Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Adam Kple Xawa—Wonɔ Anyi Kpɔ Ŋutɔŋutɔa?

Adam Kple Xawa—Wonɔ Anyi Kpɔ Ŋutɔŋutɔa?

Adam Kple Xawa—Wonɔ Anyi Kpɔ Ŋutɔŋutɔa?

LE AME geɖe gome la, ŋutinya dodzidzɔname dzro aɖe koe Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me nya siwo ku ɖe Adam kple Xawa ŋu la nye. Wogblɔ le lɛta aɖe si woŋlɔ na Time nyadzɔdzɔgbalẽ ŋlɔla la me be: “Subɔsubɔha gã siwo be yewonye Kristotɔwo la bua Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me nyawo xoxoxo be wonye glitoto me nufiame.” Katolikotɔwo, Protestanttɔwo, kple Yudatɔwo ƒe agbalẽnyala geɖewo hã lɔ̃ ɖe edzi nenema. Wogblɔna be Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me nyawo mewɔ ɖeka kple blemaŋutinya ƒe nuŋlɔɖiwo kpakple dzɔdzɔmeŋutinunya o.

Nu kae nèsusu? Ðe nèxɔe se be Adam kple Xawa nye ame ŋutɔŋutɔ siwo nɔ anyi kpɔa? Ðe kpeɖodzi aɖe li si ɖee fia be wònɔ anyi kpɔ ŋutɔŋutɔa? Le go bubu me la, nu kae anye emetsonu ne míebu Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me nyawo be wonye ŋutinya dzro aɖe ko?

Ðe Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa Me Nyawo Wɔ Ðeka Kple Dzɔdzɔmeŋutinunya?

Gbã la, mina míadzro ame gbãtɔa wɔwɔ ŋuti nyawo ƒe akpa vevi aɖewo me kpɔ. Biblia gblɔ tso Adam ŋu be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.” (1 Mose 2:7) Ðe nya siawo wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya?

Agbalẽ si nye Nanomedicine gblɔ be nu vevi ɖekaɖeka 41 sɔŋ ye ƒo ƒu wɔ míaƒe ametia. Woate ŋu ake ɖe nu vevi siawo katã—karbɔn, gayibɔ, ɔksidzin, kple bubuawo—ŋu le anyigba me. Eya ta abe ale si Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa gblɔe ene la, ‘anyie wotsɔ mè ame.’

Alekee nu siawo siwo me agbe mele o la te ŋu va wɔ ɖeka hezu amegbetɔ? Be míawɔ nu sia si gɔme sese sesẽ ƒe kpɔɖeŋu la, bu NASA yamenutomeyimɔ̃, si nye mɔ̃ si wotsɔ nu vovovowo ƒo ƒu wɔe, si nye mɔ̃ nyadritɔ kekeake siwo amegbetɔwo wɔ kpɔ dometɔ ɖeka la ŋu kpɔ. Mɔ̃ɖaŋunu deŋgɔ sia ƒe akpa vovovoawo de 2,500,000 sɔŋ. Mɔ̃ɖaŋuŋutinunyalagãwo ƒe ƒuƒoƒo geɖewoe gbã ta le mɔ̃ sia ŋu hena ƒe geɖe hafi te ŋu wɔe. Azɔ bu míaƒe ametia ŋu kpɔ. Atɔm biliɔn teƒe biliɔn teƒe biliɔn ƒe teƒe adre, nugbagbevi miliɔn teƒe miliɔn ƒe teƒe 100, ŋutinu suesuesue blananewo, kple ŋutinu gãgã asieke ya teti ye ƒo ƒu wɔ ameti bliboa. * Alekee amegbetɔ, si nye nu gbagbe si wɔ nuku alea gbegbe la wɔ va dzɔ? Ðe wòdzɔ le eɖokui si loo alo aɖaŋudzela nyanu aɖee wɔea?

