Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hehe Si Mawu Nana La Xɔ Asi Sãsãsã Wu

Hehe Si Mawu Nana La Xɔ Asi Sãsãsã Wu

Hehe Si Mawu Nana La Xɔ Asi Sãsãsã Wu

“Mebua nuwo katã hã be wonye nu bubu le nye Aƒetɔ Kristo Yesu ŋuti sidzedze ƒe asixɔxɔ, si nyo wu sãsãsã la ŋuti.”—FP. 3:8.

1, 2. Tiatia kae Kristotɔ aɖewo wɔ, eye nu ka tae?

TSO keke Robert ƒe ɖevime ke la, eƒe tagbɔ kɔ ŋutɔ le sukunusɔsrɔ̃ me. Esi wòxɔ ƒe enyi pɛ ko la, eƒe nufialawo dometɔ ɖeka ɖoe koŋ yi ɖasrãe kpɔ le aƒe me hegblɔ nɛ be taɖodzinu aɖeke meli si gbɔ mate ŋu aɖo le agbe me o. Eƒe nufiala sia nɔ mɔ kpɔm be Robert ava zu ɖɔkta gbe ɖeka. Sekɛndrisuku ƒe ɖaseɖigbalẽ si wòxɔ la na mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi nɛ be wòade yunivɛsiti nyuitɔ siwo le woƒe dukɔa me la dometɔ ɖe sia ɖe. Ke hã, Robert ɖe asi le mɔnukpɔkpɔ si ame geɖe buna be mesua ame si zi eve le agbe me o la ŋu ale be wòate ŋu aƒo eɖokui ɖe gbesiagbe mɔɖeɖedɔa me.

2 Abe ale si wònɔ le Robert gome ene la, mɔnukpɔkpɔ su Kristotɔ geɖe—ɖeviwo kple tsitsiawo siaa—si be woawɔ ŋgɔyiyi le fifi nuɖoanyi sia me. Wo dometɔ aɖewo tiae be yewomawɔ mɔnukpɔkpɔ siawo ŋu dɔ bliboe o, ale be yewoate ŋu ati gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome. (1 Kor. 7:29-31) Nu kae ʋã Robert kple Kristotɔ bubuwo woɖoe be yewoawɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me? Susu vevitɔae nye be wolɔ̃ Yehowa, eye esi gakpe ɖe eŋue nye be wokpɔe dze sii be hehe si Mawu nana la xɔ asi sãsãsã wu. Èbu ale si wò agbe anɔ nenye ɖe nyateƒea ŋuti sidzedze mesu asiwò o la ŋu le ŋkeke siawo mea? Ne míedea ŋugble tso yayra wɔnuku siwo sua mía si le esi Yehowa fiaa nu mí ta ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ ŋudzedze kpɔm ɖe nya nyuia ŋu eye wòana míanɔ gome kpɔm le nya nyui gbɔgblɔ dɔa me dzonɔamemetɔe.

Mɔnukpɔkpɔ Gã Aɖee Wònye Be Mawu Nafia Nu Ame

3. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃na faa be yeafia nu amegbetɔ madeblibowo?

3 Esi Yehowa ƒe dɔme nyo ta la, elɔ̃na faa be yeafia nu amegbetɔ madeblibowo. Wogblɔ tso amesiaminawo ŋu le nyagblɔɖi si le Yesaya 54:13 me be: “Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ.” Gɔmeɖose si dze le nya mawo me la ku ɖe Kristo ƒe “alẽ bubuwo” hã ŋu. (Yoh. 10:16) Esia dze ƒãa le nyagblɔɖi aɖe si le eme vam le míaƒe ŋkekea me la me. Yesaya kpɔ ŋutega aɖe si me ame siwo tso dukɔwo katã me la nɔ zi ƒom ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu. Egblɔ be wonɔ gbɔgblɔm na wo nɔewo be: “Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mɔwo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo.” (Yes. 2:1-3) Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi be Mawu nafia nu ame!

4. Nu kae Yehowa dina tso ame siwo wòfiaa nui la si?

4 Nu kae wòle be míawɔ bene hehe si Mawu nana la naɖe vi na mí? Nudidi vevi aɖee nye be míanye ɖokuibɔbɔla siwo lɔ̃na be woafia nu mí. Hakpala David ŋlɔ bena: “Yehowa ƒe dɔme nyo, eye wòwɔa nuteƒe, . . . [efiaa] eƒe mɔ hiãtɔwo.” (Ps. 25:8, 9) Eye Yesu hã gblɔ be: “Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò le dutoƒo, elabena èɣla nu siawo ɖe nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo vevie, eye nèɖe wo fia vidzĩwo.” (Luka 10:21) Ðe medzroa wò be yeate ɖe Mawu si “[vea] ɖokuibɔbɔlawo nu” la ŋu oa?—1 Pet. 5:5.

