Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbe Mavɔ Nɔnɔ Le Anyigba Dzi—Mɔkpɔkpɔ Aɖe Si Mawu Na Mí

Agbe Mavɔ Nɔnɔ Le Anyigba Dzi—Mɔkpɔkpɔ Aɖe Si Mawu Na Mí

Agbe Mavɔ Nɔnɔ Le Anyigba Dzi—Mɔkpɔkpɔ Aɖe Si Mawu Na

“Wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe toflokonyenye te . . . hena mɔkpɔkpɔ.”—ROM. 8:20.

1, 2. (a) Nu ka tae agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa le vevie na mí? (b) Nu ka tae ame geɖewo kea ɖi agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa?

ÐEWOHĨ èɖo ŋku ale si dzi dzɔ wò zi gbãtɔ si nèsee be le etsɔ si gbɔna kpuie me la, amewo magatsi aku amegã ahaku o, ke boŋ woanɔ agbe tegbee le anyigbaa dzi la dzi. (Yoh. 17:3; Nyaɖ. 21:3, 4) Anɔ eme be ètsɔ dzidzɔ nɔ nu ƒom tso Ŋɔŋlɔawo me mɔkpɔkpɔ sia ŋu na amewo. Esɔ alea, elabena agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa nye nya nyui si míeɖea gbeƒã la ƒe akpa vevi aɖe. Ekpɔa ŋusẽ ɖe ale si míebua agbee la dzi.

2 Gake Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo dometɔ akpa gãtɔ ya mehea susu yia agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa dzi kura o. Togbɔ be Biblia fia nu be luʋɔ kuna hã la, sɔlemeha akpa gãtɔ fiaa nu be luʋɔ makumaku aɖe le ame me, eye wòyia edzi nɔa agbe le gbɔgbɔmenutowo me le amea ƒe ku megbe; esia nye nufiafia aɖe si menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o. (Ez. 18:20) Eya ta ame geɖe kea ɖi agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa. Esi wòle alea ta la, anyo be míabia be: Ðe mɔkpɔkpɔ sia nye Biblia ƒe nufiafia vavã? Nenye nenemae la, ɣekaɣie nye zi gbãtɔ si Mawu ɖe mɔkpɔkpɔ sia fia amegbetɔwo?

“Wobɔbɔ Nuwɔwɔ La Ðe Toflokonyenye Te . . . Hena Mɔkpɔkpɔ”

3. Aleke tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu la dze le ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze?

3 Yehowa ɖe tame si wòɖo ɖe amegbetɔwo ŋu la fia tso ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke. Mawu na wòdze kɔtɛ be ne Adam ɖo to ye la anɔ agbe tegbee. (1 Mose 2:9, 17; 3:22) Ðikeke mele eme o be Adam ƒe dzidzimevi gbãtɔwo va nya nu tso ale si amegbetɔ wɔ bu blibodedee la ŋu, eye woawo ŋutɔwo kpɔ eŋuti kpeɖodziwo ŋutɔŋutɔ. Woxe Eden bɔa ƒe mɔ nu, eye amewo nɔ tsitsim henɔ kukum. (1 Mose 3:23, 24) Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, amegbetɔwo ƒe agbenɔƒewo nɔ ɖiɖim. Adam nɔ agbe ƒe 930. Sem si tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me nɔ agbe ƒe 600, eye via Arpaxsad nɔ agbe ƒe 438. Abraham fofo Tarax nɔ agbe ƒe 205. Abraham ƒe agbenɔƒewo nye ƒe 175, via Isak tɔ nye ƒe 180, eye Yakob ƒe agbenɔƒewo nye ƒe 147. (1 Mose 5:5; 11:10-13, 32; 25:7; 35:28; 47:28) Ame geɖe anya kpɔe dze sii be amewo ƒe agbenɔƒewo ƒe ɖiɖi sia fia be agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa bu kura! Ðe susu aɖe li si tae woakpɔ mɔ be ameƒomea ƒe asi agasu mɔkpɔkpɔ sia dzi akea?

4. Susu ka tae nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema xɔe se be Mawu agbugbɔ yayra siwo Adam bu la avae?

