Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

To Nyateƒe Na Hawòvi

To Nyateƒe Na Hawòvi

To Nyateƒe Na Hawòvi

“Esi mieɖe aʋatsokaka ɖa azɔ la, mia dome ame sia ame neto nyateƒe na ehavi.”—EF. 4:25.

1, 2. Nukpɔsusu kae le ame geɖe si ku ɖe nyateƒe ŋu?

NYATEƑE nye nya aɖe si ŋu amewo hea nya le ƒe geɖewoe nye esia. Le ƒe alafa adelia D.Ŋ.M. me la, Helatɔwo ƒe hakpanyaŋlɔla si ŋkɔe nye Alcaeus gblɔ be: “Nyateƒe le wain me.” Eƒe nya sia fia be ne amewo no wain mu, eye ɖewohĩ wòde dzo lãme na wo be woaƒo nu ko hafi wotoa nyateƒe. Romatɔwo ƒe nutomefia Pontio Pilato si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me hã ɖee fia be nukpɔsusu totro ye le ye si ku ɖe nyateƒe ŋu esi wòbia Yesu ɖikeketɔe be: “Nu kae nye nyateƒe?”—Yoh. 18:38.

2 Nukpɔsusu vovovo siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu ku ɖe nyateƒe ŋu bɔ le míaƒe ŋkekea me. Ame geɖe gblɔna be gɔmesese vovovowoe le nya “nyateƒe” ŋu alo nu si nyea nyateƒe le ame aɖe gbɔ la menyea nyateƒe le ame bubu gbɔ o. Ame aɖewo toa nyateƒe nenye be esia wɔwɔ ade wo dzi alo ahe viɖe aɖe avae na wo enumake ko. Agbalẽ si nye The Importance of Lying (Alakpadada Ƒe Vevienyenye) gblɔ be: “Anukwareɖiɖi ate ŋu adze nɔnɔme dzeameŋu aɖe ŋutɔ ya, gake viɖe gobi aɖeke mele eŋu le agbe kple ku ƒe ʋiʋli hena agbetsitsi kple dedienɔnɔ la me o. Naneke meli amegbetɔ ate ŋu awɔ le nya sia gome o—ele be wòada alakpa kokoko hafi ate ŋu anɔ agbe.”

3. Nu ka tae míagblɔ be Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi le nyateƒetoto gome?

3 Aleke Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ƒe nukpɔsusu ku ɖe nyateƒe ŋu to vovo ye nye esi! Yesu ƒe nukpɔsusu le nyateƒe ŋu to vovo na xexea tɔ. Eto nyateƒe ɣesiaɣi. Eƒe futɔwo gɔ̃ hã gblɔ nɛ be: “Nufiala, míenyae be ètoa nyateƒe, eye èfiaa Mawu ƒe mɔ la le nyateƒe me.” (Mat. 22:16) Nenema kee Kristotɔ akuakuawo srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu egbea. Nyateƒetoto mevea wo kura o. Wolɔ̃na ɖe nuxlɔ̃ame sia si apostolo Paulo na eƒe haxɔsetɔwo la dzi bliboe, egblɔ be: “Esi mieɖe aʋatsokaka ɖa azɔ la, mia dome ame sia ame neto nyateƒe na ehavi.” (Ef. 4:25) Mina míade ŋugble le nu etɔ̃ aɖewo siwo dze le Paulo ƒe nya sia me la ŋu. Gbã la, ame kae nye mía havi? Evelia, nu kae wòfia be míato nyateƒe? Eye etɔ̃lia, aleke míate ŋu atsɔ nya sia ade dɔwɔwɔ me le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me?

Ame Kae Nye Mía Havi?

4. To vovo na nukpɔsusu si nɔ Yudatɔwo ƒe kplɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me si la, aleke Yesu ɖe Yehowa ƒe nukpɔsusu ku ɖe ame si nye mía havi ŋu la fiae?

