Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Subɔsubɔ Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Aɖe Su Asiwò Kpɔa? Agate Ŋu Asu Asiwòa?

Subɔsubɔ Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Aɖe Su Asiwò Kpɔa? Agate Ŋu Asu Asiwòa?

Subɔsubɔ Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Aɖe Su Asiwò Kpɔa? Agate Ŋu Asu Asiwòa?

ÈNƆ agbanɔamedzinɔƒe aɖe le Kristo hamea me kpɔa? Ðewohĩ ènye subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi kpɔ. Alo ɖewohĩ èwɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ aɖe kpɔ. Ðikeke mele eme o be èkpɔ dzidzɔ kple dzidzeme geɖe le wò dɔdeasiawo wɔwɔ me, gake le susu aɖewo ta la, eva hiã be nàɖe asi le wo ŋu.

Ðewohĩ èɖe asi le mɔnukpɔkpɔa ŋu ale be nàte ŋu akpɔ wò ƒomea ƒe nu hiahiãwo gbɔ. Ate ŋu anye tsitsi alo lãmegbegblẽ tae. Nyametsotso mawo wɔwɔ mefia be ame do kpo nu o. (1 Tim. 5:8) Le ƒe alafa gbãtɔa me la, Filipo wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa hena ɣeyiɣi aɖe, gake eʋu yi ɖatsi Kaisarea ale be wòate ŋu akpɔ eƒe ƒomea ƒe nu hiahiãwo gbɔ. (Dɔw. 21:8, 9) Esi blema Israel Fia David ku amegã la, ewɔ ɖoɖo be ye vi Salomo naɖu fia ɖe ye teƒe. (1 Fia. 1:1, 32-35) Ke hã, Yehowa gakpɔtɔ lɔ̃ Filipo kple David hekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu, eye amewo gakpɔtɔ dea bubu wo ŋu va se ɖe egbe.

Gake ate ŋu anye hã be ɖe woxɔ subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa le asiwò. Vodada aɖe taea? Alo ƒomekuxiwo taea? (1 Tim. 3:2, 4, 10, 12) Ate ŋu anye be èkpɔe be mesɔ be woxɔ mɔnukpɔkpɔ ma le ye si o, eye esia ƒe dziku gakpɔtɔ le dɔme na wò va se ɖe egbe.

Àgate Ŋu Aminya Subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ Ma Akea?

Ðe wònye be subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ si ge le asiwò la magate ŋu asu asiwò gbeɖe oa? Menɔa nenema le dɔxɔxɔ le ame si akpa gãtɔ gome o. Gake hafi subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa nagasu asiwò ake la, ele be nàminyae. (1 Tim. 3:1) Ke hã, nu ka tae nàdi be yeawɔ esia ɖo? Susu si ta nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Mawu la ke tae—lɔlɔ̃ na Yehowa kple ame siwo subɔnɛ. Ne èdi be yeaɖe lɔlɔ̃ ma afia to subɔsubɔ ake me la, esia ana mɔnukpɔkpɔ Yehowa be wòawɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su asiwò do ŋgɔ na mɔnukpɔkpɔa ƒe gege le asiwò kple esiwo va su asiwò le emegbe siaa la ŋu dɔ.

Ðo ŋku kakaɖedzi si Yehowa na Israel viwo esi subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo ge le wo si le woƒe nuteƒemawɔmawɔ ta la dzi. Eƒe Nya la gblɔ be: “Nye Yehowa nyemetrɔ o, eye mi Yakob hã miedzudzɔ o.” (Mal. 3:6) Yehowa lɔ̃ Israel viwo, eye wòdi be yeagazã wo geɖe wu. Yehowa di vevie be yeazã wò le etsɔme nenema ke. Le nɔnɔme si me nèle fifia me la, nu kae nàte ŋu anɔ wɔwɔm gbɔ? Teokrasigbanɔamedziwo tsɔtsɔ nɔ te ɖe ame ƒe gbɔgbɔmelãmesẽ dzi wu dzɔdzɔmeŋutete siwo le ame si. Eya ta esi hamea ƒe agbanɔamedzi bubuwo mele dziwò fifia o la, biã ŋku ɖe ŋusẽdodo ɖokuiwò le gbɔgbɔ me ŋu.

