Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔdede Asi Na Amewo—Nu Si Ta Míawɔe Kple Ale Si Míawɔe

Dɔdede Asi Na Amewo—Nu Si Ta Míawɔe Kple Ale Si Míawɔe

Dɔdede Asi Na Amewo—Nu Si Ta Míawɔe Kple Ale Si Míawɔe

DƆDEDE asi na amewo dze egɔme xoxoxo hafi wova wɔ Anyigba la. Esi Yehowa wɔ eƒe Tenuvi la vɔ megbe la, ezã Via abe “dɔnunɔla” ene le xexea wɔwɔ me. (Lod. 8:22, 23, 30; Yoh. 1:3) Esi Mawu wɔ atsu kple asi gbãtɔ la, egblɔ na wo be ‘woayɔ anyigba la dzi, eye woanye agbo ɖe edzi.’ (1 Mose 1:28) Wɔlaa de dɔ asi na amegbetɔwo be woakeke Paradiso si nɔ Eden la ɖe enu wòaxɔ anyigba blibo la dzi. Ɛ̃, tso keke gɔmedzedzea me kee wodea dɔ asi na amewo le Yehowa ƒe habɔbɔa me.

Nu kae dɔdede asi na amewo fia? Nu ka tae wòle be hamemetsitsi Kristotɔwo nasrɔ̃ ale si woatsɔ hamea me dɔ aɖewo ade asi na ame bubuwo, eye aleke woate ŋu awɔ esiae?

Nu Kae Dɔdede Asi Na Amewo Fia?

Dɔdede asi na ame fia be woatsɔ dɔ aɖe wɔwɔ ade ame aɖe si; woaɖo ame aɖe wòanye ame ƒe teƒenɔla; woaɖo ame aɖe agbanɔamedzinɔƒe alo ŋusẽnɔƒe. Eya ta dɔdede asi na ame bia be woana ame bubuwo nakpɔ gome le taɖodzinu aɖe gbɔ ɖoɖo me. Eye godoo la, ema abia be woana ŋusẽ ame be wòawɔ dɔ aɖe.

Wokpɔa mɔ be ame siwo wode dɔ asi na le Kristo hamea me la nawɔ woƒe dɔwo ade goe, ana nyatakaka tso ale si dɔa le edzi yimee ŋu, eye zi geɖe la, esia biana be woabia aɖaŋuɖoɖo tso ame si de dɔa asi na wo la gbɔ. Gake ame si koŋ ŋkumee wòkpɔ be wòakpɔ egbɔ be wowɔ dɔa de goe ye nye nɔviŋutsu si woɖo si de dɔa asi na amea. Ehiã be eƒe ŋku nanɔ ale si dɔa le edzi yimee la ŋu, eye wòaɖo aɖaŋu siwo hiã. Ke hã, ame aɖewo abia be, ‘Nu ka tae nàde dɔ asi na ame bubu nenye be wò ŋutɔ àte ŋu awɔe?’

Nu Ka Tae Woade Dɔ Asi Na Amewo?

Bu ale si Yehowa wɔ eƒe Tenuvi la hena wòkpɔ gome le nuwɔwɔ susɔeawo wɔwɔ me la ŋu kpɔ. Vavãe, “eya dzie woto wɔ nu bubu siwo katã le dziƒowo kple anyigba dzi, nu siwo wokpɔna kple nu siwo womekpɔna o.” (Kol. 1:16) Wɔlaa ŋutɔ ɖeka ate ŋu awɔ nuwo katã hafi, gake eɖoe be ye Via nakpɔ gome le dzidzɔ si dona tso dɔ aɖe si ŋu viɖe le wɔwɔ me la me. (Lod. 8:31) Esia kpe ɖe Vi la ŋu be wòsrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ƒe nɔnɔmewo ŋu. Le mɔ aɖe nu la, Fofo la wɔ mɔnukpɔkpɔ ma ŋu dɔ tsɔ na hehe eƒe Tenuvi lae.

Esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, esrɔ̃ Fofoa le dɔdede asi na amewo me. Ena hehe eƒe nusrɔ̃lawo vivivi. Edɔ eƒe apostolo 12-awo, eye emegbe wògadɔ nusrɔ̃la 70 bubuwo be woado ŋgɔ na ye aɖaɖe gbeƒã le du siwo me ye ŋutɔ yegbɔna toto ge la me. (Luka 9:1-6; 10:1-7) Esi Yesu va ɖo du mawo me emegbe la, nusrɔ̃lawo ɖo gɔmeɖoanyi nyui aɖe ɖi xoxo si dzi wòva tu eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖo. Hafi Yesu nadzo le anyigba dzi la, etsɔ dɔ siwo lolo wu, siwo dometɔ ɖekae nye gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le xexea me katã la de eƒe nusrɔ̃la siwo wòna hehee la si me.—Mat. 24:45-47; Dɔw. 1:8.