4 Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖewo fiaa nu wo detɔwo be wo hati Yudatɔwo kple wo xɔlɔ̃wo koe wòdze be woayɔ be “havi.” Ke hã, Yesu ya ɖe Fofoa ƒe amenyenye kple tamesusu fia bliboe. (Yoh. 14:9) Eɖe dzesi ŋutɔ be Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be Mawu mevea ŋutigbalẽ alo dukɔ aɖe me tɔwo nu wu bubuwo o. (Yoh. 4:5-26) Gawu la, gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖee fia apostolo Petro be, “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.” (Dɔw. 10:28, 34, 35) Eya ta ele be míabu amewo katã be wonye mía haviwo, eye míaɖe lɔlɔ̃ afia ame siwo léa fu mí gɔ̃ hã.—Mat. 5:43-45.

5. Nu kae wòfia be míato nyateƒe na mía havi?

5 Ke hã, nu kae Paulo wɔnɛ esime wògblɔ be míato nyateƒe na mía havi? Nyateƒetoto bia be míagblɔ ale si tututu nya la le alakpa aɖeke manɔmee. Kristotɔ vavãwo medea axa nya alo trɔa asi le nyateƒenyawo ŋu bene woatsɔ aflu amewo o. “[Wonyɔa] ŋu nu vɔ̃ɖi” eye “[woléna] ɖe nu si nyo la ŋu.” (Rom. 12:9) Le “Mawu nuteƒetɔ” la sɔsrɔ̃ me la, ele be míadze agbagba be míaɖi anukware ahagblɔ nyawo ale si tututu wole le míaƒe nuwɔnawo katã me. (Ps. 15:1, 2; 31:6) Ne míebua nya siwo míagblɔ ŋu nyuie la, míate ŋu atsɔ aɖaŋudzedze akpɔ nya ɖefunamewo alo nya madeamedziwo gbɔ, evɔ míada alakpa o.—Mixlẽ Kolosetɔwo 3:9, 10.

6, 7. (a) Ðe nyateƒetoto fia be míaʋu go mía ŋuti nya ɖe sia ɖe na ame sia ame si bia nya mía? Ðe eme. (b) Ame kawo dzie míate ŋu aka ɖo ahato nyateƒe na wo?

6 Ðe nyateƒetoto na amewo fia be míaʋu go nyatakaka ɖe sia ɖe na ame sia ame si ko abia nya aɖe mía? Mefia nenema kokoko o. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖee fia be ame aɖewo medze woaɖo nya ŋu na wo tẽe alo aʋu go nyatakaka aɖewo na wo o. Esi subɔsubɔhakplɔla alakpanuwɔlawo bia Yesu be wòagblɔ afi si wòkpɔ ŋusẽ si wòtsɔ wɔa dzesiwo kple nukunuwo tsoe la na yewo la, egblɔ na wo be: “Mabia nya ɖeka mi. Miɖo eŋu nam, ekema nye hã magblɔ ŋusẽ si metsɔna wɔa nu siawoe la na mi.” Esi agbalẽfialawo kpakple amegãwo medi be yewoaɖo nya ŋu na Yesu o la, egblɔ na wo be: “Nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ le nu siawo wɔmee la na mi o.” (Mar. 11:27-33) Mekpɔe be ehiã be yeaɖo woƒe nyabiasea ŋu na wo o le woƒe nu fitifiti wɔwɔ kple xɔsemanɔamesi ƒe nuwɔnawo ta. (Mat. 12:10-13; 23:27, 28) Nenema kee wòhiã egbea be Yehowa ƒe amewo nanɔ ŋudzɔ ɖe xɔsegbelawo kple ame vɔ̃ɖi bubu siwo zãa alakpanya siwo ŋu wotrɔ asi le aɖaŋutɔe hena woƒe ɖokuitɔdidi ƒe taɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo la ŋu.—Mat. 10:16; Ef. 4:14.

