Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Aleke wòdzɔe be nyɔnu aɖe si gbe nu le mawusubɔsubɔnyawo gbɔ la va le ɣeyiɣi geɖe zãm fifia tsɔ le kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu? Nu kae ʋã ŋutsu aɖe si lɔ̃a ŋutasẽfefewo wɔwɔ la wòva zu ŋutifafalɔ̃la? Alekee ŋutsu aɖe si ƒo eɖokui ɖe atikevɔ̃ɖiwo zazã, ahamumu, kple kɔdada kple amewo le kpɔdome me la te ŋu wɔ va trɔ eƒe agbenɔnɔ? Wò ya xlẽ woawo ŋutɔwo ƒe numenyawo nàkpɔ.

AMEA ŊUTI NYATAKAKAWO

ŊKƆ: PENELOPE TOPLICESCU

ƑE SI WÒXƆ: 40

DUKƆ: AUSTRALIA

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: AME SI TSRI MAWUSUBƆSUBƆ

AGBE SI MENƆ TSÃ: Wodzim le Sydney, Australia, gake esi mexɔ ƒe eve ko la, míaƒe ƒomea ʋu yi New Guinea. Míenɔ Rabaul abe ƒe eve ene, eye emegbe míeva nɔ Bougainville hena ƒe enyi. Le ɣeyiɣi mawo me la, television menɔ New Guinea o, eya ta, gbɔme ko mía kple nɔvinyeŋutsu suetɔ míefena le.

Esi mexɔ abe ƒe ewo ene la, meva te ɖe tsɔtsɔ le mawusubɔsubɔ me. Katolikotɔe Danye nye, eya ta ede dzi ƒo nam be manɔ nyɔnu Katolikotɔ aɖe si le míaƒe nutoa me la kplɔm ɖo míanɔ Biblia srɔ̃ƒe dem. Wode tsi ta nam mezu Katolikotɔ esime mexɔ ƒe ewo.

Gake esi míetrɔ yi Australia, eye mege ɖe nye ƒewuiwo me la, meva te ɖikeke le nye subɔsubɔdzixɔsewo ŋu. Le nye sekɛndrisukudeɣiwo katã la, mesrɔ̃ nu tso blemaŋutinyawo ŋu eye nye kple fofonye míeɖo dze tso ale si subɔsubɔhawo wɔ va dzɔ, kple Biblia ƒe akpa siwo míebuna be wonye nyakpakpawo kple xotutuwo dzro ko la ŋu. Mlɔeba la, meva gbe nu le Katolikoha gbɔ.

Dzinyelawo dome klã esime mexɔ ƒe 16. Nuwo va nɔ sesẽm na danye, eya ta meva ʋu yi ɖanɔ fofonye kple eƒe ŋugbetɔ gbɔ. Nɔvinyeŋutsua ya tsi danye gbɔ eye woʋu yi ɖanɔ dukɔa ƒe nuto bubu me. Metsi akogo vevie ɣemaɣi. Exɔ ƒe eve sɔŋ hafi mía kple danye dome gava nɔ nyuie. Meva te ahanono, atike vɔ̃ɖiwo zazã, kple aglotuƒewo dede. Meva dzudzɔ sukudede hekpɔ dɔwɔɖui aɖe, eye meva tsɔ agbe gbegblẽ nɔnɔ ɖo dɔe esi mege ɖe nye ƒe 20-awo me.

Esi mexɔ ƒe 25 la, megava te ŋugbledede tso Biblia ŋu. Meva te dɔ bubu aɖe wɔwɔ, eye afi mae meva do go Liene, si nye nyɔnuvi nyuie aɖe si dea bubu eƒe dɔtɔ ŋu ɣesiaɣi, togbɔ be dɔtɔa mewɔa nu ɖe eŋu nyuie kura o hã la le. Esi mebiae nu si tae mehea nya ɖe eƒe dɔtɔa ŋu o la, egblɔ be Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kple ye eye yenɔ agbagba dzem be yeatsɔ Biblia me gɔmeɖosewo awɔ dɔe le yeƒe agbe me. Liene do susua ɖa be yeasrɔ̃ Biblia kplim. Esi nyemese eƒe nyaa gɔme nyuie o ta la, mesusu be ɖe wònɔ gbɔgblɔm be mate ŋu asrɔ̃ nu siwo katã yenya tso Biblia ŋu la le gaƒoƒo ɖeka ko me. Le zã ma me la, Liene zã gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ tsɔ ɖo biabia siwo nɔ asinye ku ɖe Biblia ŋu la ŋu nam. Ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ be ŋuɖoɖo siwo katã wònam la tso Biblia me.

