Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒo Asa Na Susuhenuwo Le “Du Nyui Xɔgbe” Sia

Ƒo Asa Na Susuhenuwo Le “Du Nyui Xɔgbe” Sia

Ƒo Asa Na Susuhenuwo Le “Du Nyui Xɔgbe” Sia

ANYIDZELA eneawo nɔ nu si wòle be woawɔ la ŋu bum. Ame aɖeke menyo dɔme na naneke wo le dua ƒe agbo nu o. Siria srafowo ɖe to ɖe Samaria, si wɔe be dɔ gã aɖe to le dua me. Dua me yiyi maɖe vi aɖeke na ame ene mawo wo o, elabena nuɖuɖu ƒe asi de dzi bobobo le dua me. Woka nya ta gɔ̃ hã be ame aɖewo ɖu amelã le dua me.—2 Fia. 6:24-29.

Anyidzelaawo (alo kpodɔlélawo) bia wo ɖokuiwo be: ‘Nu ka tae míayi ɖe Siriatɔwo ƒe asaɖa me o? Míeyi o míeɖayi o, nya ɖeka koe.’ Esi anyigba tsyɔ la, wodze mɔ ɖo ta Siriatɔwo ƒe asaɖa me. Esi wova ɖo asaɖaa me la, ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ. Dzɔla aɖeke menɔ afi ma o. Sɔwo kple tedziwo nɔ ka me, gake asrafo aɖeke menɔ afi ma o. Ŋutsu eneawo da ŋku kpɔ agbadɔ aɖe me. Ame aɖeke menɔ afi ma o, gake nuɖuɖu kple nunono bɔ ɖe afi ma kpaŋkpaŋ. Woɖu nu no nu. Anyidzelawo kpɔ sika, klosalo, awuwo, kple nu xɔasi bubuwo hã. Wolɔ wo yi ɖaɣla hetrɔ gbɔ be yewoalɔ bubuwo. Asrafoawo katã gblẽ asaɖa la ɖi. Yehowa to nukumɔ aɖe dzi na Siriatɔwo se aʋakɔ gã aɖe ŋkɔ. Esi Siriatɔwo susui be aʋakɔ bubu aɖewoe gbɔna yewo dzi dze ge la, woƒu du si dzo. Wogblẽ woƒe nunɔamesiwo katã ɖi!

Anyidzelaawo nɔ nu xɔasiwo lɔm yi ɖanɔ ɣaɣlam. Gake esi woɖo ŋku edzi be dɔ nɔ Samariatɔwo wum vevie la, woƒe dzitsinya te fɔbubu wo. Wote gbɔgblɔ na wo nɔewo be: “Menye nu nyui enye esia wɔm míele o, elabena egbe enye du nyui xɔgbe.” Anyidzelaawo ɖe abla yi Samaria ɖaka nu si ŋu woke ɖo la ŋuti nya nyui la ta na amewo.—2 Fia. 7:1-11.

Míawo hã míele le ɣeyiɣi aɖe si woate ŋu ayɔ be “du nyui xɔgbe” la me. Esi Yesu nɔ susu hem yi nudzɔdzɔ ɖedzesi aɖe si anye “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi” dzi la, egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.” (Mat. 24:3, 14) Ŋusẽ kae wòle be esia nakpɔ ɖe mía dzi?

Míaƒe Dzimaɖitsitsiwo Ate Ŋu Ate Míaƒe Dzi Ðe To

Esi anyidzelaawo ke ɖe nuawo ŋu la dzi nɔ wo dzɔm ale gbegbe be woƒe susu dzo le nɔnɔme sesẽ si me tom Samariatɔwo nɔ la dzi ɣeyiɣi kpui aɖe. Woƒe susu katã nɔ nu siwo gbegbe ate ŋu asu wo si la ŋu. Ðe nu ma tɔgbi ate ŋu adzɔ ɖe mía dzia? “Nuɖuɖu ƒe veve” nye dzesi ƒokpli si ade dzesi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu la ƒe akpa aɖe. (Luka 21:7, 11) Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, be nu tsu ɖuɖu kple aha tsu nono kple agbe me dzimaɖitsitsiwo nagate miaƒe dzi ɖe to gbeɖe o.” (Luka 21:34) Esi míenye Kristotɔwo ta la, ele be míakpɔ nyuie be míagaɖe mɔ gbe sia gbe dzimaɖitsitsiwo nana míaƒe susu nadzo le nyateƒe si wònye be ɣeyiɣi si me míele la nye “du nyui xɔgbe” la dzi o.

Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Blessing meɖe mɔ dzitsitsi ɖe eya ŋutɔ ƒe nuwo ŋu te eƒe dzi ɖe to o. Enɔ mɔɖeɖedɔa wɔm, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, ede hehenasuku aɖe do, eva ɖe Betel dɔwɔla aɖe le sukua dede megbe, eye woda asi ɖe edzi be wòanye Benin Betel ƒomea me tɔ. Egblɔ be: “Menye xɔmedzraɖola, eye dɔ si wɔm mele la vivia nunye ŋutɔ.” Enye dzidzɔ na Blessing be ƒe 12 sɔŋ ye nye esia yele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm, eye dzi le edzɔm be yena wòle susu me na ye be “du nyui xɔgbe” ye nye esia.

