Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

2. Tsɔ Nukpɔsusu Nyui Xlẽe

2. Tsɔ Nukpɔsusu Nyui Xlẽe

Ale Si Nàwɔ Ase Biblia La Gɔme

2. Tsɔ Nukpɔsusu Nyui Xlẽe

Ðe xɔ̃wò aɖe gblɔ ame aɖe si mèdo go kpɔ o la ŋu nya gbegblẽ aɖe na wò kpɔa? Esi nèva do go amea mlɔeba la, ɖe nya gbegblẽ siwo xɔ̃wòa gblɔ tso eŋu na wò la wɔe be mète ŋu de dzesi ŋutete kple nɔnɔme nyui siwo le amea si oa? Nu sia tɔgbi ke ate ŋu adzɔ le Biblia xexlẽ gome.

APOSTOLO Paulo xlɔ̃ nu tso nu si ate ŋu adzɔ ne míetsɔ nukpɔsusu nyui xlẽ Bibliae o la ŋu. Paulo ŋlɔ tso Yudatɔ aɖewo ŋu le eŋɔli be: “Mele ɖase ɖim na wo be, dzo le wo me ɖe Mawu ŋu; gake menye le sidzedze vavãtɔ nu o.”—Romatɔwo 10:2.

Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ mawo dometɔ aɖewo medi be yewoalɔ̃ ɖe nyateƒenya aɖe si dze le Hebri Ŋɔŋlɔawo me, si ɖee fia kɔtɛ be Yesue nye Mesia la dzi o. Yesu Nazaretetɔ la ɖo nudidi siwo katã gbɔ Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Mesia la aɖo la gbɔ, eye nyagblɔɖiwo katã va eme ɖe eyama dzi. Ke hã, nukpɔsusu manyomanyo siwo me Yudatɔ mawo dometɔ aɖewo lé ɖe asi kpaɖii la wɔe be wodo kpo Mawu ƒe Nya la gɔme sese.

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nuŋlɔɖi ma me? Ele vevie be míatsɔ nukpɔsusu nyui axlẽ Biblia la. Nazãbubu kple nukpɔsusu nyui ƒe amesimanɔmanɔ ate ŋu avu atsyɔ mo na Biblia xlẽla aɖe ale gbegbe be wòado kpo Biblia me nyateƒea gɔme sese.

Le kpɔɖeŋu me, mawunya ŋuti nufialagã aɖe si le Dziehe Carolina, U.S.A., ɖɔ Biblia be enye “amegbetɔwo ƒe agbalẽ si me amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu, eye wo dometɔ aɖeke mena mɔfiame siwo dzi woate ŋu aka ɖo ku ɖe ale si wòle be míanɔ agbee ŋu o la xɔ aƒe ɖo.” Ne Biblia xlẽla aɖe abui be Biblia nye “amegbetɔwo ƒe agbalẽ” dzro aɖe ko la, ɖe ema mana wòagbe wɔwɔ ɖe eƒe mɔfiame kple gɔmeɖose siwo mewɔ ɖeka kple eya ŋutɔ ƒe didiwo o la dzi oa?

To vovo na esia la, wode dzi ƒo na mí le Biblia ŋutɔ me be míasrɔ̃e moveviɖoɖotɔe. Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso Beroiatɔ siwo nɔ anyi le Paulo ƒe ŋkekea me ŋu be: “Wotso dzi me lɔ̃ faa xɔ nya la, eye wonɔa Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito gbe sia gbe be nya siawo le nenema hã.” (Dɔwɔwɔwo 17:11) Abe Biblia xlẽla mawo ene la, ɖewohĩ ahiã be nàɖe nazãbubu kple ɖeklemiɖeɖe ƒe nutsyɔnu ɖe sia ɖe si awɔe be nàdo kpo Biblia gɔme sese la ɖa. Tsɔ nukpɔsusu nyui xlẽ Mawu ƒe Nya la, kple didi vevie be yeake ɖe Eŋlɔla la ƒe gbedeasi lédzinameawo ŋu.