Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Yehowa Kɔ Ŋkume Ðe Wo’

‘Yehowa Kɔ Ŋkume Ðe Wo’

‘Yehowa Kɔ Ŋkume Ðe Wo’

LÃMEKA 30 kple edzivɔwoe le amegbetɔ ƒe mo. Ebiana be lãmeka vovovo 14 nawɔ dɔ aduadu hafi nàte ŋu ako nu! Bu eŋu kpɔ be aleke wò dzeɖoɖowo anɔ ne lãmeka siawo meli o? Avivi ame nua? Kura o. Le tokunɔwo gome la, menye ɖeko lãmeka siwo le woƒe mo la naa dzeɖoɖo vivina na wo o, wowɔa geɖe wu ema. Ne wozã lãmeka mawo kple ŋutinu bubuwo ɖekae la, enyea mɔ vevi aɖe si dzi wotona ɖea woƒe susuwo kple nukpɔsusuwo gblɔna. Ale si wotea ŋu ɖea nya goglowo gblɔna le tokunɔgbe me tsitotsito la wɔa nuku na ame geɖe ŋutɔ.

Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, tokunɔ siwo le xexea me godoo la va le mo aɖe si nya kpɔ wu si tea ŋu ɖea nya geɖe gblɔna wu amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe mo la kpɔm. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, wova le ‘Yehowa ƒe ŋkume’ kpɔm. (Kony. 2:19) Esia menye nudogoɖenunu o. Tso gbe aɖe gbe kee Yehowa ɖenɛ fiana be yelɔ̃ tokunɔwo vevie. Eɖe esia fia le keke blema Israel dukɔa ƒe anyinɔɣi kura gɔ̃ hã ke. (3 Mose 19:14) Le egbeŋkekeawo me la, eƒe lɔlɔ̃ na tokunɔwo gadze ƒãa wòɖe dzesi. “[Mawu] ƒe lɔlɔ̃nue nye be woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.” (1 Tim. 2:4) Ne míagblɔe la, tokunɔ geɖe va le Mawu ƒe ŋkume kpɔm esi Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ va le wo si sum. Gake aleke wɔ tokunɔwo te ŋu le esia wɔm esi wometea ŋu sea nu o? Hafi míaɖo nyabiase ma ŋu la, na míakpɔ nu si tae tokunɔgbe le vevie na tokunɔwo ɖo.

Nu Si Woƒe Ŋkuwo Kpɔna Dzie Wotona Sea Nu

Nukpɔsusu totro geɖewoe le amewo si ku ɖe tokunɔwo kple tokunɔgbe ŋu. Na míagblɔ wo ŋuti nyateƒenya aɖewo na wò. Tokunɔwo ate ŋu aku ʋu. Esesẽna na wo ŋutɔ be woalé ŋku ɖe ame ƒe nuyiwo ŋu ko anya nya si gblɔm wòle. Kadodo aɖeke mele tokunɔgbe kple ŋkunɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ dome o. Eye menye asiɖeɖe ɖe nyawo dzi dzro aɖe koe tokunɔgbe nye o. Tokunɔgbe ɖeka aɖeke meli si gɔme tokunɔ siwo katã le xexea me sena o. Gawu la, tokunɔgbewo toa vovo tso nuto me yi nuto me.

Ðe tokunɔwo ate ŋu axlẽ nua? Togbɔ be wo dometɔ aɖewo xlẽa nu nyuie hã la, nyateƒea ye nye be, nuxexlẽ sesẽna na wo dometɔ akpa gãtɔ. Nu ka tae? Elabena nya siwo wogblɔna kple nue woŋlɔna ɖe agbalẽwo me. Bu ale si ɖevi si sea nu la wɔna tea ŋu srɔ̃a gbe aɖe dodoe la ŋu kpɔ. Tso edziɣi ke la, ame siwo doa gbea domee wònɔna wonɔa gbea dom wònɔa sesem. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, etea ŋu fɔa nya vovovowo kpena wozua nyagbewo. Ðeko esia vana le eɖokui si ne ɖevia see amewo le gbea dom. Eya ta ne ɖevi si sea nu le nuxexlẽ srɔ̃m la, nu si hiãna nɛ koe nye be wòade dzesii be nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽa dzi la tsi tsitre ɖi na nyayɔyɔwo kple nya siwo wònya xoxo la.