Dɔdede asi na amewo kple hehenana wo va zu nuwɔna aɖe si yia edzi le Kristo hamea me. Apostolo Paulo gblɔ na Timoteo be: “Tsɔ nu siawo de asi na nyateƒetɔwo; ekema woawo hã woadze nyuie be woafia nu ame bubuwo.” (2 Tim. 2:2) Ɛ̃, ele be ame siwo si nuteƒekpɔkpɔ su la nana hehe amewo eye ame siawo hã nana hehe ame bubuwo.

Ne hamemetsitsi aɖe tsɔ dɔ siwo wode esi la ƒe ɖe de asi na ame aɖe la, ana amea nakpɔ gome le dzidzɔ si dona tso nufiafia kple alẽkpɔkplɔdɔa me la me kplii. Esi hamemetsitsiwo nyae be seɖoƒe li na amegbetɔwo ƒe ŋutetewo ta la, esia ganye susu bubu aɖe si ta wòle be woatsɔ hamea me agbanɔamedzi aɖewo ade ame bubuwo si ɖo. Biblia gblɔ be: ‘Ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyigba la, si me nunya le.’ (Lod. 11:2) Ðokuibɔbɔ bia be ame nanya afi si eƒe ŋutete se ɖo. Ne èdze agbagba be ye ɖeka yeawɔ dɔ sia dɔ la, ɖeɖi ate ŋuwò, eye màkpɔ vovo ɖe wò ƒomea ŋu o. Eya ta enye nu si me nunya le be míana ame bubuwo nawɔ dɔdeasiawo ƒe ɖe akpe ɖe mía ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla la ŋu kpɔ. Ate ŋu abia tso hamemetsitsi bubuwo si be woato hamea ƒe gakɔntawo me. Ne hamemetsitsi bubuawo hã toa nuŋlɔɖiawo me la, ana woanya ale si hamea ƒe ganyawo le la nyuie.

Dɔdede asi na amewo naa ŋutete kple nuteƒekpɔkpɔ siwo hiã sua ame siwo wode dɔa asi na la si, eye wòganaa mɔnukpɔkpɔ ame si de dɔa wo si hã be wòalé ŋku ɖe woƒe ŋutetewo ŋu. Eya ta ne hamemetsitsiwo dea dɔ siwo sɔ asi na hamea me tɔwo la, woate ŋu ado nɔviŋutsu siwo ate ŋu ava nye subɔsubɔdɔwɔlawo la kpɔ be “wodze hã.”—1 Tim. 3:10.

Mlɔeba la, ne hamemetsitsiwo dea dɔ asi na amewo la, woɖenɛ fiana be yewoka ɖe wo dzi. Paulo na hehe Timoteo le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me to dɔwɔwɔ kplii me. Ŋutsu eve siawo dome va nɔ kplikplikpli. Paulo yɔ Timoteo be “vinye vavã le xɔse la me.” (1 Tim. 1:2) Nenema kee ƒomedodo sẽŋu aɖe va nɔ Yehowa kple Yesu dome esime wonɔ dɔ wɔm ɖekae le nu bubuwo katã wɔwɔ me. Ne hamemetsitsiwo dea dɔ asi na ame bubuwo la, ana ƒomedodo kplikplikpli aɖe nava nɔ woa kpli wo dome.

Nu Si Tae Ame Aɖewo Hena Ðe Megbe

Togbɔ be hamemetsitsi aɖewo nya be viɖe le dɔdede asi na amewo me hã la, wohena ɖe megbe le esi wosena le wo ɖokuiwo me be esia wɔwɔ ana be ŋusẽ si le yewo si le hamea me la dzi aɖe akpɔtɔ ta. Woate ŋu abui be ele be yewo ŋutɔwo yewoakpɔ dɔ ɖe sia ɖe dzi. Ke hã, ele be míaɖo ŋku edzi be hafi Yesu nayi dziƒo la, ena ŋusẽ eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ dɔ gã aɖe ade goe, eye le ɣeyiɣi mawo katã me la, enyae be woawɔ dɔ siwo lolo wu ye tɔwo!—Mat. 28:19, 20; Yoh. 14:12.