5. Nu ka gbɔ koe wòtso be Mawu ŋuti sidzedze te ŋu va su mía si?

5 Ðe mí Yehowa subɔlawo míate ŋu agblɔ be míawo ŋutɔ ƒe nunya kple ŋusẽ mee wòtso be míete ŋu nya nyateƒea? Ao. Le nyateƒe me la, Mawu ŋuti sidzedze mate ŋu asu mía si le mía ɖokui si gbeɖe o. Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe ɖe Fofo la, ame si dɔm ɖa la, hee vae.” (Yoh. 6:44) Yehowa to gbeƒãɖeɖedɔa kple gbɔgbɔ kɔkɔea dzi le ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ, siwo nye “dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ” la, hem le vavamee. (Xag. 2:7) Ðe medzɔ dzi na wò ŋutɔ be èle ame siwo Yehowa he va Via gbɔ la dome oa?—Mixlẽ Yeremiya 9:22, 23.

Enaa Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Nyona Ðe Edzi

6. Ŋusẽ wɔnuku ka gbegbee “sidzedze Yehowa” tea ŋu kpɔna ɖe amewo dzi?

6 Le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me la, wozã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nyui aɖe tsɔ ɖɔ ale si amewo ƒe amenyenye le tɔtrɔm le míaƒe ŋkekea me. Ame siwo nye ame wɔadãwo tsã la va zu ŋutifafamewo. (Mixlẽ Yesaya 11:6-9.) Ame siwo lé fu wo nɔewo le ŋutigbalẽ, dukɔmevinyenye, gbegbɔgblɔ ƒe vovototo, kple nu bubu siwo do ƒome kple afi si ame tso ta tsã la, va srɔ̃ ale si woanɔ anyi kple wo nɔewo le ɖekawɔwɔ me. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, ‘wotsɔ woƒe yiwo tu kodziwoe.’ (Yes. 2:4) Nu ka gbɔe wòtso be wote ŋu wɔ tɔtrɔ ɖedzesi mawo? Eyae nye be “sidzedze Yehowa” su wo si, eye wotsɔe de dɔwɔna me le woƒe agbe me. Togbɔ be Mawu subɔlawo mede blibo o hã la, wonye xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ vavã aɖe. Ale si amewo le dzidzɔ kpɔm ɖe nyateƒea ŋu le xexea me godoo kple ku nyui siwo wòna amewo le tsetsem la nye kpeɖodzi be hehe si Mawu nana la xɔ asi sãsãsã wu.—Mat. 11:19.

7, 8. (a) “Nu siwo ƒo ke ɖe to sesĩe” siwo hehe si Mawu nana la kpena ɖe amewo ŋu womuna ƒua anyi la dometɔ aɖewo ɖe? (b) Nudzɔdzɔ kae ɖee fia be hehe si Mawu nana la hea kafukafu vanɛ na Yehowa?

7 Apostolo Paulo tsɔ subɔsubɔdɔ si wɔm Mawu ƒe amewo le la sɔ kple gbɔgbɔmeʋawɔwɔ. Eŋlɔ bena: “Míaƒe aʋawɔnuwo menye ŋutilã me tɔwo o, ke boŋ woƒe ŋusẽ tso Mawu gbɔ, be míatsɔ amu nu siwo ƒo ke ɖe to sesĩe la ƒu anyi. Elabena míele tamebubuwo kple nu kɔkɔ sia nu kɔkɔ, si tsia tsitre ɖe Mawu ŋuti sidzedze ŋu la mum ƒu anyi.” (2 Kor. 10:4, 5) “Nu siwo ƒo ke ɖe to sesĩe” siwo me hehe si Mawu nana la naa ablɔɖe amewo tsoe la dometɔ aɖewo ɖe? Wo dometɔ ʋɛ aɖewoe nye agba siwo alakpanufiafiawo, aʋatsodzixɔsewo, kple amegbetɔwo ƒe xexemenunyawo do ɖe amewo dzi. (Kol. 2:8) Hehe si Mawu nana la kpena ɖe amewo ŋu woɖea asi le nuwɔna gbegblẽwo ŋu hetua nɔnɔme nyuiwo ɖo. (1 Kor. 6:9-11) Enaa amewo ƒe ƒomegbenɔnɔ nyona ɖe edzi. Eye wònaa taɖodzinu vavã va sua ame siwo si mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o la si le agbe me. Hehe sia ƒomevie hiã egbea.

