Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Do “Vevie Nu Le Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ Me”!

Do “Vevie Nu Le Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ Me”!

Do “Vevie Nu Le Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ Me”!

“[Yesu] tsɔ eɖokui na ɖe mía ta, bene wòaɖe mí tso sedzimawɔmawɔ ɖe sia ɖe ƒomevi me, eye wòakɔ dukɔ si nye ye ŋutɔ tɔ koŋ, si doa vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, la ŋu na eɖokui.”—TITO 2:14.

1. Nu kae dzɔ le gbedoxɔa me le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Nisan 10 lia dzi esime Yesu va ɖo afi ma?

ƑE 33 M.Ŋ. ƒe Nisan 10 lia, si nye ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu, dzie. Mawusubɔla gbogbo aɖewo tsɔ dzidzɔ nɔ gbedoxɔa me le Yerusalem nɔ mɔ kpɔm na azã la ɖuɖu. Nu kae adzɔ ne Yesu va ɖo? Nya Nyui Gbalẽ ŋlɔla siwo nye Mateo, Marko, kple Luka, siaa gblɔ be Yesu nya ame siwo nɔ nu dzram kple ame siwo nɔ nu ƒlem le afi ma la do goe; esiae nye zi evelia. Yesu mu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo kple ahɔnɛdzralawo ƒe bentsiwo ƒu anyi. (Mat. 21:12; Mar. 11:15; Luka 19:45) Dzo si nɔ Yesu me tso esime wòwɔ nu ma tɔgbi ƒe etɔ̃ do ŋgɔ la dzi meɖe kpɔtɔ o.—Yoh. 2:13-17.

2, 3. Aleke míewɔ nya be menye gbedoxɔa ŋu kɔkɔ me koe Yesu ɖe dzonɔameme fia le o?

2 Mateo ƒe nuŋlɔɖia ɖee fia be menye gbedoxɔa ŋu kɔkɔ me koe Yesu ɖe dzonɔameme fia le gbe ma gbe o. Ke boŋ enɔ gbe dam le ŋkuagbãtɔwo kple atatututɔ siwo te ɖe eŋu le afi ma la hã ŋu. (Mat. 21:14) Luka ƒe nuŋlɔɖia ƒo nu tso dɔ bubu siwo Yesu gawɔ la ŋu. Egblɔ be: “[Yesu yi] edzi nɔ nu fiam le gbedoxɔa me gbe sia gbe.” (Luka 19:47; 20:1) Eya ta edze ƒãa be, Yesu ƒe dzonɔameme dze gaglã le eƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa me.

3 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Tito eye wòɖe eme nɛ be, Yesu “tsɔ eɖokui na ɖe mía ta, bene wòaɖe mí tso sedzimawɔmawɔ ɖe sia ɖe ƒomevi me, eye wòakɔ dukɔ si nye ye ŋutɔ tɔ koŋ, si doa vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, la ŋu na eɖokui.” (Tito 2:14) Mɔ kawo nue míate ŋu ado “vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me” le egbea? Eye aleke kpɔɖeŋu nyui siwo Yuda fia nyuiawo ɖo ɖi la ate ŋu ade dzi ƒo na mí?

Dzonɔameme Ðe Gbeƒãɖeɖe Kple Nufiafia Dɔa Ŋu

4, 5. Mɔ kawo nue Yuda fia ene aɖewo ɖee fia le be dzo nɔ yewo me ɖe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu?