Be ‘nàsẽ ŋu’ le xɔse me la, ele be ‘nàdi Yehowa kple eƒe ŋusẽ.’ (1 Kor. 16:13; Ps. 105:4) Mɔ aɖe si dzi nàte ŋu ato awɔ esiae nye gbedodoɖa tso dzi me. Ne èle nu ƒom tso wò nɔnɔmea ŋu na Yehowa la, ɖe wò seselelãmewo gblɔ nɛ, eye nàbiae be wòana eƒe gbɔgbɔ la ye. Ne èwɔa esia la, àte ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu, eye esia ana nànɔ te sesĩe. (Ps. 62:9; Fp. 4:6, 13) Mɔ bubu aɖe si dzi nàte ŋu ato ado ŋusẽ ɖokuiwò le gbɔgbɔ mee nye be nànɔ Mawu ƒe Nya la srɔ̃m nyuie wu. Esi agbanɔamedzi boo aɖeke mele dziwò fifia o ta la, àte ŋu awɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ƒomenusɔsrɔ̃ geɖe wu, ɖewohĩ àgate ŋu adze gbɔgbɔmenumame aɖe si wɔwɔ sesẽna na wò tsã la gɔme ake.

Ðo ŋku edzi hã be esi nènye Yehowa ƒe Ðasefo ta la, ègakpɔtɔ nye eteƒenɔla. (Yes. 43:10-12) Mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ kekeake si ate ŋu asu mía dometɔ ɖe sia ɖe sie nye be míanye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo.” (1 Kor. 3:9) Dɔ geɖe wɔwɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me nye mɔ nyui aɖe si dzi nàte ŋu ato ado ŋusẽ ɖokuiwò kple ame siwo dea gbeadzi kpli wò la siaa le gbɔgbɔ me.

Tenɔnɔ Ðe Wò Seselelãmewo Nu

Ne subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ aɖe ge le asiwò la, esia ate ŋu ana ŋu nakpe wò alo ate ɖe dziwò. Ðewohĩ ànɔ ɖokuiwò nu ɖem. Gake ne nɔviŋutsu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo se wò nyawo vɔ, gake wokpɔe be ele be woaxɔ mɔnukpɔkpɔ aɖe le asiwò kokoko ɖe? Ðewohĩ esia ana nàlé wo ɖe dɔme, si awɔe be màgadi be yeaminya mɔnukpɔkpɔ aɖeke o, alo ana be wòasesẽ na wò be nàsrɔ̃ nu tso nu si dzɔ ɖe dziwò la me. Mina míakpɔ ale si nu siwo me Hiob, Manase, kple Yosef to la me dzodzro ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe seselelãme mawo nui la ɖa.

Hiob do ɖe Yehowa ŋkume ɖe ame bubuwo ta, eye wònye ame tsitsi kple nyadrɔ̃la le blemafofowo ƒe ɣeyiɣiwo me. (Hiob 1:5; 29:7-17, 21-25) Gake ɣeyiɣi vevi aɖe le Hiob ƒe agbe me la, ebu eƒe kesinɔnuwo, viawo, kple eya ŋutɔ ƒe lãmesẽ hã. Esi nu siawo dzɔ ɖe edzi ta la, amewo megadea bubu eŋu o. Hiob gblɔ be: ‘Nye tsɛwo gɔ̃ hã le koyem.’—Hiob 30:1.