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nu kae na amegbetɔwo nɔa agbe? Afi kae agbe dzɔ tso? Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ŋutɔ ʋu eme be yewomenyae o. Le nyateƒe me la, womete ŋu ɖea nu si agbe nye la gɔme wòdea edeƒe o. Gake le ame siwo lɔ̃ ɖe edzi be Wɔla aɖe li gome ya la, nya sia ƒe ŋuɖoɖo dze ƒãa. Mawue nye agbea ƒe Dzɔtsoƒe. *

Ke nya si wogblɔ le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me be woɖe Adam ƒe agbaƒuti ɖeka tsɔ wɔ Xawa ya ɖe? (1 Mose 2:21-23) Hafi nàƒo nya ta be gli alo nyakpakpa aɖe koe wònye la, de ŋugble tso nyateƒenya si gbɔna la ŋu kpɔ: Le January ƒe 2008 me la, dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo le California, U.S.A. la te ŋu trɔ asi le amegbetɔ ƒe ŋutigbalẽmenugbagbevi aɖewo ŋu wòzu fugboe si ate ŋu ava zu amegbetɔ. To mɔnu sia ke dzi la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo te ŋu trɔ asi le lã ƒomevi vovovo 20 aɖewo ya teti ƒe nugbagbevi aɖewo ŋu wozu lã gbagbewo. Wo dometɔ si ɖedzesi wue nye alẽ si wotsɔ ŋkɔ na be Dolly, si wozã alẽnɔ ƒe no me nugbagbevi aɖe tsɔ wɔ le ƒe 1996 me. *

Míenya nu si ava do tso asitɔtrɔ le nugbagbeviwo ŋu alea me haɖe o. Gake nya lae nye be, ne amegbetɔ te ŋu trɔa asi le nugbagbeviwo ŋu wozua nu gbagbe la, ɖe Wɔla ŋusẽkatãtɔ la mate ŋu azã amegbetɔ ƒe ŋutinu aɖe atsɔ awɔ ame bubui oa? Eɖe dzesi ŋutɔ be amekolawo zãa agbaƒuti zi geɖe tsɔ wɔa dɔ na dɔnɔwo le esi ƒu siawo te ŋu ɖɔa wo ɖokui ɖo alo nyena trena le wo ɖokui si ta.

Kpeɖodzi Siwo Le Biblia Ŋutɔ Me

Ewɔa nuku na ame geɖe be woƒo nu tso Adam kple Xawa ŋu enuenu le Biblia bliboa me. Numekɔkɔ kae nya mawo na ku ɖe kpeɖodzi si le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me nuŋlɔɖiawo ƒe nyateƒenyenye ŋu la ŋu?

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso Yudatɔwo ƒe dzidzimenuŋlɔɖi siwo le Biblia gbalẽ si nye Kronika Gbãtɔ ta 1 va se ɖe ta 9, kple Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽa ƒe ta 3 lia me la ŋu kpɔ. Dzidzimenuŋlɔɖi ɖedzesi siawo ƒe gbãtɔ ku ɖe dzidzime 48 ŋu, eye evelia ku ɖe dzidzime 75 ŋu. Luka yɔ dzidzime siwo ana míade dzesi ƒome si me Yesu Kristo dzɔ tso, eye Kronika ƒe agbalẽa hã ƒo nu tso Israel viwo ƒe fiaƒomewo kple nunɔlawo ƒe ƒomewo ƒe dzidzimenuŋlɔɖiwo ŋuti. Ame xɔŋkɔ siwo nye Salomo, David, Yakob, Isak, Abraham, Noa, kple Adam ƒe ŋkɔwo dze le dzidzimenuŋlɔɖi evea siaa me. Ame ŋutɔŋutɔ siwo nɔ anyi kpɔ la ƒe ŋkɔwoe dze le nuŋlɔɖi evea siaa me, eye Adam ye nye ame ŋutɔŋutɔ siawo dometɔ gbãtɔ si dzi woxlẽ dzidzime siawo tso.

Hekpe ɖe eŋu la, Biblia ƒo nu tso Adam kple Xawa ŋu enuenu be wonye ame ŋutɔŋutɔ, ke menye abe glimeme aɖewo ko ene o. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esi:

• “[Mawu wɔ] amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ame ɖeka me.”—DƆWƆWƆWO 17:26.

• “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale . . . ku ɖu fia tso Adam dzi va se ɖe Mose dzi.”—ROMATƆWO 5:12, 14.

• “Ame gbãtɔ, Adam, zu luʋɔ gbagbe.”—1 KORINTOTƆWO 15:45.

