Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Yehowa Di Tso Mía Si?

Nu Kae Yehowa Di Tso Mía Si?

Te Ðe Mawu Ŋu

Nu Kae Yehowa Di Tso Mía Si?

5 Mose 10:12, 13

NYAMETSOTSO wɔwɔ be woaɖo to alo womaɖo to o menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Tseɖuɖu koe amewo atsɔ aɖo to aƒetɔ si daa gbe ɖe ame gbɔ, alo esi ƒe nya me sẽ kpaɖii. Gake Yehowa Mawu ƒe subɔlawo ya ɖoa to eyama tso dzi me faa. Nu ka tae? Be míaɖo biabia sia ŋu la, na míadzro Mose ƒe nya siwo dze le 5 Mose 10:12, 13 me akpɔ. *

Esi Mose di be yeaƒo nu tso Mawu ƒe nudidiwo ŋu kpuie la, ebia nya wɔdɔɖeamedzi sia be: “Nu ka dim Yehowa wò Mawu le tso asiwò?” (Kpukpui 12, NW) Mawu tɔ dzɔ be wòabia nu sia nu si wòdi la tso mía si. Nya lae nye be, eyae nye Aƒetɔ Dziɖulagã kple míaƒe agbe Dzɔƒe kple Ame si lénɛ ɖe te. (Psalmo 36:10; Yesaya 33:22) Yehowa tɔ dzɔ bliboe be wòabia tso mía si be míaɖo to ye. Ke hã, medina be míatsɔ dzizizi aɖo to ye o. Nu kae wòdi tso mía si? Be míanye “ame siwo tso dzi me ɖoa to.”—Romatɔwo 6:17.

Nu kae aʋã mí be míaɖo to Mawu tso dzi me faa? Mose he susu yi nu veviawo dometɔ ɖeka dzi esi wògblɔ be: “Nàvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la.” * (Kpukpui 12) Esia menye dzidzi si aƒo ame le nuwɔna gbegblẽ me tsonuwo ta o, ke boŋ enye vɔvɔ̃ nyuitɔ, si nye bubu deto dede Mawu kple eƒe mɔwo ŋu. Ne vɔvɔ̃ nyuitɔ sia yɔ mía me fũu la, míadi be míawɔ naneke si madze Mawu ŋu o.

Gake, nu kae nye nu vevitɔ kekeake si wòle be wòaʋã mí be míaɖo to Mawu? Mose gblɔ be: “[Nàlɔ̃ Yehowa], eye nàsubɔ Yehowa, wò Mawu la, tso wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo me.” (Kpukpui 12) Lɔlɔ̃ na Mawu lɔ nu geɖe ɖe eme wu seselelãme dzro ko. Numekugbalẽ aɖe ɖe nu me be: “Ɣeaɖewoɣi la, Hebrigbe me nya siwo ɖɔa seselelãme la te ŋu kuna ɖe nu siwo seselelãmeawo ʋãa ame wòwɔna la hã ŋu.” Numekugbalẽ sia ke gblɔ be lɔlɔ̃ na Mawu fia “be woawɔ nu ɖe eŋu le lɔlɔ̃ me.” Ne míagblɔe bubui la, ne míelɔ̃ Mawu nyateƒe la, míawɔ nu le mɔ si míenya be adze eŋu la nu.—Lododowo 27:11.

Afi kae wòle be míaɖo to Mawu ase ɖo? Mose gblɔ be: “Nàzɔ [Mawu ƒe] mɔwo katã dzi.” (Kpukpui 12) Yehowa di be míawɔ nu sia nu si yedi tso mía si. Ðe toɖoɖo bliboe alea aɖe vi na mía? Aɖe vi na mí godoo.

Toɖoɖo tso dzi me faa ahe yayra geɖewo vɛ na mí. Mose ŋlɔ be: “Nàwɔ Yehowa ƒe se . . . siwo megblɔ na wò egbe la dzi, bena wòanyo na wò.” (Kpukpui 13) Nyateƒee, Yehowa ƒe sewo katã—nu sia nu si wòdi tso mía si—dzi wɔwɔ ana eme nanyo na mí. Womagblẽ nu le mía ŋu gbeɖe o! Biblia gblɔ be: “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:8) Eya ta míaƒe nyonyo mavɔ tae eƒe seawo li ɖo. (Yesaya 48:17) Nu sia nu si Yehowa di tso mía si la dzi wɔwɔ akpɔ mía ta tso nuteɖeamedzi geɖe me fifia, eye wòana míava xɔ etsɔmeyayra mavɔwo le eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua te. *

Be woaɖo to alo womaɖo to o—le nu siwo Yehowa di tso mía si gome la, nyametsotso ɖeka si me nunya le koe li. Toɖoɖo faa tso dzi blibo mee nyea nyuitɔ kekeake ɣesiaɣi. Nuteƒewɔwɔ alea nana míeva tena ɖe Yehowa, Mawu lɔ̃ame si dia nyui na mí ɣesiaɣi la ŋu geɖe wu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Togbɔ be blema Israel ye Mose gblɔ nya siawo na hã la, gɔmeɖose siwo le eme la yi na ame siwo katã di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu egbea la hã.—Romatɔwo 15:4.

^ mm. 6 Le Mose ƒe agbalẽ atɔ̃lia katã me la, Mose te gbe ɖe edzi be ele be mawuvɔvɔ̃ nanye gɔmeɖose vevi si wòle be wòfia mɔ Mawu subɔlawo le agbe me.—5 Mose 4:10; 6:13, 24; 8:6; 13:4; 31:12, 13.