Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Wodze Agɔ Le Dziwò

Ne Wodze Agɔ Le Dziwò

Ne Wodze Agɔ Le Dziwò

AMEWO gblɔna zi geɖe be wɔɖenuiwɔwɔ vivina ŋutɔ. Nu si tae nye be, ele dzɔdzɔme nu be míado dziku ne ame aɖe dze agɔ le mía dzi alo wɔ nuvevi mí. Ale si míesena le mía ɖokui me ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu la wɔnɛ be míedina be míaŋe aɖaba aƒu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ dzi o. Gake biabia lae nye be, alekee wòle be míawɔ nu le go sia me?

Wowɔa nu madzɔmadzɔ ɖe ame ŋu le mɔ vovovo nu; tso tomeƒoƒo na ame, asitutu ame, alo amedada ɖe anyi dzi yi ɖe amedzudzu, nuveviwɔwɔ ame, adzodada ame, kple bubuwo dzi. Alekee nèsena le ɖokuiwò me ne wowɔ nu siawo tɔgbi ɖe ŋuwò? Ale si ame geɖe sena le wo ɖokui mee nye, ‘Nyematsɔe akee kpɔ gbeɖe o!’

Le United States la, sekɛndrisukuvi geɖewo kpa nya aɖewo tsɔ tso nufiala siwo he to na wo la nu madzemadzee kple susu be yewoaɖo eteƒe na wo. Nufialawo Ƒe Habɔbɔ si le New Orleans ƒe tatɔ Brenda Mitchell, gblɔ be: “Nu si dzɔna zi geɖee nye be ne wonya tsɔ nya ɖe nufialaawo ŋu ko la, egblẽa ŋkɔ na wo.” Ne wova nya be nutsotsoa mele eme o hã la, egblẽ nu le wo ŋu xoxo.

Le dɔwɔƒe geɖewo la, dɔwɔla siwo wonyãna le dɔme la dometɔ geɖewo tena kpɔ be yewoaɖo eteƒe na dɔtɔwo to dɔwɔƒea ƒe kɔmpiuta dzi nyatakaka veviwo dome gbegblẽ me. Wo dometɔ aɖewo hã fina dɔwɔƒea ƒe nyatakaka vevi ɣaɣlawo heʋua go wo alo dzraa wo na ame bubuwo. The New York Times ƒe nyatakakawo ɖee fia be, tsɔ kpe ɖe kɔmpiutadzinyatakaka veviwo fifi ŋu la, “dɔwɔla siawo kpɔtɔ yia edzi fia dɔwɔƒewo ƒe nunɔamesi bubuwo tsɔ wɔa wɔɖenui.” Be woaxe mɔ na dɔwɔla siwo wonyã le dɔme ƒe nugbegblẽ alea la, dɔwɔƒe geɖewo naa kpovitɔwo kplɔa wo yia woƒe dɔwɔkplɔ̃wo gbɔ be woanɔ eteƒe hafi woafɔ woƒe nuwo le dɔa me ahakpɔ egbɔ be wodo go le dɔwɔƒea naneke magblẽmagblẽ alo naneke matsɔmatsɔe.

Gake wɔɖenuiwɔwɔ si bɔ wue nye esi yia edzi le ame siwo dome le kplikplikpli wu—xɔlɔ̃wo, hatiwo, kple ƒometɔwo—dome. Nya ɖudzinamewo gbɔgblɔ na ame alo nuwɔwɔ ɖe ame ŋu ameŋumabumabutɔe ƒe vevesese ate ŋu ana ame nawɔ wɔɖenui. Ne xɔ̃wò aɖe ƒo nu na wò gbedaɖeamegbɔtɔe la, ɖe wò hã èɖoa eŋu nɛ le mɔ ma ke nua? Ne ƒomea me tɔ aɖe do dziku na wò le mɔ aɖe nu la, ɖe nèɖoa tame be yeaɖo eteƒe nɛa? Eganɔa bɔbɔe ŋutɔ be míawɔ nu alea ne ame si dze agɔa le mía dzi la nye ame si te ɖe mía ŋu.

