Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Subɔsubɔha Nyuitɔ Ƒãa Bubudede Mawu Ƒe Nya La Ŋu Ðe Amewo Me

Subɔsubɔha Nyuitɔ Ƒãa Bubudede Mawu Ƒe Nya La Ŋu Ðe Amewo Me

YESU ƒã bubudede Mawu ƒe Nya, Biblia, ŋu ɖe amewo me. Nyateƒenya sia dze ƒãa le ale si wòɖo nya ŋu na Abosam esime wòtee kpɔ la me. (Mateo 4:4-11) Le kpɔɖeŋu me, aleke Yesu wɔ nui esime Satana tee kpɔ be wòatrɔ kpe aɖewo woazu abolo? Yesu gbe wɔwɔ ɖe edzi heyɔ nya siwo gbɔgbɔ ʋã Mose wòŋlɔ, si nàte ŋu axlẽ le 5 Mose 8:3 la, tsɔ ɖo nya ŋu nɛ. Esi Abosam be yeatsɔ xexemefiaɖuƒewo katã ƒe dziɖuɖu ana Yesu ne enya wɔ tadeagunuwɔna ɖeka pɛ ko na ye la, aleke wòwɔ nui? Mewɔ ɖe edzi o, ke boŋ eyɔ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose aɖe si nàte ŋu akpɔ le 5 Mose 6:13 la tsɔ ɖo nya ŋu nɛ.

Wò ya bu eŋu kpɔ ko! Togbɔ be Yesu nye Mawu ŋutɔ ƒe Vi hã la, Biblia dzie wòtu eƒe nufiafiawo ɖo. Eye metsɔ amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo ɖɔli Mawu ƒe Nya la kpɔ gbeɖe o. (Yohanes 7:16-18) Ke hã, subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekeawo me la dometɔ geɖe mede bubu Mawu ƒe Nya la ŋu abe eyama ene o. Nu ka tae? Wode asixɔxɔ amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo ŋu wu Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo. Yesu gblɔ na subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo kã be: “Miegabua Mawu ƒe se la o le miaƒe kɔa ŋuti. Alakpatɔwo! Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti bena: ‘Dukɔ sia le buyem kple nuyiwo; gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye. Eye dzodzroe wole subɔyem hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiam.’”—Mateo 15:6-9.

Xexea me subɔsubɔha geɖewo, esiwo gblɔna be yewonye Kristotɔwo kple esiwo menye Kristotɔwo o siaa, gblɔna be yewodea bubu Biblia ŋu. Ke hã, subɔsubɔha nenie nènya be wogbea nu le amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo gbɔ ne womewɔ ɖeka kple Mawu ƒe Nya la me nufiafia siwo me kɔ nyuie la o? Wò ya bu kpɔɖeŋu eve ko ŋu kpɔ.

NYATI: Mawusubɔsubɔ me dzesideŋkɔ gãwo.

NU SI BIBLIA FIA:

Yesu bu fɔ subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me le ale si wodaa dzesideŋkɔ gãwo ɖe wo ɖokuiwo dzi hedia ɖoƒe kɔkɔwo la ta. Egblɔ be wolɔ̃a “kplɔ̃tanɔnɔ le nuɖuƒewo kple nɔƒe gbãtɔwo nɔnɔ le woƒe ƒuƒoƒewo kpakple gbedoname le ablɔawo me, eye bena, amewo nayɔ wo be Rabi.” Emegbe Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye. Eye migayɔ ame aɖeke be mia fofo le anyigba dzi o; elabena ame ɖekae nye mia fofo, eyae le dziƒo.”—Mateo 23:1-10.

NYABIASE:

Ðe subɔsubɔha sia ƒe kplɔlawo dina be woada bubuŋkɔwo ɖe yewo dzi eye be yewoanye ame xɔŋkɔwo le nutoa mea, alo ɖe wowɔna ɖe Yesu ƒe sedede be woatsri nuwɔna mawo la dzia?

NYATI: Nɔnɔmetatawo zazã le tadedeagu me.

NU SI BIBLIA FIA:

‘Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Mègawɔ nu siwo le dziƒo, alo nu siwo le anyigba dzi, alo nu siwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo o.’—2 Mose 20:4, 5.

Apostolo Yohanes ŋlɔ na Kristotɔwo be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti!”—1 Yohanes 5:21.

NYABIASE:

Ðe subɔsubɔha sia wɔna ɖe Biblia ƒe sedede si me kɔ nyuie be woatsri nɔnɔmetatawo kple legbawo zazã le tadedeagu na Mawu me la dzia?

Àte Ŋu Ake Ðe Mɔ Nyuitɔ La Ŋu

Togbɔ be Mawusubɔsubɔ ƒe mɔ gbogbo aɖewoe li egbea hã la, àte ŋu ake ɖe esi kplɔa ame yia agbe me la ŋu. Nu geɖewo li siwo nàte ŋu atsɔ ade dzesi “mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu le Mawu . . . ŋku me o.” (Yakobo 1:27) Ŋɔŋlɔ siwo me míedzro le nyati siawo me la ate ŋu anye mɔfiadzesi siwo akpe ɖe ŋuwò nàke ɖe subɔsubɔha ma ŋu.

Anyo ŋutɔ be nàbia Yehowa Ðasefowo woakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ biabia siwo le nyati siawo me la ƒe ŋuɖoɖowo. Ne èle nya siwo woagblɔ na wò me dzrom la, wɔ ɖe kpɔɖeŋu nyui si ame siwo nɔ Beroia le ƒe alafa gbãtɔ me ɖo ɖi la dzi. Esi wose apostolo Paulo ƒe gbeƒãɖeɖewo vɔ la, ‘wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbe sia gbe be, nya siwo Paulo gblɔ la le eme hã.’ (Dɔwɔwɔwo 17:11) Ne ède bubu Mawu ƒe Nya la ŋu hesrɔ̃e veviedodotɔe abe Beroiatɔwo ene la, àke ɖe agbemɔ la ŋu. Akpo ɖe wò ŋutɔ gbɔwò azɔ ne àtiae be yeazɔ mɔ ma dzi.

Subɔsubɔha kae dea dzi ƒo na amewo be woasrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo ahakpɔe ɖa be nu siwo wofia yewo la nye nyateƒe hã?