Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nye Toɖola Eye Dzi Nenɔ Ƒowò Abe Yesu Ene

Nye Toɖola Eye Dzi Nenɔ Ƒowò Abe Yesu Ene

Nye Toɖola Eye Dzi Nenɔ Ƒowò Abe Yesu Ene

“Milé dzi ɖe ƒo! Meɖu xexea dzi.”—YOH. 16:33.

1. Aleke gbegbe Yesu ƒe toɖoɖo Mawu de bliboe?

YESU KRISTO wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ɣeawokatãɣi. Meva susu me nɛ kpɔ gɔ̃ hã be yeagbe toɖoɖo ye Fofo si le dziƒo la o. (Yoh. 4:34; Heb. 7:26) Gake nu siwo me wòto wɔe be menɔ bɔbɔe nɛ be wòanye toɖola o. Tso Yesu ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe gɔmedzedze ke la, eƒe futɔwo, siwo dome Satana ŋutɔ hã nɔ la, dze agbagba be yewoable enu, azi edzi, alo ato ayemenuwɔwɔ dzi ana Yesu nadzudzɔ nuteƒewɔwɔ. (Mat. 4:1-11; Luka 20:20-25) Futɔ siawo na Yesu kpe fu geɖe le susu, seselelãme, kple ŋutilã me. Mlɔeba la, woklãe ɖe fuwɔameti ŋu wòku. (Mat. 26:37, 38; Luka 22:44; Yoh. 19:1, 17, 18) Le esiawo katã me la, togbɔ be Yesu kpe fu geɖe ŋutɔ hã la, eyi edzi ‘ɖo to yi ɖase keke ku me ke.’—Mixlẽ Filipitɔwo 2:8.

2, 3. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu ɖo to le fukpekpe gɔ̃ hã me la me?

2 Nu siwo me Yesu to esime wònye amegbetɔ nɔ anyigba dzi la na wòsrɔ̃ toɖoɖo le mɔ bubu nu. (Heb. 5:8) Ðewohĩ awɔ na mí be naneke megali Yesu nasrɔ̃ ku ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o. Elabena ƒomedodo kplikplikpli nɔ woa kple Yehowa dome ƒe gbogbo manyaxlẽ aɖewo eye wònye Mawu ƒe “dɔnunɔla” le nuwo wɔɣi. (Lod. 8:30) Ke hã, esi wònye amegbetɔ nɔ anyigba dzi la, ale si eya ŋutɔ do dzi le xɔse me, le fukpekpe me gɔ̃ hã, ɖe eƒe fɔmaɖimaɖi bliboe fia. Yesu, Mawu ƒe Vi la, kple Fofoa dome ƒomedodoa gasẽ ɖe edzi wu. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe nuteƒekpɔkpɔwo me?

3 Togbɔ be ame debliboe Yesu nye hã la, medze agbagba be yeayi edzi anye ame si ɖoa to bliboe le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o. Ke boŋ edo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu yeayi edzi anye toɖola. (Mixlẽ Hebritɔwo 5:7.) Hafi míate ŋu ayi edzi anye toɖolawo la, ehiã be míabɔbɔ mía ɖokuiwo ahanɔ gbe dom ɖa na Mawu edziedzi be wòakpe ɖe mía ŋu. Esia tae apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be: “Tamesusu ƒe nɔnɔme sia si nɔ Kristo Yesu me la nenɔ miawo hã mia me . . . ebɔbɔ eɖokui, eye eɖo to yi ɖase keke ku me ke.” (Fp. 2:5-8) Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ ɖee fia be anya wɔ be amegbetɔwo nanye toɖolawo le xexe vɔ̃ɖi sia me gɔ̃ hã. Nyateƒea ye nye be ame debliboe Yesu nye, ke ɖe mí amegbetɔ madeblibowo hã míate ŋu awɔ nuteƒe nenema kea?

