Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Kristo Ƒe Tamesusu Ƒe Nɔnɔme Nanɔ Asiwò

Na Kristo Ƒe Tamesusu Ƒe Nɔnɔme Nanɔ Asiwò

Na Kristo Ƒe Tamesusu Ƒe Nɔnɔme Nanɔ Asiwò

“Tamesusu ƒe nɔnɔme si tututu nɔ Kristo Yesu si la nanɔ miawo hã mia si le mia nɔewo dome.”—ROM. 15:5.

1. Nu ka tae wòle be míadi be Kristo ƒe tamesusu ƒe nɔnɔme nanɔ mía si?

YESU KRISTO gblɔ be: “Miva gbɔnye. . . . Eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena ame fafa menye, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo.” (Mat. 11:28, 29) Yesu ƒe amekpekpe lɔlɔ̃tɔe sia ɖe eƒe tamesusu ƒe nɔnɔme si me lɔlɔ̃ le la fia mí nyuie. Amegbetɔ aɖeke megali si ate ŋu aɖo kpɔɖeŋu si nyo wu ema ɖi na mí be míasrɔ̃ o. Togbɔ be Yesu nye Mawu ƒe Vi ŋusẽtɔ hã la, eɖe veveseɖeamenu kple lɔlɔ̃ fia, vevietɔ eɖee fia ame siwo nɔ fu kpem la.

2. Yesu ƒe tamesusu ƒe nɔnɔme ƒe akpa kawo ŋue míalé ŋku ɖo?

2 Le nyati sia kple eve siwo kplɔe ɖo me la, míadzro ale si míatu tamesusu ƒe nɔnɔme si tututu nɔ Yesu si la ɖo ahalé eme ɖe asi kple ale si míawɔ aɖe “Kristo ƒe tamesusu” afia le míaƒe agbenɔnɔ me la me. (1 Kor. 2:16) Míalé ŋku ɖe Yesu ƒe tamesusu ƒe nɔnɔme ƒe akpa atɔ̃ aɖewo ŋu: eƒe tufafa kple ɖokuibɔbɔ, eƒe dɔmenyonyo, eƒe toɖoɖo Mawu, eƒe dzinɔameƒo, kple eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o.

Srɔ̃ Kristo Ƒe Tufafa

3. (a) Ðokuibɔbɔ ƒe nufiame siwo Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka ɖe? (b) Aleke Yesu wɔ nui esi gbɔdzɔgbɔdzɔ dze le eƒe nusrɔ̃lawo ƒe nuwɔna aɖe me?

3 Yesu, si nye Mawu ƒe Vi deblibo la, lɔ̃ faa va anyigba dzi be yeasubɔ le amegbetɔ madeblibo nuvɔ̃mewo dome. Togbɔ be Yesu nyae be ame mawo dometɔ aɖewoe ava wu ye emegbe hã la, eyi edzi nɔ dzidzɔ kpɔm, eye wònɔ eɖokui dzi ɖum. (1 Pet. 2:21-23) ‘Ŋkuléle ɖe’ Yesu ƒe kpɔɖeŋu ŋu “tututu” ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu míawɔ nu nenema ke ne ame bubuwo ƒe vodadawo kple blibomademadewo le nu gblẽm le mía ŋu. (Heb. 12:2) Yesu kpe eƒe nusrɔ̃lawo be woava nɔ yeƒe kɔkutia te ahato esia dzi asrɔ̃ nu tso ye gbɔ. (Mat. 11:29) Nu kawoe woate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ? Ðekae nye be Yesu fa tu, eye wògbɔ dzi ɖi na eƒe nusrɔ̃lawo togbɔ be wonɔa vodadawo wɔm hã. Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, eklɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo, eye wòto ema dzi na nufiame aɖe wo ku ɖe ‘ɖokuibɔbɔ ɖe anyi le dzi me’ ŋu si womaŋlɔ be kpɔ gbeɖe o. (Mixlẽ Yohanes 13:14-17.) Emegbe esi Petro, Yakobo, kple Yohanes mete ŋu ‘nɔ ŋudzɔ’ o la, Yesu se woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔa gɔme na wo veveseɖeamenutɔe. Yesu bia be: “Simon, alɔ̃ dɔm nèlea? . . . Minɔ ŋudzɔ, eye minɔ gbedodoɖa dzi, be miagadze tetekpɔ me o. Nyateƒee, gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilãa ya gbɔdzɔ.”—Mar. 14:32-38.