4 Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Wobɔbɔ nuwɔwɔ [siwo nye amegbetɔwo] la ɖe toflokonyenye te . . . hena mɔkpɔkpɔ.” (Rom. 8:20) Hena mɔkpɔkpɔ ka? Biblia me nyagblɔɖi gbãtɔ fia asi ‘dzidzimevi’ aɖe si ‘agbã ta na da la.’ (Mixlẽ 1 Mose 3:1-5, 15.) Dzidzimevi ma si ƒe ŋugbe wodo la na amegbetɔ nuteƒewɔlawo ka ɖe edzi be Mawu awɔ ɖe tame si wòɖo ɖe ameƒomea ŋu la dzi. Esia na amewo, abe Abel kple Noa ene, kpɔ susu aɖe si tae woaxɔe ase be Mawu agbugbɔ yayra siwo Adam bu la avae. Ŋutsu mawo anya kpɔe dze sii be ‘afɔkpodziɖuɖu na dzidzimevia’ abia be woakɔ ʋu ɖi.—1 Mose 4:4; 8:20; Heb. 11:4.

5. Nu kae ɖee fia be Abraham xɔ tsitretsitsia dzi se?

5 Bu Abraham ŋu kpɔ. Esime wodo Abraham kpɔ la, “etsɔ [eƒe tenuvi] Isak na kloe.” (Heb. 11:17) Nu ka tae wòlɔ̃ faa be yeawɔ esia ɖo? (Mixlẽ Hebritɔwo 11:19.) Esi wòxɔ tsitretsitsia dzi se tae! Susu nyuiwo nɔ Abraham si siwo tae wòxɔ tsitretsitsia dzi se ɖo. Ne èbu eŋu kpɔ la, Yehowa gbɔ agbe Abraham ƒe vidzidzi ƒe ŋutetewo, eye wòna Abraham kple srɔ̃a Sara te ŋu dzi ŋutsuvi le woƒe amegãkuku me. (1 Mose 18:10-14; 21:1-3; Rom. 4:19-21) Nya si Yehowa gblɔ na Abraham hã nɔ ŋku dzi nɛ. Mawu gblɔ nɛ do ŋgɔ be: “Isak me wò dzidzimeviwo adzɔ tso.” (1 Mose 21:12) Eya ta susu nyuiwo nɔ Abraham si siwo tae wòakpɔ mɔ be Mawu afɔ Isak ɖe tsitre ɖo.

6, 7. (a) Nubabla kae Yehowa wɔ kple Abraham? (b) Aleke ŋugbe si Yehowa do na Abraham la na mɔkpɔkpɔ ameƒomea?

6 Esi wònye be xɔse ɖedzesi aɖe nɔ Abraham si ta la, Yehowa bla nu kplii ku ɖe eƒe ‘dzidzimevi’ ŋu. (Mixlẽ 1 Mose 22:18.) Yesu Kristoe va nye “dzidzimevi” ma ƒe akpa vevitɔ. (Gal. 3:16) Yehowa gblɔ na Abraham be eƒe ‘dzidzimevi’ la adzi ɖe edzi asɔ gbɔ fũu “abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene”—si fia be woƒe xexlẽme manɔ nyanya na Abraham o. (1 Mose 22:17) Gake wova ʋu go xexlẽme ma emegbe. Yesu Kristo kple ame 144,000 siwo aɖu fia kplii le eƒe Fiaɖuƒea me lae nye ‘dzidzimevi’ la. (Gal. 3:29; Nyaɖ. 7:4; 14:1) Mesia Fiaɖuƒea dzie woato ‘ayra anyigba dzi dukɔwo katã.’

7 Anɔ eme be Abraham mese nu si nubabla si Yehowa wɔ kplii la fia gɔme bliboe o. Ke hã, Biblia gblɔ be: “Enɔ du si gɔmeɖoanyi ŋutɔŋutɔwo li na la lalam.” (Heb. 11:10) Du mae nye Mawu Fiaɖuƒea. Be Abraham nate ŋu axɔ yayrawo le Fiaɖuƒe ma te la, ahiã be wòagava nɔ agbe ake. To tsitretsitsia dzi la, anya wɔ be wòava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Eye ame siwo atsi agbe atso Harmagedon la kple ame siwo woafɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome siaa ate ŋu anɔ agbe tegbee.—Nyaɖ. 7:9, 14; 20:12-14.

“Gbɔgbɔ Le Eƒom Ðe Nunye”

8, 9. Nu ka tae menye ŋutinya si ku ɖe ame ɖeka aɖe ƒe fukpekpe ŋu dzro koe Hiob ƒe agbalẽa nye o?

