Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mate Ŋu Aɖo Eteƒe Na Yehowae?

Aleke Mate Ŋu Aɖo Eteƒe Na Yehowae?

Aleke Mate Ŋu Aɖo Eteƒe Na Yehowae?

Abe ale si Ruth Danner gblɔe ene

Dada gblɔna fefetɔe be ƒe 1933 nye dzɔgbevɔ̃eƒe: Hitler va zi dzi, [Katolikotɔwo ƒe] papa ɖe gbeƒã ƒe ma be enye Ƒe Kɔkɔe, eye wodzim le ƒe ma me.

YUTZ, si le France ƒe nuto aɖe si woyɔna be Lorraine, si te ɖe Germany ƒe de ŋu, si me nu ɖedzesiwo dzɔ le le ŋutinya me la, mee dzinyelawo nɔ. Le ƒe 1921 me la, Papa si nye Protestanttɔ la ɖe Dada si nye Katolikotɔ dovevienu aɖe. Wodzi nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ Helen le ƒe 1922 me, eye dzinyelawo na wode mawutsi ta nɛ le Katolikoha me esime wònye vidzĩ ko.

Gbe ɖeka le ƒe 1925 me la, Papa xɔ Germanygbe me gbalẽ aɖe si ƒe ŋkɔe nye The Harp of God ƒe tata ɖeka. Agbalẽ ma xexlẽ na wòka ɖe edzi be yeke ɖe nyateƒea ŋu. Eŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe agbalẽa talawo, eye wona wòke ɖe Bibelforscher-wo ŋu—ŋkɔ siae woyɔna na Yehowa Ðasefowo tsã le Germany. Enumake Papa te gbeƒãɖeɖe nyateƒe si ŋu wòke ɖo la na amewo. Esia medzɔ dzi na Dada kura o. Egblɔna le eƒe Germanygbe si nya sena la me be: “Wɔ nu sia nu si dze ŋuwò faa, gake mègade ha kple Bibelforscher mawo o!” Ke hã, Papa tso nya me xoxo, eye le ƒe 1927 me la, exɔ nyɔnyrɔ hezu wo dometɔ ɖeka.

Esia wɔe be mamanye, si nye danye nɔ, te eƒoƒo ɖe Dada nu be wòagbe fofonye. Gbe ɖeka le Misa wɔɣi la, nunɔla la xlɔ̃ nu eƒe hameviwo be: “Migagogo aʋatsonyagblɔɖila Danner o.” Esi mamanye gbɔ tso Misa gbe ma gbe la, eda seƒoƒoze tso míaƒe dziƒoxɔ dzi be wòadze Papa. Seƒoƒoze kpekpe ma va dze Papa ƒe abɔta, esusɔ vie wòdze ta dzi nɛ kloe. Nudzɔdzɔ ma na Dada gblɔ na eɖokui be, ‘Subɔsubɔha aɖe si trɔa amewo wozua amewulawo mate ŋu anye subɔsubɔha nyui o.’ Ete Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo xexlẽ. Eteƒe medidi o, eka ɖe edzi be yeke ɖe nyateƒea ŋu, eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1929 me.

Dzinyelawo wɔ woƒe ŋutete katã kpe ɖe mía kple nɔvinyenyɔnua ŋu be míabu Yehowa abe ame ŋutɔŋutɔ ene. Woxlẽa Biblia me ŋutinyawo na mí hebiaa míaƒe nukpɔsusu le nu si tae ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la wɔ nu nenema ɖo. Ɣemaɣi la, Papa ɖoe be yemagawɔ zãdɔ alo fiẽsidɔ o, togbɔ be esia na ga geɖe toa ƒomea ŋu hã. Edi be yeakpɔ ɣeyiɣi ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo, gbeƒãɖeɖedɔa, kpakple nusɔsrɔ̃ kple ye viwo ŋu.

