Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Midzra Mia Ðokui Ðo Ðe Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me”

“Midzra Mia Ðokui Ðo Ðe Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me”

“Midzra Mia Ðokui Ðo Ðe Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me”

“Midzra mia ɖokui ɖo ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, esime miele mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ hena agbe mavɔ la lalam.”—YUDA 21.

1, 2. Aleke Yehowa ɖee fia be yelɔ̃ mí, eye aleke míewɔ nya be Yehowa medzraa mí ɖo ɖe eƒe lɔlɔ̃ la me godoo nu ka kee míeɖawɔ o?

YEHOWA MAWU ɖee fia le mɔ gbogbo aɖewo nu be yelɔ̃ mí. Ðikeke aɖeke mele eme o be kpeɖodzi gãtɔ kekeake si li be Yehowa lɔ̃ míe nye tafevɔsa ƒe ɖoɖo si wòwɔ. Elɔ̃ ameƒomea ale gbegbe be wòdɔ Via lɔlɔ̃a ɖe anyigba dzi afi sia be wòava ku ɖe mía ta. (Yoh. 3:16) Esi Yehowa di be míanɔ agbe tegbee tae wòwɔ ɖoɖo sia ɖo, eye edi hã be yeƒe lɔlɔ̃ la naɖe vi na mí tegbee!

2 Ðe wòasɔ be míasusui be, aleke kee míeɖatiae be míanɔ agbee o, Yehowa adzra mí ɖo ɖe eƒe lɔlɔ̃ la me godooa? Kura o. Elabena Yuda kpukpui 21 na nuxlɔ̃ame sia mí be: “Midzra mia ɖokui ɖo ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, esime miele mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ hena agbe mavɔ la lalam.” Nyagbɔgblɔ “midzra mia ɖokui ɖo ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me” fia be, ebia be mía ŋutɔwo míaɖe afɔ aɖewo. Ekema afɔ kawoe wòhiã be míaɖe be míayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me?

Aleke Míawɔ Akpɔtɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me?

3. Nu kae Yesu gblɔ be eyae nye nu vevi si wòle be yeawɔ hafi yeate ŋu akpɔtɔ anɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃ la me?

3 Míakpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo le Yesu ŋutɔ ƒe nya siwo wògblɔ le zã mamlɛtɔ si me wònɔ míaƒe anyigba sia dzi me la me. Yesu gblɔ be: “Ne miewɔa nye seawo dzi la, ekema miayi edzi anɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe ale si mewɔa Fofonye ƒe sewo dzi, eye mekpɔtɔ le eƒe lɔlɔ̃ la me ene.” (Yoh. 15:10) Eya ta eme kɔ ƒãa be, Yesu nyae be Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ le vevie hafi tenɔnɔ nyui nanɔ ye si le ye Fofo gbɔ. Ne ema hiã hafi Mawu ƒe Vi debliboa nadze Fofoa ŋu la, ekema ɖe mehiã le míawo hã mía gome oa?

4, 5. (a) Mɔ kae nye vevitɔ si dzi míato aɖee afia be míelɔ̃ Yehowa? (b) Nu ka tae susu aɖeke meli si tae míagbe wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe sewo dzi o?

4 Mɔ vevitɔ si dzi míetona ɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa ye nye toɖoɖo eya amea. Apostolo Yohanes ɖe eme ale: “Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi: be míawɔ eƒe seawo dzi; eye eƒe seawo menye agba o.” (1 Yoh. 5:3) Enye nyateƒe be toɖoɖo menye nya si nya sena le to me na ame geɖe le egbexexe sia me o. Gake de dzesi nyagbe si nye: “Eƒe seawo menye agba o.” Yehowa mele nane si sesẽ akpa biam tso mía si be míawɔ o.

5 Na míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Ðe nàbia tso xɔ̃wò vevi aɖe si be wòadro agba aɖe si wò ŋutɔ nènya nyuie be, ekɔkɔ le anyigba kura gɔ̃ hã manya wɔ nɛ oa? Màwɔ nenema o ɖe! Yehowa ƒe dɔmenyo ƒo mía tɔ ta sãsãsã, eye wònya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo wu ame bubu ɖe sia ɖe. Biblia ka ɖe edzi na mí be, Yehowa ‘ɖoa ŋui be, kewɔ míenye.’ (Ps. 103:14) Mabia nu si míate ŋu awɔ o la tso mía si gbeɖe o. Eya ta susu aɖeke meli si ta míagbe wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe sewo dzi o. Ke boŋ míebua toɖoɖo be enye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na mí be, míaɖee afia mía Fofo si le dziƒo la be míelɔ̃e vavã, eye míedi be míakpɔtɔ anɔ eƒe lɔlɔ̃ la me.

