Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbɔgbɔ Kɔkɔe La Nu Ka Tae Amewo Tɔtɔ Le Nu Si Wònye Ŋuti?

Gbɔgbɔ Kɔkɔe La Nu Ka Tae Amewo Tɔtɔ Le Nu Si Wònye Ŋuti?

Gbɔgbɔ Kɔkɔe La Nu Ka Tae Amewo Tɔtɔ Le Nu Si Wònye Ŋuti?

NU KAE nye gbɔgbɔ kɔkɔe la? Esia dze nya bɔbɔe aɖe ko, gake ŋuɖoɖoa kpɔkpɔ ate ŋu asesẽ. Papa Benedict XVI gblɔ na ameha aɖe le Australia be: “Edze abe míate ŋu ase nu si tututu Gbɔgbɔ la nye la gɔme bliboe o ene.”

Le nyateƒe me la, nukpɔsusu vovovo kple numeɖeɖe geɖe siwo ŋu kakaɖedzi mele o la bɔ ku ɖe biabia si nye, Nu kae nye gbɔgbɔ kɔkɔe la? ŋu. Ŋuɖoɖo siwo amewo nana la dometɔ aɖewoe nye esi:

• Ame ŋutɔŋutɔ aɖe si nɔa Kristo ƒe nusrɔ̃lawo me.

• Mawu ƒe dɔwɔwɔ si ɖea dzesi.

• Mawu ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi si dzena le xexea me.

• Ame etɔ̃lia si le Mawuɖekaetɔ̃ la me.

Nu ka tae amewo tɔtɔ alea gbegbe ɖo? Tɔtɔ sia dze egɔme tso ƒe alafa enelia M.Ŋ. me ke, esime mawunyaŋutinunyala aɖewo gblɔ be gbɔgbɔ kɔkɔe la nye ame aɖe si le tasɔsɔ me kple Mawu le mɔ aɖe nu. Ke hã, esia mewɔ ɖeka kple nu si Ŋɔŋlɔawo alo Kristo yomedzela gbãtɔwo fia o. New Catholic Encyclopedia ɖe nu me be: “Edze ƒãa be Nubabla Xoxo la meɖee fia be amee Mawu ƒe gbɔgbɔ la nye o . . . Kpuie ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ lae nye Mawu ƒe ŋusẽ.” Agbalẽ ma ke gblɔ be: “Nubabla Yeye la ƒe akpa gãtɔ ɖee fia be nanee Mawu ƒe gbɔgbɔ la nye ke menye ame aɖe o; esia gadze ƒãa wu le Ŋɔŋlɔ siwo ɖe ƒomedodo si le gbɔgbɔ la kple Mawu ƒe ŋusẽ dome fia la me.”

Ðikeke aɖeke mele eme o be esesẽna be woabu ŋusẽ be enye ame. Eya ta numekuku aɖe si wowɔ le United States nyitsɔ laa la ɖee fia be ame akpa gãtɔ meda asi ɖe nukpɔsusu si nye be gbɔgbɔ kɔkɔe la nye ame alo “nu si le agbe” la dzi o. Ðe woƒe nyaa le emea? Alo ɖee míaxɔ mawunyaŋutinunyala siwo tea tɔ ɖe edzi be “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nye ame ŋutɔŋutɔ si to vovo na Fofo la kple Vi la” la ƒe nyawo dzi asea?

Be míakpɔ ŋuɖoɖo si ŋu kakaɖedzi le la, ele be míatrɔ ɖe Mawu ƒe Nya Biblia, si ƒo nu tso nu si gbɔgbɔ kɔkɔea nye ŋu tsitotsito la ŋu. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Biblia nyo hena nufiafia tso nu siwo nye nyateƒe la ŋu kple ale si woana míadze si nu siwo nye nu vɔ̃.”—2 Timoteo 3:16, Agbenya La.

Nu ka tae wòle be nàdze agbagba anya nyateƒe si ku ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu? Elabena nyateƒe ma nyanya aʋu mɔ na wò be nàxɔ kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ. Ðe nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be nu glo ye le agbe mea? Yesu do ŋugbe na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi . . . ne . . . mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe Fofo si le dziƒo la mana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?”—Luka 11:9, 13.

Le nyati eve siwo kplɔe ɖo me la, míadzro Ŋɔŋlɔ siwo akpe ɖe mía ŋu míanya nu si tututu gbɔgbɔ kɔkɔea nye la me. Eye míakpɔ ale si wòate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe míaƒe agbe dzii.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]

Ŋɔŋlɔawo kpe ɖe mía ŋu míenya nu si tututu gbɔgbɔ kɔkɔea nye