4, 5. Ne gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dze le nɔvi aɖe ƒe nuwɔna me la, aleke Yesu ƒe kpɔɖeŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le nuwɔwɔ ɖe eŋu me?

4 Aleke míewɔa nui ne míaƒe haxɔsetɔ aɖe ɖea hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ fiana, doa dziku kabakaba, alo melɔ̃na wɔna ɖe hamemetsitsiwo alo “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi kaba o? (Mat. 24:45-47) Ne ame siwo le Satana ƒe xexea me da vo ɖe mía ŋu la, ɖewohĩ maɖe fu na mí boo o, gake ne mía nɔviwoe da voa ɖe mía ŋu la, ate ŋu asesẽ be míatsɔe ake wo. Ne ame bubuwo ƒe vodadawo doa dziku na mí kabakaba la, ehiã be míabia mía ɖokuiwo be, ‘Aleke mate ŋu aɖe “Kristo ƒe tamesusu ƒe nɔnɔme” afia nyuie wu?’ Dze agbagba nàna wòanɔ susu me na wò be Yesu medo dziku ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu o, le ɣeyiɣi siwo me gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo dze le woƒe nuwɔna aɖewo me gɔ̃ hã.

5 Bu nu si dzɔ ɖe apostolo Petro dzi la ŋu kpɔ. Esi Yesu gblɔ na Petro be wòaɖi le tɔdziʋua me ahazɔ tsia dzi ava do go ye la, le nyateƒe me la, Petro zɔ tsia dzi ɣeyiɣi kpui aɖe. Gake esi Petro kpɔ ale si ya nɔ ƒoƒom sesĩe la, ete toyiyi. Ðe esia na dzi ku Yesu wògblɔ nɛ be: “Efia wò! Etsɔ àsrɔ̃ nu tso emea”? Kura o! “Enumake esi Yesu do asi ɖa la, elée, eye wògblɔ nɛ be: ‘Wò xɔse ʋɛ tɔ, nu ka tae nèke ɖi?’” (Mat. 14:28-31) Ne nɔvi aɖe wɔ nane eye wòdze abe meɖe xɔse fia tututu o ene la, ɖe míawo hã míate ŋu ado asi ɖa le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu ahakpe ɖe eŋu be xɔse geɖe wu nasu esia? Kakaɖedzitɔe la, esiae nye nufiame aɖe si dze ƒãa le ale si Yesu wɔ nu ɖe Petro ŋu tufafatɔe la me.

6. Nu kae Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo ku ɖe ɖoƒe gã didi ŋu?

6 Petro kpɔ gome le nyaʋiʋli si nɔ edzi yim le apostoloawo dome ku ɖe wo dometɔ si nye gãtɔ ŋu la hã me. Yakobo kple Yohanes di be yewo dometɔ ɖeka nabɔbɔ anɔ anyi ɖe Yesu ƒe ɖusime, eye ɖeka ɖe eƒe miame, le eƒe Fiaɖuƒea me. Esi Petro kple apostolo mamlɛawo se nu tso nya sia ŋu la, wodo dziku. Yesu nyae be ate ŋu anye be ame siwo dome wonɔ tsi la gbɔe wosrɔ̃ nɔnɔme sia tsoe. Eya ta eyɔ wo va eɖokui gbɔ hegblɔ na wo be: “Mienyae be dukɔwo ƒe dziɖulawo ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi. Menye nenemae wòle le mia dome o; ke boŋ ele be ame sia ame si di be yeanye gãtɔ le mia dome la nanye miaƒe subɔla, eye ele be ame sia ame si di be yeanye gbãtɔ le mia dome la nanye miaƒe kluvi.” Eyome Yesu he woƒe susu yi eya ŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu dzi hegblɔ be: “Amegbetɔvi la va, menye be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ, eye yeatsɔ yeƒe luʋɔ ana wòanye tafe ɖe ame geɖewo ta.”—Mat. 20:20-28.