Azɔ tsɔe be èle dzronyigba aɖe dzi, eye nèle ahuhɔ̃exɔ aɖe si me gbeɖiɖi aɖeke metsoa gota gena ɖo o la me. Womedo du ma me tɔwo ƒe gbe nèse kpɔ o. Gbe sia gbe la, dua me tɔwo va nɔa kpɔwòm to ahuhɔ̃ea me henɔa agbagba dzem be yewoaƒo nu na wò. Mète ŋu le nya siwo gblɔm wole la sem o. Woƒe nuyiwo koe le ʋaʋãm nèle kpɔkpɔm. Esi wokpɔe be mète ŋu le yewoƒe nyawo gɔme sem o la, woŋlɔ nya mawo ke ɖe agbalẽ kakɛ aɖe dzi, eye wotsɔe nɔ fiawòm. Wosusu be àte ŋu ase wo gɔme. Èsusu be yeate ŋu ase wo gɔme vavã? Àkpɔe be dze manya ɖo le nɔnɔme sia me o. Nu ka tae? Elabena nu siwo woŋlɔ la tsi tsitre ɖi na gbe aɖe si mèse wodo kpɔ o la me nyawo. Alea tututue wònɔna le tokunɔ akpa gãtɔ gome.

Tokunɔgbe nye dzeɖoɖomɔnu nyui aɖe ŋutɔ na tokunɔwo. Le gbe ma dodo me la, edola wɔa dzesiwo tsɔ ɖea nya siwo le susu me nɛ la gblɔna—ate ŋu awɔ dzesiawo ayi dzi me, anyi me, miame, alo ɖusime. Ale si wòwɔa eƒe ŋutinu vovovoawo ŋu dɔ kple ale si wòɖoa moe la wɔa ɖeka kple tokunɔgbe ƒe gbeŋutisewo. Eya ta le gbe sia me la, nu si ŋku kpɔna dzie wotona ɖoa dze kple ame.

Le nyateƒe me la, ne tokunɔwo le woƒe gbea dom la, gɔmesese nɔa woƒe ŋutinuwo ƒe ʋaʋã ɖe sia ɖe kloe ŋu, eɖanye ale si wole asi ɖemee, ale si woʋãa wo ɖokuiwoe alo ale si woɖoa moe o. Menye ɖeko woɖoa mo ɖe nyawo dzi bene wòawɔ dɔ ɖe amewo dzi o. Ke boŋ enye tokunɔgbe ƒe gbeŋutise ƒe akpa vevi aɖe. Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Ne gbea dola kɔ adzugowo yi dzi hafi bia nya aɖe la, ate ŋu afia be ele nya aɖe si mele mɔ kpɔm be woaɖo eŋu na ye o la biam, alo be enye ɛ̃ alo ao ƒe nyabiase. Ne ena eƒe adzugowo yi to la, ate ŋu afia be ele biabiam be ame kae, nu kae, afi kae, ɣekaɣie, nu ka tae, alo aleke. Ale si wòkea nui la ate ŋu aɖɔ nu si ŋu wòle nu ƒom tsoe la ƒe lolome alo ale si gbegbe nane nu sẽe. Ale si tokunɔ ʋãa eƒe ŋutinuwo abe ta, abɔta, alɔgo, kple ale si wòƒoa aɖabae la katã wɔnɛ be wòtea ŋu ɖea nu si wòdi be yeagblɔ la ɖe go tsitotsito.

Ŋutinuwo ƒe ʋaʋã siawo katã naa ame si wole dzea ɖom kplii la sea vivi na nya si gblɔm wole nɛ. Dzeɖoɖomɔnu sia si me woate ŋu aɖe susu vovovowo agblɔ le la wɔe be tokunɔ siwo nya tokunɔgbe nyuie la su te nyuie aɖe susu ɖe sia ɖe si le wo si la agblɔ—eɖanye hakpanyawo alo nya goglowo o, lɔlɔ̃nyawo alo nukokoedonamenyawo o, nu ŋutɔŋutɔ siwo woate ŋu akpɔ kple ŋku alo susumenuwo o.