Nɔnɔme Sesẽwo Nɔ Mɔ Dzi Gbɔna

Dzinyelawo wɔa amedzro na dzikpɔla mɔzɔlawo kple Betel dɔwɔla siwo tso Switzerland kple France la zi geɖe. Nɔvi siawo ƒoa nu tso nɔnɔme sesẽ siwo me tom míaƒe haxɔsetɔwo nɔ le Germany, si didi kilometa ʋɛ aɖewo ko tso mía gbɔ la, ŋu na mí. Nazi dziɖuɖua nɔ Yehowa Ðasefowo lém nɔ ɖoɖom ɖe fuwɔamegaxɔwo me, eye woxɔa ɖeviwo le dzila Ðasefowo si.

Mía dzilawo dzra mía kple Helen ɖo ɖe nɔnɔme sesẽ siwo nɔ ŋgɔ na mí la ŋu. Mía dzilawo kpe ɖe mía ŋu míelé mawunyakpukpui siwo afia mɔ mí le nɔnɔme mawo me la ɖe susu me. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔna na mí be: “Ne mienya nu si miawɔ o la, miɖo ŋku Lododowo 3:5, 6 me nyawo dzi. Ne miele vɔvɔ̃m na dodokpɔwo le suku la, mizã 1 Korintotɔwo 10:13. Ne woɖe mi ɖa le mía ŋu la, minɔ Lododowo 18:10 xlẽm tso susu me.” Melé Psalmo 23 kple 91 lia me nyawo ɖe susu me, eye meva ka ɖe edzi be Yehowa akpɔ tanye ɣesiaɣi.

Le ƒe 1940 me la, Germany Nazi dziɖuɖua xɔ Alsace-Lorraine, eye dziɖuɖu yeye sia bia tso ame tsitsi ɖe sia ɖe si be wòaɖo Nazi dunyaheha la me. Papa gbe be yemaɖo ha ma me o, esia wɔe be Adzamekpovitɔwo do ŋɔdzi nɛ be yewoalée. Esi Dada gbe be yematɔ asrafowuwo o la, Adzamekpovitɔwo te ŋɔdzidodo na eya hã.

Suku va zu teƒe dziŋɔ aɖe nam. Gbe sia gbe la, sukuviawo dzea ŋkekea ƒe wɔnawo gɔme le sukuxɔ si me menɔ la me kple gbedodoɖa na Hitler, wogblɔa “Heil Hitler” ƒe gbedonamea, eye wodoa abɔ ɖe dzi hedzia duha la. Le esi dzinyelawo nagblɔ nam ko be nyemegakpɔ gome le Hitler ƒe gbedonamea me o teƒe la, ɖe wokpe ɖe ŋunye boŋ mena hehe nye dzitsinya. Eya ta nye ŋutɔ metso nya me le ɖokuinye si be nyemakpɔ gome le Nazitɔwo ƒe gbedoname ma me o. Nufialawo ƒo tome nam, eye wodo ŋɔdzi nam be yewoanyam le sukua. Gbe ɖeka la, wona metsi tsitre ɖe nufiala 12-awo katã ŋkume; mexɔ ƒe adre ɣemaɣi. Wodze agbagba be yewoazi dzinye mado gbe na Hitler. Ke hã, Yehowa kpe ɖe ŋunye menɔ tsitre sesĩe.

Nufialawo dometɔ ɖeka, si nye nyɔnu la, nɔ agbagba dzem be yeable nunye. Egblɔ nam be, sukuvi nyui aɖee menye, yelɔ̃ nye nya gbɔ ŋutɔ, eye ate ɖe ye dzi be woanyam le sukua. Egblɔ be: “Mehiã be nàdo abɔ ɖe dzi o, wò ya kɔe yi dzi vie ko. Eye mehiã be nàgblɔ be ‘Heil Hitler’ o! Wò ya ʋã wò nuyiwo abe ɖe nèle egblɔm ene ko.”

Esi megblɔ nu si nufialaa nɔ wɔwɔm la na Dada la, eɖo ŋku Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe Hebrivi etɔ̃ siwo gbe be yewomade ta agu na legba si Babilon fia li la o la dzi nam. Danye biam be: “Nu kae wobia tso wo si be woawɔ?” Meɖo eŋu be: “Be woabɔbɔ.” Ebiam be: “Nenye be le ɣeyiɣi ma si me wobia tso wo si be woabɔbɔ ade ta agu na legbaa me la, wobɔbɔ be yewoabla yewoƒe afɔkpakawo la, ɖe wòasɔa? Wò ŋutɔ tso nya me, wɔ nu si nèsusu be enyo.” Abe ale si Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego wɔe ene la, metso nya me be Yehowa koe mawɔ nuteƒe na.—Dan. 3:1, 13-18.