Míate Ŋu Anye Toɖolawo Togbɔ Be Míede Blibo O Hã

4. Nu kae tiatiawɔblɔɖe si wona mí la fia?

4 Mawu wɔ Adam kple Xawa wonye nuwɔwɔ siwo si nunya kple tiatiawɔblɔɖe nɔ. Esi míenye woƒe dzidzimeviwo ta la, tiatiawɔblɔɖe le míawo hã mía si. Nu kae esia fia? Efia be míate ŋu atiae be míawɔ nyui alo vɔ̃. Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, Mawu na ablɔɖe mí be míate ŋu atiae nenye be míaɖo to ye loo alo míagbe toɖoɖo. Ablɔɖe sia gbegbe si Mawu na mí la da agba ɖe mía dzi—eyae nye be míabu akɔnta le ale si míezãnɛ ŋu. Le nyateƒe me la, nyametsotso siwo míewɔna le agbe nyui nɔnɔ gome nye ku kple agbe ƒe nya. Wokpɔa ŋusẽ ɖe ame siwo dome míele hã dzi.

5. Nu ka ƒe avu wɔmee mí katã míele, eye aleke míawɔ akpɔ dzidzedze?

5 Esi wònye be míenyi blibomademade ƒe dome ta la, toɖoɖo menɔa bɔbɔe na mí o. Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ menɔa bɔbɔe na mí ɣesiaɣi o. Avu kple kɔe wònye na Paulo hã. Eŋlɔ bena: “Mekpɔ se bubu aɖe le nye ŋutinuwo me, si le aʋa wɔm kple nye susu ƒe se, eye wòléam aboyoe yina na nu vɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me.” (Rom. 7:23) Nyateƒee, míetea ŋu ɖoa to bɔbɔe ne esia mabia be míatsɔ naneke asa vɔ, ase veve alo ato nɔnɔme madeamedzi aɖeke me o. Gake aleke míewɔa nui ne didi si le mía me be míaɖo to la tsi tsitre ɖe “ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe nudzodzro” la ŋu? Míaƒe blibomademade kple “xexea ƒe gbɔgbɔ” ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbɔe dzodzro vɔ̃ siawo tsona, eye wo nu sẽ ŋutɔ. (1 Yoh. 2:16; 1 Kor. 2:12) Hafi míate ŋu anɔ te ɖe wo nu la, ele be ‘míadzra míaƒe dziwo ɖo’ do ŋgɔ hafi nɔnɔme sesẽwo kple tetekpɔwo nava mía dzi, eye ele be míaɖoe kplikpaa be míaɖo to Yehowa nu ka kee ɖadzɔ o. (Ps. 78:8, NW) Ame siwo wɔ nuteƒe le esi wodzra woƒe dzi ɖo ta la ŋuti nuŋlɔɖiwo le Biblia me na mí.—Ezra 7:10; Dan. 1:8.

6, 7. Gblɔ ale si ɖokuisinusɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso siwo me nunya le la ƒe kpɔɖeŋu.

6 Mɔ siwo dzi míate ŋu ato adzra míaƒe dzi ɖo la dometɔ ɖekae nye be míanɔ Ŋɔŋlɔawo kple Biblia srɔ̃gbalẽwo srɔ̃m moveviɖoɖotɔe. Tsɔe be èkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme si gbɔna la me. Fiẽsi si me nèwɔa ɖokuisinusɔsrɔ̃ la ɖo. Ðeko nèdo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea bene yeate ŋu awɔ ɖe nu siwo yeasrɔ̃ tso eƒe Nyaa me la dzi koe nye ema. Èɖoe be yeakpɔ television dzi fefe aɖe le ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe fiẽ me. Èse be amewo kafu fefe ma ŋutɔ, gake ènyae be agbe gbegblẽ nɔnɔ kple ŋutasẽnuwo wɔwɔ le eme.