Agbalẽ Siwo Gɔme Woɖe Ðe Tokunɔgbewo Me Le Vi Ðem

Le nyateƒe me la, ne wozã tokunɔgbe tsɔ fia Yehowa ŋuti sidzedze tokunɔwo la, ekpena ɖe wo ŋu wosea gbedeasia eye ‘woxɔa’ ame si nye eƒe Dzɔtsoƒe la ‘dzi sena.’ Eya ta Yehowa Ðasefowo tsɔ kutrikuku le gbeƒã ɖem na tokunɔwo le xexea me godoo hele asi trɔm le dɔwɔnu siwo aɖe vi na tokunɔwo la hã ŋu. (Rom. 10:14) Fifi laa la, ame siwo ɖea agbalẽwo gɔme ɖe tokunɔgbe me ƒe ƒuƒoƒo 58 ye le xexea me godoo, eye tokunɔgbe me DVD-wo le tokunɔgbe vovovo 40 me fifia. Ðe agbagbadzedze siawo katã le vi ɖema?

Jeremy, si ƒe dzila eveawo siaa nye tokunɔwo la, gblɔ be: “Meɖo ŋku edzi be gbe ɖeka la, fofonye tsɔ moveviɖoɖo nɔ Gbetakpɔxɔ aɖe srɔ̃m le eƒe xɔgã me. Etsɔ gaƒoƒo geɖe srɔ̃ memama ʋɛ aɖewo ko henɔ agbagba dzem be yease wo gɔme. Kasia, edo le xɔa me kple dzidzɔ hegblɔ le tokunɔgbe me be: ‘Mese egɔme, mese egɔme!’ Eye wòte ale si wòse nyatia gɔmee la me ɖeɖe nam. Ƒe 12 koe mexɔ ɣemaɣi. Meda ŋku ɖe memamawo me eye megblɔ nɛ le tokunɔgbe me be: ‘Papa, ewɔ nam be menye gɔmeseseae nye ema o. Nu si wòfiae nye . . .’ Ewɔ asi nam be maɖo to, eye wòtrɔ yi xɔa me ɖanɔ agbagba dzem be ye ŋutɔ yease nu si woŋlɔ ɖe memamawo me la gɔme. Nyemaŋlɔ ale si eƒe mo ƒe dzedzeme ɖee fia be nu sia te ɖe edzi kple ale si eƒe nu wɔ dɔ ɖe dzinye esime menɔ ekpɔm wòtrɔ yina xɔgã me la be o. Gake esi wònye be tokunɔgbe me DVD-wo le esi fifia ta la, ete ŋu le nyawo gɔme sem nyuie wu. Ne mekpɔ ale si dzi nɔa edzɔm vevie ne ele ale si wòsena le eɖokui me ɖe Yehowa ŋu gblɔm la, ewɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.”

Bu nuteƒekpɔkpɔ si su Ðasefo atsu kple asi aɖe si ɖo dze kple Jessenia, si nye ɖetugbui tokunɔ aɖe si le Chile la ŋu kpɔ. Esi Jessenia dada ɖe mɔ na wo be woatsɔ agbalẽ si nye Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo, si le DVD dzi le Chiletɔwo Ƒe Tokunɔgbe me fiae vɔ la, woka nya ta be: “Esi Jessenia te ŋutinya la kpɔkpɔ la, ete nukoko eye emegbe wòwó avi. Esi dadaa biae be nu ka tae wònɔ avi fam ɖo hã la, eɖo eŋu nɛ be, esi nu si kpɔm yenɔ la do dzidzɔ na ye tae. Dadaa kpɔe dze sii be ete ŋu se nu sia nu si dze le DVD la me la gɔme.”

Vi ɖeka nɔ nyɔnu tokunɔ aɖe si le Venezuela ƒe kɔƒe aɖe me la si, eye wògafɔ fu bubu. Woa kple srɔ̃a wosee le wo ɖokui me be le ganyawo ƒe sesẽ ta la, yewomate ŋu agakpɔ vi bubu dzi o, eya ta wonɔ eŋu bum be yewoaɖe fua. Yehowa Ðasefo aɖewo siwo menya nu si nɔ edzi yim o la va wo gbɔ heɖe Nukae Mawu Di tso Mía Si? ƒe video si le Venezuelatɔwo Ƒe Tokunɔgbe me la ƒe nusɔsrɔ̃ 12 lia fia wo. Nusɔsrɔ̃ ma ɖe nu si nye Mawu ƒe nukpɔsusu le fuɖeɖe kple amewuwu ŋu la fia. Emegbe la, nyɔnua ɖe ale si gbegbe dzi dzɔe be yesrɔ̃ nu ma la gblɔ na Ðasefoawo. Egblɔ be nusɔsrɔ̃ ma wɔe be yewotso nya me be yewomaɖe fua o. Ale wɔ tokunɔgbe me DVD ma na vi nɔdɔme aɖe tsi agbee nye esi!

