Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

1. Bia Kpekpeɖeŋu Tso Ame Si Ƒe Agbalẽ Wònye La Gbɔ

1. Bia Kpekpeɖeŋu Tso Ame Si Ƒe Agbalẽ Wònye La Gbɔ

Ale Si Nàwɔ Ase Biblia La Gɔme

1. Bia Kpekpeɖeŋu Tso Ame Si Ƒe Agbalẽ Wònye La Gbɔ

Ninfa, si le Italy la gblɔ be: “Ɣeaɖeɣi va yi la, mexlẽa Biblia hafi mlɔa anyi. Mewɔa esia le esi menya be Mawu ƒe Nyae wònye ta, eye togbɔ be exexlẽ mevivia nunye o hã la, ɖeko medi be manya nu si Mawu na woŋlɔ ɖe Biblia me. Meɖoe be maxlẽ Biblia bliboa katã. Exexlẽ nɔ bɔbɔe nam le gɔmedzedzea me, gake meva ɖo teƒe aɖewo siwo gɔme sese sesẽ nam, eya ta medzudzɔ exexlẽ.”

ÐE Ninfa ƒe nya sia tɔgbi dzɔ ɖe wò hã dziwò kpɔa? Edzɔ ɖe ame geɖe dzi. Ke hã, abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, Yehowa Mawu, Ame si ƒe agbalẽe Biblia nye la di be nàse yeƒe Nya la gɔme. Gake aleke nàwɔ be nàte ŋu ase egɔme? Nu gbãtɔ si nàwɔe nye be nàbia kpekpeɖeŋu tso Ame si ƒe agbalẽe wònye la gbɔ.

Wobu Yesu ƒe apostolowo be wonye “ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo,” le esi womexɔ mawusubɔsubɔ ŋuti hehe le rabiwo ƒe suku o ta. (Dɔwɔwɔwo 4:13) Ke hã, Yesu ka ɖe edzi na wo be woate ŋu ase Mawu ƒe Nya la gɔme. Alekee? Yesu ɖe eme be: “Kpeɖeŋutɔ la, si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔ me la, eya afia nuwo katã mi.” (Yohanes 14:26) Mawu zã gbɔgbɔ kɔkɔe, alo dɔwɔŋusẽ sia tsɔ wɔ anyigba la kple agbe ƒomevi siwo katã le edzi. (1 Mose 1:2) Ezãe hã tsɔ ʋã ame 40 woŋlɔ eƒe susuwo ɖe Biblia me. (2 Petro 1:20, 21) Gbɔgbɔ kɔkɔe sia ke ate ŋu akpe ɖe ame siwo di be yewoase Biblia gɔme la ŋu.

Aleke nàwɔ axɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea? Ele be nàbiae le xɔse me. Le nyateƒe me la, ahiã be nàbiae edziedzi. Yesu gblɔ be: “Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; . . . ne . . . mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe Fofo si le dziƒo la mana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?” (Luka 11:9, 13) Yehowa ana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ tso dzi blibo me la faa. Dɔwɔŋusẽ sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse nya siwo tso gbɔgbɔ me, siwo woŋlɔ ɖe Biblia me ƒe akpe geɖewoe nye esia la gɔme. Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò hã be nunya si nèhiã be nàte ŋu atsɔ Biblia me gbedeasi sẽŋuawo awɔ dɔe le wò agbe me la nasu asiwò.—Hebritɔwo 4:12; Yakobo 1:5, 6.

Ɣesiaɣi si nètsɔ Biblia be yeaxlẽ la, do gbe ɖa na Mawu nàbia eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea be wòakpe ɖe ŋuwò nàse eƒe Nya la gɔme.