Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòanya Wɔ Be Míaxɔ Edzi Ase Be Wɔla Aɖe Lia?

Ðe Wòanya Wɔ Be Míaxɔ Edzi Ase Be Wɔla Aɖe Lia?

Ðe Wòanya Wɔ Be Míaxɔ Edzi Ase Be Wɔla Aɖe Lia?

“NE MEBU Wɔla aɖe ƒe anyinɔnɔ ŋu la, ekua dzi nam ŋutɔ be makpɔe be ame aɖe anya nɔ anyi si si ŋusẽ le be wòaxe mɔ ɖe amegbetɔwo ƒe fukpekpewo nu gake mele klalo hena ŋusẽ ma zazã o!” Nya siawoe ame aɖe si nye mawudzimaxɔsela tsã, si ƒe ƒometɔwo ku le Yudatɔwo tsɔtsrɔ̃ɖa ɖikaa ƒe nugbe si Nazitɔwo ɖo me la gblɔ. Le nyateƒe me la, menye eya ɖeka koe sena le eɖokui me nenema o.

Ne nɔnɔme gbãdzinamewo na nu te ɖe ame geɖe dzi le agbe me la, esesẽna na wo be woaxɔ edzi ase be Mawu li, alo efaa akɔ na wo be woabui boŋ be Mawu aɖeke meli o. Nu kawo koŋue naa ame aɖewo mexɔa Mawu dzi se o? Ðe eme anyo na ameƒomea sãa wu ne wometsi dzi ɖe Mawu dzi xɔxɔ se alo esubɔsubɔ ŋu o, abe ale si ame aɖewo susunɛ enea? Ðe wòanya awɔ be mawudzimaxɔsela nava xɔ Wɔla lɔ̃ame aɖe ƒe anyinɔnɔ dzi asea?

Subɔsubɔhawo Ƒe Kpododonu

Nublanuitɔe la, nu siwo koŋ wɔe be ame geɖewo gbe Mawu dzi xɔxɔ se la dometɔ ɖekae nye subɔsubɔhawo. Ŋutinyaŋlɔla Alister McGrath ɖe nu me be: “Nu si koŋ naa amewo va zua mawudzimaxɔselawo wue nye ale si gbegbe subɔsubɔha gãwo ƒe nu gbɔme wɔwɔ kple kpododonuwo nyɔa ŋu na wo.” Subɔsubɔhawo koŋue wonya be wonɔa megbe na aʋawɔwɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔwo zi geɖe. Mawudzimaxɔsela kple xexemenunyala Michel Onfray de ŋugble tso ale si wòanya awɔ be mawusubɔsubɔgbalẽ siwo “ʋãa amewo be woanye ame kɔkɔewo” la ke naganɔ amewo “ʋãm be woawɔ ŋutasẽnu dziŋɔwo” la ŋu vevie.

Ame geɖewo ɖoa ŋku nudzɔdzɔ ɖefuname siwo teƒe wokpɔ le woƒe hadede kple subɔsubɔhawo me la dzi. Esime Bertil, si nye Swedentɔ ɖekakpui aɖe, nɔ asrafodɔ wɔm la, esee asrafowo ƒe osɔfo aɖe zã Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si nye, ame siwo katã tsɔa yi la, yi nue woatsi la tsɔ de ŋutasẽnuwɔwɔ dzi. Osɔfoa ɖe nu me be, ele be ame aɖe nanɔ anyi awɔ yi ma ŋu dɔ, eya ta Mawu ƒe amewoe asrafowo nye!​—Mateo 26:52. *

Bernadette, si fofo wowu le France le xexemeʋa evelia wɔɣi la, ɖoa ŋku ale si dzi kui ɖe nya siwo osɔfo aɖe gblɔ le nɔgãa ƒe vi si xɔ ƒe etɔ̃ ƒe kuteƒe la dzi, be: “Mawue yɔ ɖevia be wòava zu mawudɔla le dziƒo.” Emegbe Bernadette ŋutɔ hã va dzi vi aɖe si nye nuwɔametɔ, gake mekpɔ akɔfanamenya aɖeke tso sɔlemeha la gbɔ le nudzɔdzɔ sia hã me o.

Dzomavɔ ŋuti nufiafia la nyɔ ŋu na Ciarán, si tsi le ɣeyiɣi si me ŋutasẽnuwɔnawo yi edzi le Dziehe Ireland. Egblɔna tsã be yelé fu Mawu si wɔa ŋutasẽnu sia, eye yetɔ gbee be nenye be eli vavã la, ke neƒo ye ƒu anyi. Menye Ciarán ɖeka koe sɔlemehawo ƒe nufiafia ɖefuname siawo nyɔa ŋu na o. Le nyateƒe me la, anɔ eme be sɔlemehawo ƒe nufiafiawoe ta mɔ na nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia la. Le Alister McGrath ƒe nya nu la, “ale si gbegbe” dzomavɔ ƒe nufiafia la “nyɔ ŋu” na Darwin lae na ɖikeke ɖo eme ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋu—ke menye eƒe nɔnɔmetɔtrɔ dzixɔsea ye o. McGrath de dzesi ale si gbegbe Darwin “xa nu vevie le vianyɔnu ƒe ku ta” hã.