Meɖo ŋkui be esi menɔ ʋu kum yina aƒe me zã ma me le nye kple Liene ƒe dzeɖoɖoa megbe la, medo dziku ɖe Mawu ŋu be nu ka tae mena menya nyateƒea xoxoxo o hã. Menyae be Ðasefowo nɔa agbe nyuie, eye mesusui be etsi megbe akpa be mawɔ tɔtrɔ le nye agbenɔnɔ ŋu. Mesusui hã be nyemate ŋu anɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me abe ale si Ðasefowo wɔnɛ ene gbeɖe o. Mena Ðasefowo yi edzi nɔ Biblia srɔ̃m kplim kple susu be makpɔ vodada aɖe le woƒe nufiafiawo ŋu ahanɔ te ɖe ema dzi adzudzɔ hadede kpli wo. Meva de dzesii gbe ɖeka be nyemele vodada si dim mele le wo ŋu la kpɔ ge gbeɖe o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆE: Zi ale si meyi edzi le nu srɔ̃m tso Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo ŋu la, zi nenemae nye dzitsinya ɖea fu nam. Be mana nye dzitsinya nadzudzɔ fu wɔwɔm vie la, meɖe asi le atamanono ŋu. Gake esi meva ʋu yi dukɔ bubu me la, ɖeko megava te ahanono kple aglotuƒewo yiyi. Edze abe ɣesiaɣi si medze agbagba wɔ ŋgɔyiyi hele agbe nɔm ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu ko la, ɖeko nu gbegblẽ wɔwɔ gava tsoa mɔ nam. Ŋukpe léam medoa gbe ɖa na Yehowa, gake nye dzitsinya kpɔtɔ ɖea fu nam.

Esi meva srɔ̃ nu tso nu vɔ̃ si Fia David kple Bat-Seba wowɔ, kple ale si Yehowa kpɔ nublanui na woe ŋu la, ekpe ɖe ŋunye geɖe ŋutɔ. Esi wova xlɔ̃ nu David la, dzi nɔ eƒo wòlɔ̃ ɖe eƒe vodadaa dzi, eye medze agbagba be yeaɖe ye ɖokui nu o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, elɔ̃ xɔ mokaname si wonae la ɖokuibɔbɔtɔe. (2 Samuel 12:1-13) Ɣesiaɣi si megaɖe afɔ gbegblẽ aɖe la, meɖoa ŋku ŋutinya ma dzi, eye esia nana wònɔa bɔbɔe nam be maɖe kuku na Yehowa. Emegbe meva ɖoe be manɔ gbe dom ɖa tso tetekpɔwo dzi ɖuɖu ŋu do ŋgɔ, tsɔ wu be malala vodada naɖi ɖem hafi mava nɔ gbe dom ɖa, eye esia ɖe vi nam ale gbegbe.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Tsã la, medoa dziku kabakaba ŋutɔ. Gake Efesotɔwo 4:29-31 va kpe ɖe ŋunye mekpɔe be ele be matsri “ameléleɖedɔme kaɖikaɖi kple dɔmedzoe kple dziku.” Esi meva srɔ̃ ale si malé nye dziku nu la, meva nya ale si makpɔ nye aɖe hã dzii. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si nye “mina miaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃” la hã kpe ɖe ŋunye mete ŋu nye ame si ƒe nuwɔnawo toa mɔ ɖeka.—Mateo 5:37.