8 Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hiob nɔ agbe ɣeaɖeɣi le Abraham tɔgbuitɔgbuiyɔvi Yosef ƒe ŋkekea megbe va ɖo nyagblɔɖila Mose ƒe ŋkekea me. Biblia gbalẽ si nye Hiob, si anɔ eme godoo be Mose ye ŋlɔe la, ɖe nu si tae Yehowa ɖe mɔ Hiob kpe fu kple ale si nɔnɔmeawo va trɔ nɛ mlɔeba la me. Ke hã, menye ŋutinya si ku ɖe ame ɖeka aɖe ƒe fukpekpe ŋu dzro koe Hiob ƒe agbalẽa nye o, ke boŋ eku ɖe nya aɖe si ka nuwɔwɔ siwo katã si nunya le la ŋu. Agbalẽa na míenya nu tso ale si Yehowa wɔ dzɔdzɔenyenye ŋu dɔ le eƒe dziɖuɖu me la ŋu, eye wòɖee fia be Mawu subɔla siwo le anyigba dzi ƒe fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi kple woƒe agbetsitsi hã nɔ nya si fɔ ɖe te le Eden bɔa me la me. Togbɔ be Hiob mese nya si fɔ ɖe te la gɔme o hã la, meɖe mɔ eƒe zɔhɛ etɔ̃awo na wòsusui be yedo kpo nu le yeƒe fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi me o. (Hiob 27:5) Ele be esia nado ŋusẽ míaƒe xɔse, eye wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔe adze sii be míate ŋu alé míaƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi ahade Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi.

9 Esime Hiob ƒe yeaɖi akɔfala etɔ̃awo ƒo nu vɔ la, “Elihu, Buztɔ Barakel ƒe vi la” ƒo nu azɔ. Nu kae ʋãe wòƒo nu? Egblɔ be: “Nyawo yɔm banaa.” Eye wògblɔ yi edzi be: “Gbɔgbɔ le eƒom ɖe nunye le nye dɔ me.” (Hiob 32:5, 6, 18, NW) Nya siwo gbɔgbɔ ʋã Elihu wògblɔ la va eme esime wogaɖo Hiob te, ke hã, viɖe le eƒe nyawo ŋu na ame bubuwo hã. Ena mɔkpɔkpɔ ame siwo katã léa fɔmaɖimaɖi me ɖe asi.

10. Nu kae ɖee fia be Yehowa tsɔa gbedeasiwo naa ame ɖekaɖeka aɖewo ɣeaɖewoɣi gake woƒe emevava le mɔ si lolo wu nu va kaa ameƒome bliboa katã?

10 Ɣeaɖewoɣi la, Yehowa tsɔa gbedeasiwo naa ame ɖekaɖeka aɖewo gake woƒe emevava le mɔ si lolo wu nu va kaa ameƒome bliboa katã. Míate ŋu akpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu le Daniel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Babilon Fia Nebukadnezar ƒe drɔ̃e si ku ɖe ati gã aɖe lalã ŋu la me. (Dan. 4:7-24) Togbɔ be drɔ̃e ma va eme le Nebukadnezar gome hã la, eƒe emevava gaku ɖe nane si lolo sãsãsã wu ŋu. Eɖee fia be woagaɖo Mawu ƒe dziɖuɖu ɖe anyigba dzi anyi ake to Fiaɖuƒe aɖe si adzɔ tso Fia David ƒe fiaƒomea me dzi, eye esia ava eme le ɣeyiɣi ƒe didime si nye ƒe 2,520 megbe, ɣeyiɣi sia dze egɔme tso ƒe 607 D.M.Ŋ. me. * Wogaɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ɖe míaƒe anyigba dzi fia le mɔ yeye nu esime woɖo Yesu Kristo zi dzi abe Dziƒofia ene le ƒe 1914 me. Bu ale si Fiaɖuƒedziɖuɖua ana ameƒomea me tɔ toɖolawo ƒe mɔkpɔkpɔ nava eme na wo kpuie la ŋu kpɔ ko!