• “Adam ye wowɔ gbã, emegbe hafi wowɔ Xawa.”—1 TIMOTEO 2:13.

• “Henox, ame si nye adrelia tso Adam dzi, gblɔ nya ɖi tso [ame vɔ̃ɖiwo] ŋu.”—YUDA 14.

Ƒo wo katã ta la, Yesu Kristo, si dzi amewo ka ɖo wu le bibliamemewo katã dome la lɔ̃ ɖe edzi be Adam kple Xawa nye ame ŋutɔŋutɔ siwo nɔ anyi kpɔ. Esi wobia nya Yesu tso srɔ̃gbegbe ŋu la, eɖo eŋu be: “Tso nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la, ‘atsu kple asi [Mawu wɔ] woe. Le esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye woa kple eve la woazu ŋutilã ɖeka’ . . . Eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.” (Marko 10:6-9) Ðe Yesu azã glitoto me nya atsɔ ade se vevi sia si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋua? Gbeɖe! Yesu yɔ nya tso Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me tsɔ ɖo kpe emenyawo ƒe nyateƒenyenye dzi.

Esi The New Bible Dictionary nɔ nu ƒom tso Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi siwo li ŋu la, eƒo nya ta be: “Nubabla Yeye la ɖo kpe nuŋlɔɖi siwo le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe ta gbãtɔawo me la ƒe nyateƒenyenye dzi.”

Nu Si Ebubu Be Womenye Ame Ŋutɔŋutɔ O Afia

Sɔlemedela dovevienu geɖewo bui be Adam kple Xawa ƒe ŋutinyaa dzi xɔxɔ se mele vevie hafi ame nanye Kristotɔ vavã o. Esia ate ŋu adze nyateƒenyae na amewo. Gake na míadzro nukpɔsusu sia me akpɔe ɖa be afi kae wòada mí ɖo hã.

Le kpɔɖeŋu me, bu Biblia me nufiafia vevi si ku ɖe tafe la ŋu, si gbɔ sɔlemedela geɖe melɔ̃a nu le o ŋu kpɔ. Le nufiafia sia ƒe nya nu la, Yesu Kristo tsɔ eƒe amegbetɔ deblibo ƒe agbe na tafee hena amewo ɖeɖe tso nu vɔ̃ me. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16) Abe ale si míenyae ene la, tafe nye fe si sɔ kple awɔbanu alo nane si bu ƒe asixɔxɔ la xexe ɖe nua ta bene woagbugbɔ nua axɔ. Susu ma tae Biblia gblɔ be Yesu nye “tafe si sɔ” ɖo. (1 Timoteo 2:6) Míate ŋu abia be tafe si sɔ ɖe nu ka nu? Biblia ɖo eŋu be: “Ale si ko amewo katã le kukum le Adam me la, nenema kee woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo la me.” (1 Korintotɔwo 15:22) Agbe deblibo si Yesu tsɔ savɔ la sɔ kple agbe deblibo si Adam bu esi wòwɔ nu vɔ̃ le Edem bɔa me. (Romatɔwo 5:12) Eme kɔ ƒãa be ne nyateƒee wònye be Adam menɔ anyi kpɔ o la, ke gɔmesese aɖeke manɔ Kristo ƒe tafevɔsaa ŋu o.

Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me nya siwo ku ɖe Adam kple Xawa ŋu la bubu ŋutinya dzro aɖe ko afia kɔtɛ be Biblia me nufiafia veviwo katã kloe menye nyateƒe o! * Ebubu nenema ana míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia gbogbo aɖewo o, eye míaƒe Mawu dzi xɔxɔ se azu dzodzro.—Hebritɔwo 11:1.

Ðe Gɔmesese Aɖe Le Agbea Ŋua?

Azɔ míeva ɖo biabia vevi sia gbɔ be: Ðe ebubu be Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me nyaawo menye nyateƒe o ana amegbetɔwo nake ɖe gɔmesese kple tameɖoɖo si le agbea ŋu la ŋua? Le Richard Dawkins, si nye nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti nufiala kple mawudzimaxɔsela xɔŋkɔ aɖe, ƒe nya nu la, “menye ɖe wowɔ xexe gbahoo la o, eye tameɖoɖo aɖeke mele eŋu o, nyui kple vɔ̃ ƒe nya aɖeke mele eme o, naneke mefiaa mɔe o, ɖeko wòli mlimoo ko.” Nukpɔsusu ɖedzileameƒo si tsi tsitre ɖe ale si amegbetɔ sena le eɖokui me le dzɔdzɔme nu ŋu kae nye esi!