7 Ède ŋugble tso aɖaŋu si Paulo ɖo le Efesotɔwo 5:3 la ŋu, afi si gblɔ be: “Migana woayɔ agbe gbegblẽ nɔnɔ kple makɔmakɔnyenye ƒomevi aɖeke alo ŋukeklẽ ŋkɔ teti gɔ̃ hã le mia dome o, abe ale si ko wòdze ame kɔkɔewo ene.” Èɖo ŋku Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si le Filipitɔwo 4:8 la hã dzi. (Mixlẽe.) Esi nèle aɖaŋuɖoɖo ma si tso gbɔgbɔ me la me nyawo dam kpɔ la, èbia ɖokuiwò be, ‘Ne meɖoe koŋ ɖe mɔ television dzi fefe sia me nuwɔnawo ge ɖe nye susu kple dzi me la, ɖe manɔ toɖoɖo Mawu bliboe ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la srɔ̃ma?’ Nu kae nàwɔ? Ðe nàŋe aɖaba aƒu nu siawo katã dzi ahakpɔ television dzi wɔna sia?

8. Nu ka tae wòle be míalé agbe nyui nɔnɔ kple gbɔgbɔ me dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi?

8 Anye vodada be míagbɔdzɔ míaƒe agbe nyui nɔnɔ kple gbɔgbɔ me dzidzenuwo me. Ðewohĩ míanɔ esusum be ŋusẽ le mía ŋu míate ŋu anɔ te ɖe hadede vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siwo lɔ modzakaɖeɖe siwo me ŋutasẽnuwɔwɔwo kple agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔnawo le ɖe eme la nu. Ðe ema teƒe la, ele be míakpɔ mía ŋutɔwo kple mía viwo ta tso Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo si me. Agbledelawo kua kutri vevie be yewoakpɔ yewoƒe agblewo ta tso nu dzodzoewo, afiwo, kisiwo, kple gbe wuwluiwo si me ale be woagagblẽ nu le woƒe agblewo kple ame bubuwo tɔwo siaa ŋu o. Ne ele alea la, ke ɖe mele be míanɔ mo xexi geɖe wu ahakpɔ mía ɖokui ta tso Satana ƒe “aɖaŋu vɔ̃wo” si me geɖe wu oa?—Ef. 6:11.

9. Nu ka tae wòle be míaɖoe kplikpaa gbe sia gbe be míaɖo to Yehowa?

9 Gbe sia gbe kloe la, nuwɔwɔ wòawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe mɔwo kple nuwɔwɔ wòatsi tsitre ɖe eƒe mɔwo ŋu ƒe tiatiawɔwɔ dzea ŋgɔ mí. Be míakpɔ ɖeɖe la, ele be míaɖo to Mawu ahanɔ agbe ɖe eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawo nu. Ne míedze Kristo ƒe kpɔɖeŋu yome heɖo to “yi ɖase keke ku me” gɔ̃ hã la, míeɖenɛ fiana be xɔse vavãe le mía si. Yehowa aɖo míaƒe nuteƒewɔwɔ teƒe na mí. Yesu do ŋugbe be: “Ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.” (Mat. 24:13) Edze ƒãa be esia bia be míatu dzinɔameƒo vavã si tɔgbi Kristo ɖe fia la ɖo.—Ps. 31:25.

Yesu—Ame Si Ðo Dzinɔameƒo Ƒe Kpɔɖeŋu Gãtɔ Kekeake Ði

10. Nyaƒoɖeamenu kawoe ate ŋu adze ŋgɔ mí, eye aleke wòle be míawɔ nui?

10 Esi míele ame siwo dzi xexe sia ƒe nuwɔnawo kple agbenɔnɔ kpɔ ŋusẽ ɖo la dome ta la, ehiã be dzi nanɔ mía ƒo hafi míate ŋu atsi tsitre ɖe woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo ŋu. Kristotɔwo doa go nyaƒoɖeamenuwo le agbe nyui nɔnɔ, hadomenuwɔnawo, ganyawo, kple mawusubɔsubɔ gome siwo ate ŋu ana woatra ɖa tso Yehowa ƒe mɔ dzɔdzɔewo dzi. Wo dometɔ geɖe doa go ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu. Le dukɔ aɖewo me la, sukuwo le amedzɔtsolãme ƒe nufiafia dom ɖe ŋgɔ ŋkubiãtɔe, eye ame geɖewo va le asi dam ɖe mawudzimaxɔse dzi. Esi ŋusẽkpɔɖeamedzi siawo dze ŋgɔ mí ta la, míate ŋu ade asi ata me anɔ yame kpɔm o. Ele be míaɖe afɔ siwo hiã atsɔ atsi tsitre ɖe nu mawo ŋu ahato ema dzi akpɔ mía ɖokuiwo ta. Kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la fia ale si míate ŋu akpɔ dzidzedze le esia wɔwɔ me la mí.