“Ðee, Ne Wòagaɖiɖi Ðe Do La Me O”

11. Nu kae Elihu ƒe nyawo ɖe fia ku ɖe Mawu ŋu?

11 Esime Elihu nɔ nya ŋu ɖom na Hiob la, eƒo nu tso ‘dɔla aɖe, si nye nyanuɖela, si nye ame ɖeka le akpe dome, ne wòagblɔ amegbetɔ ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ nɛ’ ŋu. Nu kae dzɔna ne dɔla ma ‘do gbe ɖa na Mawu be wòave enu’? Elihu ɖo eŋu be: “Ekema [Mawu vea] enu, eye wògblɔna be: ‘Ðee, ne wòagaɖiɖi ɖe do la me o! Meke ɖe tafe aɖe ŋu! Eƒe ŋutilã negazu yeyee wu ale si wònɔ le eƒe sɔhɛmenɔɣi; negbugbɔ yi eƒe sɔhɛmenɔɣi me ŋusẽ ƒe ŋkekewo me.’” (Hiob 33:23-26, NW) Nya siawo ɖee fia be Mawu lɔ̃ faa be yeaxɔ “tafe” alo avulénu ɖe ameƒomea me tɔ trɔdzimewo ta.—Hiob 33:24.

12. Mɔkpɔkpɔ kae Elihu ƒe nyawo na ameƒomea?

12 Elihu mese nu si tafea fia la gɔme bliboe o abe ale si ko nyagblɔɖilawo hã mese nu siwo woŋlɔ ɖi la katã gɔme bliboe o ene. (Dan. 12:8; 1 Pet. 1:10-12) Ke hã, Elihu ƒe nyawo ɖe mɔkpɔkpɔ si nye be Mawu ava xɔ tafe aɖe ahaɖe amegbetɔwo tso amegãkuku kple ku si me gbe ɖeka la fia. Elihu ƒe nyawo ɖɔ agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku la. Hiob ƒe agbalẽa ɖee fia hã be tsitretsitsi aɖe li gbɔna.—Hiob 14:14, 15.

13. Gɔmesese kae le Elihu ƒe nyawo ŋu na Kristotɔwo?

13 Egbea la, gɔmesese vevi aɖe gakpɔtɔ le Elihu ƒe nyawo ŋu na Kristotɔ miliɔn geɖe siwo kpɔa mɔ be yewoatsi agbe le nuɖoanyi vɔ̃ɖi si li fifia la tsrɔ̃ɣi. Ame tsitsi siwo anɔ agbetsila siawo dome la agaɖo woƒe sɔhɛmenɔɣi me ŋusẽ me ake. (Nyaɖ. 7:9, 10, 14-17) Gawu la, mɔkpɔkpɔ si le nuteƒewɔlawo si be yewoava kpɔ eteƒe ame siwo woafɔ ɖe tsitre la nagbugbɔ aɖo woƒe sɔhɛmenɔɣi me ŋusẽ me la nana woyia edzi nɔa dzidzɔ kpɔm. Gake ele be míaɖo ŋku edzi be Kristotɔ amesiaminawo ƒe makumakugbenɔnɔ le dziƒo kple Yesu ƒe “alẽ bubuwo” ƒe agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi siaa nɔ te ɖe Kristo ƒe tafevɔsaa dzi xɔxɔ se dzi.—Yoh. 10:16; Rom. 6:23.

Woami Ku Ða Le Anyigba Dzi!

14. Nu kae ɖee fia be Israel viwo hiã nane si de ŋgɔ wu Mose ƒe Se la hafi woate ŋu akpɔ mɔ be yewoanɔ agbe mavɔ?

14 Abraham ƒe dzidzimeviwo va zu dukɔ nɔɖokuisi esime Mawu bla nu kpli wo. Esime Yehowa nɔ Se la nam wo la, egblɔ be: ‘Milé ŋku ɖe nye ɖoɖowo kple sewo ŋu, elabena woana ame si wɔa wo dzi la, nanɔ agbe.’ (3 Mose 18:5) Gake esi wònye be Israel viwo mete ŋu wɔ ɖe Se la ƒe dzidzenu debliboawo dzi o ta la, Se la bu fɔ wo, eya ta wohiã ɖeɖekpɔkpɔ tso fɔbuame ma me.—Gal. 3:13.

15. Etsɔmeyayra ka ŋue gbɔgbɔ ʋã David wòŋlɔ nu tsoe?

15 Le Mose megbe la, Yehowa na eƒe gbɔgbɔ ʋã Biblia ŋlɔla bubuwo woƒo nu tso agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu. (Ps. 21:5; 37:29) Le kpɔɖeŋu me, hakpala David ƒo psalmo aɖe si ku ɖe tadeagula vavãwo ƒe ɖekawɔwɔ le Zion ŋu ta be: “Gama Yehowa ɖo [be] yayra kple agbe tegbee [nanɔ].”—Ps. 133:3.

