Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Ame kawoe nye agbalẽfiala siwo tsi tsitre ɖe Yesu ŋu?

Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la, edo go agbalẽfialawo le Yerusalem kpakple du viwo kple kɔƒeduwo me. Le du siwo ƒo xlã Yerusalem—kple Yudatɔwo ƒe nuto siwo le Palestina dua godo gɔ̃ hã—me la, agbalẽfiala siawo nyea dumegã siwo mexɔ ŋkɔ boo o, siwo bi ɖe Mose ƒe Sea me, eye woanya wɔ dɔ abe nugbugbɔgaŋlɔlawo alo nutomeʋɔnudrɔ̃lawo ene.—Marko 2:6; 9:14; Luka 5:17-21.

Le Yerusalem dua ŋutɔ me la, agbalẽfialawo nye ame siwo wɔa dɔ aduadu kple Yudatɔwo ƒe dziɖuɖumegãwo. (Mateo 16:21) The Anchor Bible Dictionary gblɔ tso dɔ si wowɔna ŋu be, “edze abe wonye ame siwo kpena ɖe nunɔlawo ŋu le ʋɔnudrɔ̃nyawo kple Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi kple sewo ŋuti nyawo gbɔ kpɔkpɔ, kpakple dɔ bubu siwo wowɔna le Sanhedrin la me gbe sia gbe la me ene.” Esi agbalẽfiala siawo nye Mose ƒe Sea fiala xɔŋkɔwo ta la, wo dometɔ aɖewo anya nye Sanhedrin, alo Yudatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ, la me tɔwo. Wowɔ dɔ aduadu kple nunɔlagãwo kple Farisitɔwo.

Zi geɖe la, nya siwo wogblɔna tso agbalẽfialawo ŋu la ɖenɛ fiana be wotsi tsitre ɖe Yesu kple eƒe nufiafiawo ŋu. Ke hã, wo dometɔ aɖewo metsi tsitre ɖe eŋu o. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽfiala aɖe gblɔ na Yesu be: “Madze yowòme ayi afi sia afi si nàyi.” Yesu ŋutɔ gblɔ na wo dometɔ bubu be: “Mèle adzɔge tso Mawu fiaɖuƒe la gbɔ o.”—Mateo 8:19; Marko 12:28-34.

Nu kae wòfia be ame aɖe nye amesiamina?

Le ɣeyiɣi siwo me woŋlɔ Biblia la, ami kɔkɔ ɖe tame na ame le Titina Ɣedzeƒe nutowo me nyea ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe amea ŋu alo amedzrowɔwɔ nɛ ƒe dzesi. Zi geɖe la, enyea amitimi si ŋu wotrɔ asi le wòʋẽna lilili. Hebritɔwo hã kɔa ami ɖe ta na ame, alo sia ami nɛ, nenye be woɖoe ŋusẽnɔƒe tɔxɛ aɖe. Le kpɔɖeŋu me, wokɔ ami ɖe Aron ƒe tame wòzu amesiamina esime wonɔ eɖom nunɔlagãe. (3 Mose 8:12) Le Fia David gome la, ‘Samuel tsɔ lãdzo, si me ami le, eye wòsi ami nɛ. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Dawid dzi tso gbe ma gbe.’—1 Samuel 16:13.

Le Hebrigbe me la, nya si wozãna na amisisi na ame wòazu amesiamina lae nye ma·shachʹ, si me woɖe nya ma·shiʹach, alo Mesia tso. Nya si wozãna nɛ le Helagbe me lae nye khriʹo, si me woɖe nya khri·stosʹ, alo Kristo tso. Eya ta woate ŋu ayɔ Aron kple David siaa be mesia, alo amesiamina. Woyɔ Mose hã be kristo, alo amesiamina, le gɔmesesea nu be Mawu tiae be wòanye ye teƒenɔla.—Hebritɔwo 11:24-26.

Mawu ŋutɔ ɖo Yesu, Nazaretetɔ la, ŋusẽnɔƒe gã aɖe. Yesu nye amesiamina; gake menye ami ŋutɔŋutɔe wosi nɛ o, ke boŋ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe lae wotsɔ si ami nɛ. (Mateo 3:16) Esi Yesu nye Yehowa ƒe Amesiamina tiatia ta la, esɔ nyuie ŋutɔ be woyɔe be Mesia la, alo Kristo.—Luka 4:18.