Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woke Ðe Nu Xɔasi Ɣaɣlawo Ŋu

Woke Ðe Nu Xɔasi Ɣaɣlawo Ŋu

Woke Ðe Nu Xɔasi Ɣaɣlawo Ŋu

ÈKE ɖe nu xɔasi ɣaɣla aɖe ŋu kpɔ le teƒe aɖe si mènɔ mɔ kpɔm na oa? Esia dzɔ ɖe Ivo Laud, Yehowa Ðasefo aɖe si le Estonia la, dzi le March 27, 2005 dzi. Enɔ kpekpem ɖe ehati Ðasefo tsitsi Alma Vardja ŋu be woakaka nudzraɖoƒexɔ sue xoxo aɖe. Esi wonɔ nu siwo wotsɔ ɖo xɔa ŋu le egodo la ɖem ɖa la, wokpɔe be wotsɔ ʋuƒo gbabɛ aɖe tre sɔtiawo dometɔ ɖeka ƒe akpa ɖeka. Esi woɖe ʋuƒo gbabɛa ɖa la, wokpɔe be woɖe do ɖe sɔtia me. Doa ƒe kekeme nye sentimeta 10, eƒe didime nye meta 1.2, eye eƒe goglome nye sentimeta 10, eye wotsɔ ati bubu aɖe si sɔ kple doa pɛpɛpɛ la tsyɔ edzi. (1) Woɣla nu xɔasiwo ɖe doa me! Nu kawoe nye nu xɔasi mawo? Ame kae ɣla wo ɖe afi ma?

Wokpɔ nu bablɛ gbogbo aɖewo siwo wobla nyuie ɖe pepa titriwo me le doa me. (2) Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwoe le wo me, eye wo dometɔ akpa gãtɔ nye Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃nyatiwo; wota wo dometɔ aɖewo le keke ƒe 1947 me ke. (3) Wotsɔ asi ŋlɔ wo beléletɔe ɖe Estoniagbe me. Nu siwo woŋlɔ ɖe nu bablɛ siawo dometɔ aɖewo me na wote ŋu nya ame si tsɔ nuawo ɣla. Nuŋlɔɖi mawo ku ɖe ale si wobia gbe Alma srɔ̃, Villem Vardja, la ŋu. Ƒe siwo wòtsɔ nɔ gaxɔ me la hã ŋuti nuŋlɔɖiwo nɔ nu siwo ŋu woke ɖo la me. Nu ka tae wodee gaxɔ me?

Villem Vardja nye Ðasefo aɖe si nɔ agbanɔamedzinɔƒe le Tartu Hamea me, eye wòva subɔ emegbe le Otepää Hame si nɔ Estonia, si nye dukɔ siwo ƒo ƒu wɔ Soviet Union si nɔ anyi tsã dometɔ ɖeka, la me. Anɔ eme be esrɔ̃ Biblia me nyateƒea ɣeaɖeɣi do ŋgɔ na Xexemeʋa II. Le ƒe ʋɛ aɖewo megbe le December 24, 1948 dzi la, Kɔmiunist dziɖuɖua na wolé Nɔviŋutsu Vardja ɖe eƒe mawusubɔsubɔ ta. Adzamekpovitɔwo bia gbee hewɔ funyafunyae esi wonɔ agbagba dzem be yewoaƒoe ɖe enu wòaʋu go eƒe haxɔsetɔwo ƒe ŋkɔwo na yewo. Wogbe be yewomaɖe mɔ nɛ wòaʋli eɖokui ta le ʋɔnudrɔ̃ƒe o, eye woka ƒe ewo nɛ be wòanɔ ga me le Russiatɔwo ƒe asaɖa me.

Nɔviŋutsu Villem Vardja wɔ nuteƒe na Yehowa va se ɖe eƒe kugbe le March 6, 1990 dzi. Srɔ̃a menya kura be eɣla agbalẽ aɖewo ɖe afi aɖeke o. Anye be esi Nɔviŋutsu Vardja di be yeakpɔ ye srɔ̃a ta ne eva dzɔ be kpovitɔwo va le gbe biamee tae. Nu ka tae wònɔ nɛ be wòaɣla agbalẽawo ɖo? Eɣla wo le esi adzamekpovitɔ siwo woyɔna be Soviet Dziɖuɖua ƒe Dedienɔnɔ Gbɔkpɔkɔmiti, KGB la, va kaa Yehowa Ðasefowo ƒe aƒewo me le vo me henɔa subɔsubɔgbalẽwo dim ta. Anɔ eme be Nɔviŋutsu Vardja ɣla agbalẽawo ale be eƒe haxɔsetɔwo nakpɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu ne eva dzɔ be KGB la xɔ agbalẽawo katã le wo si. Do ŋgɔ na esia la, woke ɖe agbalẽ ɣaɣlawo ŋu le teƒe bubuwo le ƒe 1990 ƒe dzomeŋɔli. Woke ɖe wo dometɔ aɖe ŋu le Tartu, le Estonia ƒe anyiehe. Villem Vardja kee ɣla esia hã.

Nu ka tae míele agbalẽ siawo yɔm be nu xɔasiwo ɖo? Elabena agbalẽ siawo siwo wotsɔ asi ŋlɔ kutrikukutɔe heɣla nyuie alea la ɖe ale si Ðasefowo kpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo su wo si ɣemaɣi ŋu la fia nyuie. (Mat. 24:45) Èkpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo sua asiwò egbea le miaƒe hamea me la ŋua? Gbɔgbɔmenuɖuɖu siawo dometɔ ɖekae nye Gbetakpɔxɔ si le Estoniagbe kple gbegbɔgblɔ bubu siwo wu 170 me.