Hamemetsitsi bubu aɖewo anya de dɔ asi na nɔvi aɖewo kpɔ, gake emetsonua meva nɔ abe ale si wokpɔ mɔ nɛ ene o. Woanya se le wo ɖokuiwo me be yewo ŋutɔwo yewoate ŋu awɔ dɔa nyuie wu eye wòatsɔ wu hã. Ke hã, bu Paulo ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Enya dɔdede asi na ame ƒe viɖewo, gake enyae hã be menye ɣesiaɣie ame siwo wole hehea namee la awɔ nu abe ale si wòkpɔ mɔ nɛ ene o. Le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔa me la, ena hehe eƒe mɔzɔhati ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Marko. Ete ɖe Paulo dzi vevie esi Marko gblẽ eƒe dɔa ɖi hegbugbɔ yi wo de. (Dɔw. 13:13; 15:37, 38) Gake ema mena Paulo dzudzɔ hehenana ame bubuwo o. Abe ale si míegblɔe va yi ene la, ekpe ɖekakpui Kristotɔ si ŋkɔe nye Timoteo be wòanye yeƒe mɔzɔhati. Esi Timoteo su te na agbanɔamedzi gãwo tsɔtsɔ la, Paulo gblẽe ɖe Efeso hena ŋusẽe be wòaɖo dzikpɔlawo kple subɔsubɔdɔwɔlawo.—1 Tim. 1:3; 3:1-10, 12, 13; 5:22.

Nenema kee mele be hamemetsitsi siwo li egbea la nagbe hehenana nɔviŋutsuwo le esi wo dometɔ aɖewo mewɔ nu abe ale si wokpɔ mɔ nɛ ene o ta o. Nunya le eme eye wòle vevie hã be hamemetsitsiwo nasrɔ̃ ale si woaka ɖe ame bubuwo dzi ahana hehe wo. Ekema nu kawoe wòle be wòanɔ susu me na hamemetsitsiwo ne wole dɔ dem asi na amewo?

Ale Si Woade Dɔ Asi Na Amewoe

Ne èle dɔ dem asi na nɔviwo la, bu nu siwo wodze ate ŋu awɔ la ŋu. Esi wòva hiã be woade dɔ asi na amewo be woakpɔ gbe sia gbe nuɖuɖu la mama ƒe ɖoɖoa dzi le Yerusalem la, apostoloawo tia ‘ŋutsu adre siwo dzi woka ɖo siwo gbɔgbɔ kple nunya yɔ fũu.’ (Dɔw. 6:3) Ne ède dɔ aɖe asi na ame aɖe si dzi womate ŋu aka ɖo o la, ɖewohĩ ɖeko wòado kpo nu. Eya ta de dɔ suesuewo amea si gbã. Ne amea wɔ nuteƒe la, ke ate ŋu adze awɔ dɔ siwo lolo wu ema.

Ke hã, ebia nu geɖe wu ema. Amewo ƒe amenyenye kple ŋutete toa vovo. Ame ɖe sia ɖe ƒe nuteƒekpɔkpɔ hã toa vovo. Nɔviŋutsu aɖe si doa vivi ɖe ame ŋu hewɔa nu ɖe ame ŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ate ŋu anye anyinɔƒegbɔkpɔla nyui aɖe, eye nɔviŋutsu si wɔa nu le ɖoɖo nu eteƒeteƒe la ate ŋu anye hamea ƒe agbalẽŋlɔla ƒe kpeɖeŋutɔ. Woate ŋu ade dɔ asi na nɔvinyɔnu aɖe si nya ale si wowɔa aɖaŋudɔwoe la be wòatrɔ asi le seƒoƒowo ŋu hena Ŋkuɖodzia.

Ne èle dɔ dem asi na amewo la, gblɔ nu si tututu wòle be woawɔ la na wo ema nakɔ. Hafi Yohanes Amenyrɔɖetsimela la nadɔ amewo ɖe Yesu gbɔ la, eɖe nu si wòdi be yeanya la me na wo, eye wògblɔ nya si tututu woabia la na wo. (Luka 7:18-20) Le go bubu me la, esi Yesu bia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woaƒo nuɖuɖu si wòwɔ nukutɔe la ƒe kakɛ siwo susɔ la nu ƒu la, meɖe nu me na wo tsitotsito o. (Yoh. 6:12, 13) Numeɖeɖe si woana la ƒe akpa gãtɔ anɔ te ɖe dɔ si ƒomevi wode amea si kple ame si wode dɔa asi na la ƒe ŋutetewo dzi. Ele be ame si de dɔa amea si kple ame si si wode dɔae siaa nanya nu si wole mɔ kpɔm na kple nu si gbegbe ŋu ame si si wode dɔae la ana akɔnta le. Ele be wo ame evea siaa nanya dɔa ƒe akpa siwo wòle be woagblẽ ɖe ame si wole dɔa dem asi na la si me la nyuie. Ne ahiã be woawu dɔa nu le ŋkeke aɖe dzi la, ade dzi ƒo wu be woaɖo dze tso ŋkekea ŋu ahalɔ̃ ɖe edzi ɖekae, wu be woabia tso esi be wòawɔe ko.