Nunana Tɔxɛ Aɖe Tso Yehowa Gbɔ

6, 7. (a) Nu kae nye dzitsinya? (b) Gblɔ ale si dzitsinya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ƒe kpɔɖeŋu.

6 Le xexe manyatalenu sia si me míele me la, ehiãna be míawɔ nyametsotso geɖe siwo lɔa toɖoɖo Mawu ɖe eme. Aleke míawɔ aka ɖe edzi be nyametsotso siawo wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu? Yehowa na nane si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu geɖe le toɖoɖo ƒe nya sia me la mí. Eyae nye dzitsinya. Nu kae nye dzitsinya? Enye nu tɔxɛ aɖe si kpena ɖe mía ŋu míenyaa nɔnɔme siwo le mía si. Ele abe ʋɔnudrɔ̃la aɖe ene le mía me, eye wòkpena ɖe mía ŋu míetea ŋu léa ŋku ɖe tiatia siwo dzea ŋgɔ mí le agbe me la ŋu nyuie, alo nana míedea ŋugble le afɔ siwo míeɖe xoxo la ŋu hebua wo ŋu kpɔna be wonyo alo wogblẽ hã, be wosɔ loo alo womesɔ o hã.—Mixlẽ Romatɔwo 2:14, 15.

7 Aleke míawɔ be dzitsinya la naɖe vi na mí? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be zã do ɖe ame aɖe si le mɔ zɔm. Nu kae wòhiã bene wòagadze anyi, alo nu vevi nawɔe o? Ehiã vevie be tɔtsi nanɔ esi wòatsɔ anɔ mɔa kpɔmee. Ne tɔtsi mele esi o la, ekema mate ŋu akpɔ mɔa o, ate ŋu adze anyi, alo nu vevi ate ŋu awɔe. Tɔtsi ate ŋu ana mɔ me nakɔ nɛ, eye wòakpɔ eƒe agbe ta. Le mɔ aɖe nu la, míate ŋu atsɔ tɔtsia asɔ kple nunana vevi si Yehowa na mí—si nye dzitsinya. Nenema kee ne ɖe dzitsinya mele amegbetɔ si o la, manya nu si tututu nye nyui alo vɔ̃, nu si sɔ alo esi mesɔ o, kpakple nu si le dzɔdzɔe ne ele tiatiawo wɔm le agbe me o.

8, 9. (a) Seɖoƒe kae le míaƒe dzitsinya ŋu si wòle be wòanɔ susu me na mí? (b) Nu kae míate ŋu awɔ bene míaƒe dzitsinya naɖe vi na mí ŋutɔŋutɔ?

8 Abe ale si wòle le tɔtsi gome ene la, seɖoƒe le kpekpeɖeŋu si míaƒe dzitsinya ate ŋu ana mí la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne tɔtsikpeawo le kukum la, ekema magate ŋu aklẽ nyuie ahana mɔa me nakɔ na mɔzɔlaa o. Nenema kee ne míeɖe mɔ le míaƒe dzi ƒe nudzodzrowo ŋu akpa ɖe, ekema nu kae adzɔ? Míaƒe ɖokuitɔdidi ƒe nudzodzrowo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe dzitsinya ŋu. Biblia gblɔ na mí be, “ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, [eye] nu gbegblẽ wònye.” (Yer. 17:9; Lod. 4:23) Hekpe ɖe eŋu la, eɖanye aleke kee tɔtsia nyoe o, ne mɔzɔlaa menya mɔa nyuie o alo womefia mɔae nyuie o la, tɔtsia maɖe vi boo aɖeke nɛ o. Nenema kee ne míeɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia la, ƒe mɔfiafia si metrɔna o ŋu o la, ekema míaƒe dzitsinya maɖe vi boo aɖeke na mí o. (Ps. 119:105) Nublanuitɔe la, ame akpa gãtɔ dzea woƒe dzi ƒe nudzodzrowo yome, evɔ wometsɔa ɖeke kura le dzidzenu siwo le Mawu ƒe Nya la me ya me o. (Mixlẽ Efesotɔwo 4:17-19.) Esia tae ame geɖe wɔa nu dziŋɔwo nenema gbegbe ɖo, togbɔ be dzitsinya le wo si hã.—1 Tim. 4:2.