Wɔɖenuiwɔwɔ Me Tsonu Vɔ̃wo

Zi geɖe la, amewo wɔa wɔɖenui be yewoatsɔ aɖe vevesese si wodo na yewo la dzi kpɔtɔ. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ na mí be, esi Hebritɔ blemafofo Yakob viŋutsuwo se be Kanaantɔ Sixem dɔ yewo nɔvinyɔnu Dina gbɔ sesẽe la, “[wobi] dzi, eye wodo dɔmedzoe ŋutɔ.” (1 Mose 34:1-7) Yakob viŋutsu eve ɖo nugbe ɖe Sixem kple eƒe aƒe me tɔwo ŋu be yewoabia hlɔ̃ ɖe nu si wòwɔ ɖe wo nɔvinyɔnua ŋu ta. Simeon kple Lewi to ayemɔ aɖe dzi ge ɖe Kanaan dua me, eye wowu ŋutsu ɖe sia ɖe le afi ma, Sixem hã nɔ eme.—1 Mose 34:13-27.

Ðe ʋukɔkɔɖi mawo katã kpɔ nyaa gbɔa? Esi Yakob se nu si viaŋutsuawo wɔ ŋu nya la, enyra ɖe wo be: “Miehe dzɔgbevɔ̃e va dzinye, eye anyigbadzinɔlawo . . . woalém ɖe fu me . . . eye ne woaƒo ƒu ɖe mía ŋu la, ekema woaɖu mía dzi, eye woatsrɔ̃m kple tɔnyetɔwo katã.” (1 Mose 34:30) Edze ƒãa be hlɔ̃ si wobia la mekpɔ nyaa gbɔ o, ke boŋ ɖeko wòna be Yakob ƒe ƒomea va nɔ vɔvɔ̃m be dukɔ siwo ƒo xlã yewo la ado dziku ɖe yewo ŋu ava dze yewo dzi. Ðewohĩ esi Mawu medi be nu sia nadzɔ ɖe wo dzi o tae wòbia tso Yakob si be wòakplɔ eƒe ƒomea woaʋu dzo le nutoa me ayi Betel.—1 Mose 35:1, 5.

Nufiame vevi aɖe dze le Dina ŋuti nudzɔdzɔ sia me na mí. Ðeko wɔɖenuiwɔwɔ nana ame kemɛa hã gawɔa wɔɖenui, si wɔnɛ be wɔɖenuiwɔwɔa nɔa edzi yim ɖaa. Esia tae Germanytɔwo doa lo be: Hlɔ̃biabia metsia anyi eteƒe maɖomaɖoe o ɖo.

Wɔɖenuiwɔwɔ Ðe Ame Nɔewo Ŋu Si Nu Gbea Tsotso

Ðeko agbagbadzedze be míaɖo eteƒe na ame aɖe si wɔ nu gbegblẽ ɖe mía ŋu la godogodo gagblẽa nu le mía ŋutɔ ŋu. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Dɔmedzoedodo agblẽ nu le ŋuwò vevie. Ðeko nu si wowɔ ɖe ŋuwò va yi ŋu bubu fũu akpa gblẽa ɣeyiɣi na ame hegbãa lãme na ame, eye wòana nàlé fu ame si dze agɔ ɖe dziwò la ɖikaa ahanɔ mɔnu dim be yeawɔ wɔɖenui.” (Forgiveness—How to Make Peace With Your Past and Get On With Your Life) Biblia gblɔe wòsɔ nyuie be, “ŋuʋaʋã enye ŋuɖui le ƒuwo me.”—Lododowo 14:30.

Le nyateƒe me la, ɖe ame ate ŋu akpɔ dzidzɔ ne eɖe mɔ fuléle kple seselelãme siwo gblẽa nu le ame ŋu la le fiefiẽm le eƒe dzi mea? Ŋutsu aɖe gblɔ be: “Ne èsusu be ‘wɔɖenuiwɔwɔ vivina ŋutɔ la,’ ke lé ŋku ɖe ame siwo tsɔa wɔɖenuiwɔwɔ ɖoa dɔe la ƒe mo nàkpɔ be woƒe dzi dze eme hã.”