Ele be woatsɔ ga kple dɔwɔnu si ame si wode dɔa asi na la ahiã la anae, eye woana kpekpeɖeŋu si wòahiã la hãe. Ðewohĩ anyo be nàna ame bubuwo hã nanya nu tso ɖoɖoa ŋu. Esi Yesu tsɔ “dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo” de Petro si la, ewɔ esia le nusrɔ̃la bubuwo ŋkume. (Mat. 16:13-19) Nenema kee le go aɖewo me la, anyo be woana hamea nanya ame si si wode dɔ aɖee la.

Ŋuɖɔɖɔɖo hiã. Ne wò ŋutɔ nèkpɔtɔ nɔa asi dem dɔ aɖe si nède ame aɖe si me la, ekema ɖeko wòawɔ abe èle gbɔgblɔm nɛ be, “Nyemeka ɖe dziwò tututu o” ene. Enye nyateƒe be ɣeaɖewoɣi la, nuwo mava yi abe ale si tututu nèle mɔ kpɔm nɛ ene o. Ke hã, ne wona ablɔɖe aɖe si nu nɔvi si wode dɔa asi na la, ate ŋu ana be kakaɖedzi kple nuteƒekpɔkpɔ nasu esi. Edze ƒãa be esia mefia be woagatsɔ ɖeke le ale si wòle dɔa wɔmee la me o. Togbɔ be Yehowa de dɔ asi na Via le nuwo wɔwɔ me hã la, eya ŋutɔ hã ganɔ gome kpɔm le dɔa wɔwɔ me. Egblɔ na Dɔnunɔla la be: “[Na] míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme.” (1 Mose 1:26) Eya ta to wò nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo dzi nàkpe asi ɖe dɔ si amea le wɔwɔm la ŋu, eye nàkafui hã ɖe eƒe agbagbadzedzewo ta. Dɔ si wɔm wòle la me tsonuwo me dzodzro kplii kpuie ate ŋu akpe ɖe eŋu. Ne mele dɔa wɔm nyuie o la, mègahe ɖe megbe le aɖaŋuɖoɖo alo kpekpeɖeŋu bubuwo nanɛ me o. Ðo ŋku edzi be dziwòe dɔ la wɔwɔ ade goe ƒe agba le.—Luka 12:48.

Ame geɖewo kpɔ viɖe geɖe le hamea ƒe agbanɔamedzi siwo hamemetsitsi siwo tsɔ ɖe le eme na wo vavã la de wo si la me. Le nyateƒe me la, ehiã be hamemetsitsiwo katã nase nu si tae wòle vevie be woade dɔ asi na ame la gɔme ahasrɔ̃ ale si woawɔe le Yehowa sɔsrɔ̃ me.

[Aɖaka si le axa 29]

DƆDEDE ASI NA AME NYE

• mɔ aɖe si dzi míetona naa ame bubuwo kpɔa gome le dzidzɔ si dɔwɔwɔ ade goe hena vanɛ la me

• mɔ aɖe si nana wowɔa dɔ geɖe wu

• nunya kple ɖokuibɔbɔ ɖeɖe fia

• mɔ si dzi wotona naa hehe amewo

• mɔ aɖe si dzi míetona ɖenɛ fiana be míeka ɖe amewo dzi

[Aɖaka si le axa 30]

ALE SI WOADE DƆ ASI NA AMEWO

• Tia ame siwo dze ate ŋu awɔ dɔa

• Ðe nu me na amea nyuie tso dɔa ŋu, miɖo dze tso eŋu

• Na taɖodzinu si gbɔ wòle be miaɖo la me nakɔ nɛ

• Tsɔ nu siwo hiã na dɔa wɔwɔ na amea

• Tsɔ ɖe le dɔa me, ɖee fia be yeka ɖe amea dzi

• Lɔ̃ faa nàtsɔ dɔa wɔwɔ ade goe ƒe agbanɔamedzia

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Dɔdede asi na ame bia be woatsɔ ame aɖe aɖo dɔ aɖe nu eye woanɔ nyatakaka xɔm tso ale si dɔa le edzi yimee la ŋu