9 Ele be míaɖoe kplikpaa be míagawɔ nu nenema gbeɖe o! Ke boŋ, mina míayi edzi ana Mawu ƒe Nya la nanɔ hehe nam míaƒe dzitsinya ahanɔ emlam, bene wòaɖe vi ŋutɔŋutɔ na mí. Ehiã be míaɖo to míaƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee la wu be míaɖe mɔ míaƒe ɖokuitɔdidi ƒe nudzodzrowo navu atsyɔ edzi. Eye le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be míadze agbagba ade bubu míaƒe gbɔgbɔmenɔvi lɔlɔ̃awo ƒe dzitsinyawo ŋu. Míewɔa mía tɔ si nua be míagazu nukikli na wo o, eye míeɖoa ŋku edzi be mía nɔvi aɖewo ƒe dzitsinya ɖea fu na wo kabakaba alo xea mɔ ɖe nanewo nu na wo wu mía tɔ.—1 Kor. 8:12; 2 Kor. 4:2; 1 Pet. 3:16.

10. Go etɔ̃ siwo me míate ŋu aɖe toɖoɖo afia le kawo mee míadzro fifia?

10 Azɔ mina míadzro go etɔ̃ aɖewo, siwo me míate ŋu aɖe toɖoɖo afia le le míaƒe agbe me, atsɔ aɖee afia Yehowa be míelɔ̃e la me. Le go etɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe me la, míakpɔe be dzitsinya wɔa akpa vevi aɖe, gake ele vevie be míatsɔ Biblia me dzidzenu siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la afia mɔe gbã. Go etɔ̃ siwo me míeɖenɛ fiana le be míelɔ̃a Yehowa to toɖoɖoe mee nye: (1) Míelɔ̃a ame siwo Yehowa lɔ̃na, (2) míedea bubu ame siwo le ŋgɔ xɔm ŋu, eye (3) míedzea agbagba nɔa dzadzɛ le Mawu ŋkume.

Lɔ̃ Ame Siwo Yehowa Lɔ̃na

11. Nu ka tae wòle be míalɔ̃ ame siwo Yehowa lɔ̃na?

11 Gbã la, ele be míalɔ̃ ame siwo Yehowa lɔ̃na. Le hadede gome la, amegbetɔwo le abe tsiletse alo papahũ ene. Abe ale si ko papahũ noa tsi ene la, míawo hã míelɔ̃a ame siwo dome míele la ƒe nuwɔnawo xɔxɔ de eme. Mía Wɔla la nya nu tso ale si hadede ate ŋu agblẽ nu le mí amegbetɔ madeblibowo ŋu kple ale si wòate ŋu aɖe vi na míi la hã ŋu nyuie. Eya ta eɖo aɖaŋu sia si me nunya le la na mí be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lod. 13:20; 1 Kor. 15:33) Mía dometɔ aɖeke madi be yeazu “ame gbegblẽ” o. Mía dometɔ ɖe sia ɖe di be yeadze “nunya.” Ame aɖeke mate ŋu ana Yehowa nadze nunya wu ale si wòle o, eye ame aɖeke mate ŋu ana wòazu ame gbegblẽ hã o. Ke hã, eɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí le hadede gome. Bu eŋu kpɔ—amegbetɔ madeblibo kawo tɔgbie Yehowa tiana be woanye ye xɔlɔ̃wo?

12. Ame kawo tɔgbie Yehowa tiana be woanye ye xɔlɔ̃wo?

12 Yehowa yɔ blemafofo Abraham be “xɔ̃nye.” (Yes. 41:8) Abraham ɖo nuteƒewɔwɔ, dzɔdzɔenyenye, kple toɖoɖo ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi—enye ŋutsu si si xɔse sẽŋu nɔ. (Yak. 2:21-23) Xɔlɔ̃ siawo tɔgbie Yehowa tiana. Ame siawo tɔgbie wòdzea xɔ̃e egbea. Ne xɔlɔ̃ siawo tɔgbie Yehowa tiana la, ekema ɖe mele vevie ŋutɔ be mí amegbetɔ madeblibowo hã míawɔ tiatia nyuitɔ bene míazɔ kple nunyalawo ahadze nunya oa?

13. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatia xɔlɔ̃ nyuiwo?

13 Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtia xɔlɔ̃ nyuiwo? Biblia me kpɔɖeŋuwo sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Bu xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo si nɔ Rut kple lɔ̃xoa Naomi dome, esi nɔ David kple Yonatan dome, alo esi nɔ Timoteo kple Paulo dome ŋu kpɔ. (Rut 1:16, 17; 1 Sam. 23:16-18; Fp. 2:19-22) Ame siawo zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo le susu vevi ɖeka aɖe koŋ ta: Wo dometɔ ɖe sia ɖe lɔ̃ Yehowa tso dzi me. Ðe nàte ŋu ake ɖe xɔlɔ̃ siwo lɔ̃ Yehowa vevie abe ale si wò ŋutɔ hã nèlɔ̃e ene la ŋua? Kakaɖedzi nenɔ asiwò be xɔlɔ̃ mawo tɔgbi bɔ ɖe Kristo hamea me, eye àte ŋu ake ɖe wo ŋu. Xɔlɔ̃ siawo tɔgbi mana nàzu ame gbegblẽ le gbɔgbɔ me o. Ke boŋ woakpe ɖe ŋuwò nàɖo to Yehowa, atsi le gbɔgbɔ me, eye nàƒã nu hena gbɔgbɔ la. (Mixlẽ Galatiatɔwo 6:7, 8.) Woakpe ɖe ŋuwò nàkpɔtɔ anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me.

De Bubu Ame Siwo Le Ŋgɔ Xɔm La Ŋu

14. Nu kawoe naa bubudede ame siwo le ŋgɔ xɔm la ŋu sesẽna na mí zi geɖe?

14 Go evelia si me míeɖenɛ fiana Yehowa le be míelɔ̃e la ku ɖe ame siwo le ŋgɔ xɔm la ŋu. Ele be míade bubu ame siwo le ŋgɔ xɔm la ŋu. Gake nu ka tae esia wɔwɔ sesẽna na mí ɣeaɖewoɣi? Susuawo dometɔ ɖekae nye be, ame siwo le ŋgɔ xɔm la hã mede blibo o. Hekpe ɖe eŋu la, mía ŋutɔwo hã míede blibo o. Aglãdzedze ƒe gbɔgbɔ aɖe, si míewɔa avu kple la, le mía me tso mía dziɣi ke.

15, 16. (a) Nu ka tae wòle vevie be míade bubu ame siwo si Yehowa bia tso be woalé be na yeƒe amewo la ŋu? (b) Nu vevi kae míesrɔ̃ tso ale si Yehowa bu Israel viwo ƒe aglãdzedze ɖe Mose ŋu la me?

15 Eya ta ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be: ‘Ne bubudede ame siwo le ŋgɔ xɔm la ŋu sesẽna nenema ɖe, ekema nu ka tae wòhiã ɖo?’ Ŋuɖoɖoa ku ɖe dziɖulanyenye ƒe nya la ŋu. Ame kae nàtia be wòanye wò dziɖulagã? Ne míetia Yehowa be wòanye míaƒe Dziɖulagã la, ekema ehiã be míade bubu eƒe ŋusẽ ŋu. Gake ne míedea bubu eŋu o la, ekema ɖe míate ŋu agblɔ le nyateƒe me be enye míaƒe Dziɖulaa? Hekpe ɖe eŋu la, zi geɖe la, Yehowa wɔa eƒe ŋusẽ ŋu dɔ to amegbetɔ madeblibo siwo si wòbia tso be woalé be na yeƒe amewo la dzi. Ne míedze aglã ɖe ame mawo ŋu ɖe, ekema aleke Yehowa abu míaƒe nuwɔnawoe?—Mixlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:12, 13.

16 Le kpɔɖeŋu me, esi Israel viwo li liʋiliʋi hedze aglã ɖe Mose ŋu la, Yehowa bu woƒe aglãdzedzea be, enye tsitretsitsi ɖe ye ŋutɔ ye ŋu. (4 Mose 14:26, 27) Mawu metrɔ o. Eya ta ne míawo hã míedzea aglã ɖe ame siwo wòtsɔ ɖo ŋusẽnɔƒewo ŋu la, ekema eya ŋutɔ ŋue nye ema míele aglã dzem ɖo!

17. Nɔnɔme nyui kae wòle be míadze agbagba be wòanɔ mía si ɖe ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo le hamea me la ŋu?