8 Nɔnɔme nyui siwo Yehowa kpena ɖe amewo ŋu wotuna ɖo la dometɔ ɖekae nye anukwareɖiɖi, abe ale si wòdze le nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna mee ene. (Heb. 13:18) Nyɔnu aɖe si le lndia la lɔ̃ wonɔ Biblia srɔ̃m kplii, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woda asi ɖe edzi wòzu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ. Gbe ɖeka esi wòtrɔ tso Fiaɖuƒe Akpata tutu dɔ aɖe wɔƒe gbɔna aƒe me la, efɔ sikatsyɔ̃ɖonu si ƒe home nye Amerika dɔlar 800 le anyigba le teƒe aɖe si te ɖe ʋudzeƒe aɖe ŋu. Togbɔ be ganyawo mede edzi tututu o hã la, etsɔ sikakɔgɛ la yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe be woadi nua tɔ. Ewɔ nuku na kpovitɔ si nɔ afi ma la ŋutɔ! Emegbe la, kpovitɔ bubu aɖe biae be: “Nu kae ʋã wò nètiae be yeatsɔ kɔgɛ la ana nua tɔ?” Eɖe eme nɛ be: “Biblia ƒe nufiafiawo trɔ nye agbenɔnɔ, eya ta fifia mezu anukwareɖila.” Nya la wɔ dɔ ɖe kpovitɔa dzi wògblɔ na hamemetsitsi si kplɔ nyɔnua yi la be: “Ame miliɔn 38 ye le nuto sia me. Ne miate ŋu akpe ɖe ame ewo ŋu woava nɔ abe nyɔnu sia ene la, anyo ŋutɔ.” Ne míebu ame miliɔn geɖe siwo ƒe agbenɔnɔ hehe si Mawu nana la trɔ wònyo ɖe edzi ŋu la, ɖe susu gbogbo aɖewo meli siwo ta míakafu Yehowa ɖo oa?

9. Nu kae wɔe be amewo te ŋu le tɔtrɔ ɖedzesiwo wɔm le woƒe agbenɔnɔ ŋu?

9 Mawu ƒe Nya la ƒe ametrɔŋusẽ kple kpekpeɖeŋu si Yehowa nana to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi le kpekpem ɖe amewo ŋu wole tɔtrɔ ɖedzesiwo wɔm le woƒe agbenɔnɔ me. (Rom. 12:2; Gal. 5:22, 23) Kolosetɔwo 3:10 gblɔ be: “Mido amenyenye yeye la, si wɔm wole yeyee to sidzedze vavãtɔ me le Ame si wɔe la ƒe nɔnɔme nu.” Ŋusẽ le gbedeasi si le Mawu ƒe Nya, Biblia, me la ŋu be wòaɖe nu si ame nye le ememe la ɖe go, eye ate ŋu atrɔ ale si wòbua tamee kple ale si wòbua nuwo ŋui la gɔ̃ hã. (Mixlẽ Hebritɔwo 4:12.) Ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedze vavã ƒe ame si susu kple agbenɔnɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo nu ate ŋu ana ame nazu Mawu xɔlɔ̃, eye agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ nasu esi.

Edzraa Mí Ðo Ðe Etsɔme Ŋu

10. (a) Nu ka tae Yehowa ɖeka koe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzra ɖo ɖe etsɔme ŋu? (b) Tɔtrɔ ɖedzesi kawoe ava anyigba bliboa dzi kpuie?

10 Yehowa ɖeka koe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzra ɖo ɖe etsɔme ŋu, elabena enya nu siwo adzɔ le etsɔme. Enya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe ameƒomea dzi le etsɔme. (Yes. 46:9, 10) Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ɖee fia be “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe.” (Zef. 1:14) Nya si le Lododowo 11:4 si gblɔ be, “kesinɔnu menye viɖe aɖeke le dzikudogbe o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku me” la ƒe nyateƒenyenye adze ƒãa le ŋkeke ma dzi. Ne ɣeyiɣia de na Yehowa be wòadrɔ̃ ʋɔnu Satana ƒe xexea la, nu si anɔ vevie wu ɣemaɣie nye tenɔnɔ si le mía si le Mawu ŋkume. Viɖe aɖeke manɔ ga ŋu ɣemaɣi o. Le nyateƒe me la, Xezekiel 7:19 gblɔ be: “Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe kpɔdomee, eye woabu woƒe sika ŋunyɔnui.” Nu sia nyanya akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu le nunya me fifia.