Nufialaawo nyam le suku zi geɖe, eye wodo ŋɔdzi nam be yewoaxɔm le dzinyelawo si. Metsi dzodzodzoe, gake dzinyelawo yi edzi nɔ dzi dem ƒo nam. Hafi madzo le aƒe me ayi suku la, Dada doa gbe ɖa kplim hebiana be Yehowa nakpɔ tanye. Menyae be Mawu ado ŋusẽm manɔ nyateƒea ƒe akpa dzi sesĩe. (2 Kor. 4:7) Papa gblɔ nam be, ne nyaƒoɖeamenua nu va sẽ akpa la, mate ŋu agbɔ ava aƒe me faa. Egblɔ nam be: “Míelɔ̃ wò. Mía vi koe nànye ɖaa. Mia kple Yehowa domee nya la le.” Nya mawo na nye didi be malé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi me gasẽ ɖe edzi.—Hiob 27:5.

Enuenu la, Adzamekpovitɔwo va dia Ðasefowo ƒe agbalẽwo le míaƒe aƒe me, eye wobiaa gbe dzinyelawo. Wokplɔa danye dzonɛ gaƒoƒo geɖe, eye woyina ɖakplɔa fofonye kple nɔvinyenyɔnu hã le woƒe dɔwɔƒewo. Nyemenyana ne Dada anɔ aƒe me hafi magbɔ tso suku o. Ɣeaɖewoɣi la, aƒelika aɖe agblɔ nam be: “Wokplɔ dawò dzoe lo!” Mebena ɖe aƒe me henɔa ɖokuinye biam be: ‘Ðe wole funyafunya wɔmee ɖaa? Ðe magakpɔe akea?’

Wolé Mí Dzoe

Le January 28, 1943 ƒe fɔŋli ga etɔ̃ kple afã la, Adzamekpovitɔwo va nyɔ mí. Wogblɔ be ne mía kple dzinyelawo kpakple nɔvinyenyɔnua míeɖo Nazi dunyahehaa me la, yewomakplɔ mí adzoe o. Wona gaƒoƒo etɔ̃ mí be míatsɔ adzra ɖo. Dada dzra ɖo ɖe nɔnɔmea ŋu do ŋgɔ, eye wòdo míaƒe agba da ɖi xoxo hetsɔ Biblia de eme. Eya ta míezã ɣeyiɣi ma tsɔ do gbe ɖa hede dzi ƒo na mía nɔewo. Papa ɖo ŋku edzi na mí be, ‘naneke mate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o.’—Rom. 8:35-39.

Adzamekpovitɔawo trɔ va vavã. Nyemaŋlɔ ale si nɔvinyɔnu tsitsi Anglade nɔ asi ʋuʋum na mí kple aɖatsiwo la be o. Adzamekpovitɔawo kɔ mí ɖe ʋu me yi ketekedzeƒe si nɔ Metz. Míeɖo keteke, eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la, míeva ɖo Kochlowice, si nye asaɖa aɖe si nɔ Auschwitz fuwɔamesaɖa si nɔ Poland la ƒe dzikpɔkpɔ te. Ɣleti eve megbe la, woɖe mí yi Gliwice, si nye nyɔnu saɖeagaxɔmenɔlawo ƒe nɔƒe aɖe si wotrɔ wòzu dɔsesẽwɔsaɖa. Nazitɔwo gblɔ na mí be, ne mía dometɔ ɖe sia ɖe de asi agbalẽ te tsɔ gbe nu le eƒe xɔse gbɔ la, yewoaɖe asi le mía ŋu ahagbugbɔ míaƒe nunɔamesiwo ana mí. Papa kple Dada gbe, eye mía lélawo gblɔ na mí be, “Miele tɔtrɔ ge ayi aƒe me gbeɖe o.”