4 Asa, Yosafat, Xizkiya, kple Yosiya siaa ɖe afɔ vevi aɖewo hena trɔ̃subɔsubɔ ɖeɖeɖa le Yuda. Asa ɖe “vɔsamlekpui tutɔwo kple nuxeƒewo ɖa, egbã aƒeliwo, eye wòlã Aserawo.” (2 Kron. 14:2) Dzonɔameme ɖe Yehowa ƒe tadedeagua ŋu ʋã Yosafat wòɖe “nuxeƒewo kple Aserawo ɖa le Yuda.”—2 Kron. 17:6; 19:3. *

5 Esi woɖu Ŋutitotoŋkekenyui vevi si ƒe ɖoɖo Xizkiya wɔ le Yerusalem ŋkeke adre sɔŋ vɔ la, ‘Israel blibo, si va la, ho yi Yuda duwo me, eye wogbã aƒeliwo, womu Aserawo, eye wogbã nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo le Yuda blibo la, Benyamin, Efrayim, kple Manase, va se ɖe esime wogblẽ wo keŋkeŋ.’ (2 Kron. 31:1) Ŋutsuvi dzaa Yosiya zu fia esi wòxɔ ƒe enyi pɛ ko. Ŋutinya me nuŋlɔɖia gblɔ be: “Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me, esime wònye ɖekakpui ko la, ede asi fofoa Dawid ƒe Mawu la didi me, eye le ƒe wuievelia me la ede asi nuxeƒewo, Aserawo, aklama kpakpɛwo kple legba kɔkɔwo ɖeɖe me ɖa le Yuda kple Yerusalem.” (2 Kron. 34:3) Eya ta dzo nɔ fia ene mawo katã me ɖe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu.

6. Nu ka tae woate ŋu atsɔ míaƒe subɔsubɔdɔa asɔ kple dɔ siwo Yuda fia nuteƒewɔlawo wɔ?

6 Egbea la, míawo hã míele gome kpɔm le dɔ ma tɔgbi me tsɔ le kpekpem ɖe amewo ŋu be woavo tso alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo, siwo dome trɔ̃subɔsubɔ hã le, la si me. Tso aƒe me yi aƒe me ƒe dɔ si míewɔna la kpena ɖe mía ŋu míedoa go ame ƒomeviwo katã. (1 Tim. 2:4) Nyɔnuvi sue aɖe si le Asia la ɖo ŋku ale si dadaa nɔa kɔnuwo wɔm le nɔnɔmewɔwɔ geɖewo ŋgɔ le woƒe aƒe me la dzi. Nyɔnuvi sia gblɔna na eɖokui be nɔnɔmewɔwɔ mawo katã mate ŋu atsi tsitre ɖi na Mawu vavã la o, esia wɔe be wòdoa gbe ɖa enuenu be yeanya ame si Mawu vavã la nye. Gbe ɖeka la, ese ʋɔƒoƒo, eye esi wòyi ɖaʋu ʋɔa la, ekpɔ Ðasefo eve siwo nɔ klalo be yewoakpe ɖe eŋu wòanya Mawu vavã la ƒe ŋkɔ tɔxɛ si nye Yehowa la. Eye aleke gbegbe dzi dzɔe nye esi be wòva nya nyateƒe si ku ɖe legbawo ŋu! Fifia la, eɖea dzonɔameme si dze na kafukafu fiana to gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me veviedodotɔe kple gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu nana ame bubuwo me.—Ps. 83:19; 115:4-8; 1 Yoh. 5:21.

7. Aleke míate ŋu asrɔ̃ nufiala siwo yi ɖatsa le dukɔ bliboa me le Yosafat ƒe ŋkekea me?

7 Ne míele tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm la, ɖe míekpea míaƒe anyigbamama la ɖo nyuiea? Eɖe dzesi ŋutɔ be le Yosafat ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, edɔ be woaɖayɔ amegã atɔ̃, Lewi vi asieke, kple nunɔla eve vae na ye. Ena wotsa le duwo katã me henɔ Yehowa ƒe seawo fiam amewo. Woƒe nufiafiadɔa kpɔ dzidzedze ale gbegbe be dukɔ siwo ƒo xlã wo me tɔwo te Yehowa vɔvɔ̃. (Mixlẽ 2 Kronika 17:9, 10.) Ne míeyia aƒewo me le ɣeyiɣi vovovowo me le ŋkeke vovovowo dzi la, ate ŋu ana míake ɖe aƒeawo me nɔla vovovowo ŋu.