7. Nu kae mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ bene ɖekawɔwɔ nanɔ hamea me?

7 Ŋugbledede le Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ‘míawɔ mía ɖokuiwo ame suewo’ le mía nɔviwo dome. (Luka 9:46-48) Esia wɔwɔ naa ɖekawɔwɔ nɔa hamea me. Abe vifofo aɖe si si ƒome gã aɖe le ene la, Yehowa di be ye viwo “nanɔ afi ɖeka le ɖekawɔwɔ me.” (Ps. 133:1, NW) Yesu do gbe ɖa na Fofoa be, ɖekawɔwɔ nanɔ Kristotɔ vavãwo dome bene “xexea nanyae be wòe dɔm ɖa, eye be èlɔ̃ wo abe ale si nèlɔ̃m ene.” (Yoh. 17:23) Eya ta míaƒe ɖekawɔwɔ wɔnɛ be wodea dzesi mí be míenye Kristo yomedzelawo. Hafi ɖekawɔwɔ ma nanɔ anyi la, ele be míabu ame bubuwo ƒe vodadawo abe ale si Kristo bu woe ene. Yesu tsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo, eye wòfia nu be ne míetsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo ko hafi woatsɔ mía tɔwo ake mí.—Mixlẽ Mateo 6:14, 15.

8. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ame siwo tsɔ ƒe geɖe subɔ Mawu la ƒe kpɔɖeŋu me?

8 Míagate ŋu asrɔ̃ nu geɖe ne míesrɔ̃ ame siwo tsɔ ƒe geɖe srɔ̃ Kristo la ƒe xɔse. Abe ale si Yesu wɔe ene la, ame siawo hã sea nu gɔme na amewo ne blibomademade dze le woƒe nuwɔna me. Wosrɔ̃e be menye ɖeko dɔmetɔtrɔ si tɔgbi Kristo ɖe fia la ɖeɖe fia kpena ɖe mía ŋu be “míatsɔ ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo” o, ke enana hã be ɖekawɔwɔ nɔa anyi. Gakpe ɖe eŋu la, edea dzi ƒo na hamea me tɔwo katã be woaɖe Kristo ƒe tamesusu ƒe nɔnɔme la afia. Nu si apostolo Paulo di na Kristotɔ siwo nɔ Roma la kee woawo hã dina na wo nɔviwo, abe ale si wòdze le apostoloa ƒe nya siwo gbɔna la me ene be: “Mawu si naa dzidodo kple akɔfafa la nena tamesusu ƒe nɔnɔme si tututu nɔ Kristo Yesu si la nanɔ miawo hã mia si le mia nɔewo dome, bene miatsɔ tame ɖeka kple nu ɖeka ado mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu kple Fofo la ɖe dzi.” (Rom. 15:1, 5, 6) Ɛ̃, míaƒe tadedeagu le ɖekawɔwɔ me hea kafukafu vanɛ na Yehowa.

9. Nu ka tae míehiã gbɔgbɔ kɔkɔea hafi míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua?

9 Yesu ɖee fia be kadodo aɖe le ‘ɖokuibɔbɔ ɖe anyi le dzi me’ kple tufafa, si nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetse la ƒe akpa aɖe la, dome. Eya ta tsɔ kpe ɖe ŋkuléle ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋu ŋu la, míehiã Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ale be míate ŋu asrɔ̃ kpɔɖeŋu ma nyuie. Ele be míado gbe ɖa abia Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea eye míadze agbagba aɖe eƒe kutsetse si nye “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, xɔse, tufafa, [kple] ɖokuidziɖuɖu” afia. (Gal. 5:22, 23) Esi wòle alea ta la, ne míesrɔ̃a ɖokuibɔbɔ kple tufafa ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la, míaƒe nu adze Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la, ŋu.

Yesu Wɔ Nu Ðe Amewo Ŋu Dɔmenyotɔe

10. Aleke Yesu ɖe dɔmenyonyo fiae?

10 Dɔmenyonyo hã nye gbɔgbɔ ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe. Yesu wɔa nu ɖe amewo ŋu dɔmenyotɔe ɣesiaɣi. Ame siwo katã di Yesu le anukware me la va kpɔe be ‘exɔ yewo nyuie [alo dɔmenyotɔe].’ (Mixlẽ Luka 9:11.) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso dɔmenyonyo si Yesu ɖe fia la me? Dɔmenyotɔ wɔa nu ɖe ame ŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe, efaa tu, esea veve ɖe ame nu, eye wòbua ame ŋu. Ame ma tɔgbie Yesu nye. Amewo ƒe nu wɔ nublanui nɛ “elabena wowɔ fu wo, eye woka hlẽ abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o la ene.”—Mat. 9:35, 36.