Lorraine, si nye Ðasefo tokunɔ aɖe la, gblɔ be: “Esi menɔ Biblia srɔ̃m la nuwo nɔ nam ko abe nɔnɔmetata gã aɖe si wofli kakɛkakɛ, siwo wotɔtɔ, eye wòhiã be maɖo wo ɖe ɖoɖo nu ene. Nyemete ŋu nɔ nanewo gɔme sem o—abe ɖe nɔnɔmetata la ƒe kakɛ aɖewo bu ene—si wɔe be nyemese nu bliboa gɔme nyuie o. Ke esi wova le Biblia me nyateƒea fiamem le tokunɔgbe me la, gɔmesese bliboa va su asinye azɔ.” George, Ðasefo tokunɔ aɖe si le subɔsubɔm ƒe 38 enye esia la gblɔ be: “Ðikeke aɖeke mele eme o be ne ame ŋutɔ tea ŋu sea nyawo gɔme la, enaa bubu nɔa eŋu, eye kakaɖedzi aɖe si nu nɔa esi. Mekpɔe be tokunɔgbe me DVD-awo koŋue kpe ɖe ŋunye mewɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyiwo.”

“Kpekpe Le Gbe Si Medona Me!”

Tsɔ kpe ɖe tokunɔgbe me videowo ŋu la, Yehowa Ðasefowo ɖo hame siwo me wowɔa kpekpewo le le tokunɔgbe ɖeɖe ko me. Egbea la, tokunɔgbehame 1,100 kple edzivɔwoe le xexea me godoo. Wofiaa nu tokunɔwo le woƒe gbea me le kpekpeawo me, eye wogblɔa Biblia me nyateƒea wòsɔna ɖe ale si wobua tamee nu—le gbe si tokunɔwo dona me. Mɔ si nu wofiaa nu wo le la nana wosena le wo ɖokuiwo me be wode bubu ame si ƒomevi yewonye kple nɔnɔme si me yewole la ŋu.

Ðe tokunɔgbehamewo ɖoɖo ɖe via? Bu Cyril, si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1955 me hezu Yehowa Ðasefo la ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Nɔviŋutsu sia yi edzi nɔ míaƒe agbalẽwo xlẽm kple eƒe ŋutete katã eye wòdea Kristotɔwo ƒe kpekpeawo hã edziedzi hena ƒe geɖe. Ɣeaɖewoɣi la, nyagɔmeɖelawo nɔa anyi, gake ɣebubuwoɣi la, ɖeke menɔa anyi o. Ne nyagɔmeɖela aɖeke meli o la, nɔvia Ðasefowo dzea agbagba lɔlɔ̃tɔe be yewoakpe ɖe eŋu to nu siwo wogblɔ le nuƒolanɔƒea la ŋuti nuŋlɔɖiwo wɔwɔ nɛ me. Esia yi edzi ʋuu va se ɖe ƒe 1989 me, le eƒe nyateƒea me nɔnɔ ƒe 34 aɖewo megbe, hafi woɖo tokunɔgbehame gbãtɔ le United States ɖe New York City. Aleke Cyril si nye hame ma me tɔ ɖeka la se le eɖokui me? Egblɔ be: “Ðeko wònɔ abe ɖe medo go tso avetsu aɖe me, tso do doviviti aɖe me va do ɖe kekeli me ene. Azɔ ko! Kpekpe le gbe si medona me!”