16. Ŋugbe kae Yehowa do to Yesaya dzi ku ɖe “anyigba blibo la” ƒe etsɔme ŋu?

16 Yehowa na eƒe gbɔgbɔ ʋã Yesaya wògblɔ nya ɖi ku ɖe agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ŋu. (Mixlẽ Yesaya 25:7, 8.) Abe “avɔ,” alo kuntru aɖe, si naa gbɔgbɔtsixe tsia ame ƒo ene la, nu vɔ̃ kple ku do agba kpekpe ɖe ameƒomea dzi. Yehowa na kakaɖedzi eƒe amewo be woami nu vɔ̃ kple ku ɖa alo ne míagblɔe bubui la, woaɖe wo ɖa “tso anyigba blibo la dzi.”

17. Dɔ kae wogblɔ ɖi be Mesia la ava wɔ si aʋu agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ɖi?

17 Gàbu ɖoɖo si nɔ Mose ƒe Sea me ku ɖe Asasel gbɔ̃tsua ŋu la ŋu kpɔ. Zi ɖeka le ƒe me le Avuléŋkekea dzi la, nunɔlagã la tsɔa ‘eƒe asiwo kple eve ɖoa gbɔ̃tsu gbagbe aɖe ƒe tame, eye wòʋua Israel viwo ƒe vodadawo, dzidadawo kple woƒe nu vɔ̃wo katã me kɔna ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi, eye wònana wokplɔnɛ ɖo ɖe gbedzi. Ekema woƒe vodadawo katã yina ɖe gbɔ̃tsu la dzi wòtsɔna yia gbedadaƒoe.’ (3 Mose 16:7-10, 21, 22) Yesaya gblɔ Mesia, ame si awɔ dɔ ma tɔgbi, eye wòatsɔ “dɔlélewo,” “vevesesewo,” kple ‘ame geɖewo ƒe nu vɔ̃wo’ ayii, ahato ema dzi aʋu agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ɖi la, ƒe vava ɖi.—Mixlẽ Yesaya 53:4-6, 12.

18, 19. Mɔkpɔkpɔ ka dzie wote gbe ɖo le Yesaya 26:19 kple Daniel 12:13?

18 Yehowa gblɔ na eƒe dukɔ Israel to Yesaya dzi be: “Wò ame kukuwo anɔ agbe. Nye ame kuku—woafɔ ɖe tsitre. Mi ketumetɔwo, minyɔ, ne miado dzidzɔɣli! Elabena miaƒe zãmu le abe gbe ƒe zãmu ene, eye anyigba adzi ame siwo ku, siwo ŋu ŋusẽ aɖeke megale o la.” (Yes. 26:19, NW) Hebri Ŋɔŋlɔawo ɖee fia kɔtɛ be tsitretsitsi kple agbenɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ aɖe li. Le kpɔɖeŋu me, esi Daniel xɔ ƒe 100 kloe la, Yehowa na kakaɖedzii esi wògblɔ nɛ be: ‘Gbɔ ɖe eme, eye nàfɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu nàxɔ wò gome.’—Dan. 12:13.

19 Esi Marta xɔ tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa dzi se ta la, egblɔ na Yesu tso nɔviaŋutsu si ku la ŋu be: “Menya be atsi tsitre le tsitretsitsi la me le ŋkeke mamlɛa dzi.” (Yoh. 11:24) Ðe Yesu ƒe nufiafiawo kple nu siwo gbɔgbɔ ʋã eƒe nusrɔ̃lawo woŋlɔ ɖi la na mɔkpɔkpɔ ma trɔa? Ðe agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi gakpɔtɔ nye mɔkpɔkpɔ si Yehowa ɖo ameƒomea ŋkumea? Míadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Kpɔ Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! ƒe ta 6 lia.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• “Wobɔbɔ” nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo “ɖe toflokonyenye te” hena mɔkpɔkpɔ ka?

• Nu kae ɖee fia be Abraham xɔ tsitretsitsia dzi se?

• Mɔkpɔkpɔ kae nya siwo Elihu gblɔ na Hiob la na ameƒomea?

• Aleke Hebri Ŋɔŋlɔawo te gbe ɖe tsitretsitsi kple agbenɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nya siwo Elihu gblɔ na Hiob na mɔkpɔkpɔ ameƒomea be woava ɖe amegbetɔwo tso amegãkuku kple ku si me

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Woka ɖe edzi na Daniel be ‘afɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu axɔ eƒe gome’