Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Dea Asixɔxɔ Ame Fafawo Ŋu

Yehowa Dea Asixɔxɔ Ame Fafawo Ŋu

Te Ðe Mawu Ŋu

Yehowa Dea Asixɔxɔ Ame Fafawo Ŋu

4 Mose 12:1-15

DADA, ŋuʋaʋã, nɔƒegãdidi. Nɔnɔme siawoe dzena le ame siwo dina be yewoayi ŋgɔ le xexe sia me wu ame bubuwo la ŋu zi geɖe. Gake ɖe nɔnɔme mawo tɔgbi tea mí ɖe Yehowa Mawu ŋua? Gbeɖe, ame fafa siwo subɔa Yehowa la boŋ ŋue wòdea asixɔxɔe. Esia ƒe nyateƒenyenye dze le nuŋlɔɖi si le Mose ƒe Agbalẽ Enelia ta 12 lia me. Sinai gbedzie nu sia dzɔ le, le Israel viwo ɖeɖe tso Egipte vɔ megbe.

Miryam kple Aron, siwo nye Mose nɔvi tsitsitɔwo la “ƒo nu le Mose ŋu.” (Kpukpui 1) Le esi teƒe be woaƒo nu na Mose la, woƒo nu le eŋu, eye anɔ eme be woli liʋiliʋi le eŋu na amewo le asaɖaa me. Anɔ eme be Miryam si woyɔ gbã lae xɔ ŋgɔ le liʋiliʋia lili me. Nu gbãtɔ si ta woli liʋiliʋi le Mose ŋu ɖoe nye be eɖe Kus nyɔnu. Ðe wòanɔ eme be Miryam nɔ ŋu ʋãm be woava de bubu nyɔnu sia si menye Israel vi o la ŋu wu yea?

Gake nu siwo gbɔ woƒe liʋiliʋililia tso la de ŋgɔ wu ema. Miryam kple Aron nɔ gbɔgblɔm enuenu be: “Alo Mose ɖeɖe koe Yehowa ƒo nu kplia? Ðe meƒo nu kple míawo hã oa?” (Kpukpui 2) Ðe wòanye be ŋkɔxɔxɔ kple nɔƒegãdidi koŋ ye nye woƒe kuxia?

Le nudzɔdzɔa me la, Mose megblɔ nya aɖeke tsɔ ɖo woƒe liʋiliʋililia ŋu o. Edo dzi tsɔ nyatɔame siwo gblɔm wonɔ ɖe eŋu la kpoo. Eɖokui léle alea ɖo kpe nya si Biblia gblɔ tso eŋu la dzi be: ‘Mose fa wu ame siwo katã le anyigba dzi.’ * (Kpukpui 3) Mehiã be Mose naʋli eɖokui ta o. Yehowa nɔ to ɖom, eya ta eƒo nu ɖe Mose nu.

Yehowa tsɔe be ye ŋutɔ ŋue wole liʋiliʋia lim le. Nya lae nye be, eya ŋutɔe ɖo Mose dukɔa nu. Esi Mawu nɔ mo kam na liʋiliʋililaawo la, eɖo ŋku edzi na wo be ye kple Mose dome le kplikplikpli esime wògblɔ be: “Meƒoa nu kplii ŋku me kple ŋku me.” Azɔ Yehowa bia Aron kple Miryam be: ‘Nu ka ŋuti mievɔ̃ o, eye mieƒo nu le Mose ŋua?’ (Kpukpui 8) Esi woƒo nu le Mose ŋu la, le nyateƒe me la, Mawu ŋu koŋ ye wonɔ nua ƒom le. Bubumademade Mawu ŋu gaglã alea ana wòado dziku ɖe wo ŋu godoo.

Anyidɔ dze Miryam, ame si xɔ ŋgɔ le liʋiliʋililia me la dzi. Enumake Aron ƒo koko na Mose be wòaɖe kuku ɖe eta. Wò ya bu eŋu kpɔ ko—Mose si ŋu wonɔ liʋiliʋi lim le lae nye ema ava ɖe kuku ɖe Miryam ta azɔ hafi wòahaya! Ðokuibɔbɔtɔe la, Mose wɔ abe ale si Aron bia tso esi ene. Mose ƒo koko na Yehowa vevie ɖe nɔvianyɔnua ta, eye esiae nye zi gbãtɔ si Mose ƒo nu le nudzɔdzɔa me. Miryam haya ya, gake ele be woaɖee ɖe aga ŋkeke adre eye wòado dzi atsɔ ŋukpe si wòanye nɛ.

Nudzɔdzɔ sia na numekɔkɔ geɖe mí tso nɔnɔme siwo dzɔa dzi na Yehowa kple esiwo medzɔa dzi nɛ o la ŋu. Ne míedi be mía kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli la, ele be míawɔ nu sia nu si míate ŋui bene míaho dada, ŋuʋaʋã, kple nɔƒegãdidi ƒe nɔnɔme ɖe sia ɖe si míade dzesii le mía ɖokui me la ɖa. Ame fafawoe Yehowa lɔ̃na. Edo ŋugbe be: “Ame ɖihiãwo [alo ame fafawo] anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11; Yakobo 4:6.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Tufafa si ŋu woƒo nu tso le afi sia la nye nɔnɔme nyui si kpena ɖe ame ŋu be wòado dzi dzigbɔɖitɔe ne wole numadzɔmadzɔ wɔm ɖe eŋu, eye mate kpɔ be yeaɖo eteƒe o.