Bu nu siwo yia edzi le xexea ƒe akpa geɖe siwo ame ƒomeviwo kple subɔsubɔhawo dome fulélewo xɔ aƒe ɖo la ŋu kpɔ. Zi geɖe la, ame ɖeka wuwu nana ame kemɛawo hã wua ame tsɔ biaa hlɔ̃, si dea dzo fuléle kple ame wuwua me hewɔnɛ be enu metsona o. Le kpɔɖeŋu me, esi ŋɔdzinuwɔla sẽŋutawo da bɔmb hewu sɔhɛ 18 aɖewo le amedzidzedze aɖe me la, nyɔnu aɖe si dzi wòte ɖo ŋutɔ la do ɣli be, “Ele be míaɖo eteƒe na wo zi gbɔ zi akpe ɖeka!” Ðeko esia wɔnɛ be ŋutasẽnuwɔnawo gadzina ɖe edzi henana ame bubu geɖewo va kpɔa gome le aʋawɔwɔa me.

“Ŋku Ðe Ŋku Teƒe”

Ame aɖewo zãa Biblia me nya aɖewo tsɔ ɖoa kpe edzi be esɔ be yewoawɔ wɔɖenui. Wogblɔna be: “Ðe Biblia megblɔ be ‘ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe’ oa?” (3 Mose 24:20) Ate ŋu adze abe ɖe “ŋku ɖe ŋku teƒe” ƒe sea de wɔɖenuiwɔwɔ dzi ene. Gake le nyateƒe me la, ɖe wòxea mɔ ɖe wɔɖenuiwɔwɔ susumanɔmetɔe nu boŋ. Le mɔ ka nu?

Ne Israel vi aɖe wɔ nuvevi nɔvia aɖe si na nɔvia ƒe ŋku gbã la, Sea bia be woagbã ŋku na eya hã. Ke hã, womeɖe mɔ na ame si wowɔ nuvevii la loo alo eƒe ƒometɔ aɖeke be wòabia hlɔ̃ ame si wɔ nuvevii la o. Sea bia be wòatsɔ nya la ayi ʋɔnudrɔ̃lawo gbɔ bene woakpɔ nyaa gbɔ ale si dze. Nyanya be woahe to na ame ɖe eɖoɖo koŋ ado hlɔ̃ alo awɔ nuvevi ame ta la xea mɔ ɖe wɔɖenuiwɔwɔ nu. Gake menye nya la katãe nye ema o.

Do ŋgɔ hafi Yehowa Mawu nade ŋku ɖe ŋku teƒe ƒe sea la, egblɔ na Israel dukɔa to Mose dzi be: “Mègalé nɔviwò ɖe dɔ me o. . . . Mègawɔ wɔɖenui o, eye megalé dɔmedzoe . . . ɖi o.” (3 Mose 19:17, 18) Nyateƒee, ele be gɔmesese si anɔ ame si ku ɖe “ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe” ƒe sea ŋu nawɔ ɖeka kple Mose ƒe Sea me nya susɔeawo katã, siwo Yesu tsɔ ƒo ƒu gblɔ le sedede eve me be: “Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo,” eye “nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mateo 22:37-40) Ke alekee wòle be Kristotɔ vavãwo nawɔ nui ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe wo ŋu?

Ti Ŋutifafa Yome

Biblia gblɔ be Yehowa nye “ŋutifafa ƒe Mawu,” eye wòxlɔ̃ nu esubɔlawo be ‘woadi ŋutifafa, eye woati eyome.’ (Hebritɔwo 13:20; 1 Petro 3:11) Gake nyateƒee wònye be ewɔwɔ alea ɖea via?