11. Aleke ŋugbledede le kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la ŋu ate ŋu ana dzi nanɔ mía ƒo geɖe wu?

11 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Le xexea me la, miele xaxawo me tom, gake milé dzi ɖe ƒo! Meɖu xexea dzi.” (Yoh. 16:33) Yesu meɖe mɔ xexea kpɔ ŋusẽ ɖe edzi kpɔ o. Eye meɖe mɔ gbeɖe xexea xe mɔ nɛ be wòdo kpo gbeƒãɖeɖedɔ si wode esi la wɔwɔ alo na wògbɔdzɔ tadedeagu vavã kple agbe ɖɔʋu nɔnɔ ƒe dzidzenu siwo nu wònɔa agbe ɖo la me o; eye mele be míawo hã míaɖe mɔ ɖe esia ŋu o. Yesu gblɔ le gbedodoɖa aɖe me ku ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu be: “Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si ko nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o la ene.” (Yoh. 17:16) Nusɔsrɔ̃ tso dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu si Kristo ɖo ɖi kple ŋugbledede le eŋu ate ŋu ana dzideƒo si hiã la nasu mía si míayi edzi aɖe mía ɖokui ɖe vovo tso xexea gbɔ.

Srɔ̃ Dzinɔameƒo Tso Yesu Gbɔ

12-14. Gblɔ ale si Yesu ɖe dzinɔameƒo fiae la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

12 Yesu ɖe dzinɔameƒo gã aɖe fia le eƒe subɔsubɔdɔa katã me. Le ŋusẽ si wonae abe Mawu ƒe Vi la ene ŋu dɔ wɔwɔ me la, “[ege] ɖe gbedoxɔa me, eye wònya ame siwo le nu dzram kple ame siwo le nu ƒlem le gbedoxɔa me la katã do goe, eye wòmu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo kple ahɔnɛdzralawo ƒe bentsiwo ƒu anyi” vɔvɔ̃manɔmee. (Mat. 21:12) Esi asrafowo va be yewoalé Yesu le zã mamlɛtɔ si do ŋgɔ na eƒe ku me la, etsɔ dzinɔameƒo zɔ yi ŋgɔ be yeakpɔ yeƒe nusrɔ̃lawo ta hegblɔ be: “Ne nye dim miele la, ekema mina ame siawo ya nadzo.” (Yoh. 18:8) Le ema megbe kpuie la, egblɔ na Petro be wòatsɔ eƒe yi ade aku me. Yesu to ema dzi ɖee fia be menye anyigbadziʋawɔnuwo ŋue yenɔ ŋu ɖom ɖo o, ke boŋ Yehowae nye yeƒe ŋuɖoɖeŋua.—Yoh. 18:11.

13 Yesu klo nu le alakpanufiala amemalɔ̃la siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la kple woƒe nufiafia dadawo dzi vɔvɔ̃manɔmee. Yesu gblɔ na wo be: “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu. . . . Mieŋea aɖaba ƒua Se la me nu siwo le vevie wu la dzi, siwo nye dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ kpakple nuteƒewɔwɔ. . . . Mieklɔa kplu kple agba ŋuti, gake wo me yɔ fũu kple adzodada kple nugbɔmewɔwɔ.” (Mat. 23:13, 23, 25) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ahiã na dzinɔameƒo ma tɔgbi, elabena subɔsubɔhakplɔla alakpanufialawo ava ti woawo hã yome ahawu wo dometɔ aɖewo.—Mat. 23:34; 24:9.