Le June me la, woɖe mí yi Swietochlowice, taɖui aɖe te fuɖeɖe nam le afi ma, eye wògale ŋunye va se ɖe egbe. Dɔlékui aɖe va ɖo nye asibidewo me, eye ɖɔkta aɖe ho nye fetsuwo dometɔ geɖe evɔ medo vevesesenutsitike nam o. Gake nane si nyo le nya la mee nye be meyia abolomeƒe aɖe edziedzi esi wònye be asrafowo dɔam meyia teƒeteƒewo ta. Eye nyɔnu aɖe nɔ afi ma naa nuɖuɖum.

Va se ɖe ɣemaɣi la, míaƒe ƒomea nɔ teƒe ɖeka heɖe vovo tso gaxɔmenɔla bubuwo gbɔ. Le October 1943 me la, wokplɔ mí yi asaɖa aɖe si nɔ Ząbkowice la me. Míemlɔ abati tuɖedziwo dzi le xɔtaxɔe aɖe me, eye ame siwo ade 60 siwo dome ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo nɔ lae mlɔa afi ma. SS-srafowo kpɔ egbɔ be nuɖuɖu si yewonaa mí la gblẽ keŋkeŋ kloe.

Togbɔ be míenɔ nɔnɔme sesẽwo me tom hã la, mɔkpɔkpɔ mebu ɖe mí kpɔ o. Míexlẽe le Gbetakpɔxɔ me be gbeƒãɖeɖedɔ gã aɖe ayi edzi le aʋa la megbe. Eya ta míenya nu si tae míenɔ fu kpem ɖo, eye míenyae hã be eteƒe madidi o nɔnɔme sesẽawo nu ava yi.

Esi míese be Dukɔ Wɔɖekawo ƒe asrafowo nɔ mía gogom la, míekpɔe dze sii be aʋa la menɔ Nazitɔwo kpam o. Le ƒe 1945 ƒe gɔmedzedze me la, SS-srafoawo tso nya me be yewoagblẽ míaƒe asaɖa la ɖi. Le February 19 dzi la, wozi mía dzi míedze kilometa 240 kloe ƒe afɔzɔzɔ aɖe gɔme. Ɣleti ene megbe la, míeva ɖo Steinfels, le Germany, afi si dzɔlawo lɔ gamenɔlawo yi ɖakɔ ɖe tomenukuƒe aɖe me le. Ame geɖewo susui be woawu mí. Gake gbe ma gbe la, Dukɔ Wɔɖekawo ƒe asrafoawo va ɖo, SS-srafowo si, eye míaƒe fukpekpewo nu yi.

Nye Taɖodzinuwo Gbɔ Ðoɖo

Le May 5, 1945, si nye ƒe eve kple afã kloe megbe la, míetrɔ gbɔ va mía de Yutz, míeƒo ɖi, eye yɔe ƒomevi aɖewo ƒo ɖe mía ŋu fũu. Tso keke February me ke la, míeɖɔ li míaƒe awuwo kpɔ o, eya ta míeɖoe be míatɔ dzo awu xoxo mawo. Meɖo ŋku edzi be danye gblɔ na mí be: “Mina esia nanye ŋkeke nyuitɔ kekeake le míaƒe agbe me. Naneke mele mía si o. Awu siwo le mía ŋu gɔ̃ hã menye mía tɔwo o. Ke hã, mí ame eneawo katã míelé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi va se ɖe esime míegbɔ. Míena ta o.”

Menɔ Switzerland va se ɖe esime nye lãme sẽ le ɣleti etɔ̃ megbe, eye megadze suku gɔme. Gake fifia ya la, nyemeganɔ vɔvɔ̃m be woanyam o. Fifia míetea ŋu kpena kple míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo heɖea gbeƒã le gaglãgbe. Le August 28, 1947 dzi, esime mexɔ ƒe 13 la, mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe adzɔgbe si meɖe na Yehowa ƒe geɖe do ŋgɔ la dzi le dutoƒo. Fofonye nyrɔm le Moselle Tɔsisi la me. Medi be mazu mɔɖela enumake, gake Papa te tɔ ɖe edzi be ele be masrɔ̃ dɔ aɖe hafi. Eya ta mesrɔ̃ awutɔtɔ. Le ƒe 1951 me, esime mexɔ ƒe 17 la, mezu gbesiagbe mɔɖela, eye woɖom ɖe du aɖe si te ɖe mía ŋu si ŋkɔe nye Thionville be maɖasubɔ le afi ma.

Le ƒe ma me la, mede takpekpe aɖe le Paris, eye mekpe agbalẽ ɖo hena dutanyanyuigblɔlawo ƒe suku dede. Nyemetsi ade sukua o, eya ta Nɔviŋutsu Nathan Knorr gblɔ nam be yeada nye dɔbiagbalẽvia ɖi “ahawɔ eŋu dɔ emegbe.” Le June 1952 me la, wokpem be made Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua ƒe klass 21 lia le South Lansing si le New York, U.S.A.

Gilead Sukua Kple Emegbe

Nuteƒekpɔkpɔ ka gbegbee nye esi! Esesẽna nam zi geɖe be maƒo nu le dutoƒo le mía degbe me. Gake fifia ya la, enɔ nam be mado Eŋlisigbe. Ke hã, nufialaawo kpe ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe. Nɔviŋutsu aɖe tsɔ ŋkɔ nam be Fiaɖuƒe Nukomo le ale si meɖoa moe ne ŋu le kpeyem la ta.

Le July 19, 1953 dzi la, wowɔ míaƒe sukunuwuwu ƒe wɔnawo le Yankee Stadium le New York, eye woɖo mía kple Ida Candussom (si wova yɔ emegbe be Seignobos) ɖe Paris. Gbeƒãɖeɖe na Paris dua me tɔ kesinɔtɔwo menɔ bɔbɔe o, gake mete ŋu srɔ̃ Biblia kple ɖokuibɔbɔla geɖe. Ida ɖe srɔ̃ hedzo yi Afrika le ƒe 1956 me, gake nye ya metsi Paris.

Le ƒe 1960 me la, meɖe nɔviŋutsu aɖe si nye Betel dɔwɔla; woɖo mí mɔɖela veviwo, eye míeyi ɖawɔ dɔ le Chaumont kple Vichy. Ƒe atɔ̃ megbe la, yɔmekpe dze dzinye, eye esia wɔe be medzudzɔ mɔɖeɖedɔa wɔwɔ. Ete ɖe dzinye vevie, elabena tso keke nye ɖevime kee meɖoe be mawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ahayi edzi awɔe le nye agbe me katã. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, srɔ̃nye gblẽm ɖi heyi ɖaɖe nyɔnu bubu. Kpekpeɖeŋu si nye gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo nam la kpe ɖe ŋunye mete ŋu do dzi to ɣeyiɣi doblukɔ mawo me, eye Yehowa yi edzi le nye agbawo tsɔm nam.—Ps. 68:20.

Fifia mele Louviers, Normandy, le teƒe aɖe si te ɖe France ƒe alɔdzedɔwɔƒea ŋu. Togbɔ be lãmesẽkuxiwo ɖea fu nam hã la, edzɔ dzi nam be mekpɔe be Yehowa kpe ɖe ŋunye le agbe me. Egbea gɔ̃ hã la, hehe si mexɔ tso nye ɖevime gakpɔtɔ le kpekpem ɖe ŋunye be nukpɔsusu nyui gakpɔtɔ le asinye. Dzinyelawo fiam be Ame ŋutɔŋutɔ si mate ŋu alɔ̃, ado gbe ɖa na, eye wòate ŋu ase nye gbedodoɖawo lae Yehowa nye. Vavãe, “aleke maɖo dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ nam la, teƒe nɛ?”—Ps. 116:12.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

“Edzɔ dzi nam be mekpɔe be Yehowa kpe ɖe ŋunye le agbe me”

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Melé nye ŋɔtitsyɔnu ɖe asi esi mexɔ ƒe ade

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Mía kple dutanyanyuigblɔlawo kpakple mɔɖelawo míele gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ aɖe wɔm le Luxembourg esime mexɔ ƒe 16

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Mía kple Papa kpakple Dada le takpekpe aɖe si wowɔ le ƒe 1953 me