Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu kae na Yesu ƒe awutewuia dze Roma srafowo ŋu nenema gbegbe ɖo?

Asrafo ene siwo nɔ afi ma hekpɔ egbɔ be wowu Yesu la ma eƒe awuwo ɖe wo nɔewo dome. Yohanes 19:23 gblɔ be: “Gake wometɔ [Yesu ƒe] awutewuia ya o, elabena ɖe wolɔ̃e tso etame va se ɖe egɔme.” Asrafoawo tso nya me be yewomama eme o, ke boŋ yewoadzidze nu ɖe edzi. Alekee awu ma nɔ?

Awutewuia anya nye awutewui ƒomevi aɖe si le abe awudziwui ene, si wotsɔa aklala alo lãfu wɔna, eye wodidina va sea klonu alo afɔkɔe. Zi geɖe la, ale si wowɔa awu siawoe nye be wotsɔa avɔ eve siwo le dzogoe ene me la dana ɖe wo nɔewo dzi hetɔa woƒe dzogoe etɔ̃ kpena. Wogblẽa afi si ta kple abɔwo ato la ya ɖi.

Le agbalẽ si nye Jesus and His World (Yesu Kple Xexe Si Me Wònɔ) ƒe nya nu la, awutewui siawo ƒomevi siwo xɔa asi wu la nyea esiwo wotsɔa “avɔ ɖeka ko si woŋena ɖe eve heɖea do ɖe domedome nɛ wònyea tatoƒe, eye woƒoa to nɛ.” Wotɔa awutewui sia ƒe axa eveawo.

Awutewui si wometɔ afi aɖeke na o, abe esi Yesu do ene la, nyea esiwo wowɔna le Palestina ko. Wolɔ̃a awu sia le agbati siwo le tsitrenu, siwo ŋu wotsi avɔlɔ̃kawo ƒe agbaka eve, ɖeka le ati aɖe si wotsɔ tso ga agbatia me la ŋgɔ, eye evelia le egodo, siwo mlo tso dzi va anyi legbe la dzi. Avɔlɔ̃laa lɔ̃a ka lɛɛ aɖe si wòtsi ɖe avɔlɔ̃ti aɖe ŋu la toa agbaka siwo le ŋgɔ la ƒe kawo dzi gbã, eyome wòtsɔnɛ toa esiwo le wo godo ƒe kawo dzi tso go si me yi go kemɛ nɔa yiyim nɔa gbɔgbɔm tsɔ tsoa ga avɔlɔ̃ka siwo mlo legbe tso dzi va anyi la; eye abe ale si numekugbalẽ aɖe gblɔe ene la, “wotoa esia me lɔ̃a avɔ si ƒe dzedzeme va nɔna abe go lɔbɔɔ aɖe ene.” Awutewui si wometɔ afi aɖeke na o la anya nye awu adodoe si le etɔxɛ vavã, si na wòdze asrafoawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu ale gbegbe.

Ðe anyinyilawo nɔ blema Israel kpɔa?

Le Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe nya nu la, Mawu do ŋugbe be yeakplɔ Israel viwo ayi “anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.” (2 Mose 3:8) Edze ƒãa be teƒe siwo woƒo nu tso anyitsi ŋu le le Ŋɔŋlɔawo me la ƒe akpa gãtɔ kuna ɖe esiwo wotana le gbe me la ŋu. Biblia megblɔ nya aɖeke tso anyiwo nyinyi le blema Israel ŋu o. Ke hã, nanewo siwo ŋu woke ɖo nyitsɔ laa le Bet She’an Bali me le Israel la ɖee fia be ame siwo nɔ afi ma le blema la “nyi anyiwo heɖo anyinyiƒe gãwo.”

Numekula siwo tso Hebri Yunivɛsiti Tomenukuku Ŋuti Nusrɔ̃ƒe Si Le Yerusalem la ke ɖe anyinyiƒe siwo anyinyixɔwo nɔ la ŋu le tome le Tel Rehov, si nɔ anyi tso ƒe alafa ewolia va ɖo asiekelia D.M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze—si nye Israel fiaɖuƒea ƒe gɔmedzeɣi lɔƒo. Esia nye zi gbãtɔ si woke ɖe anyinyixɔwo ŋu le Titina Ɣedzeƒe. Wogblɔ be anyinyixɔ alafa ɖeka lɔƒo, siwo le agbakawo me, eye woɖo wo ɖe wo nɔewo dzi etɔ̃etɔ̃ lae nɔ anyinyiƒe sia le gɔmedzedzea me.

Le yunivɛsitia ƒe nyatakakaa nu la, “anyikɔ ye wotsɔ tu anyinyixɔawo dometɔ ɖe sia ɖe si le lɔbɔe, eye eƒe didime nye sentimeta 80 eye eƒe kekeme nye sentimeta 40. . . . Anyinyila bibiwo kple eŋununyala siwo ɖi tsa yi teƒe si woke ɖe anyinyiƒe sia ŋu le la gblɔ be woate ŋu akpɔ anyitsi tɔn afã sɔŋ tso anyinyixɔ siawo me ƒe sia ƒe.”

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Afi Si Woke Ðe Anyinyiƒea Ŋu Le Le Tel Rehov

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Institute of Archaeology/Hebrew University © Tel Rehov Excavations