7 Paulo hã ɖee fia be ame aɖewo li siwo medze be woaɖo nya sia nya ŋu na o. Egblɔ be “amenyagblɔlawo, [siwo nɔa] nu dem ame bubuwo ƒe nyawo me” la nɔa “nya siwo mele be woagblɔ o la gblɔm.” (1 Tim. 5:13) Ɛ̃, amewo madi be yewoagblɔ yewoƒe nyawo na ame siwo nɔa nu dem ame bubuwo ƒe nyawo me alo ame siwo dzi womate ŋu aka ɖo o la o. Aleke gbegbe wòhenyo wue nye esi be míawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Miaɖoe miaƒe taɖodzinu be yewoanɔ anyi kpoo, eye miakpɔ mia ŋutɔwo miaƒe nyawo gbɔ.” (1 Tes. 4:11) Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, ahiã be hamemetsitsiwo nabia nya aɖewo mí siwo ku ɖe mía ŋu bene woate ŋu awɔ woƒe dɔdeasiwo nyuie. Le go sia me la, ne míewɔ nu aduadu kpli wo le nyateƒetoto na wo me la, adzɔ dzi na wo ŋutɔ, eye aɖe vi geɖe.—1 Pet. 5:2.

To Nyateƒe Le Ƒomenyawo Me

8. Aleke nyateƒetoto kpena ɖe ƒomea me tɔwo ŋu wo dome nɔna kplikplikpli?

8 Zi geɖe la, mía kple míaƒe ƒomea me tɔwo domee nɔa kplikplikpli wu. Be míana kadodo ma me nasẽ ɖe edzi wu la, ele vevie be míato nyateƒe na mía nɔewo. Míate ŋu aɖe kuxi kple nugɔmemasemase na ame nɔewo geɖewo dzi akpɔtɔ alo aƒo asa na wo kura ne míeɖoa dze faa, ɖia anukware heƒoa nu na mía nɔewo tufafatɔe. Le kpɔɖeŋu me, ne míewɔ vodada aɖe la, ɖe wòsesẽna na mí be míagblɔ na míaƒe kpeɖeŋutɔa, mía viwo, alo ƒometɔ kplikplikpli bubu aɖe be mía tɔ medzɔ oa? Kukuɖeɖe tso dzi me anukwaretɔe doa ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le ƒomea me.—Mixlẽ 1 Petro 3:8-10.

9. Nu ka tae nyateƒetoto mefia be míaƒo nu na amewo ale si ko nyawo va susu me na mí alo amemabumabutɔe o?

9 Nyateƒetoto mefia be míagblɔ nya sia nya si ko va susu me na mí la ŋumaɖɔɖotɔe o. Nuƒoƒo na ame amemabumabutɔe menaa asixɔxɔ nɔa míaƒe nyawo ŋu wu alo wɔa dɔ ɖe ame dzi wu o. Paulo gblɔ bena: “Mina woaɖe ameléleɖedɔme kaɖikaɖi kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kpakple dzugbewo, ɖa le mia dome hekpe ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe sia ɖe ŋu. Ke boŋ mizu ame siwo nyoa dɔme na wo nɔewo, miaƒe dɔme netrɔ ɖe mia nɔewo ŋu vevie, eye mitsɔ nɔ mia nɔewo kem faa, abe ale si ko Mawu hã to Kristo dzi tsɔ ke mi faa ene.” (Ef. 4:31, 32) Ne míeƒo nu na amewo tufafatɔe le mɔ si ade bubu wo ŋu nu la, enaa asixɔxɔ nɔa míaƒe nyawo ŋu wu, eye wòɖenɛ fiana be míedea bubu ame siwo míele nua ƒom na la ŋu.—Mat. 23:12.

To Nyateƒe Le Hame Ƒe Nyawo Me

10. Nu kae hamemetsitsi Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso nyateƒetoto ƒe kpɔɖeŋu nyui si Yesu ɖo ɖi la me?

