Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Yesu tsa le Israel nyigba bliboa katã dzi henɔ gbeƒã ɖem. Ke aleke wɔ apostolo Petro gblɔ be Yudatɔwo kple woƒe dziɖulawo wɔ nu le “manyamanya” me esi wona wowu Yesu?—Dɔw. 3:17.

Esime apostolo Petro nɔ nu ƒom na Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ku ɖe akpa si wowɔ le Mesia la ƒe ku me ŋu la, egblɔ be: “Menya be manyamanya mee miewɔe le, abe miaƒe dziɖulawo ke ene.” (Dɔw. 3:14-17) Le Yudatɔ aɖewo gome la, ate ŋu anye be ɖe womenya ame si Yesu nye alo se eƒe nufiafiawo gɔme o tae. Gake le ame bubuwo ya gome la, ale si didi aɖeke menɔ wo me be yewoadze Mawu ŋu o, nazãbubu, ŋuʋaʋã, kple fuléle ye na wonɔ gbɔgbɔ me numanyamanya me.

Bu ale si didi si menɔ ame geɖewo me be yewoadze Yehowa ŋu o la kpɔ ŋusẽ ɖe nukpɔsusu si nɔ wo si ɖe Yesu ƒe nufiafiawo ŋu dzii ŋu kpɔ. Zi geɖe la, Yesu zãa kpɔɖeŋuwo tsɔ fiaa nu amewo, eye eɖea kpɔɖeŋu siawo me na ame siwo katã dina be yewoanya nu geɖe wu la. Ke hã, ɖeko wo dometɔ aɖewo ya dzona, eye womedzea agbagba aɖeke be yewoase eƒe kpɔɖeŋuawo gɔme o. Gbe ɖeka la, Yesu ƒe kpɔɖeŋu aɖe zu nukikli na eƒe nusrɔ̃la aɖewo gɔ̃ hã. (Yoh. 6:52-66) Ame siawo mete ŋu kpɔe dze sii be ɖe Yesu zã kpɔɖeŋuawo tsɔ nɔ ale si wonɔ klalo be woawɔ tɔtrɔ le tamesusu kple nuwɔna me la dom kpɔ o. (Yes. 6:9, 10; 44:18; Mat. 13:10-15) Woŋe aɖaba ƒu nyagblɔɖi aɖe si gblɔ be Mesia la azã kpɔɖeŋuwo alo lododowo le eƒe nufiafiawo me la hã dzi.—Ps. 78:2.

Ame bubuwo gbe Yesu ƒe nufiafiawo le nazãbubu ta. Esi Yesu fia nu le ƒuƒoƒe aɖe le wo de Nazaret la, amewo “lulu.” Gake le esi woaxɔ edzi ase be Yesu ye nye Mesia la teƒe la, wobia nyawo ku ɖe ƒome si me wòtso la ŋu be: “Afi kae ŋutsu sia kpɔ nu siawo tsoe? . . . Alo menye Maria ƒe vi si nye atikpala lae nye esia, eye wònye Yakobo kple Yosef kple Yuda kpakple Simon nɔviŋutsu oa? Eye menye nɔvianyɔnuwoe nye esiawo le mía dome oa?” (Mar. 6:1-3) Le Nazarettɔwo gome la, ƒome tsɛ ma si me Yesu tso la na wobui be viɖe menɔ eƒe nufiafiawo ŋu o.

Ke subɔsubɔhakplɔlawo ya ɖe? Wo dometɔ akpa gãtɔ gbe toɖoɖo Yesu le susu mawo tɔgbi ta. (Yoh. 7:47-52) Wogbe Yesu ƒe nufiafiawo hã, elabena woʋã ŋui, le esi amewo dzea eyome ta. (Mar. 15:10) Eye ame ŋkuta geɖe mexɔe nyuie o, esi wòƒo nu tsi tsitre ɖe woƒe alakpanuwɔwɔ kple ameflunuwɔnawo ŋu le dutoƒo ta. (Mat. 23:13-36) Yesu bu fɔ wo ɖe ale si woɖoe koŋ wɔ nu le manyamanya me la ta wòsɔ nyuie esi wògblɔ be: “Baba na mi ame siwo nya Sea nyuie la, elabena mietsɔ sidzedze ƒe safui la dzoe; mia ŋutɔwo mieyi ɖe [Fiaɖuƒe la me] o, eye miexe mɔ na ame siwo le yiyim ɖe eme la hã!”—Luka 11:37-52.

Yesu ɖe gbeƒã nya nyuia le anyigba ma dzi ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ. Ena hehe ame gbogbo aɖewo hã wokpɔ gome le dɔ ma me. (Luka 9:1, 2; 10:1, 16, 17) Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzedze ale gbegbe be Farisitɔwo fa konyi be: “Kpɔ ɖa! Xexe blibo la katãe nye ema dze eyome hoo.” (Yoh. 12:19) Eya ta menye ɖe Yudatɔ akpa gãtɔ menya naneke kura o. Ke hã, ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, ‘womenya’ be Yesu ye nye Mesia la o. Woate ŋu adzi Mesia la ŋuti sidzedze kple lɔlɔ̃ si nɔ wo si nɛ la ɖe edzi hafi, gake womewɔe o. Wo dometɔ aɖewo ƒe asi va nɔ Yesu wuwu me gɔ̃ hã. Le esia ta la, apostolo Petro xlɔ̃ nu wo dometɔ geɖe be: “Mitrɔ dzi me, eye migbugbɔ, ne woatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa, bene miakpɔ dzidzemeɣiwo tso Yehowa ŋutɔ gbɔ, bene wòaɖo Kristo la, si wotia na mi la ɖa, si nye Yesu.” (Dɔw. 3:19, 20) Eɖe dzesi ŋutɔ be Yudatɔ akpe geɖe, siwo dome “nunɔlawo ƒe ha gã aɖe hã” nɔ la, te toɖoɖo. Womegayi edzi wɔ nu le manyamanya me o. Ke boŋ wotrɔ dzi me, eye Yehowa va kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu.—Dɔw. 2:41; 4:4; 5:14; 6:7.