17 Apostolo Paulo ɖe nɔnɔme nyuitɔ si wòle be wòanɔ mía si ɖe ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo le Kristo hamea me ŋu la fia. Eŋlɔ bena: “Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la, eye mibɔbɔ mia ɖokui, elabena wole miaƒe luʋɔwo ŋu dzɔm, abe ame siwo ana akɔnta ene; bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple hũɖeɖe o, elabena esia agblẽ nu le mia ŋu.” (Heb. 13:17) Enye nyateƒe be ebia agbagbadzedze geɖe hafi míate ŋu atu toɖoɖo kple ɖokuibɔbɔ ƒe gbɔgbɔ sia ɖo ya. Gake ɖo ŋku edzi be ɖe míele esia wɔm be míakpɔtɔ anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me. Ekema ɖe mele vevie be míadze agbagba ɖe sia ɖe awɔe oa?

Yi Edzi Nànɔ Dzadzɛ Le Yehowa Ŋkume

18. Nu ka tae Yehowa di be míayi edzi anɔ dzadzɛ?

18 Go etɔ̃lia si me míeɖenɛ fiana le be míelɔ̃ Yehowa lae nye be míedzea agbagba nɔa dzadzɛ le eŋkume. Dzilawo dzea agbagba kpɔa egbɔ ɣesiaɣi be yewo viwo le dzadzɛ. Nu ka tae? Susuawo dometɔ ɖekae nye be, dzadzɛnyenye le vevie hena ɖeviawo ƒe lãmesẽ kple nyonyo. Azɔ hã, ne ɖeviwo le dzadzɛ la, eƒoa nu nyui tso ƒomea ŋu, eye wòɖenɛ fiana be dzilawo lɔ̃ wo heléa be na wo. Susu mawo tɔgbi ke tae Yehowa di be míanɔ dzadzɛ ɖo. Enyae be dzadzɛnyenye le vevie hena míaƒe nyonyo. Enyae hã be, míaƒe dzadzɛnɔnɔ nana woƒoa nu nyui tso ye, ame si nye mía Fofo si le dziƒo la ŋu. Ema le vevie ŋutɔ, elabena amewo ate ŋu ate ɖe Mawu si subɔm míele la ŋu ne wokpɔ ale si míawo ya míeto vovo le xexe ƒoɖi sia mee.

19. Aleke míewɔ nya be ŋutilãmedzadzɛnyenye le vevie?

19 Go kawo mee wòhiã be míanɔ dzadzɛ le? Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, ehiã be míanɔ dzadzɛ le go sia go me. Le blema Israel la, Yehowa na eme kɔ na eƒe dukɔa be ŋutilãmedzadzɛnyenye le vevie. (3 Mose 15:31) Mose ƒe Sea ƒo nu tso nu geɖe ŋu; wo dometɔ aɖewoe nye afi si woade afɔdzi ɖo, ale si woaklɔ nuwo, ale si woaklɔ asi kple afɔ ahanya woƒe nuwoe. (2 Mose 30:17-21; 3 Mose 11:32; 4 Mose 19:17-20; 5 Mose 23:13, 14) Woɖo ŋku edzi na Israel viwo be woƒe Mawu Yehowa le kɔkɔe—si fia be, “eŋuti kɔ,” “ele dzadzɛ,” “eɖe ɖe vovo.” Eya ta ele be Mawu kɔkɔe la subɔlawo hã nanɔ kɔkɔe.—Mixlẽ 3 Mose 11:44, 45.