Yehowa Ðasefowo ƒe tokunɔgbehamewo nye teƒe siwo tokunɔwo tea ŋu kpena le edziedzi hena nusɔsrɔ̃ tso Mawu ŋu kple esubɔsubɔ. Wonye teƒe siwo Mawu ƒe amewo dea ha kple wo nɔewo hetua wo nɔewo ɖo le. Le xexe sia si me tokunɔwo metea ŋu ɖoa dze kple amewo hedea ha kpli wo tututu o me la, hame siawo nye teƒe siwo woɖoa dze kple wo nɔewo hedea ha kple amewo le. Le hame siawo me la, tokunɔwo tea ŋu srɔ̃a nu, tsina le gbɔgbɔ me, eye wotsɔa wo ɖokuiwo nana le Yehowa subɔsubɔ me. Ðasefo tokunɔ geɖe te ŋu va zu ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo. Wo dometɔ aɖewo ʋu yi dukɔ bubuwo me be yewoaɖakpe ɖe tokunɔwo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Ŋutsu Kristotɔ aɖewo siwo nye tokunɔwo la srɔ̃ ale si woawɔ anye nufiala, ɖoɖowɔla, kple alẽkplɔla nyuiwo, eye esia wɔe be wo dometɔ geɖe te ŋu va dze le agbanɔamedziwo tsɔm le hameawo me.

Tokunɔgbehame 100 kple edzivɔwo kple ƒuƒoƒo siwo ade 80 ye le United States. Le Brazil la, tokunɔgbehame siwo ade 300 kple ƒuƒoƒo 400 kple edzivɔwoe li. Tokunɔgbehame 300 kloe ye le Mexico. Eye tokunɔgbehame 30 kple ƒuƒoƒo 113 ye le Russia. Esiawo nye ale si tokunɔgbehamewo le dzidzim ɖe edzi le xexea me godoo la ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ko. *

Yehowa Ðasefowo wɔa takpekpe suewo kple gãwo hã le tokunɔgbewo me. Le ƒe si va yi me la, wowɔ nutome gã takpekpe siwo wu 120 le tokunɔgbe vovovowo me le xexea me godoo. Takpekpe siawo naa Ðasefo tokunɔwo sena le wo ɖokuiwo me be yewonye Kristotɔwo ƒe xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si le gbɔgbɔmenuɖuɖu xɔm le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la me tɔwo.

Leonard, nye tokunɔ aɖe si zu Yehowa Ðasefo ƒe 25 aɖewoe nye esia. Egblɔ be: “Tso gbe aɖe gbe kee menyae be Yehowae nye Mawu vavã la. Ke hã, nyemese nu si tae wòɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu la gɔme nyuie kpɔ o. Ɣeaɖewoɣi la, esia naa eƒe nu kua dzi nam. Gake meva se nya sia gɔme mlɔeba le nuƒo aɖe koŋ si woƒo le tokunɔgbedolawo ƒe nutome gã takpekpe aɖe me la me. Esi nuƒoa wu enu la, srɔ̃nye tsɔ abɔkuglui ka ŋunye hebiam be, ‘Wò dzi dze eme azɔa?’ Meɖo eŋu nɛ anukwaretɔe be ɛ̃! Ƒe 25 ye nye esi mele Yehowa subɔm, eye dzi le dzɔyem be nyemegblẽe ɖi kpɔ o. Melɔ̃e ɣeawokatãɣi, gake ɖeko nyemete ŋu se eƒe nuwɔnawo gɔme nyuie o. Gake egbea la, mese wo gɔme!”

Wodaa Akpe Tso Dzi Me

Ne tokunɔwo srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu la, nu kae dzena le eƒe ŋkume wokpɔna? Lɔlɔ̃, veveseɖeamenu, dzɔdzɔenyenye, nuteƒewɔwɔ, amenuveve—kple nɔnɔme bubu geɖewo.

Ðasefo tokunɔ siwo katã le xexea me godoo la le Yehowa ƒe ŋkume kpɔm, eye woayi edzi anɔ ekpɔm nyuie geɖe wu gɔ̃ hã. Esi Yehowa lɔ̃ tokunɔwo vevie ta la, ‘ekɔ ŋkume ɖe wo.’ (4 Mose 6:25) Aleke gbegbe tokunɔwo daa akpe tso dzi mee nye esi be yewova dze si Yehowa!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 21 Tokunɔgbehame 4 kple ƒuƒoƒo 18 ye le Ghana, eye tokunɔgbeƒuƒoƒo 4 ye le Togo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24, 25]

Tokunɔgbehame 1,100 kple edzivɔwoe le xexea me godoo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Yehowa kɔ ŋkume ɖe tokunɔwo