14 Yesu ɖe dzinɔameƒo fia esime wòdo go gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã. Gbe ɖeka la, edo go ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ, si si ŋusẽ nɔ ale gbegbe be ame aɖeke metea ŋu dea kunyowui o. Vɔvɔ̃ meɖo Yesu kura o, enya gbɔgbɔ vɔ̃ gbogbo mawo siwo kpɔ ŋusẽ ɖe ŋutsua dzi la do goe le eme. (Mar. 5:1-13) Mawu mena ŋusẽ Kristotɔwo egbea be woawɔ nukunu mawo o. Ke hã, le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa kple nufiafiadɔa me la, ele be míawo hã míanɔ gbɔgbɔmeʋa wɔm kple Satana, ame si “gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu.” (2 Kor. 4:4) Abe ale si wònɔ le Yesu gome ene la, míaƒe aʋawɔnuwo “menye ŋutilã me tɔwo o, ke boŋ woƒe ŋusẽ tso Mawu gbɔ, be míatsɔ amu nu siwo ƒo ke ɖe to sesĩe”—siwo nye subɔsubɔnufiafia dada siwo ƒo ke ɖe to ɖe amewo me la—‘aƒu anyi.’ (2 Kor. 10:4) Míesrɔ̃a nu geɖe tso kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la me le gbɔgbɔmeʋawɔnu siawo zazã me.

15. Nu ka dzie Yesu ƒe dzinɔameƒo nɔ te ɖo?

15 Yesu ƒe dzinɔameƒo menye kalẽwɔwɔ dzro aɖe ko o, ke boŋ xɔse dzie wònɔ te ɖo. Nenemae wòle be wòanɔ le míawo hã gome. (Mar. 4:40) Aleke míate ŋu awɔ be xɔse akuakua nasu mía si? Le go sia hã me la, míate ŋu asrɔ̃ nu tso Yesu ƒe kpɔɖeŋu me. Eɖee fia be Ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedze deto nɔ ye si, eye wòɖee fia hã be yeka ɖe wo me nyawo dzi bliboe. Yesu mezã aʋawɔnu ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ la ƒe yi, si nye Mawu ƒe Nya, lae wòzã. Enuenu la, eyɔ nya tso Ŋɔŋlɔawo me tsɔ ɖo kpe eƒe nufiafiawo dzi. Zi geɖe la, edzea eƒe nyawo gɔme be: “Woŋlɔ ɖi be”—si fia be woŋlɔ ɖi le Mawu ƒe Nya la me be. *

16. Nu kae míawɔ be xɔse geɖe wu nasu mía si?

16 Be míatu xɔse si ate ŋu anɔ te ɖe dodokpɔ siwo vaa nusrɔ̃lawo dzi godoo nu ɖo la, ele be míanɔ Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ dzi gbe sia gbe, anɔ Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dem ahana nyateƒenya siwo nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖoanyi la nage ɖe míaƒe susuwo me. (Rom. 10:17) Ele be míanɔ ŋugble dem—míabu tame ayi eme ʋĩi—tso nu siwo míexlẽna la ŋu ahaɖe mɔ woage ɖe míaƒe dzi me. Xɔse si le agbe koe ate ŋu aʋã mí míawɔ nu dzinɔameƒotɔe. (Yak. 2:17) Eye ele be míado gbe ɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔea hã, elabena xɔse nye gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe.—Gal. 5:22.

17, 18. Aleke nɔvinyɔnu sɔhɛ aɖe ɖe dzinɔameƒo fia le suku?

17 Nɔvinyɔnu sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Kitty kpɔ ale si xɔse akuakua naa dzi ɖoa ame ƒoe la dze sii. Tso keke eƒe ɖevime ke la, enyae be mele be ‘nya nyui la nakpe ŋu na ye’ le suku o, eye edi vevie be yeaɖi ɖase nyui aɖe na yeƒe sukuhatiwo. (Rom. 1:16) Eɖonɛ ƒe sia ƒe be yeagblɔ nya nyuia na amewo, gake esi dzi menɔa eƒo o ta la, ehena ɖe megbe. Esi wòsusɔ vie wòaxɔ ƒe blaeve la, eɖɔ li suku. Egblɔ be, “Fifia ya la, nyemagaɖe mɔ mɔnukpɔkpɔ aɖeke nagato ŋunye o.” Kitty do gbe ɖa be Mawu nana dzinɔameƒo, si tɔgbi Kristo ɖe fia, kple aɖaŋudzedze kpakple mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ ye.