8. Aleke míawɔ akeke míaƒe ɖaseɖiɖidɔa ɖe enu?

8 Mawusubɔla siwo li egbea dometɔ geɖe lɔ̃ faa ʋu le woƒe aƒewo me yi ɖale subɔsubɔm le teƒe siwo Ðasefo dovevienuwo hiã le wu. Wò hã àte ŋu awɔ nenema? Le mía dometɔ siwo mate ŋu aʋu o gome la, míate ŋu adze agbagba aɖi ɖase na gbe bubu dola siwo le míaƒe nutoa me. Esi Ron, si nye nɔviŋutsu aɖe si xɔ ƒe 81, doa go dukɔ vovovowo me tɔwo le eƒe anyigbamama me ta la, esrɔ̃ ale si wodoa gbe na ame le gbe vovovo 32 me! Nyitsɔ laa la, edo go atsu kple asi aɖe siwo tso Afrika, eye wòdo gbe na wo le wo degbe Yoruba me. Wobia Ron be ɖe wòde Afrika kpɔ mahã. Esi wòɖo eŋu be, ao la, wobiae be, aleke wòwɔ hafi se yewo degbea mahã. Esia na wòɖi ɖase nyui aɖe na wo. Wolɔ̃ faa xɔ magazine aɖewo hetsɔ woƒe adrɛs nɛ, eye Ron tsɔ adrɛs la na hame si le anyigbamama si me atsu kple asi sia le ale be woate ŋu asrɔ̃ Biblia kpli wo.

9. Nu ka tae Biblia xexlẽ na amewo le míaƒe subɔsubɔdɔa me le vevie? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu ɖeka.

9 “Yehowa ƒe segbalẽ la” nɔ nufiala siwo Yosafat dɔ woyi ɖatsa le dukɔ bliboa me la si. Le anyigba dzi godoo la, míedzea agbagba fiaa nu amewo tso Biblia la me, esi wònye Mawu ƒe Nyae wònye ta. Míedzea agbagba etɔxɛe be míatsɔ Biblia me nyawo ŋutɔŋutɔ afia amewo to exexlẽ na wo tẽe le míaƒe subɔsubɔdɔa me me. Aƒemenɔla aɖe gblɔ na Linda, si nye Ðasefo aɖe la, be ye srɔ̃ le lãmetutudɔ lém, eya ta ehiã be yeakpɔ egbɔ. Aƒemenɔlaa fa konyi be: “Nyemenya agɔ si medze le Mawu dzi si ta wòɖe mɔ nu sia dzɔ ɖe dzinye ɖo o.” Linda gblɔ nɛ be: “Meɖe kuku àɖe mɔ nam magblɔ kakaɖedzinya aɖe na wòa?” Eye Linda xlẽ Yakobo 1:13 nɛ hegblɔ kpee be: “Menye Mawu ƒe tohehee fu siwo katã kpem mía kple míaƒe ame veviwo le la nye o.” Tete aƒemenɔlaa kpla asi kɔ na Linda ŋudzedzekpɔkpɔtɔe. Linda gblɔ be: “Mete ŋu fa akɔ nɛ to Biblia zazã me. Ɣeaɖewoɣi la, mawunyakpukpui siwo míexlẽna tso Biblia me nyea esiwo aƒemenɔlawo mese kpɔ o.” Dzeɖoɖo ma ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na Linda wòva nɔ Biblia srɔ̃m kple nyɔnua edziedzi.

Sɔhɛ Siwo Le Subɔsubɔm Dzonɔamemetɔe

10. Aleke Yosiya nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na sɔhɛ Kristotɔwo egbea?

10 Mina míagatrɔ susu ɖe Yosiya ŋu ake. Míede dzesii be tso eƒe ɖevime kee wòdi tadedeagu vavã la yome mɔ, eye esi wòxɔ abe ƒe 20 ene ye wòdze trɔ̃subɔsubɔ ɖeɖeɖa le dukɔ bliboa me gɔme. (Mixlẽ 2 Kronika 34:1-3.) Sɔhɛ gbogbo aɖewo ɖea dzonɔameme ma tɔgbi fiana le woƒe Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa me egbea.