Le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi la, woɖe ta ɖe eŋu, woƒoe, eye eƒe futɔwo ti eyome, eƒe zɔhɛ kplikplikpli aɖe dee asi, eye eya ŋutɔ yomedzelawo gɔ̃ hã va gblẽe ɖi. (Mateo 26:48-50; 27:27-31) Aleke wòwɔ nui? Apostolo Petro ŋlɔ be: “Esi wonɔ edzum la, medzu ame ɖe eteƒe o. Esi wònɔ fu kpem la, medo ŋɔdzi na ame o, ke boŋ eyi edzi tsɔ eɖokui de asi na ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la.”—1 Petro 2:23.

Petro gblɔ be: “Kristo ŋutɔ kura gɔ̃ hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze yeƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.” (1 Petro 2:21) Nyateƒee, wode dzi ƒo na Kristotɔwo be woasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu, ale si wòwɔ nui le fukpekpe kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖe eŋu me hã le eme. Le go sia me la, Yesu ŋutɔ gblɔ le eƒe Todzimawunya la me be: “Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mianɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta; bene miaɖee afia be mienye mia Fofo si le dziƒowo la ƒe viwo.”—Mateo 5:44, 45.

Alekee ame siwo srɔ̃a Kristo ƒe lɔlɔ̃ la wɔa nu ɖe nu madzɔmadzɔ si wowɔ ɖe wo ŋu loo alo agɔ si wobu be wodze le yewo dzi la ŋu? Lododowo 19:11 gblɔ be: ‘Ame si gbɔa dzi blewu la, nunyalae, eye bubu wònye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.’ Wowɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Mègaɖe mɔ nu vɔ̃ɖi naɖu dziwò o, ke boŋ yi edzi nàtsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum.” (Romatɔwo 12:21) Aleke gbegbee esia to vovo tso hlɔ̃biabia ƒe nɔnɔme si xɔ aƒe ɖe xexea me egbea la gbɔe nye esi! Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ vavãtɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖu wɔɖenuiwɔwɔ ƒe seselelãmewo dzi ahato esia me ‘aɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu,’ elabena lɔlɔ̃ “meŋlɔa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o.”—1 Korintotɔwo 13:5.

Ðe esia le fiafiam be ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu alo wɔ nuvevi mí le mɔ aɖe nu la, míazi kpi kpoo nya aɖeke magblɔmagblɔea? Ao! Esi Paulo gblɔ be, “Yi edzi nàtsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum” la, menye ɖe wòle gbɔgblɔm be Kristotɔwo naɖe asi le wo ɖokui ŋu woawɔ nu sia nu ɖe wo ŋu o. Ðe eteƒe la, gome le mía si be míaʋli mía ɖokuiwo ta ne wodze mía dzi. Ne wowɔ nuvevi wò alo gblẽ wò nunɔamesi aɖe la, àte ŋu atiae be yeayɔ kpovitɔwo. Ne dɔwɔƒe alo sukue wowɔ nu sia ɖe ŋuwò le la, àte ŋu agblɔe na ŋusẽtɔ siwo le afi ma la be woakpɔ nya la gbɔ.—Romatɔwo 13:3, 4.

Ke hã, anyo be wòanɔ susu me na mí be womate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na mí godoo le xexe sia me o. Le nyateƒe me la, ame geɖewo di nu sia le woƒe agbemeŋkekewo katã me, gake vevesese kple nuxaxa sɔŋ ko wòva zu na wo le esi womete ŋu ke ɖe eŋu o ta.

Naneke madzɔ dzi na Satana wu be wòakpɔe be amewo dome ma le hlɔ̃biabia kple fuléle ta o. (1 Yohanes 3:7, 8) Gake enyo sãa wu be Biblia me nya siawo nanɔ susu me na mí be: “Lɔlɔ̃tɔwo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ; elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, maɖo eteƒe, Yehowa ye gblɔe.’” (Romatɔwo 12:19) Ne míegblẽa nyawo ɖe Yehowa si me la, enana míevona tso vevesese, dzikudodo, kple anyrawɔwɔ me.—Lododowo 3:3-6.

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

“Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo,” eye “nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene”

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Lɔlɔ̃ “meŋlɔa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o.”—1 Korintotɔwo 13:5