18 Le ŋkeke si dzi wodze suku yeyea gɔme la, wobia tso sukuviawo dometɔ ɖe sia ɖe si be wòaƒo nu tso eɖokui ŋu kpuie. Wo dometɔ geɖe ƒo nu tso subɔsubɔha si me wodzi wo ɖo la ŋu hegblɔ kpee be yewomekpɔa gome le yewoƒe subɔsubɔnuwɔnawo me tututu o. Kitty kpɔe dze sii be mɔnukpɔkpɔ si yedo gbe ɖa bia lae nye ema. Esi wòɖo edzi be wòaƒo nu tso eɖokui ŋu la, egblɔ kple kakaɖedzi be: “Yehowa Ðasefoe menye, eye Biblia ye fiaa mɔm le mawusubɔsubɔ kple agbenɔnɔ gome.” Esi wònɔ nua ƒoƒo dzi la, sukuvi aɖewo nɔ ekpɔm ɖe ƒomevii. Gake sukuvi bubuwo ya nɔ to ɖom, eye emegbe wobia nya aɖewoe. Gawu la, nufialaa gblɔ tso Kitty ŋu be enye ame siwo ʋlia woƒe dzixɔsewo ta la ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe. Dzi dzɔ Kitty ŋutɔ be yesrɔ̃ dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la.

Ðe Xɔse Kple Dzinɔameƒo Si Tɔgbi Kristo Ðe Fia La Fia

19. (a) Nu kae xɔse akuakua ƒe ame si nɔnɔ bia? (b) Aleke míate ŋu ado dzidzɔ na Yehowa?

19 Apostoloawo hã de dzesii be ehiã be xɔse nanɔ yewo si hafi yewoate ŋu awɔ nu dzinɔameƒotɔe. Woƒo koko na Yesu be: “Na xɔse geɖe wu mí.” (Mixlẽ Luka 17:5, 6.) Xɔse akuakua ƒe ame si nɔnɔ bia nu geɖe wu edzi xɔxɔ se be Mawu li ko. Ebia be woana ŋuɖoɖeameŋu ƒe ƒomedodo sẽŋu aɖe nanɔ ame kple Yehowa dome, abe ƒomedodo si nɔa ɖevi sue kple fofoa lɔ̃ame dɔmenyola dome ene. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Salomo wòŋlɔ bena: ‘Vinye, ne wò dzi dze nunya la, ekema nye hã nye dzi akpɔ dzidzɔ, eye nye ayikuwo agli kple dzidzɔ, nenye be, wò nuyiwo gblɔa nu si le eteƒe.’ (Lod. 23:15, 16) Le mɔ ma ke nu la, edoa dzidzɔ na Yehowa ne míeʋlia gɔmeɖose dzɔdzɔewo ta dzinɔameƒotɔe, eye esia nyanya naa dzi gaɖoa mía ƒo ɖe edzi. Eya ta mina míanɔ Yesu ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m ɣesiaɣi ahanɔ dzɔdzɔenyenye ƒe akpa dzi dzinɔameƒotɔe!

[Etenuŋɔŋlɔ]

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anye toɖolawo togbɔ be míenye ame madeblibowo hã?

• Nu ka dzie xɔse akuakua nɔa te ɖo, eye aleke wòate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu dzinɔameƒotɔe?

• Ne míeɖoa to heɖea dzinɔameƒo si tɔgbi Kristo ɖe fia fiana la, vi kawoe wòaɖe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Èle wò ‘dzi dzram ɖo’ be nàte ŋu anɔ te ɖe tetekpɔwo nua?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Abe ale si Yesu wɔe ene la, míawo hã míate ŋu aɖe dzinɔameƒo si wotu ɖe xɔse dzi afia