11-13. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso sɔhɛ siwo le Yehowa subɔm dzonɔamemetɔe egbea la ƒe kpɔɖeŋuwo me?

11 Ƒe 13 vi Hannah, si le England la, nɔ Fransegbe srɔ̃m le suku esi wòse be woɖo Fransegbedolawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe le du aɖe si te ɖe wo ŋu me. Fofoa lɔ̃ be yeanɔ ekplɔm anɔ kpekpea yim le afi ma. Fifia Hannah xɔ ƒe 18, eye wònye gbesiagbe mɔɖela si ɖia ɖase dzonɔamemetɔe le Fransegbe me. Ðe wò hã àte ŋu asrɔ̃ gbe bubu aɖe ale be nàte ŋu akpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋua?

12 Video si nye Pursue Goals That Honor God (Ti Taɖodzinu Siwo Dzea Mawu Ŋu Yome) la kpɔkpɔ do dzidzɔ na Rachel ŋutɔ. Esi wònɔ nu ƒom tso nukpɔsusu si nɔ esi esime wòdze Yehowa subɔsubɔ gɔme le ƒe 1995 me ŋu la, egblɔ be: “Mesusu be mewɔ nyateƒea tɔnyee hafi.” Eye wògblɔ kpee be: “Le video ma kpɔkpɔ vɔ megbe la, mekpɔe dze si be ƒe geɖee nye esia la, nyemenɔ nu boo aɖeke wɔm le subɔsubɔdɔa me o. Ehiã be maku kutri vevie le nyateƒea me ahatsɔ nye susu katã aɖo nye subɔsubɔdɔa kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu.” Fifia Rachel kpɔe be yele Yehowa subɔm dzonɔamemetɔe wu tsã. Nu kae do tso esia me nɛ? Egblɔ be: “Mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me va sẽ ɖe edzi wu. Nye gbedodoɖawo nyo ɖe edzi wu, nye ɖokuisinusɔsrɔ̃ de to ɖe edzi wu, si wɔe be mekpɔa dzidzɔ geɖe, eye meva ka ɖe Biblia me nudzɔdzɔwo dzi geɖe wu. Esia wɔe be mele dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔdɔa me ale gbegbe, eye mekpɔ dzidzeme vavã esi mekpɔ ale si Yehowa ƒe nyawo le akɔ fam na amewoe.”

13 Luke nye sɔhɛ bubu aɖe si video bubu si nye Young People Ask—What Will I Do With My Life? (Sɔhɛwo Biana Be—Agbemedɔ Kae Mawɔ?) kpɔkpɔ de dzi ƒo na. Esi Luke kpɔ video sia vɔ la, eŋlɔ bena: “Esia ʋãm be magbugbɔ ade ŋugble tso nye agbe ŋu.” Elɔ̃ ɖe edzi be: “Tsã la, amewo ƒonɛ ɖe nunye be made suku kɔkɔ ale be ga nanɔ asinye gbã eye emegbe hafi mava trɔ susu ɖe gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ŋu. Nyaƒoɖeamenu mawo mekpena ɖe ame ŋu wòwɔa gbɔgbɔmeŋgɔyiyi o; ɖe wònaa ame gbɔdzɔna le gbɔgbɔ me boŋ.” Nɔvi sɔhɛwo, ɖe manyo be miazã nu siwo miesrɔ̃ le suku la atsɔ akeke miaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu abe ale si Hannah wɔe ene oa? Eye ɖe manyo be miasrɔ̃ nu tso Rachel ƒe kpɔɖeŋua me to taɖodzinu siwo dea bubu Mawu ŋu ŋutɔŋutɔ la yome titi dzonɔamemetɔe me oa? Midze Luke ƒe kpɔɖeŋua yome bene miaƒo asa na afɔku siwo ƒe mɔ ɖe sɔhɛ geɖewo la.