Danye, si tsi tsitre ɖe nye hadede kple Ðasefowo ŋu tsã la va gblɔ nam emegbe be yele ŋudzedze kpɔm ɖe ŋunye ŋutɔ. Egblɔ nam gɔ̃ hã be: “Menyae be ame si ƒomevi nènye fifia la metso hehe si míena wò gbɔ o, ke boŋ etso nu siwo srɔ̃m nèle tso Yehowa ŋu gbɔ.” Dzidzɔm ŋutɔ esi mesee wògblɔ nya mawo.

Mesena le ɖokuinye me fifia be gɔmesese kple tameɖoɖo ɖɔʋu le nye agbe ŋu. Ƒe asieke sɔŋ ye nye esia la, mía kple srɔ̃nye míele gome kpɔm le ɣeyiɣiawo katã ƒe Biblia fiafiadɔ me. Ɛ̃, meɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me, eye mesena le ɖokuinye me fifia be emae nye dɔ nyuitɔ kekeake si ŋu teƒeɖoɖo le nam.

AMEA ŊUTI NYATAKAKAWO

ŊKƆ: DENIS BUSIGIN

ƑE SI WÒXƆ: 30

DUKƆ: RUSSIA

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: KARATDALA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Perm’ dugã la mee wodzim le, eye dugã bubu si nye Furmanov, si me ame 40,000 lɔƒo nɔ le Russia ƒe nuto si nye Ivanovo me la mee menɔ tsi. Furmanov nye du dzeani aɖe si me ati dama geɖe siwo nya kpɔ ŋutɔ, siwo ƒe aŋgbawo nɔa amadede dzẽ kple aŋutiɖiɖi me le kele me la xɔ aƒe ɖo. Le ƒe 1980-awo kple 1990-awo me la, nu vlo wɔwɔ va do fievo ɖe edzi ŋutɔ le dua me. Esi wònye fetu sue aɖe ko nue míaƒe ƒomea nɔ agbe ɖo ta la, míenɔ agbe tsɛ. Mía kple nɔvinye ŋutsu suetɔ kpakple mía dzilawoe nɔ xɔdɔme ɖeka me, eya ta míexaxa ŋutɔ.

Mete karatsɔsrɔ̃ esime mexɔ ƒe adre ko. Karatdada vivia nunye ŋutɔ, eye wònye nu vevitɔ nam le agbe me. Mezãa nye vovoɣiwo katã le kamedeƒewo, eya ta xɔ̃nyewo katã nye kamedefefewɔlawo. Kaka maxɔ ƒe 15 la, mexɔ alidziblanu dzẽ le karatdada me, eye le ƒe ɖeka megbe la mexɔ braŋtɔa hã. Menɔ karatdalawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si kpɔ gome le Russia hoʋiʋli wɔnawo kpakple Europa kple Asia hoʋiʋli wɔnawo me la me. Edze abe etsɔme nyuie aɖe nɔ ŋgɔ nam ene, gake nye agbenɔnɔ va trɔ kura esime mexɔ ƒe 17.

Mía kple xɔ̃nye aɖewo míewɔ nu vloe aɖe eye wolé mí. Wodem gaxɔ me hena ƒe eve. Gaxɔa me nɔnɔ menɔ bɔbɔe o. Ke hã, afi mae mekpɔ Biblia le kple ŋku zi gbãtɔ. Mexlẽ Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa, Psalmowo, kple Nubabla Yeye la. Melé Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖaa ɖe tame hedonɛ ɖa zã sia zã hafi mlɔa anyi kple susu be akpe ɖe ŋunye.