11, 12. (a) Ƒo nu tso nudzɔdzɔ aɖe si me Yesu ɖe veveseɖeamenu fia le nuwɔna ŋutɔŋutɔ me ŋu. (b) Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si me míedzro fifi laa la me?

11 Yesu ɖe nublanuikpɔkpɔ kple veveseɖeamenu si nɔ esi la fia le nuwɔna ŋutɔŋutɔ me. Bu eƒe kpɔɖeŋu ɖeka aɖe ŋu kpɔ. Nyɔnu aɖe nɔ ʋusisidɔ sesẽ aɖe lém ƒe 12 sɔŋ. Enyae be yeƒe nɔnɔmea wɔe be le Mose ƒe Sea nu la, ye ŋuti mekɔ yeawɔ ɖeka kple ame bubuwo le tadedeagu me o, nenema kee wòle le ame siwo aka asi ye ŋu hã gome. (3 Mose 15:25-27) Ke hã, ame si ƒomevi Yesu nye kpakple ale si wòwɔa nu ɖe amewo ŋui la nyanya na nyɔnua ka ɖe edzi be Yesu ate ŋu ada dɔa na ye eye awɔe hã. Enɔ gbɔgblɔm na eɖokui be: “Ne meka asi eƒe awudziwuiwo teti ŋu la, mahaya.” Elé dzi ɖe ƒo, ka asi eƒe awua ŋu, eye enumake wòsee le eɖokui me be dɔlélea vɔ na ye.

12 Yesu de dzesii be ame aɖe ka asi ye ŋu, eya ta enɔ ŋku tsam be yeakpɔ ɖa be ame kae hã. Anɔ eme be esi nyɔnua nɔ vɔvɔ̃m be woaka mo na ye le esi yeda Sea dzi ta la, ete dzodzo nyanyanya heva bɔbɔ ɖe Yesu ƒe afɔ nu eye wògblɔ nyateƒe blibo la katã nɛ. Ðe Yesu ka mo na nyɔnu nublanuitɔ ma si kpe fu nenema gbegbe la? Kura o! Egblɔ nɛ akɔfanametɔe be: “Vinyenyɔnu, wò xɔse na nèhaya. Heyi le ŋutifafa me.” (Mar. 5:25-34) Aleke gbegbe Yesu ƒe nya mawo siwo me lɔlɔ̃ le la sese anya fa dzi na nyɔnuae nye esi!

13. (a) Aleke Yesu ƒe nuwɔna to vovo tso Farisitɔwo tɔ gbɔe? (b) Aleke Yesu wɔ nu ɖe ɖeviwo ŋu?

13 To vovo na Farisitɔ siwo mesea veve ɖe ame nu o la, Kristo ya mezã eƒe ŋusẽ tsɔ do agba ɖe agba dzi na amewo o. (Mat. 23:4) Ke boŋ efia Yehowa ƒe mɔwo amewo le dɔmenyonyo kple dzigbɔɖi me. Yesu nye zɔhɛ lɔ̃ame aɖe na eyomedzelawo, elɔ̃ wo henyo dɔme na wo ɣeawokatãɣi, enye xɔlɔ̃ vavã na wo. (Lod. 17:17; Yoh. 15:11-15) Ðeviwo gɔ̃ hã ƒe dzi dzea eme ne wole Yesu gbɔ, eye edze ƒãa be eya ŋutɔ hã ƒe dzi dzea eme ne wole egbɔ. Etea ŋu dzudzɔa nu si wɔm wònɔ hekpɔa vovo ɖe ɖeviwo ŋu. Gbe ɖeka la, Yesu ƒe nusrɔ̃la, siwo gakpɔtɔ nɔ wo ɖokuiwo bum gã wu ale si dze abe ale si subɔsubɔhaŋgɔnala siwo nɔ anyi ɣemaɣi la wɔna ene la, te kpɔ be yewoaxe mɔ na amewo bene woagakplɔ wo vi suewo ava Yesu gbɔ be wòaka asi wo ŋu o. Nusrɔ̃lawo ƒe nuwɔna sia medze Yesu ŋu o. Egblɔ na wo be: “Mina ɖevi sueawo nava gbɔnye; migate kpɔ be yewoaxe mɔ na wo o, elabena ame siawo ƒomevi tɔe nye Mawu fiaɖuƒe la.” Azɔ ezã ɖeviwo tsɔ fia nu vevi aɖe wo esime wògblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi be: Ame sia ame si mexɔa Mawu fiaɖuƒe la abe ale si ɖevi sue axɔe ene o la, mate ŋu age ɖe eme gbeɖe o.”—Mar. 10:13-15.

