Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Subɔsubɔha Nyuitɔ Ƒãa Agbe Nyui Nɔnɔ Ƒe Dzidzenu Kɔkɔwo Ðe Amewo Me

Subɔsubɔha Nyuitɔ Ƒãa Agbe Nyui Nɔnɔ Ƒe Dzidzenu Kɔkɔwo Ðe Amewo Me

SUBƆSUBƆHA nyuitɔ nana míebua nu ŋu nyuie, eye wòfiaa mí ale si míawɔ míaƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi. Ekpena ɖe mía ŋu le míaƒe agbagbadzedze be míawɔ nu nyui me, eye wònana nɔnɔme nyui geɖewo ɖea dzesi le mía ŋu. Aleke míewɔ nya be subɔsubɔha nyuitɔ wɔa nu siawo?

De dzesi nya siwo apostolo Paulo ŋlɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Korinto, le Hela. Blema du ma xɔ ŋkɔ le agbe gbegblẽ nɔnɔ me ŋutɔ. Paulo xlɔ̃ nu be: “Ahasiwɔlawo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo kple busubɔlawo kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” Paulo gblɔ yi edzi be: “Eye nenem mia dome ame aɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mía Mawu ƒe gbɔgbɔ la me.” (1 Korintotɔwo 6:9-11) Wò ya bu eŋu kpɔ ko—subɔsubɔha nyuitɔ kpe ɖe ame siwo menɔa agbe ɖe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu aɖeke nu tsã o la ŋu be wova zu Mawu subɔla siwo le dzɔdzɔe hele dzadzɛ!

To vovo na esia la, Biblia xlɔ̃ nu be: ‘Ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le ale si tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu.’—2 Timoteo 4:3.

Alekee subɔsubɔha siwo nènya la wɔa nu le go sia me? Ðe wowɔna ɖe Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenu kɔkɔwo dzia? Alo ɖe wotɔa tsi Mawu ƒe Nya la ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me kɔ ƒãa la, hegblɔa nya siwo ‘amewo dina be yewoase le ale si tome fiẽa wo nu’ la ko na woa?

Anyo be nàgbɔ dzi ɖi ade ŋugble tso biabia siwo gbɔna la ŋu be woakpe ɖe ŋuwò nànya ne subɔsubɔha aɖe le ku nyuiwo tsem.

NYATI: Srɔ̃ɖeɖe.

NU SI BIBLIA FIA:

“Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.”—Hebritɔwo 13:4.

NYABIASE:

Ðe subɔsubɔha sia biana tso hamevi ŋutsu kple nyɔnu siwo le wo nɔewo gbɔ la si be woaɖe srɔ̃ le se nua?

NYATI: Srɔ̃gbegbe.

NU SI BIBLIA FIA:

Esi wobia Yesu be ɖe woate ŋu agbe ame srɔ̃ le nuwɔna ɖe sia ɖe ko ta hã la, egblɔ be: ‘Ame si ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o, eye wòaɖe bubu aɖe la, eyae wɔ ahasi.’—Mateo 19:9.

NYABIASE:

Ðe subɔsubɔha sia dea bubu Yesu ƒe mɔfiamea ŋu helɔ̃na ɖe edzi be agbe gbegblẽ nɔnɔ ɖeɖe ko tae ame ate ŋu agbe srɔ̃a ahaɖe bubua?

NYATI: Gbɔdɔdɔ ƒe agbe nyui nɔnɔ.

NU SI BIBLIA FIA:

‘Misi le ahasiwɔwɔ nu! Nu vɔ̃ sia nu vɔ̃, si ame wɔna la, menye eƒe ŋutilã me wòle o, ke ahasiwɔla wɔa vɔ̃ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋuti.’—1 Korintotɔwo 6:18.

‘Woƒe nyɔnuwo tsɔ dzɔdzɔme ƒe kɔnu wɔ nu si mele dzɔdzɔme nu o; nenema ke woƒe ŋutsuwo hã gblẽ nyɔnuwo ƒe dzɔdzɔmekɔnu ɖi, eye wofiã le woƒe fiẽŋufiẽŋu me ɖe wo nɔewo ŋu, eye ŋutsu kple ŋutsu wɔ ŋukpenanuwo, eye wokpɔ woƒe vodada ŋuti fetu, si dze wo la, le wo ɖokui ŋu.’—Romatɔwo 1:26, 27.

NYABIASE:

Ðe subɔsubɔha sia fiaa nu be gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ, eɖanye le ŋutsu kple nyɔnu dome alo le vidzinuɖekatɔwo dome o, nye nu vɔ̃a?

NYATI: Hameviwo ƒe Biblia me dzidzenuwo me léle ɖe asi dzinɔameƒotɔe.

NU SI BIBLIA FIA:

“Miagade ha kple ame aɖe, si ne woyɔnɛ be nɔvi, wònye ahasiwɔla alo ŋubiãla alo trɔ̃subɔla alo busubɔla alo ahamula alo adzodala la o; migaɖu nu kple nenem me sia hã o.” (1 Korintotɔwo 5:11) Nu kae wòle be woawɔ na hamevi nu vɔ̃ wɔla si gbe dzimetɔtrɔ? Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋutɔ mia dome!”—1 Korintotɔwo 5:13.

NYABIASE:

Ðe subɔsubɔha sia ɖea ame si ɖoe koŋ gbe wɔwɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo dzi la ɖa le haa mea?