Kpɔ Nyuie Le Susuhenu Siwo Gblẽa Ɣeyiɣi Na Ame La Ŋu

Esime Yesu nɔ eƒe nusrɔ̃la 70 dɔm ɖa be woayi aɖaɖe gbeƒã la, egblɔ be: “Nyateƒee, nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo ya mesɔ gbɔ o. Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Luka 10:2) Abe ale si ko nukuwo ate ŋu agblẽ ne womeŋe wo kaba le nuŋeɣi o ene la, alɔ gblɔlɔ wɔwɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me hã ate ŋu ana amewo nabu woƒe agbe. Eya ta Yesu gblɔ kpee be: “Migatsɔ gakotoku, alo nuɖuɖukotoku, alo afɔkpa o, eye migagblẽ ɣeyiɣi le mɔ dzi anɔ gbe dom na ame aɖeke o.” (Luka 10:4) Nya si wozã na “anɔ gbe dom” le gbe gbãtɔa me la ate ŋu afia nu geɖe wu “efɔ nyuiea?” alo “ŋdi” dodo na ame ko. Ate ŋu alɔ asikpakpla kɔ na ame nɔewo kple dzeɖoɖo legbe siwo yia edzi ne míedo go mía xɔlɔ̃wo la ɖe eme. Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woaƒo asa na susuhenu siwo mehiã o, eye woawɔ woƒe ɣeyiɣi la ŋu dɔ nyuie. Gbedeasi si wòle be woaɖe gbeƒãe la bia nuwɔwɔ kpata.

Bu ɣeyiɣi si gbegbe dome susuhenuwo ate ŋu agblẽ na ame la ŋu kpɔ. Ƒe geɖewoe nye esia la, televisionkpɔkpɔ ye xɔa amewo ƒe vovoɣi akpa gãtɔ. Gake nya kae míagblɔ tso asitelefon kple kɔmpiuta ya ŋu? Le numekuku aɖe, si me wobia gbe Britaintɔ tsitsi 1,000 me la, wokpɔe be “gbe sia gbe la, Britaintɔ akpa gãtɔ zãa miniti 88 tsɔ ɖoa dze le telefon dzi, miniti 62 bubuwo tsɔ ɖoa dze le asitelefon dzi, miniti 53 tsɔ nɔa nyatakakawo ɖom ɖa to Internet dzi, eye wozãa miniti 22 tsɔ nɔa nyatakakawo ɖom ɖa to asitelefon dzi.” Ne wotsɔ wo katã ƒo ƒu la, esia sɔ gbɔ wu gaƒoƒo si kpekpeɖeŋu mɔɖelawo zãna le subɔsubɔdɔa me gbe sia gbe la ƒe teƒe eve! Ke le gowòme ɖe, ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kae nèzãna ɖe nu siawo ŋu?

Ernst kple Hildegard Seliger ɖɔ ŋu ɖo le ale si wozã woƒe ɣeyiɣiwoe la me. Ƒe siwo katã wo ame evea wotsɔ nɔ Nazitɔwo ƒe fuwɔamesaɖawo kple Kɔmiunisttɔwo ƒe gaxɔwo me la wu ƒe 40. Esi woɖe asi le wo ŋu la, wowɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa va se ɖe esime wowu woƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu.

Le atsu kple asi sia ƒe anyigbadzinɔɣi la, ame geɖewo dina be yewo kpli wo yewoanɔ nyatakakawo ɖom ɖe yewo nɔewo. Srɔ̃tɔ siawo ate ŋu azã woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ atsɔ anɔ lɛtawo xlẽm alo anɔ wo ŋlɔm hafi. Gake gbɔgbɔmenuwoe xɔ nɔƒe vevitɔ le woƒe agbe me.

Ele eme be mí katã míedina be kadodo aɖe nanɔ mía kple míaƒe ame veviwo dome, eye naneke megblẽ le esia ŋu o. Ne míewɔ ɖoɖo nyui ɖe nu vovovowo wɔwɔ ŋu le míaƒe gbe sia gbe ɖoɖowo me la, eɖea vi. Ke hã, nunya le eme be míanɔ ŋudzɔ ɖe susuhenu siwo gblẽa ɣeyiɣi dome na ame le ɣeyiɣi sia si wòle be míatsɔ anɔ gbeƒã ɖem nya nyuia me la ŋu.

Ðe Gbeƒã Nya Nyuia Tsitotsito

Yayra ka gbegbee nye esi wònye be míele agbe le “du nyui xɔgbe” sia! Megadzɔ gbeɖe be míaɖe mɔ nu bubuwo nahe míaƒe susu abe ale si wònɔ le anyidzela eneawo gome ene o. Ðo ŋku edzi be wogblɔ na wo ɖokuiwo be: “Menye nu nyui enye esia wɔm míele o.” Nenema kee masɔ be míaɖe mɔ míaƒe agbemetaɖodzinuwo yome titi kple susuhenu siwo xɔa ame ƒe ɣeyiɣi nana be míado kpo gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me bliboe o.

Apostolo Paulo ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. Esi wòbu ƒe 20 gbãtɔ siwo wòtsɔ wɔ eƒe subɔsubɔdɔa ŋu la, eŋlɔ bena: “Meɖe gbeƒã nya nyui si ku ɖe Kristo la ŋu tsitotsito.” (Rom. 15:19) Paulo meɖe mɔ naneke na eƒe dzonɔameme dzi ɖe kpɔtɔ o. Mina míaɖe dzonɔameme afia abe eya ke ene esi míele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedeasia le “du nyui xɔgbe” sia.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Blessing meɖe mɔ dzitsitsi ɖe eya ŋutɔ ƒe nuwo ŋu do kplamatsɛ eƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa o

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ernst kple Hildegard Seliger ɖɔ ŋu ɖo le ale si wozã woƒe ɣeyiɣiwoe la me