14. Aleke ɖetsɔleme vavã si woɖena fiaa ɖeviwo la ɖea vi na woe?

14 Tɔ sẽe nàbu ale si ɖevi mawo dometɔ aɖewo ava se le wo ɖokuiwo me ƒe geɖe megbe ne wova zu ŋutsuwo kple nyɔnuwo eye woɖo ŋku edzi be Yesu Kristo ‘xɔ yewo ɖe eƒe akɔnu heyra yewo’ la ŋu kpɔ. (Mar. 10:16) Nenema kee le etsɔme la, ne ɖevi siwo li egbea va trɔ kpɔ megbe la, woaɖo ŋku hamemetsitsiwo kple ame bubu siwo ɖe ɖetsɔleme vavã fia wo la dzi kple dzidzɔ. Esi gale vevie wue nye be ɖevi siwo woɖe ɖetsɔleme vavã fia le hamea me la akpɔe adze sii be Yehowa ƒe gbɔgbɔ le eƒe amewo dzi.

Nyo Dɔme Le Xexe Manyodɔme Sia Me

15. Nu ka tae mele be ale si amewo meganyoa dɔme egbea o la nawɔ nuku na mí o?

15 Egbea la, ame geɖe senɛ le wo ɖokuiwo me be vovo mele yewo ŋu be yewoanyo dɔme na amewo o. Eya ta gbe sia gbe la, enɔna na Yehowa ƒe amewo be woanɔ te ɖe xexea ƒe gbɔgbɔ la nu ne wole suku, le dɔ me, ne wole mɔ zɔm, alo le subɔsubɔdɔa wɔm. Ne amewo mewɔ nu ɖe mía ŋu dɔmenyotɔe o la, ate ŋu ave mí ya, gake mele be wòawɔ nuku na mí o. Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Paulo wòxlɔ̃ nu mí do ŋgɔ be agbenɔnɔ le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ me la ana be Kristotɔwo nava kpɔ wo ɖokuiwo le “ɖokuilɔ̃lawo” kpakple “ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o” dome.—2 Tim. 3:1-3.

16. Aleke míate ŋu akpe asi ɖe eŋu be dɔmenyonyo si tɔgbi Kristo ɖe fia la nanɔ hamea me?

16 Gake nɔnɔme si le Kristo hamea me ya to vovo kura na esi xɔ aƒe ɖe xexe manyodɔme sia me. Ne míesrɔ̃a Yesu la, mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ akpa aɖe bene dɔmenyonyo ƒe nɔnɔme sia nanɔ hamea me. Aleke míate ŋu awɔ esia? Gbã la, hamea me tɔ geɖe hiã na míaƒe kpekpeɖeŋu kple dzideƒoname elabena lãmesẽkuxiwo alo nɔnɔme sesẽ bubuwo ɖea fu na wo. Le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me la, kuxi mawo ate ŋu anɔ dzidzim ɖe edzi ya, gake menye nu yeyewoe wonye kura o. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, kuxi mawo tɔgbi ɖe fu na Kristowo. Eya ta kpekpeɖeŋunana nɔviwo hiã fifia ŋutɔ abe ale si ko wònɔ le Kristotɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi la gome ene. Le kpɔɖeŋu me, Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Miƒo nu na luʋɔ siwo lé blanui la akɔfafatɔe, mikpe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ŋu, migbɔ dzi ɖi blewu na amewo katã.” (1 Tes. 5:14) Esia bia be woaɖe dɔmenyonyo si tɔgbi Kristo ɖe fia la afia le nuwɔna ŋutɔŋutɔ me.

17, 18. Nu siwo me míate ŋu aɖe dɔmenyonyo si tɔgbi Yesu ɖe fia la afia le dometɔ aɖewo ɖe?

