewo ta.’ (Mat. 20:28) Eya ta Biblia gblɔ be: “Yesu ƒe ʋu klɔa nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋu.” (1 Yoh. 1:7) Vi la to esia dzi ʋu mɔ ɖi be woadzra mía kple Mawu dome ɖo. (Rom. 5:8-10) Yesu dzi xɔxɔ se kple toɖoɖoe dzie míate ŋu ato be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Mawu dome.—Yoh. 3:36.

14. Gɔmesese ka nue Yesu nye “nyateƒe la” le?

14 Yesu nye “nyateƒe la” menye le esi wòtoa nyateƒe henɔa agbe ɖe nyateƒea nu ta ko o, ke esi nyagblɔɖi gbogbo siwo katã woŋlɔ ɖi ku ɖe Mesia la ŋu va eme le Yesu me tae. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Aleke gbegbee Mawu ƒe ŋugbedodowo ɖasɔ gbɔe o, wo katã wozu Ɛ̃ to eyama dzi.” (2 Kor. 1:20) “Nu nyui siwo ava la ƒe vɔvɔli” siwo le Mose ƒe Sea me gɔ̃ hã va zu nuawo ŋutɔŋutɔ le Kristo Yesu me. (Heb. 10:1; Kol. 2:17) Yesu ye nye ame si koŋ ŋu nyagblɔɖiwo katã ku ɖo, eye nyagblɔɖiawo kpe ɖe mía ŋu míese akpa vevi si Yesu wɔna le Yehowa ƒe tameɖoɖo me vava me la gɔme. (Nyaɖ. 19:10) Bene tame si Mawu ɖo ɖe mía ŋu la naɖe vi na mí la, ehiã be míadze Mesia la yome.

15. Gɔmesese ka nue Yesu nye “agbe la” le?

15 Yesue nye “agbe la,” elabena etsɔ eƒe ʋu ƒle amegbetɔƒomea, eye agbe mavɔ nye nunana si Mawu nana “to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.” (Rom. 6:23) Yesu nye “agbe la” na kukuawo hã. (Yoh. 5:28, 29) Gawu la, bu nu siwo gbegbe wòawɔ abe Nunɔlagã ene le eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la ŋu kpɔ! Aɖe etevi siwo anɔ anyigba dzi la tso nu vɔ̃ kple ku si me tegbee.—Heb. 9:11, 12, 28.

16. Susu kae li si tae wòle be míadze Yesu yome ɖo?

16 Ekema gɔmesese vevi aɖe le nya siwo Yesu tsɔ ɖo nya ŋui na Toma la ŋu na mí. Yesue nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Eyae nye ame si Mawu dɔ ɖe xexea me bene xexea nakpɔ ɖeɖe to edzi. (Yoh. 3:17) Eye ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o negbe to eya amea dzi ko. Biblia gblɔe eme kɔ ƒãa be: “Xɔxɔ la mele ame bubu aɖeke me o, elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te, si wona ame aɖe le amegbetɔwo dome, si dzi wòle be míato akpɔ xɔxɔ o.” (Dɔw. 4:12) Eya ta dzixɔse ka kee ɖanɔ mía si tsã o, nunya anɔ eme be míaxɔ Yesu dzi ase ahadze eyome, eye akplɔ mí ayi agbe mee.—Yoh. 20:31.

Wode Se Na Mí Be Míaɖo To Kristo La

17. Nu ka tae wòle vevie be míaɖo to Mawu ƒe Vi la?

17 Petro, Yohanes, kple Yakobo kpɔ Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔa teƒe. Ɣemaɣi la, wose gbe aɖe ɖi tso dziƒo be: “Ame siae nye Vinye, si metia. Miɖo toe.” (Luka 9:28, 29, 35) Wɔwɔ ɖe se si wode be míaɖo to Mesia la dzi nye ŋkubiãnya.—Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 3:22, 23.

18. Aleke míate ŋu aɖo to Yesu Kristoe?

18 Toɖoɖo Yesu bia be ‘míaƒe ŋku nanɔ Yesu ŋu tẽe,’ eye ‘míabu eƒe kpɔɖeŋu ŋu vevie.’ (Heb. 12:2, 3) Eya ta nunya anɔ eme be “míalé to ɖe nu siwo” míexlẽna tso Yesu ŋu le Biblia kple “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la ƒe agbalẽwo me, kpakple nu siwo míesena tso eŋu le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la, “ŋu geɖe wu.” (Heb. 2:1; Mat. 24:45) Esi míenye eƒe alẽwo ta la, mina míadi vevie ɣesiaɣi be míaɖo to Yesu ahadze eyome.—Yoh. 10:27.

19. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi adze Kristo la yome ɖaa?

19 Ðe míate ŋu ayi edzi anɔ Kristo la yome ɖaa dzidzedzetɔe eɖanye kuxi kawoe míadze ŋgɔe oa? Ɛ̃, míate ŋui nenye be ‘míelé nya nyuitɔwo ƒe kpɔɖeŋu’ me ɖe asi to nu siwo míesrɔ̃na le “xɔse kpakple lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu me” la tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me dzi.—2 Tim. 1:13.

Nu Kae Nèsrɔ̃?

• Nu ka tae “Kristo la” yome dzedze ate ŋu ana mía kple Yehowa dome nava nɔ kplikplikpli wu?

• Nu ka tae míagblɔ be Yesu sɔsrɔ̃ le ko abe Yehowa sɔsrɔ̃ ene?

• Gɔmesese kawo nue Yesu nye “mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la” le?

• Nu ka tae wòle be míaɖo to Yehowa ƒe Amesiamina la?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Yesu ƒe nufiafiawo ɖe Yehowa ƒe tamesusu deŋgɔwo fia

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Ele be míadze Yehowa ƒe Amesiamina la yome nuteƒewɔwɔtɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Yehowa gblɔ be: “Ame siae nye Vinye . . . miɖo toe”