Ame aɖewo bu mawusubɔsubɔ be edo ƒome kplikplikpli kple zazɛ̃nyahehe kple nuwɔwɔ susumanɔmetɔe. Irina, si mawunya siwo me tsɔɖui aɖeke mele o kple gbedodoɖa ɖeka mawo ke gbugbɔgblɔ va ti kɔ na la gblɔ be: “Ewɔ nam be mawusubɔlawo mebua tame o.” Louis, si mawusubɔsubɔ me zazɛ̃nyahelawo ƒe hlɔ̃donuwɔnawo nyɔ ŋu na la, gblɔ tẽe be: “Le ƒe gbogbo si mekpɔ mawusubɔsubɔ me wɔna tiamewo teƒe megbe la, fifia meva kpɔ nu si gbegbe gblẽm wòle le amewo ŋu la dze sii. Esia na meva tsi tsitre ɖe mawusubɔsubɔ ŋu vevie ŋutɔ.”

Ðe Eme Anyo Na Mí Wu Mawu Manɔmeea?

Eya ta mewɔ nuku o be, ame geɖe bua mawusubɔsubɔ be enye mɔxenu na ameƒomea ƒe ŋutifafa kple ŋgɔyiyiwɔwɔ. Ame aɖewo bia wo ɖokui gɔ̃ hã nenye be eme anyo na ameƒomea sãa wu ne wometsi dzi ɖe Mawu dzi xɔxɔ se alo esubɔsubɔ ŋu o. Gake ɖe nugbegbe le mawusubɔsubɔ gbɔ kura nenema ahe kuxi aɖewo avɛa?

Voltaire, si nye ƒe alafa 18 lia me xexemenunyala aɖe, tsi tsitre ɖe sɔlemeha siwo nɔ anyi le eŋɔli me ƒe nu manɔsenu siwo wowɔna la ŋu vevie. Ke hã, ebu Ŋusẽkatãtɔ aɖe ƒe anyinɔnɔ dzi xɔxɔ se be enye nu vevi aɖe si kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbe nyui nɔnɔ dzi. Emegbe, Germanytɔ xexemenunyala Friedrich Nietzsche ɖe gbeƒãe gaglãa be Mawu ku, gake enɔ vɔvɔ̃m na ale si esia ana agbe nyui nɔnɔ ayi to kple nu si gbegbe Mawu ƒe anyimanɔmanɔ dzi xɔxɔ se ate ŋu agblẽ. Ðe vɔvɔ̃ sia sɔa?

Agbalẽŋlɔla Keith Ward de dzesii be esi ameƒomea va ɖo ŋkuʋuʋu ƒe ɣeyiɣi siawo me gɔ̃ hã la, hlɔ̃donuwɔnawo dzi meɖe kpɔtɔ o, ke boŋ, ɖe “wodzi ɖe edzi ale gbegbe be womebui kpɔ be adzɔ nenema o.” Azɔ hã, mawudzimaxɔse mete ŋu ɖe ameƒomea ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, abe nu fitifiti wɔwɔ kple mɔmaɖemaɖeɖenuŋu ƒe nɔnɔme ene, ɖa o. Nyateƒenya siawo na ame siwo bua ta me, hekpe ɖe mawudzimaxɔselawo gɔ̃ hã ŋu, kpɔ akpa vevie si Mawu dzi xɔxɔ se wɔna le agbe nyui nɔnɔ dodo ɖe ŋgɔ me la dze sii.

Keith Ward te gbe ɖe ŋusẽ nyui si Mawu dzi xɔxɔ se kpɔna ɖe ame dzi la dzi be: “Xɔse ƒoa agbe nyui nɔnɔ ɖe ame nu, eye wònaa ame dina vevie be yealé be na xexe sia si Mawu wɔ la.” Numekuku geɖe si wowɔ nyitsɔ laa la ɖee fia be nyuiwɔwɔ na ame havi dzi ɖe edzi le Mawu subɔlawo dome. Nyuiwɔwɔ na ame havi alea hea dzidzeme aɖe si nu vanɛ na ame. Nyateƒenya siawo gaɖo kpe asixɔxɔ si le gɔmeɖose sia si ŋu Yesu ƒo nu tso la dzi be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Ŋusẽ nyui si Biblia te ŋu kpɔna ɖe ame dzi la wɔ dɔ ɖe ame aɖe si nye hadomekpekpeɖeŋudɔwɔla, si nye mawudzimaxɔsela tsã la dzi vevie. Egblɔ be: “Mezã ƒe geɖe tsɔ dze agbagba be makpe ɖe amewo ŋu woatrɔ woƒe agbenɔnɔ maɖɔʋuwo, gake nyemekpɔ dzidzedze boo aɖeke o, ewɔ nuku nam ŋutɔ be mekpɔe be Biblia te ŋu na amewo te ŋu wɔ tɔtrɔ nyui ɖedzesiwo le woƒe agbenɔnɔ me. Eye mede dzesii be tɔtrɔ siwo ameawo wɔ la nye tɔtrɔ vavã.”