Woɖe asi le ŋunye le gaxɔa me le ƒe 2000 me, gake taɖodzinu alo tameɖoɖo aɖeke menɔ nye agbe ŋu o. Meva te atike vɔ̃ɖiwo zazã. Ɣeyiɣi mawo mee danye ku. Enye ame si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o wu, eya ta mexa nu vevie ŋutɔ. Ke hã, mete ŋu va dzudzɔ atike vɔ̃ɖiawo zazã, eye megate kamedeƒeawo yiyi. Meva ʋu yi Ivanovo dugã la me. Meva kpɔ dɔ le nuɖuɖudzraƒe aɖe le afi ma. Nyɔnu si nye fiasedzikpɔlaa ƒe kpeɖeŋutɔ la nye Yehowa Ðasefo. Eɖe Biblia me nyateƒe vevi aɖewo me nam, eye wòwɔ ɖoɖo be Ðasefo bubu nava nɔ Biblia srɔ̃m kplim edziedzi.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆE: Esi meva de dzesii le nye Biblia sɔsrɔ̃ me be Mawu ɖoe be yeava wɔ anyigba la wòazu paradiso la, ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ eye medi be madze agbagba ɖe sia ɖe be mava nɔ afi ma le etsɔme. Eteƒe medidi o, meva kpɔe be dzidzenu kɔkɔwo le Yehowa Mawu si si nu wòdi be amewo nanɔ agbe ɖo. Le ɣeyiɣi siwo katã va yi me la, nye ŋutɔ ɖokuinye ŋu koe mebuna le agbe me. Gake meva srɔ̃e be Yehowa di tso asinye be mabu ame bubuwo hã ŋu, eye be matu nɔnɔme nyui siwo menɔ asinye tsã o la ɖo, abe dɔmenyowɔwɔ kple ŋutifafalɔlɔ̃ ene.

Esi meva te ŋugbledede tso nu siwo katã Yehowa wɔ nam—abe Via tsɔtsɔ sa vɔ ɖe nye nu vɔ̃wo ta ene—ŋu vevie la, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋu ʋãm mewɔ tɔtrɔwo le nye agbe me. Le kpɔɖeŋu me, mesrɔ̃e le Psalmo 11:5 be Yehowa lé fu ŋutasẽnuwɔwɔ. Eya ta medzudzɔ television dzi wɔna siwo doa ŋutasesẽ kple fuléle ɖe ŋgɔ la kpɔkpɔ. Avu kple kɔe wònye hafi mete ŋu va dzudzɔ kamedefefe siwo me wowɔa ŋutasẽnuwo le. Gɔmeɖose si le 1 Korintotɔwo 15:33 kpe ɖe ŋunye mekpɔe be ame siwo medea ha kple la akpɔ ŋusẽ ɖe nye agbenɔnɔ dzi. Nyateƒe si wònye be meva nɔ gaxɔ me la ɖo kpe gɔmeɖose ma ƒe nyateƒenyenye dzi. Eya ta medzudzɔ hadede kple ame siwo lɔ̃a kamedefefe siwo me ŋutasẽnuwɔnawo bɔ ɖo la kura.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Hadede kple Yehowa Ðasefowo kpakple Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋunye meva zu anukwaretɔ. Le kpɔɖeŋu me, mesrɔ̃e le Hebritɔwo 13:5 be ele be makpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo le asinye la ŋu ahaƒo asa na galɔlɔ̃. Aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ na meƒo asa na alakpadada kple fififi.

Xɔlɔ̃dzedze doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Do ŋgɔ la, mekpɔ ale si ŋukeklẽ kple vɔvɔ̃ gblẽ mía kple ame bubuwo ƒe xɔlɔ̃dzedze dome zi geɖe. Yehowa Ðasefowo mede blibo ya o, gake wodea bubu Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu hedzea agbagba wɔna ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi le nuwɔwɔ kple amewo me. Meva kpɔ xɔlɔ̃ vavãwo le wo dome.

Nyemenya ale si nye agbe anɔ ne menye ɖe meva srɔ̃ ale si manɔ agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu o. Anye ne megatrɔ yi gaxɔ me alo anye ne manɔ fu wɔm amewo ahanɔ nuxaxa dom na wo. Gake fifia la, srɔ̃nyɔnu nyuie aɖe kple viŋutsu eve le asinye, eye abe ƒome ene la, míele vivi sem ŋutɔ le kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la me.