Tsɔ Dzonɔameme Wɔ Ðe Nuxlɔ̃amewo Dzi

14. Tadedeagu ka ƒomevie dzea Yehowa ŋu, eye nu ka tae esia me léle ɖe asi sesẽ egbea?

14 Ehiã be Yehowa ƒe amewo nanɔ dzadzɛ hafi woƒe tadedeagu nate ŋu adze eŋu. Yesaya xlɔ̃ nu be: ‘Midzo, midzo, miʋu tso afi ma! Migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o! Miʋu tso [Babilon] . . . mi Yehowa ƒe nutsɔlawo, mikɔ mia ɖokui ŋu!’ (Yes. 52:11) Ƒe geɖewo do ŋgɔ hafi Yesaya nava ŋlɔ nya sia la, Fia nyui Asa tsɔ kutrikuku dze agbagba be yeaɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ ɖa le Yuda. (Mixlẽ 1 Fiawo 15:11-13.) Eye ƒe alafa nanewo megbe la, apostolo Paulo gblɔ na Tito be Yesu tsɔ eɖokui na be yeakɔ ye yomedzelawo ŋu ahawɔ wo “dukɔ si nye ye ŋutɔ tɔ koŋ, si doa vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me.” (Tito 2:14) Le egbexexe sia si me agbe baɖa nɔnɔ bɔ ɖo me la, mele bɔbɔe be woayi edzi anɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ gome o—vevietɔ sɔhɛwo. Le kpɔɖeŋu me, ele be Mawu subɔlawo katã, tsitsiawo kple ɖeviawo siaa, naʋli sesĩe bene woagaɖe mɔ amamaɖeɖenuwɔna siwo woklãna ɖe boblodoʋuƒowo dzi, esiwo woɖena fiana le television dzi, le sinimawo me, kple vevietɔ esiwo nɔa Internet dzi la, naƒo ɖi wo o.

15. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míalé fu vɔ̃?

15 Ne míetsɔa dzonɔameme wɔna ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃amewo dzi la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míalé fu vɔ̃. (Ps. 97:10; Rom. 12:9) Ele be míanyɔ ŋu amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ, hafi, abe ale si Kristotɔ aɖe gblɔe ene la, “míavo tso eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi, si le abe nuheŋusẽ ene la si me.” Le kpɔɖeŋu me, hafi nàte ŋu aɖe ga wuwlui siwo lé ɖe galékpe ŋuti la, ahiã be nàzã ŋusẽ si lolo wu galékpea tɔ. Nenema kee wòhiã kutrikuku geɖe hafi ame nate ŋu atsi tsitre ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo ƒe amebleŋusẽ ŋu. Gake ne míese ale si gbegbe amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ate ŋu agblẽ nu le mía ŋui gɔme la, akpe ɖe mía ŋu míalé fui. Nɔviŋutsu aɖe ku kutri vevie be yeadzudzɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ le Internet dzi. Eɖe eƒe kɔmpiuta la yi ɖada ɖe teƒe aɖe si eƒe ƒomea me tɔ susɔeawo ate ŋu anɔ nu si wɔm wòle la kpɔm le. Tsɔ kpe ɖe ema ŋu la, eya ŋutɔ ɖoe kplikpaa be yeakɔ ye ɖokui ŋu ahana dzo geɖe wu nanɔ ye me ɖe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu. Egaɖe afɔ bubu aɖe gɔ̃ hã. Esi wònɔ nɛ be wòazã Internet le eƒe dɔwɔɖui me kokoko ta la, eɖoe be ne ye srɔ̃ nɔ anyi ɖe ye xa ko hafi yeazã Internet.

Viɖe Siwo Dona Tso Agbe Ðɔʋu Nɔnɔ Me

16, 17. Ŋusẽ kae míaƒe agbe nyui nɔnɔ ate ŋu akpɔ ɖe ame siwo léa ŋku ɖe mía ŋu la dzi? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu ɖeka.