Hiob se le eɖokui me be yemeɖi fɔ aɖeke kura o, eya ta edi be yeaɖe ye ɖokui nu le Mawu ŋkume. (Hiob 13:15) Ke hã, Hiob lɔ̃ faa be yeakpɔ Yehowa si nu, eye nu nyui geɖewo do tso esia me nɛ. Eva kpɔe dze sii be ehiã be woaɖɔ ye ɖo, vevietɔ le ale si wòwɔ nu esime wònɔ dodokpɔ me tom la ta. (Hiob 40:6-8; 42:3, 6) Hiob ƒe ɖokuibɔbɔ wɔe be Mawu va yrae geɖe ŋutɔ mlɔeba.—Hiob 42:10-13.

Ne nu gbegblẽ aɖe si nèwɔ tae mɔnukpɔkpɔa ge le asiwò la, ɖewohĩ ànɔ ɖokuiwò biam be, ɖe Yehowa kple ye nɔvi Kristotɔwo atsɔe ake ye vavã ahaŋlɔe be mahã. Enyo, bu Yuda Fia Manase ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. “[Ewɔ] nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me, ne wòatsɔ do dziku nɛ.” (2 Fia. 21:6) Ke hã, Manase gava ɖu fia va se ɖe eƒe kugbe, eye wobui nuteƒewɔlae. Aleke esia dzɔe?

Manase lɔ̃ xɔ tohehe si wonae la mlɔeba. Esi wòdo toku nuxlɔ̃ame siwo wonae do ŋgɔ la, Yehowa na Asiriatɔwo va de kunyowui hekplɔe yi aboyo me le keke Babilon ke. Le afi ma la, Manase “[ƒo] koko le Yehowa, eƒe Mawu la ŋku me, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi vevie le fofoawo ƒe Mawu la ŋku me. Edo gbe ɖa nɛ.” Manase trɔ dzi me vavã, eɖɔ eƒe mɔ vɔ̃wo ɖo, eye wotsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee.—2 Kron. 33:12, 13.

Ƒãa hafi wogagbugbɔa subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo ge le ame si la katã nanɛ zi ɖeka. Gake ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, woava nɔ agbanɔamedzi vivivi aɖewo dem asi na wò. Zi geɖe la, ne amea lɔ̃ xɔ agbanɔamedzi siawo eye wòwɔ eƒe ŋutete katã le wo tsɔtsɔ me la, woatsɔ bubuwo akpee nɛ. Esia mefia be nuwo anɔ bɔbɔe na wò kokoko o. Ate ŋu adzɔ be nuwo manɔ abe ale si nènɔ mɔ kpɔm na wo ene o. Ke hã, nu nyuiwo dona tso didi vevie kple kutrikuku me.

Bu Yakob vi Yosef ŋu kpɔ. Esi Yosef xɔ ƒe 17 la, tɔviawo dzrae madzemadzee wòzu kluvi. (1 Mose 37:2, 26-28) Kakaɖedzitɔe la, menye aleae wòanɔ mɔ kpɔm be ye tɔviwo nawɔ nu ɖe ye ŋu hafi o. Gake elɔ̃ faa be yeado dzi akpe akɔ kple nɔnɔmea, eye Yehowa ƒe yayra wɔe be wotsɔe ɖo ‘eƒe aƒetɔ ƒe aƒe nu.’ (1 Mose 39:2) Le ema megbe la, wolé Yosef de gaxɔ me. Gake eyi edzi wɔ nuteƒe, eye Yehowa hã nɔ kplii, eya ta wotsɔe ɖo gaxɔmenɔlawo nu.—1 Mose 39:21-23.

Yosef menya be nu nyui aɖewo ava do tso nu siawo katã me emegbe o. Ðeko wòyi edzi nɔ nu si wòate ŋu awɔ la wɔm. Esia wɔe be Yehowa te ŋu zãe tsɔ kpɔ ƒome si me Dzidzimevi si ŋugbe wodo la adzɔ tso la ta. (1 Mose 3:15; 45:5-8) Togbɔ be mía dometɔ aɖeke makpɔ mɔ be yeawɔ akpa vevi si tɔgbi Yosef wɔ la o hã la, nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la ɖee fia be Yehowa ƒe asi nɔa subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo sua esubɔlawo si la me. Na esia ƒe mɔnukpɔkpɔ nanɔ ʋuʋu ɖi to Yosef sɔsrɔ̃ me.