AMEA ŊUTI NYATAKAKAWO

ŊKƆ: JOSÉ CARLOS PEREIRA DA SILVA

ƑE SI WÒXƆ: 31

DUKƆ: BRAZIL

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: KPƆDOMEKƆDALA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Americana, São Paulo ƒe nuto ƒoɖi siwo me nu mede amewo dzi le kura o la mee menɔ tsi. Míekpɔa tsi nyuie nona o, eye afɔdzido kple tsiƒoɖitoƒe nyuiwo hã mele dua me o. Nuto sia xɔŋkɔ le ŋutasẽnuwɔnawo kple nu vlo wɔwɔ me ale gbegbe.

Meva zu anyrawɔla kple ŋutasẽla. Medaa kɔ kple amewo le kpɔdome ɣesiaɣi, si wɔe be nutoa me tɔwo vɔ̃na nam ŋutɔ. Nye awudodo, nye dzedzeme, kple nye azɔli gɔ̃ hã nana amewo nyana zi ɖeka be gbevuvie menye. Menoa aha muna vlevlevle, eye zi geɖe la, menonɛ kakaka buna ɖe ɖokuinye. Menoa atike vɔ̃ɖi hã abe nɔvinyewo ke ene. Edzɔ kura gɔ̃ hã be nɔvinyeawo dometɔ ɖeka ku le atike vɔ̃ɖi zazã akpa ta.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆE: Esi meva do go Yehowa Ðasefowo la, wofiam le Biblia me be Mawu ava trɔ anyigba bliboa wòazu paradiso. (Luka 23:42, 43; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Mesrɔ̃e hã be ame kukuwo meganya naneke o, eye be Mawu mehea to na ame vɔ̃ɖiwo le dzo mavɔ me o. (Nyagblɔla 9:5, 6) Esia fa akɔ nam ale gbegbe. Nu siwo mesrɔ̃ tso Mawu ŋu la na medi vevie be matrɔ nye agbenɔnɔ. Gake tɔtrɔ sia wɔwɔ, be madzudzɔ atike vɔ̃ɖi zazã, ahamumu, kɔdada, kple nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ, menɔ bɔbɔe o.

Ke hã, apostolo Paulo ƒe nya siwo le 1 Korintotɔwo 6:9-11 la de dzi ƒo nam ŋutɔ. Mawunyakpukpui mawo ɖee fia be nɔnɔme gbegblẽ siwo le asinye la dometɔ aɖewo nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo hã si kpɔ. Gake kpukpui mawo ke gblɔ be: “Nenemae mia dometɔ aɖewo nɔ tsã. Ke wole tsi na mi nyuie, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wobu mi ame dzɔdzɔewo le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me kpakple mía Mawu ƒe gbɔgbɔ la.” Nya mawo na mɔkpɔkpɔ su asinye be nye hã mate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã la bene Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋunye.

Esi mete hadede kple Yehowa Ðasefowo la, mekpɔ kakaɖedzi blibo be subɔsubɔha vavãtɔae nye ema. Wonyam nyuie be menye ŋutasẽla kple anyrawɔla tsã, gake woxɔm atuu hedoa vivi ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Ne ɖee nyemeva srɔ̃ Biblia hete ŋu trɔ nye agbenɔnɔ o la, anye ne meku xoxoxo. Gake fifia la, mɔnukpɔkpɔ su asinye meva kpe ɖe nɔvinyeawo dometɔ ɖeka ŋu wòsrɔ̃ nu tso Biblia ŋu eye wòdzudzɔ atike vɔ̃ɖi zazã. Mede dzi ƒo na nye ƒometɔ bubu aɖewo hã wote Biblia sɔsrɔ̃. Dzi le dzɔyem ŋutɔ be mete ŋu tsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe be masubɔ Mawu, ame si tsɔa ɖe le eme na mí ale gbegbe!

[Nya si ɖe dzesi si le axa 24]

“Meva ɖoe be manɔ gbe dom ɖa tso tetekpɔwo dzi ɖuɖu ŋu do ŋgɔ, tsɔ wu be malala vodada naɖi ɖem hafi mava nɔ gbe dom ɖa, eye esia ɖe vi nam ale gbegbe”