16 Nɔnɔme nyui ka gbegbe sɔhɛ siwo subɔa Yehowa la ɖena fiana le woƒe subɔsubɔ mee nye esi, eye kpɔ ale si gbegbe wòwɔa dɔ ɖe ame bubuwo dzii ɖa! (Mixlẽ 1 Petro 2:12.) Ŋutsu aɖe si wokpe va London Betel be wòava wɔ dɔ aɖe le agbalẽtamɔ aɖe ŋu la ƒe nukpɔsusu ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu trɔ kura le dɔwɔwɔ le afi ma ŋkeke ɖeka pɛ ko megbe. Srɔ̃a si Yehowa Ðasefo siwo nɔ nutoa me nɔ Biblia srɔ̃m kple la de dzesii be ye srɔ̃ ƒe nɔnɔme trɔ. Tsã la, melɔ̃na be Ðasefowo nava ye ƒe me o. Gake esi wòyi ɖawɔ dɔ ma le Betel gbɔ la, enɔ Ðasefowo kafum ale gbegbe le ale si wowɔ nu ɖe eŋu nyuie ta. Egblɔ be ame aɖeke megblɔ nya vlo aɖeke o. Ame sia ame gbɔ dzi ɖi na nɔvia, eye wole ŋutifafa me. Nu si wɔ dɔ ɖe edzi koŋ ye nye ale si nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu sɔhɛwo tsɔ woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ke faa henɔ dɔ wɔm dzonɔamemetɔe tsɔ nɔ asi kpem ɖe nya nyui kaka dɔa ŋu fetumaxɔmaxɔe.

17 Nenema kee nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo wɔa ŋutilãmedɔwo be woatsɔ akpɔ woƒe ƒomewo dzi la hã tsɔa dzi blibo wɔa woƒe dɔwoe. (Kol. 3:23, 24) Esia wɔnɛ be dɔ megena le wo si bɔbɔe o le esi woƒe dɔtɔwo dea asixɔxɔ ale si wotsɔa moveviɖoɖo wɔa dɔe ŋu ta, eye womedina be dɔwɔla mawo nado le yewo si me o.

18. Aleke míate ŋu aɖee afia be ‘míedoa vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me’?

18 Míaƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu, ale si míewɔna ɖe eƒe mɔfiamewo dzi, kple ale si míeléa be na míaƒe kpekpewɔƒewo la nye mɔ siwo dzi míetona ɖea míaƒe dzonɔameme ɖe Yehowa ƒe aƒea ŋu fiana la dometɔ aɖewo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míedi be míakpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me bliboe ale si míate ŋui. Míeɖanye sɔhɛwo alo ame tsitsiwo o, ne míewɔa nu sia nu si míate ŋui nɔa agbe ɖe dzidzenu dzadzɛ siwo do ƒome kple míaƒe tadedeagu nu la, míakpɔ viɖe geɖewo. Eye amewo ayi edzi anya mí be míenye ame siwo “doa vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me.”—Tito 2:14.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Ðewohĩ Asa ɖe nuxeƒe alo teƒe kɔkɔ siwo wodea ta agu na alakpamawuwo le la ɖa, ke menye teƒe siwo amewo dea ta agu na Yehowa le o. Alo ate ŋu anye be wogbugbɔ nuxeƒewo tu le Asa ƒe dziɖuɖu ƒe nuwuɣi lɔƒo, eye via Yosafat va ɖe wo ɖa.—1 Fia. 15:14; 2 Kron. 15:17.

Nu kae nèsrɔ̃ le Biblia kple egbegbe kpɔɖeŋuwo me tso

• ale si nàɖe wò dzonɔameme afia to gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dzi ŋu?

• ale si sɔhɛ Kristotɔwo ate ŋu ‘ado vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me’ ŋu?

• ale si woate ŋu aɖu numame gbegblẽwo dzi ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ðe nèzãa Biblia edziedzi le wò subɔsubɔdɔa mea?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Gbe bubu sɔsrɔ̃ esi nègakpɔtɔ le suku ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu