Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ Le Trenɔnɔ Me

Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ Le Trenɔnɔ Me

Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ Le Trenɔnɔ Me

“EYE woɖe wo nɔewo, eye wonɔ anyi dzidzɔtɔe tso ema dzi yi.” Wotsɔa nya siawo tɔgbi wua ɖeviwo ƒe gli geɖewo nui. Nya ma tɔgbi dzena le lɔlɔ̃ ŋuti sinimawo kple agbalẽwo hã me—si nye be srɔ̃ɖeɖee nana wokpɔa dzidzɔ vavã! Gawu la, le dekɔnu geɖewo me la, woƒonɛ ɖe ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo nu vevie be woaɖe srɔ̃. Debby, si nye ɖetugbui aɖe si xɔ abe ƒe 25 ene gblɔ be: “Amewo ƒe nuƒoƒo nana wòdzena abe taɖodzinu si le nyɔnuvi ƒe agbe ŋu koe nye be wòaɖe srɔ̃ ene. Wonana wòdzena abe srɔ̃ɖeɖe megbee agbe dzea egɔme ene.”

Nukpɔsusu masɔmasɔ ma menɔa ame si nye gbɔgbɔmeme si o. Togbɔ be Israel viwo lɔ̃a srɔ̃ɖeɖe hã la, Biblia ƒo nu tso ŋutsu kple nyɔnu tre siwo nɔ agbe si me dzidzeme geɖe nɔ la ŋu. Egbea la, Kristotɔ aɖewo ŋutɔ ɖonɛ be yewoanɔ tre, eye bubu geɖewo nɔa tre le nɔnɔmeawo ta. Eɖanye susu ka tae ame le tre o, nyabiase vevi si wòhiã be woakpɔ ŋuɖoɖo nae nye: Aleke Kristotɔ awɔ akpɔ dzidzedze le trenɔnɔ me?

Yesu ŋutɔ hã meɖe srɔ̃ o, eye gɔmesese le eŋu, le dɔ si wode asi nɛ be wòava wɔ ta. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be ye yomedzela aɖewo hã ‘ate ŋu’ atiae be yewoanɔ tre. (Mat. 19:10-12) Yesu to esia dzi ɖee fia be, be míakpɔ dzidzedze le trenɔnɔ me la, ehiã be míalɔ̃ ɖe edzi le míaƒe susu kple dzi me be míawɔe.

Ame siwo ŋutɔ tiae be yewoanɔ tre le yewoƒe agbe me katã kple susu be yewoƒe susu katã nanɔ teokrasidɔwo ŋu bliboe la koe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo ma yi na? (1 Kor. 7:34, 35) Menye nenema kokoko o. Bu Kristotɔ aɖe si adi be yeaɖe srɔ̃ hafi gake mete ŋu kpɔ ame si sɔ nɛ be wòaɖe la haɖe o la ŋu kpɔ. Ana, si nye nɔvinyɔnu tre aɖe si le eƒe ƒe 30-awo me la gblɔ be: “Nyitsɔ laa la, dɔwɔhati aɖe si menye Ðasefo o la gblɔ be yeaɖem, eye nyemenɔ mɔ kpɔm na esia kura o. Le mɔ aɖe nu la, evivi nunye, gake medze agbagba ɖu seselelãme ma dzi kaba, elabena medi be maɖe ame aɖe si akpe ɖe ŋunye mate ɖe Yehowa ŋu wu la ko.”

Didi be woaɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me” kpe ɖe nɔvinyɔnu geɖewo abe Ana ene ŋu be woƒo asa na dzimaxɔsetɔwo ɖeɖe. * (1 Kor. 7:39; 2 Kor. 6:14) Esi wodi be yewoade bubu Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo ŋu ta la, wonɔa tre gbɔ. Aleke woate ŋu akpɔ dzidzedze le esia wɔwɔ me?

Srɔ̃ Ale Si Nàna Wò Susu Nanɔ Eme Viɖewo Ŋu

Hafi míate ŋu ado dzi anɔ nɔnɔme aɖe si mede ame dzi o me la, anɔ te ɖe nɔnɔme si le mía si ɖe eŋu la dzi. Carmen, si nye nɔvinyɔnu tre aɖe si le eƒe ƒe 40-awo me la, gblɔ be: “Mekpɔa dzidzɔ ɖe nu si le asinye la ŋu, eye nyemetsia dzi ɖe nu si mele asinye o la ŋu o.” Ele eme be ɣeaɖewoɣi la, míase le mía ɖokuiwo me be míetsi akogo alo be nu te ɖe mía dzi ya. Gake enyanya be míaƒe xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ la me tɔ geɖe le nɔnɔme mawo tɔgbi me tom ate ŋu ade dzi ƒo na mí be míaʋli ayi ŋgɔ dzideƒotɔe. Yehowa kpe ɖe ame geɖe ŋu wokpɔ dzidzedze le trenɔnɔ me, eye wonɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ bubuwo nu.—1 Pet. 5:9, 10.

Nɔvinyɔnu kple nɔviŋutsu Kristotɔ geɖewo va kpɔ viɖe siwo le trenɔnɔ me dze sii. Ester, si nye nɔvinyɔnu tre aɖe si xɔ abe ƒe 35 ene la gblɔ be: “Mesusui be nu vevi si naa ame kpɔa dzidzɔ ye nye be wòate ŋu ase vivi le viɖe siwo le nɔnɔme ɖe sia ɖe si me wòle la me.” Carmen gblɔ kpee be: “Mexɔe se be, meɖe srɔ̃ loo alo nyemeɖe srɔ̃ o, ne metsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ la, Yehowa mate nu nyui aɖekem o. (Ps. 84:12) Ðewohĩ nuwo manɔ nam abe ale si tututu meɖoe ene o, gake mele dzidzɔ kpɔm, eye mayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm.”

Tre Siwo Ŋu Woƒo Nu Tsoe Le Biblia Me

Yefta vinyɔnu la meɖoe be yeanɔ tre o. Gake adzɔgbe si fofoa ɖe la na wòva hiã be wòasubɔ le avɔgbadɔa me tso eƒe ɖetugbui me va se ɖe eƒe kugbe. Ðikekemanɔmee la, dɔdeasi sia si menɔ mɔ kpɔm na o la, trɔ eƒe ɖoɖowo, eye mesɔ ɖe eƒe dzɔdzɔmedidiwo nu o. Efa konyi ɣleti eve esi wòde dzesii be yemaɖe srɔ̃ adzi viwo o. Ke hã, elɔ̃ ɖe eƒe nɔnɔme yeyea dzi, eye wòlɔ̃ faa wɔ subɔsubɔdɔ ma le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me. Israel nyɔnu bubuwo yina ɖakafunɛ ƒe sia ƒe ɖe eƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ la ta.—Ʋɔn. 11:36-40.

Ame aɖewo siwo nye ame tatawo le Yesaya ƒe ɣeyiɣia me la ƒe nɔnɔme anya te ɖe wo dzi vevie. Biblia megblɔ nu si na ame siawo zu ame tatawo la na mí o. Le esi wonye ame tatawo ta la, womate ŋu azu Israel ƒe ha la me tɔwo bliboe o, eye womate ŋu aɖe srɔ̃ alo adzi viwo hã o. (5 Mose 23:2) Ke hã, Yehowa se woƒe nɔnɔmea gɔme, eye wòkafu wo ɖe ale si wolé eƒe nubabla me ɖe asi tso luʋɔ blibo me la ta. Egblɔ na wo be yeana “ŋkuɖodzinu” kple “ŋkɔ mavɔ” wo le yeƒe aƒe me. Ne míagblɔe bubui la, mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le asu ame tata wɔnuteƒe siawo si be woanɔ agbe tegbee le Yesu ƒe Mesia dziɖuɖua te. Yehowa maŋlɔ wo be gbeɖe o.—Yes. 56:3-5.

Yeremiya ƒe nɔnɔmea ya to vovo kura. Esi Mawu ɖo Yeremiya nyagblɔɖilae megbe la, egblɔ nɛ be wòanɔ tre, le ɣeyiɣi sesẽ siwo me wònɔ kple ale si eƒe dɔdeasia nɔ ta. Yehowa gblɔ nɛ be: “Megaɖe srɔ̃ o, ne màgadzi ŋutsuvi kple nyɔnuviwo ɖe teƒe sia o.” (Yer. 16:1-4) Biblia megblɔ ale si Yeremiya se le eɖokui me ɖe mɔfiame siawo ŋu la na mí o, ke hã, eka ɖe edzi na mí be Yeremiya nye ame aɖe si kpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe nya ŋu. (Yer. 15:16) Le ƒe aɖewo megbe la, esi Yeremiya do dzi to ɣleti 18 siwo woɖe to ɖe Yerusalem dua ŋɔdzitɔe me vɔ la, ɖikeke mele eme o be ekpɔ nunya si nɔ wɔwɔ ɖe se si Yehowa de nɛ be wòanɔ tre dzi la me.—Kony. 4:4, 10.

Mɔ Siwo Dzi Nàto Akpɔ Dzidzɔ Geɖe Wu Le Agbe Me

Ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe siwo ŋu nya míegblɔ fifi laa la nɔ tre, ke hã, Yehowa kpe ɖe wo ŋu, eye woƒo wo ɖokuiwo ɖe mawusubɔsubɔdɔa me vevie. Nenema kee egbea hã, dɔ siwo ŋu viɖe le wɔwɔ ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe wu le agbe me. Biblia gblɔe ɖi be nyɔnu nya nyui gblɔlawo ava nye aʋakɔ gã aɖe. (Ps. 68:12) Nɔvinyɔnu gbogbo mawo dometɔ akpe geɖe nye trewo. Esi woƒe subɔsubɔdɔa le ku tsem la, gbɔgbɔmevi ŋutsuwo kple nyɔnuwo va su wo dometɔ geɖe si.—Mar. 10:29, 30; 1 Tes. 2:7, 8.

Loli si wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe 14 la gblɔ be: “Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ naa taɖodzinu nɔa nye agbe ŋu. Abe nɔvinyɔnu tre ene la, vovo menɔa ŋunye kura o, mewɔa dɔ geɖe, eye esia kpena ɖe ŋunye be nyemesena le ɖokuinye be metsi akogo o. Le ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, nye dzi dzea eme, elabena mekpɔnɛ be nye subɔsubɔdɔa le kpekpem ɖe amewo ŋu ŋutɔŋutɔ. Esia nana mekpɔa dzidzɔ ale gbegbe.”

Nɔvinyɔnu geɖewo te ŋu srɔ̃ gbe bubuwo, eye wokeke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu to gbeƒãɖeɖe na dutagbedolawo me. Ana, si ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ la gblɔ be: “Dutagbedola akpeakpewo le du si me mele la me.” Gbeƒãɖeɖe na Fransegbedolawo doa dzidzɔ nɛ ŋutɔ. Egblɔ be: “Esi mesrɔ̃ gbe aɖe si mate ŋu azã atsɔ aɖo dze kple ame geɖe ta la, esia ʋu dɔwɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ bubuwo ɖi nam, eye wòna be nye gbeƒãɖeɖedɔa vivia nunye ŋutɔ.”

Esi wònye be zi geɖe la, agbanɔamedzi ʋɛ aɖewo koe nɔa trewo dzi ta la, wo dometɔ aɖewo wɔ woƒe nɔnɔmea ŋu dɔ ʋu yi ɖale subɔsubɔm le afi si gbeƒãɖelawo hiã le wu. Lidiana, si nye nɔvinyɔnu tre aɖe si xɔ abe ƒe 35 ene si subɔ le dukɔ bubu siwo me gbeƒãɖelawo hiã le wu me la gblɔ be: “Mexɔe se kple kakaɖedzi be, zi ale si nèle geɖe wɔm le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me la, zi nenemae wònɔa bɔbɔe be nàdze xɔlɔ̃ nyuiwo eye nàse le ɖokuiwò me be wolɔ̃ ye. Medze xɔlɔ̃ nyui geɖe siwo tso dukɔ vovovowo me siwo ƒe dekɔnuwo le vovovo, eye xɔlɔ̃dzedze siawo na mele dzidzɔ geɖe kpɔm le agbe me.”

Biblia ƒo nu tso nya nyui gblɔla Filipo si si vinyɔnu nyagblɔɖila ene siwo meɖe srɔ̃ o nɔ la ŋu. (Dɔw. 21:8, 9) Anɔ eme kokoko be dzo nɔ woawo hã me abe wo fofo ke ene. Ðe wòanye be wozã nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana si nɔ wo si la wòɖe vi na wo hati Kristotɔ siwo nɔ Kaisarea la? (1 Kor. 14:1, 3) Egbea hã, nɔvinyɔnu tre geɖe tua ame bubuwo ɖo to Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dede edziedzi kple gomekpɔkpɔ le wo me dzi.

Le go bubu me la, Lidia nye Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ Filipi la dometɔ ɖeka, eye Biblia kafui ɖe eƒe amedzrowɔwɔ ta. (Dɔw. 16:14, 15, 40) Dɔmenyowɔwɔ na ame ƒe gbɔgbɔ nɔ Lidia, si anya nye tre alo ahosi la, me si na wòse vivi le hadede tuameɖowo me kple dzikpɔla mɔzɔlawo abe Paulo, Sila, kple Luka ene. Ne míawo hã míeɖea dɔmenyonyo ƒe gbɔgbɔ ma fiana egbea la, míakpɔ yayra mawo tɔgbi.

Kɔɖiɖi Na Didi Be Woalɔ̃ Mí

Tsɔ kpe ɖe mía ɖokuiwo ƒoƒo ɖe dɔ siwo ŋu viɖe le me ŋu la, mí katã míedina be amewo nalɔ̃ mí ahatsɔ ɖe le eme na mí vevie. Aleke trewo ate ŋu aɖi kɔ na didi ma? Gbã la, Yehowa li na mí ɣesiaɣi be yealɔ̃ mí, ado ŋusẽ mí, ahaɖo to mí. Ɣeaɖewoɣi la, Fia David sena le eɖokui me be ‘yetsi akogo, eye yele hiã ɖim,’ ke hã, enyae be yeate ŋu atrɔ ɖe Yehowa ŋu ɣesiaɣi hena kpekpeɖeŋu. (Ps. 25:16; 55:23) Eŋlɔ bena: ‘Ne fofonye kple danye wogblẽm ɖi la, Yehowa axɔm.’ (Ps. 27:10) Mawu le esubɔlawo katã kpem be woate ɖe ye ŋu bene woazu ye xɔlɔ̃ kplikplikpliwo.—Ps. 25:14; Yak. 2:23; 4:8.

Gakpe ɖe eŋu la, míate ŋu akpɔ gbɔgbɔ me fofowo, dadawo, nɔviŋutsuwo, kple nɔvinyɔnuwo le xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me, eye woƒe lɔlɔ̃ na mí ana be míakpɔ dzidzɔ geɖe le agbe me. (Mat. 19:29; 1 Pet. 2:17) Kristotɔ tre geɖe kpɔa dzidzeme geɖe le Dorkas, ame si ƒe ‘dɔ nyuiwo kple nunana ame dahewo sɔ gbɔ’ la, ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me. (Dɔw. 9:36, 39) Loli gblɔ be: “Afi sia afi si mayi la, media xɔlɔ̃ vavã siwo alɔ̃m eye woakpe ɖe ŋunye ne nu te ɖe dzinye la le hamea me. Be mana xɔlɔ̃dzedze mawo me nasẽ ɖe edzi la, medzea agbagba be maɖe lɔlɔ̃ kple ɖestsɔleme afia amewo. Mesubɔ le hame vovovo enyi me, eye xɔlɔ̃ vavãwo sua asinye ɣesiaɣi. Zi geɖe la, womenyea nɔvinyɔnu siwo nye hatinyewo o—ɣeaɖewoɣi la, wonyea mamawo alo ƒewuiviwo.” Le hame ɖe sia ɖe me la, ame siwo dina be woaɖe lɔlɔ̃ afia yewo ahadze xɔlɔ̃ yewo la li. Ðetsɔtsɔ le eme na ame siawo anukwaretɔe ate ŋu akpe ɖe wo ŋu ŋutɔ, eye wòate ŋu aɖi kɔ na didi si le mía me be míalɔ̃ ame eye woalɔ̃ míawo hã la.—Luka 6:38.

Mawu Maŋlɔ Wò Dɔwɔwɔwo Be O

Biblia ɖee fia be ele be Kristotɔwo katã natsɔ nanewo asa vɔe le ɣeyiɣi sesẽ siwo me míele la ta. (1 Kor. 7:29-31) Eye kakaɖedzitɔe la, ame siwo nɔa tre le esi woɖoe kplikpaa be yewoawɔ ɖe Mawu ƒe sedede be woaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me ko dzi la dze na bubu kple ameŋububu etɔxɛe. (Mat. 19:12) Ke hã, woƒe vɔsa siawo siwo dze na kafukafu la mefia be womate ŋu akpɔ dzidzɔ le agbe me wòade edeƒe o.

Lidiana gblɔ be: “Nye dzi dze eme le agbe me le ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome kple subɔsubɔdɔ si mewɔna nɛ la ta. Medze si srɔ̃tɔ aɖewo siwo le dzidzɔ kpɔm kple bubu aɖewo siwo mele dzidzɔ kpɔm o. Nyateƒenya sia na meka ɖe edzi be, nye dzidzɔkpɔkpɔ menɔ te ɖe nye srɔ̃ɖeɖe le etsɔme loo alo emaɖemaɖe dzi o.” Abe ale si Yesu ɖee fia ene la, nunana amewo kple wo subɔsubɔ koŋ dzie dzidzɔkpɔkpɔ nɔ te ɖo, eye Kristotɔwo katã ate ŋu awɔ esia.—Yoh. 13:14-17; Dɔw. 20:35.

Ðikeke mele eme o be, nu si nana míekpɔa dzidzɔ wue nye enyanya be Yehowa ayra mí ɖe nu sia nu si míetsɔ saa vɔe le eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me la ta. Biblia na kakaɖedzi mí be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta . . . be o.”—Heb. 6:10.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Togbɔ be nɔvinyɔnu Kristotɔwo ŋue míeƒo nu tsoe le nyati sia me hã la, gɔmeɖose siwo le eme la yi na nɔviŋutsuwo hã.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

“Mekpɔa dzidzɔ ɖe nu si le asinye la ŋu, eye nyemetsia dzi ɖe nu si mele asinye o la ŋu o.”—Carmen

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Loli kple Lidiana kpɔa dzidzɔ ɖe subɔsubɔ le afi si hiahiã le wu ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Mawu le esubɔlawo katã kpem be woate ɖe ye ŋu