20. Go kawo mee wòle be míayi edzi anɔ dzadzɛ le?

20 Eya ta ehiã be míanɔ dzadzɛ le ememe kple gotagome siaa. Míedzea agbagba be míaƒe tamesusuwo nayi edzi anɔ dzadzɛ. Aleke kee ame siwo dome míele la ƒe agbenɔnɔ dze akaɖa le gbɔdɔdɔ gomee o, míawo ya míeléa Yehowa ƒe dzidzenu siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la me ɖe asi sesĩe nuteƒewɔwɔtɔe. Vevietɔ wu la, míekpɔa egbɔ be míaƒe tadedeagu le dzadzɛ, eye míeƒoa asa na ɖiƒoƒo ɖe sia ɖe si atso alakpasubɔsubɔ me. Aɖaŋuɖoɖo sia si tso gbɔgbɔ me, si dze le Yesaya 52:11 la nɔa susu me na mí ɣesiaɣi, be: “Midzo, midzo, miʋu tso afi ma! Migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o! Miʋu tso wo dome; . . . mikɔ mia ɖokui ŋu!” Egbea la, míenɔa dzadzɛ le gbɔgbɔ me to asaƒoƒo na nu siwo mía Fofo si le dziƒo bua nu makɔmakɔwoe le gbɔgbɔmegɔmesese nu la, eye míekaa asi wo ŋu teti hã o. Le kpɔɖeŋu me, ema tae míeƒoa asa na alakpasubɔsubɔhawo ƒe azãwo kple ŋkekenyui siwo bɔ ɖe xexea me egbea. Nyateƒee, mele bɔbɔe be ame nayi edzi anɔ dzadzɛ o. Gake Yehowa ƒe amewo dzea agbagba be yewoanɔ dzadzɛ, elabena esia wɔwɔ kpena ɖe wo ŋu woyia edzi nɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me.

21. Nu kae wòle be míawɔ bene míakpɔtɔ anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me?

21 Yehowa di be míanɔ yeƒe lɔlɔ̃ la me tegbee. Ke hã, ehiã be mí katã míadze agbagba awɔ nu sia nu si míate ŋui be míakpɔtɔ anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me. Míate ŋu awɔ esia ne míedzea Yesu ƒe kpɔɖeŋu yome heɖea lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa la fiana to Eƒe sededewo dzi wɔwɔ me. Ne míewɔe alea la, míate ŋu aka ɖe edzi be naneke “mate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ, me la gbɔ” gbeɖe o.—Rom. 8:38, 39.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke míaƒe dzitsinya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔtɔ anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me?

• Nu ka tae wòle be míalɔ̃ ame siwo Yehowa lɔ̃na?

• Nu ka tae wòle vevie be míade bubu ame siwo le ŋgɔ xɔm la ŋu?

• Aleke gbegbe dzadzɛnyenye le vevie na Mawu ƒe amewo?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 20]

Agbalẽ Aɖe Si Doa Agbe Nyui Nɔnɔ Ðe Ŋgɔ

Le ƒe 2008/2009 nutome gã takpekpewo me la, woɖe axa 224 gbalẽ aɖe si ƒe tanyae nye “Keep Yourselves in God’s Love” (“Gardez-vous dans l’amour de Dieu” [“Midzra Mia Ðokui Ðo Ðe Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me”]) ɖe go. Taɖodzinu kae le agbalẽ yeye sia ŋu? Wotae be wòakpe ɖe Kristotɔwo ŋu woanya Yehowa ƒe dzidzenuwo ahalɔ̃ wo, eye Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ koŋ dzie wòhe susu yi. “Keep Yourselves in God’s Love” gbalẽa sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe ana míagaka ɖe edzi geɖe wu be agbenɔnɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nue nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ si nu wòle be ame nanɔ agbe ɖo egbea, eye wònye mɔ si kplɔa ame yia agbe mavɔ me le etsɔme.

Gawu la, wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔe adze sii be toɖoɖo Yehowa menye agba o. Ke boŋ enye mɔ si dzi míetona ɖena ale si gbegbe míelɔ̃ Yehowae la fianɛ. Eya ta agbalẽ sia aʋã mí míabia mía ɖokuiwo be, ‘Nu ka tae meɖoa to Yehowa ɖo?’

Ame aɖewo wɔ vodada wɔnublanui si nye be wodzo le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ la me. Gake zi geɖe la, menye esi womelɔ̃ ɖe nufiafia aɖe dzi o tae o, ke boŋ woƒe agbenɔnɔe nyea kuxia. Eya ta aleke gbegbe wòle vevie be míana lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa ƒe se kple gɔmeɖose siwo fiaa mɔ mí le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me kpakple míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe wo ŋu me nasẽ ɖe edzie nye esi! Míeka ɖe edzi be agbalẽ yeye sia akpe ɖe Yehowa ƒe alẽ siwo le xexea me godoo la ŋu be woanɔ nu si le eteƒe la ƒe akpa dzi sesĩe, aɖee afia be aʋatsokalae Satana nye, eye vevietɔ wu la, woayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me!—Yuda 21.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

“Ne miewɔa nye seawo dzi la, ekema miayi edzi anɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe ale si mewɔa Fofonye ƒe sewo dzi, eye mekpɔtɔ le eƒe lɔlɔ̃ la me ene”