To vovo na esia la, Biblia na ŋuɖoɖo fakɔnamewo mí ku ɖe agbemebiabia veviwo ŋu, abe esiwo gbɔna ene: Alekee míewɔ va dzɔ? Tameɖoɖo kae le agbea ŋu? Nu ka tae vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe bɔ ɖe xexea me alea gbegbe ɖo? Ðe vɔ̃ɖinyenye nu ava yi gbe aɖe gbea? Kple bubuwo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Kristo ƒe tafevɔsa la dzi xɔxɔ se na agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso me, abe ale si wònɔ le Eden bɔ si me Mawu da atsu kple asi gbãtɔa, Adam kple Xawa, ɖo la me ene, ƒe mɔkpɔkpɔ va su mía si. (Psalmo 37:29; Nyaɖeɖefia 21:3-5) Mɔkpɔkpɔ wɔnuku ka gbegbee nye esi! *

Togbɔ be ɖewohĩ Adam kple Xawa ŋuti nuŋlɔɖia mewɔ ɖeka kple amedzɔtsolãme ƒe nufiafia la o hã la, esɔ ɖe nyateƒenya siwo dzɔdzɔmeŋutinya ɖe ɖe go la nu. Gawu la, ewɔ ɖeka kple Mawu ƒe Nya, Biblia la, si wòto eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi na woŋlɔ la me nya bubu siwo na míenya tameɖoɖo kple gɔmesese si tututu le agbea ŋu la bliboe.

Eya ta ɖe manyo be wò ŋutɔ nàdzro Biblia la me hena numekɔkɔ geɖe wu oa? Yehowa Ðasefowo le klalo be yewoakpe ɖe ŋuwò.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 7 Biliɔn teƒe biliɔn teƒe biliɔn ƒe teƒe adre ye nye 7,000,000,000,000,000,000,000,000,000, eye miliɔn teƒe miliɔn ƒe teƒe 100 ye nye 100,000,000,000,000.

^ mm. 8 Kpɔ agbalẽ siwo nye Is There a Creator Who Cares About You? (Y a-​t-​il un Créateur qui se soucie de vous ?) kple Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? (La vie : comment est-​elle apparue ? Évolution ou création ?) siwo Yehowa Ðasefowo ta la hena numeɖeɖe bubuwo.

^ mm. 9 Gake esia mefia be dzɔdzɔmeŋutinunyala siawo trɔa asi le nane si me agbe mele o ŋu wòva zua nu gbagbe o. Ke boŋ nugbagbevi siwo me agbe le xoxo la ko ŋue wotrɔa asi le.

^ mm. 25 Nufiafia vevi mawo dometɔ aɖewoe nye esiwo ku ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye, amegbetɔwo ƒe fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi, nyui kple vɔ̃, tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe, nɔnɔme si me ame kukuwo le, srɔ̃ɖeɖe, Mesia si ŋugbe wodo, paradisonyigba, Mawu Fiaɖuƒea, kple bubuawo ŋu.

^ mm. 28 Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe ta 3 lia, si nye “Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba La?,” kple ta 5 lia si nye “Tafe La—Mawu ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake,” hena numeɖeɖe bubuwo.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

Eme kɔ ƒãa be ne nyateƒee wònye be Adam menɔ anyi kpɔ o la, ke gɔmesese aɖeke manɔ Kristo ƒe tafevɔsaa ŋu o

[Pictures on page 12, 13]

Wɔla aɖee trɔ asi le míaƒe ameti bliboa ŋu aɖaŋutɔe, abe ale si ko amewo hã trɔ asi le yamenutomeyimɔ̃ ŋui ene

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Yesu lɔ̃ ɖe edzi be Adam kple Xawa nye ame ŋutɔŋutɔ siwo nɔ anyi kpɔ