17 Agba le Kristotɔwo dzi be ‘woaxɔ wo nɔviwo dɔmenyotɔe,’ awɔ nu ɖe wo ŋu abe ale si Yesu awɔ nu ɖe wo ŋu ene ahaɖe ɖetsɔleme vavã afia nɔvi siwo wonya ƒe geɖee nye esia kple esiwo ɖewohĩ ɖeko wodo go wo teti koe nye ema la hã. (3 Yoh. 5-8) Abe ale si ko Yesu wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ ɖe dɔmetɔtrɔ fia amewo ene la, ele be míawo hã míawɔ nu nenema ke, ale be míana mía nɔviwo ƒe dzi nadze eme ɣeawokatãɣi.—Yes. 32:2; Mat. 11:28-30.

18 Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu aɖe dɔmenyonyo afia ne míeɖea afɔ aɖewo ŋutɔŋutɔ tsɔ ɖenɛ fiana be míetsɔ ɖe le ame bubuwo ƒe nyonyo me. Eya ta nɔ mɔnukpɔkpɔwo dim hena esia wɔwɔ. Ʋã ɖe kpekpeɖeŋunana amewo ŋu! Paulo xlɔ̃ nu mí be: “Milɔ̃ mia nɔewo vevie abe dadaviwo ene.” Eye wògagblɔ kpee be: “Ame sia ame nedi be yeade bubu ye nɔvi ŋu gbã.” (Rom. 12:10) Esia fia be míadze Kristo ƒe kpɔɖeŋu yome, anɔ nu wɔm ɖe amewo ŋu le dɔmefafa kple dɔmenyonyo me ahasrɔ̃ ale si míanɔ “lɔlɔ̃ si me alakpanuwɔwɔ mele o” la ɖem anɔ fiafiam. (2 Kor. 6:6) Paulo ɖɔ lɔlɔ̃ si tɔgbi Kristo ɖe fia la ale: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o, meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzoo o.” (1 Kor. 13:4) Le esi míanɔ mía nɔviwo lém ɖe dɔme teƒe la, anyo be míawɔ ɖe nuxlɔ̃amenya sia dzi be: “Mizu ame siwo nyoa dɔme na wo nɔewo, miaƒe dɔme netrɔ ɖe mia nɔewo ŋu vevie, eye mitsɔ nɔ mia nɔewo kem faa, abe ale si ko Mawu hã to Kristo dzi tsɔ ke mi faa ene.”—Ef. 4:32.

19. Nu nyui kawoe dona tso eme ne míeɖea dɔmenyonyo si tɔgbi Kristo ɖe fia la fiana?

19 Ne míedzea agbagba ɖea dɔmenyonyo si tɔgbi Kristo ɖe fia la fiana ɣesiaɣi le nuwo katã me la, ehea teƒeɖoɖo gbagowo vanɛ. Enaa Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wɔa dɔ le hamea me nyuie, si wɔnɛ be ame sia ame tea ŋu ɖea gbɔgbɔa ƒe kutsetse nyui la fiana. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne míedze kpɔɖeŋu si Yesu gblẽ ɖi yome eye míekpe ɖe mía nɔviwo ŋu be woawo hã woawɔ nenema la, míaƒe tadedeagu ɖekae le dzidzɔ me ana Mawu hã nakpɔ dzidzɔ. Eya ta mina míanɔ agbagba dzem ɣesiaɣi be míanɔ Yesu ƒe tufafa kple dɔmenyonyo ɖem anɔ fiafiam le míaƒe nuwɔwɔ kple amewo me.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Aleke Yesu ɖee fia be ‘yenye ame fafa, eye yebɔbɔ ye ɖokui ɖe anyi le dzi me’?

• Aleke Yesu ɖe dɔmenyonyo fiae?

• Nu siwo me míate ŋu aɖe tufafa kple dɔmenyonyo si tɔgbi Kristo ɖe fia la afia le le xexe madeblibo sia me la dometɔ aɖewo ɖe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ne nɔvi aɖe ƒe xɔse gbɔdzɔ abe ale si wòdzɔ ɖe Petro dzi ene la, ɖe míado asi ɖa akpe ɖe eŋua?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe eŋu be dɔmenyonyo naxɔ aƒe ɖe hamea me?