10 Yesu ƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo le mɔ bɔbɔe si le tẽe nu. Eɖoa aɖaŋu na amewo le lɔlɔ̃ me ɣesiaɣi, gake metɔa tsi eƒe nyawo kple susu be wòadzɔ dzi na wo o. (Yoh. 15:9-12) Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu ƒe apostolowo ʋli nya le wo nɔewo dome enuenu ku ɖe ame si nye gã wu ŋuti la, etsɔ moveviɖoɖo kple dzigbɔɖi kpe ɖe wo ŋu be woakpɔ nu si tae wòle vevie be woabɔbɔ wo ɖokuiwo la adze sii. (Mar. 9:33-37; Luka 9:46-48; 22:24-27; Yoh. 13:14) Nenema kee egbea hã togbɔ be hamemetsitsi Kristotɔwo tɔa afɔ to sesĩe le dzɔdzɔenyenye gome hã la, womeɖua aƒetɔ ɖe Mawu ƒe alẽha la dzi o. (Mar. 10:42-44) Ke boŋ le Kristo sɔsrɔ̃ me la, ‘wonyoa dɔme na wo nɔewo’ eye woƒe ‘dɔme trɔna ɖe amewo ŋu vevie.’

11. Ŋusẽ kae wòle be lɔlɔ̃ na mía nɔviwo nakpɔ ɖe ale si míezãa míaƒe aɖee la dzi?

11 Ne míetoa nyateƒe na mía nɔviwo, gake wɔnɛ le ŋuɖɔɖo me la, míate ŋu agblɔ nu si le míaƒe susu me la na wo, evɔ míagblɔe le mɔ si ave wo la nu o. Le nyateƒe me la, míadi gbeɖe be míaƒe aɖe nanɔ “abe yitɔame ene,” si fia be míazãe atsɔ agblɔ nya veamewo alo gbɔ̃ɖiamenya siwo ade abi amewo ƒe seselelãmewo ŋu o. (Ps. 52:4; Lod. 12:18) Lɔlɔ̃ na mía nɔviwo akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ “[míaƒe] aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu kple [míaƒe] nuyiwo dzi, ne womagagblɔ alakpanya o!” (Ps. 34:14) Míetoa esia wɔwɔ me dea bubu Mawu ŋu, eye míedoa ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le hamea me.

12. Ɣekaɣiwoe wòahiã be hamemetsitsiwo nadrɔ̃ ʋɔnu le alakpadada aɖe ŋu? Ðe eme.

12 Hamemetsitsiwo kua kutri be yewoakpɔ hamea ta tso ame siwo daa alakpa vɔ̃ɖiwo la si me. (Mixlẽ Yakobo 3:14-16.) Ame si daa alakpa vɔ̃ɖi la wɔnɛ kple susu be yeagblẽ nu le ame aɖe ŋu; eƒe taɖodzinue nye be amea nakpe fu le mɔ aɖe nu alo nu nate ɖe edzi. Eyi ŋgɔ wu alakpa viviviwo dada, alo amiɖeɖe ɖe nya ko. Ele eme be alakpadada ɖe sia ɖe nye nu gbegblẽ ya, gake menye nyateƒematomato ɖe sia ɖe ŋue wòhiãna be hamemetsitsiwo nadrɔ̃ ʋɔnu le o. Eya ta ele be hamemetsitsiwo nawɔ dadasɔ, nugɔmesename, kple nuŋububu nyui ŋu dɔ, ne wole nyametsotso wɔm be woakpɔe ɖa be ɖe ame aɖe si gblɔ alakpanya aɖewo la ɖoe koŋ da alakpa vɔ̃ɖiwo, siwo ŋu wòahiã be woadrɔ̃ ʋɔnu le mahã. Alo ɖe Ŋɔŋlɔawo tsɔtsɔ agbe nya na amea ŋkubiãtɔe le lɔlɔ̃ me ɖeɖe dzaa asua?

To Nyateƒe Le Dɔwɔɖuinyawo Me

13, 14. (a) Mɔ kawo nue ame aɖewo metoa nyateƒe na woƒe dɔtɔwo o le? (b) Nu nyui kawoe ate ŋu ado tso anukwareɖiɖi kple nyateƒetoto le dɔwɔƒe me?