Srɔ̃ Nu Tso Nɔnɔme Sesẽwo Me

Hiob, Manase, kple Yosef to nɔnɔme ɖedzileameƒowo me. Ŋutsu etɔ̃ siawo katã lɔ̃ faa kpe akɔ kple nɔnɔme siwo Yehowa ɖe mɔ wova wo dzi la, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe srɔ̃ nu vevi aɖewo tso wo me. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso wò nɔnɔmewo me?

Kpɔe ɖa be nu kae Yehowa le didim be yeafia wò hã. Esi Hiob nɔ akɔ kpem kple nɔnɔme ɖedzileameƒoawo la, eya ŋutɔ ɖokui ŋu ko bum wòva nɔ, eye eƒe susu dzo le nya vevi siwo nɔ toa me la dzi. Gake esi Yehowa ɖɔe ɖo lɔlɔ̃tɔe la, eva da sɔ helɔ̃ ɖe edzi be: “Megblɔ nya, siwo gɔme nyemese o.” (Hiob 42:3) Ne subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ aɖe si ge le asiwò na nèse veve la, ‘mègabu ɖokuiwò ŋu wu ale si dze o; ke boŋ bu tame le ale si nànɔ ŋute le susu me ŋu.’ (Rom. 12:3) Ðewohĩ ɖe Yehowa le agbagba dzem be yeatrɔ asi le ŋuwò le mɔ aɖe si gɔme mese bliboe haɖe o nu.

Lɔ̃ nàxɔ tohehe. Manase anya se le eɖokui me gbã be tohehe si wona ye la gbɔ eme. Ke hã, elɔ̃ xɔ tohehea, trɔ dzi me, eye wògbe nu le eƒe mɔ vɔ̃wo gbɔ. Aleke kee nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe tohehe si wona wò la ŋu o, ‘bɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi le Yehowa ŋkume, eye ado wò ɖe dzi.’—1 Pet. 5:6; Yak. 4:10.

Gbɔ dzi ɖi eye nàlɔ̃ faa Yehowa namla wò. Ele bɔbɔe be Yosef nalé fu tɔviawo ahadi be yeabia hlɔ̃ wo ɖe nu siwo wowɔ ɖe eŋu la ta. Gake mewɔe nenema o, ɖe wòtu gɔmesese deto kple nublanuikpɔkpɔ ɖo boŋ. (1 Mose 50:15-21) Ne wowɔ nu ɖe ŋuwò wòte ɖe dziwò la, xɔ dzigbɔɖi. Lɔ̃ faa Yehowa namla wò.

Ènɔ agbanɔamedzinɔƒe aɖe kpɔ le Kristo hamea mea? Ðe mɔ na Yehowa be wòana mɔnukpɔkpɔwo nagasu asiwò le etsɔme. Do ŋusẽ ɖokuiwò le gbɔgbɔ me. Tsɔ dzigbɔɖi kple ɖokuibɔbɔ ɖu wò seselelãmewo dzi. Lɔ̃ faa nàxɔ agbanɔamedzi ɖe sia ɖe si wode asiwò la. Kakaɖedzi nenɔ asiwò be ‘Yehowa metea nu nyui ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o.’—Ps. 84:12.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 30]

Na wò xɔse me nasẽ to gbedodoɖa tso dzi blibo me

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Dɔ geɖe wu wɔwɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me nye mɔ nyui aɖe si dzi nàto ana wò gbɔgbɔmemenyenye nade to ɖe edzi

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Ðe mɔ na Yehowa be wòana mɔnukpɔkpɔwo nagasu asiwò le etsɔme