Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukunu Si Dzɔ Le Pentekoste Ŋkekea Dzi!

Nukunu Si Dzɔ Le Pentekoste Ŋkekea Dzi!

Na Sɔhɛwo

Nukunu Si Dzɔ Le Pentekoste Ŋkekea Dzi!

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.

DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ DƆWƆWƆWO 2:1-21, 38-41.

Nu kae va susu me na wò esi nèxlẽ nu tso nu si ɖi abe “ya sesẽ aɖe” ene kple “aɖe siwo le abe dzo ƒe aɖewo ene” la ŋu?

․․․․․

Nya kawoe nèsusu be amewo anɔ gbɔgblɔm esi wosee nusrɔ̃lawo nɔ dutagbewo dom wòwɔ nuku na wo?

․․․․․

Ne èbu eŋu kpɔ la, alekee nèsusu be ame siwo ŋu woƒo nu tso le kpukpui 13 lia me be womexɔ nudzɔdzɔa dzi se o la aɖo moe?

․․․․․

WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆE.

Azã ka tɔgbie Pentekoste nye, eye seselelãme kae nèsusu be ayɔ ameha si ƒo ƒu ɖe Yerusalem hena eɖuɖu la me fũu? (5 Mose 16:10-12)

․․․․․

Alekee Petro de bubu ame siwo wònɔ nu ƒom na la ŋui, eye aleke wòwɔ nyɔ woƒe ɖetsɔleme? (Dɔwɔwɔwo 2:29)

․․․․․

Aleke dzideƒo si Petro ɖe fia le Pentekoste Ŋkekea dzi la to vovo sãa tso ale si wòwɔ nu le nunɔlagã la ƒe xɔxɔnu ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ la gbɔe? (Mateo 26:69-75)

․․․․․

TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI . . .

Ele be míanyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme ahaƒo nu na wo bubutɔe ne míele Biblia me nyateƒenyawo gblɔm na wo.

․․․․․

Àte ŋu aɖe gbeƒã tso Yehowa ŋu dzinɔameƒotɔe togbɔ be ànɔ ŋukpem alo ànɔ vɔvɔ̃m fifia gɔ̃ hã.

․․․․․

NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE? ․․․․․

Kpɔ September 15, 1996, ƒe Gbetakpɔxɔ axa 8-9, hena numekuku geɖe wɔwɔ.