11. Mɔ siwo nu hehe si Mawu nana kpena ɖe mía ŋu míedzrana ɖo ɖe etsɔme ŋu le la dometɔ aɖe ɖe?

11 Mɔ ɖedzesi aɖe si nu hehe si Mawu nana la dzraa mí ɖo ɖe Yehowa ƒe ŋkeke si gbɔna ŋu le lae nye ale si wòkpena ɖe mía ŋu míetsɔa nu siwo le vevie wu la ɖoa nɔƒe gbãtɔ. Apostolo Paulo ŋlɔ na Timoteo be: “De se na ame siwo nye kesinɔtɔwo le fifi nuɖoanyi sia me be, woagado wo ɖokuiwo ɖe dzi o, eye woagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aziɔ ɖe kesinɔnu siwo dzi womate ŋu aka ɖo o la ŋu o, ke boŋ ɖe Mawu . . . ŋu.” Ne menye kesinɔtɔwoe míenye o gɔ̃ hã la, aɖaŋuɖoɖo sia si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la ate ŋu aɖe vi na mí. Nu kae esia dzi wɔwɔ bia? Le esi míanɔ ŋutilãmenuwo nu ƒom ƒu na mía ɖokuiwo teƒe la, ele be míadze agbagba be ‘míawɔ nyui eye míanye kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me’ boŋ. Ne míetsɔa gbɔgbɔmenuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me la, ekema ‘míele gɔmeɖoanyi nyui aɖe dzram ɖo ɖi dedie na mía ɖokuiwo le etsɔme.’ (1 Tim. 6:17-19) Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe agbenɔnɔ ma nye nuwɔwɔ le nunya me, elabena Yesu bia be, “viɖe kae wòanye na ame, ne xexe blibo la katã zu etɔ, gake wòbu eƒe luʋɔ?” (Mat. 16:26, 27) Esi Yehowa ƒe ŋkekea tu aƒe alea gbegbe ta la, anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Afi kae mele nye nu xɔasiwo nu ƒom ƒu ɖo? Kesinɔnuwo ƒe kluvie menye loo alo Mawu ƒe kluvie menye?’—Mat. 6:19, 20, 24.

12. Nu ka tae mele be dzi naɖe le mía ƒo ne ame aɖewo mebua míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe naneke me o?

12 ‘Dɔ nyui’ siwo ŋu Mawu ƒe Nya la ƒo nu tsoe be Kristotɔwo nawɔ la ƒe vevitɔe nye agbeɖeɖedɔ si nye Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔa me ene la, ame aɖewo mabu míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe naneke me o. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 1:18-21.) Gake ema meɖe míaƒe gbedeasia ƒe asixɔxɔ dzi kpɔtɔ o, eye mena hã be ale si wòle vevie be míana mɔnukpɔkpɔ ame sia ame be wòaxɔ gbedeasia dzi ase esi ɣeyiɣi gakpɔtɔ li na esia wɔwɔ la dzi ɖe kpɔtɔ o. (Rom. 10:13, 14) Esi míeyi edzi le kpekpem ɖe amewo ŋu be hehe si Mawu nana naɖe vi na wo la, mía ŋutɔwo hã míakpɔ yayra geɖewo.

Woyraa Mí Ðe Nu Siwo Míetsɔ Saa Vɔe Ta

13. Nu kawoe apostolo Paulo tsɔ sa vɔe ɖe nya nyuia ta?

13 Hafi apostolo Paulo nava zu Kristotɔ la, wonɔ hehe namee be wòava kpɔ dzidzedze le Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia me. Anɔ eme be esi mekpɔ xɔ wu ƒe 13 haɖe o la, eʋu le wo de Tarso yi Yerusalem be yeaɖaxɔ hehe le Sefiala Gamaliel si ŋu wodea bubui ŋutɔ la gbɔ. (Dɔw. 22:3) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Paulo nɔ ŋgɔyiyi wɔm wu ehati geɖewo, eye ne ɖe wòyi eƒe nusɔsrɔ̃a dzi la, anye ne ɖoƒe kɔkɔ aɖe su esi le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ me. (Gal. 1:13, 14) Esi wòxɔ nya nyuia, eye wòƒo eɖokui ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me la, egblẽ nu mawo katã ɖe megbe. Ðe tiatia sia si Paulo wɔ la va vee emegbea? Kura o. Le nyateƒe me la, eŋlɔ bena: “Mebua nuwo katã hã be wonye nu bubu le nye Aƒetɔ Kristo Yesu ŋuti sidzedze ƒe asixɔxɔ, si nyo wu sãsãsã la ŋuti. Le eyama ta melɔ̃ nuwo katã zu nu bubu, eye mebua wo abe gbeɖuɖɔ dzro aɖe ko ene.”—Fp. 3:8.