13 Míele ɣeyiɣi aɖe si me anukwaremaɖimaɖi xɔ aƒe ɖo me, eya ta ate ŋu asesẽ be míaɖu anukwaremaɖimaɖi na míaƒe dɔtɔ ƒe tetekpɔa dzi. Amewo daa alakpa ŋumakpemakpetɔe ne wole dɔ dim. Le kpɔɖeŋu me, ne wole woƒe dɔdigbalẽwo ŋlɔm la, wokpaa nya kpea woƒe nuteƒekpɔkpɔwo kple sukudede ŋuti nyatakakawo kple susu be dɔ si nyo wu alo esi ƒe fetu lolo wu nasu yewo si. Le go bubu me la, dɔwɔla geɖe gblɔna be yewole dɔ wɔm na yewoƒe dɔtɔ evɔ le nyateƒe me la woawo ŋutɔwo ƒe nyawo gbɔ kpɔmee wonɔna, togbɔ be esia tsi tsitre ɖe dɔwɔƒea ƒe sewo ŋu hã. Wotea ŋu nɔa agbalẽ siwo medo ƒome kple woƒe dɔa o la xlẽm, nɔa ka ƒom na woƒe ame nyanyɛwo, nɔa nyatakaka siwo medo ƒome kple woƒe dɔa o la ɖom ɖe amewo to kɔmpiuta dzi, alo nɔa Internet zãm.

14 Kristotɔ vavãwo mebua anukwareɖiɖi kple nyateƒetoto be wonye nu si ne ame lɔ̃ ko hafi wòawɔe o. (Mixlẽ Lododowo 6:16-19.) Paulo gblɔ be: “Míedina be míawɔ nu le anukwareɖiɖi me le nuwo katã me.” (Heb. 13:18) Eya ta Kristotɔwo wɔa dɔ ŋkeke ɖeka blibo ɖe ŋkeke ɖeka blibo ƒe fetu ta. (Ef. 6:5-8) Ne míewɔa dɔ veviedodotɔe la, ate ŋu ahe kafukafu avae na mía Fofo si le dziƒo la. (1 Pet. 2:12) Le kpɔɖeŋu me, Roberto, si le Spain, ƒe dɔtɔ kafui ɖe eƒe anukwareɖiɖi kple dɔwɔwɔ veviedodotɔe ta. Le Roberto ƒe nɔnɔme nyui siwo wòɖena fiana ta la, woxɔ Ðasefo bubuwo ɖe dɔwɔƒea. Ðasefo siawo hã ɖee fia be dɔwɔla dovevienuwoe yewonye. Le ƒe siwo va yi me la, Roberto na woxɔ nɔvi xɔnyɔnyrɔ 23 kple Biblia nusrɔ̃vi 8 ɖe dɔ me!

15. Aleke wòle be Kristotɔ asitsala naɖee afia be yetoa nyateƒe?

15 Ne ɖokuisidɔwɔlawoe míenye la, ɖe míetoa nyateƒe le míaƒe dɔwɔnyawo mea, alo ɖe míedoa kpo nyateƒetoto na mía havi ɣeaɖewoɣia? Mele be Kristotɔ asitsala naɖe ami ɖe eƒe nudzadzra ƒe nyonyome alo dɔ si wòwɔna na amewo kple susu be amewo naƒle nu na ye kaba o; eye mele be wòaxɔ zãnu alo ana zãnu hã o. Míedi be míawɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si mía ŋutɔwo míadi be woawɔ nu ɖe mía ŋui ene.—Lod. 11:1; Luka 6:31.

To Nyateƒe Na Dziɖuɖuwo

16. Nu kawoe Kristotɔwo tsɔna naa (a) dziɖuɖuwo? (b) Yehowa?

16 Yesu gblɔ be: “Mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, gake nu siwo nye Mawu tɔ la, na Mawu.” (Mat. 22:21) “Nu” ka ƒomeviwoe wòle be míatsɔ ana Kaisaro alo dziɖuɖuwo? Esi Yesu gblɔ nya siawo la, adzɔxexe koŋ ŋue wonɔ nu ƒom tsoe. Eya ta be dzitsinya dzadzɛ nakpɔtɔ anɔ Kristotɔwo si le Mawu kple amewo ŋkume la, wowɔna ɖe dukɔ si me wole la ƒe sewo dzi, eye se siawo dometɔ aɖee nye adzɔxexe. (Rom. 13:5, 6) Ke hã, míenya be Yehowa ye nye Dziɖula Gã, Mawu vavã ɖeka kolia si míelɔ̃ kple míaƒe dzi, luʋɔ, tamesusu, kple ŋusẽ blibo. (Mar. 12:30; Nyaɖ. 4:11) Eya ta míebɔbɔa mía ɖokuiwo na Yehowa Mawu tso dzi blibo me.—Mixlẽ Psalmo 86:11, 12.