14, 15. Yayra kawoe míekpɔna le esi míenye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” ta?

14 Abe ale si Paulo wɔe ene la, mí Kristotɔ siwo li egbea tsɔa nanewo saa vɔe ɖe nya nyuia ta. (Mar. 10:29, 30) Ðe esia wɔwɔ naa nu nyui aɖe toa mía ŋua? Robert si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ nya aɖe si wɔ ɖeka kple ale si ame geɖewo sena le wo ɖokuiwo me esime wògblɔ be: “Mevem kpɔ [be metsɔ nanewo sa vɔe] o. Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa na mekpɔ dzidzɔ kple dzidzeme, eye wòna mɔnukpɔkpɔm ‘meɖɔe kpɔ hekpɔe be, Yehowa ƒe dɔme nyo.’ Ɣesiaɣi si metsɔ ŋutilãmenu aɖewo sa vɔe be mate ŋu ati gbɔgbɔmenuwo yome la, Yehowa tsɔa nu siwo nyo wu nu siwo metsɔ sa vɔe la ɖoa eteƒe nam. Ðeko wònɔna abe ɖe nyemetsɔ naneke kura sa vɔe o ene. Yayrawo koe mekpɔna ɖe eteƒe!”—Ps. 34:9; Lod. 10:22.

15 Ne èle gome kpɔm le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la, ekema ɖikeke mele eme o be mɔnukpɔkpɔwo su wò hã asiwò nèɖɔe kpɔ hekpɔe be Yehowa ƒe dɔme nyo. Ðe nèse le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣiwo kpɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔ kpe ɖe ŋuwò esime nènɔ nya nyuia gblɔm na amewoa? Ðe nègblɔ nya nyuia na ame aɖewo kpɔ, eye nèkpɔe be dzidzɔ yɔ wo me fũu esi Yehowa ʋu woƒe dzi be woaɖo to gbedeasia? (Dɔw. 16:14) Ðe Yehowa kpe ɖe ŋuwò nèɖu mɔxeɖenuwo dzi, ɖewohĩ ena mɔnukpɔkpɔ wò nèkeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enua? Ðe wòkpe ɖe ŋuwò le ɣeyiɣi sesẽwo me, si wɔe be nète ŋu yi edzi nɔ esubɔm esime nèse le ɖokuiwò me be ɖeɖi nɔ ye ŋu tema? (Fp. 4:13) Ne mía ŋutɔwo míekpɔe be Yehowa kpe ɖe mía ŋu esime míele gome kpɔm le subɔsubɔdɔa me la, eva zua ame ŋutɔŋutɔ na mí, eye míetena ɖe eŋu geɖe wu. (Yes. 41:10) Ðe menye yayra gã aɖee wònye be míanye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” le nufiafia amewo tso Mawu ŋu ƒe dɔ gã sia me oa?—1 Kor. 3:9.

16. Aleke nèbua nu siwo nètsɔ saa vɔe kple agbagba siwo nèdzena le nufiafia amewo tso Mawu ŋu me?

16 Ame geɖewo dina be yewoawɔ nane le yewoƒe agbenɔɣi si ŋu viɖe anɔ ɣeyiɣi didi aɖe. Míekpɔe be zi geɖe la, woŋlɔa dɔ ɖedzesi siwo amewo wɔ le egbexexea me la be kaba. Gake kakaɖedzitɔe la, womaŋlɔ dɔ siwo wɔm Yehowa le egbea le eƒe ŋkɔa ŋu kɔkɔ me la be le Yehowa subɔlawo ƒe ŋutinya me gbeɖe o. Woaɖo ŋku wo dzi tegbee. (Lod. 10:7; Heb. 6:10) Mina míade asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míekpɔa gome le nufiafia amewo tso Mawu ŋu ƒe dɔ si womaŋlɔ be gbeɖe o me la ŋu.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu kae Yehowa bia tso ame siwo wòfiaa nui la si?

• Aleke hehe si Mawu nana la na amewo ƒe agbenɔnɔ le nyonyom ɖe edzii?

• Yayra kawoe míekpɔna esi míele kpekpem ɖe amewo ŋu be hehe si Mawu nana la naɖe vi na wo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ame siwo Yehowa fiaa nui la nye xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ vavã aɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ðe menye yayra gã aɖee wònye be míenye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” oa?