17. Aleke Yehowa ƒe amewo bua dziɖuɖu ƒe kpekpeɖeŋunaɖoɖowo?

17 Le dukɔ geɖe me la, dziɖuɖu ƒe kpekpeɖeŋunaɖoɖowo li be woatsɔ ana ŋutilãmekpekpeɖeŋu ame siwo hiãe. Naneke megblẽ le eŋu be Kristotɔ naxɔ kpekpeɖeŋu ma o—ne enya dze na exɔxɔ ko. Nyateƒetoto na mía havi abia be Kristotɔ naƒo asa na nyatakaka fluame alo esiwo menye nyateƒe o nana dziɖuɖumegãwo kple susu be yeate ŋu axɔ dziɖuɖu ƒe kpekpeɖeŋu.

Yayra Siwo Dona Tso Nyateƒetoto Me

18-20. Yayra kawoe dona tso nyateƒetoto na mía havi me?

18 Yayra siwo dona tso nyateƒetoto me la sɔ gbɔ. Dzitsinya dzadzɛ yia edzi nɔa mía si, eye esia naa susumekɔdzeanyi kple dzidzeme mí. (Lod. 14:30; Fp. 4:6, 7) Asixɔxɔ gã aɖe le dzitsinya dzadzɛ ƒe mía si nɔnɔ ŋu le Mawu ŋkume. Nenema kee ne míetoa nyateƒe le nuwo katã me la, mahiã be míanɔ vɔvɔ̃m be amewo ava nya nu tso míaƒe nuwɔna ŋu loo alo woava klo nu le mía dzi o.—1 Tim. 5:24.

19 Gabu yayra bubu aɖe hã ŋu kpɔ. Paulo gblɔ be: “Míeɖea mía ɖokui fiana le mɔ sia mɔ nu be míenye Mawu ƒe subɔlawo, . . . to nyateƒetoto dzi.” (2 Kor. 6:4, 7) Alea tututue wònɔ le Ðasefo aɖe si le Britain la gome. Esi wòdi be yeadzra ʋu aɖe na ame aɖe la, egblɔ nu nyui siwo katã le ʋua ŋu kple kuxi siwo le eŋu la siaa nɛ; egblɔ esiwo menɔ dzedzem o la hã nɛ. Esi ame si di be yeaƒle ʋua do ʋua kpɔ vɔ la, ebia nɔviŋutsua be Yehowa Ðasefoe wònye mahã. Nu ka tae wòbia nya mae ɖo? Ŋutsua de dzesi nɔvia ƒe anukwareɖiɖi kple eƒe awudodo ɖe nɔnɔme nyui me siaa. Esia ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na nɔvia wòɖi ɖase nyui aɖe na ŋutsua.

20 Ðe míawo hã míetoa míaƒe nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia dzi hea kafukafu vanɛ na mía Wɔla la nenema kea? Paulo gblɔ be: “Míegbe nu le bebemenu, siwo ta wòle be ŋu nakpe ame ɖo la gbɔ, eye míezɔna le ayemenuwɔwɔ me o.” (2 Kor. 4:2) Eya ta mina míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míato nyateƒe na mía havi. Ne míewɔnɛ alea la, míahe ŋutikɔkɔe avae na mía Fofo si le dziƒo la kple eƒe amewo siaa.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Ame kae nye mía havi?

• Nu kae wòfia be míato nyateƒe na mía havi?

• Aleke nyateƒetoto ate ŋu ahe ŋutikɔkɔe avae na Mawu?

• Yayra kawoe dona tso nyateƒetoto me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Èlɔ̃na ɖe vodada suesuewo gɔ̃ hã dzi kaba?

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ðe nètoa nyateƒe ne èle dɔdigbalẽ ŋlɔma?