Ke hã, le mawudzimaxɔsela aɖewo ƒe susu nu la, amewuwu kple aʋawɔwɔ siwo do tso mawusubɔsubɔ me la de ŋgɔ wu nyuiwɔwɔ kple havilɔlɔ̃ si do tso eme. Woanya de dzesii be xɔse ƒe amesinɔnɔ kpɔa ŋusẽ nyui ɖe ame aɖewo dzi ya, gake ɖikeke xɔ aƒe ɖe woawo ŋutɔwo me. Nu ka tae?

Nu Bubu Siwo Na Amewo Mexɔa Mawu Dzi Se O

Wona ame geɖewo xɔ edzi se be nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia la nye nyateƒe matrɔmatrɔ. Le kpɔɖeŋu me, Albania, afi si mawudzimaxɔse xɔ aƒe ɖo lae Anila de suku le. Egblɔ be: “Wofia mí le suku be Mawu dzi xɔxɔ se nye numanyamanya kple bometsitsi. Mesrɔ̃ nu wɔnukuwo tso nu miemiewo kple nugbagbeviwo ŋu zi geɖe, gake ɖeko metsɔnɛ be nɔnɔmetɔtrɔ dzie nu siawo katã to va dzɔ, le esi míebunɛ be edzi xɔxɔ se nenema wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya ta.” Egbea la, elɔ̃ ɖe edzi be “ɖeko yewolɔ̃na ɖe numeɖeɖe siwo wonana yewo ɣemaɣi la dzi eŋumabumabui.”

Dziku si le ame aɖewo me ate ŋu anye mɔxenu na wo. Zi geɖe la, Yehowa Ðasefowo doa go nɔnɔme sia ne wole gbeƒã ɖem tso mɔkpɔkpɔ si ŋu Biblia ƒo nu tso la ŋu na amewo tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu. Ðasefo sɔhɛ aɖe kpɔ nu sia teƒe esi wòyi gbeƒã ɖe ge na Bertil, si ŋu míeƒo nu tso va yi. Bertil ɖo ŋku edzi be yegblɔ le ta me be: ‘Oo, mawusubɔsubɔ ŋuti zazɛ̃nyahela; wò nu wɔ nublanui nam ŋutɔ. Dɔ vlo ko nèwɔ be yeva afi sia!’ Egblɔ be: “Mena wòge ɖe eme, eye mete dziku si le menye ɖe Mawu, Biblia, kple mawusubɔsubɔ ŋu la ɖeɖe kɔ ɖe edzi.”

Numadzɔmadzɔwɔwɔ ɖe fu na Gus, si tso Scotland la vevie. Le gɔmedzedzea me la, ehea glãka kple Yehowa Ðasefowo vevie. Ebia nya siwo sɔ kple esiwo Hebritɔ nyagblɔɖila Xabakuk bia Mawu la be: ‘Nu ka ŋuti nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm, eye nèle hiãkame kpɔm kple ŋku?’—Xabakuk 1:3.

Ale si wòdze abe ɖe Mawu mele naneke wɔm tso vɔ̃ɖinyenye ŋu o ene la hã ɖe fu na ameƒomea hena ɣeyiɣi didi aɖe. (Psalmo 73:2, 3) Simone de Beauvoir, si nye Fransetɔ agbalẽŋlɔla aɖe, gblɔ kpɔ be: “Enɔ bɔbɔe nam be mexɔe ase be menye ame aɖekee wɔ xexea o tsɔ wu be maxɔe ase be Wɔla aɖe li evɔ mele naneke wɔm tso nu manyatalenu siwo katã le edzi yim le xexea me ŋu o.”

Gake ɖe ale si subɔsubɔha geɖewo mete ŋu le numekɔkɔ nam ku ɖe nu manyatalenu siawo ŋu o la fia be numekɔkɔ aɖeke meli oa? Gus gblɔ be yeva ke ɖe “numeɖeɖe fakɔname siwo ku ɖe nu si tae Wɔla ŋusẽkatãtɔ la ɖe mɔ be amegbetɔwo nakpe fu hena ɣeyiɣi aɖe” la ŋu mlɔeba. Egblɔ kpee be: “Esia he tɔtrɔ vevi aɖe va nye agbe me.” *

Le nyateƒe me la, ɖikeke anya nɔ mawudzimaxɔsela aɖewo me ku ɖe nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti nufiafia la ŋu, woanya nɔ sesem le wo ɖokuiwo me be yewohiã Mawu, alo anya nɔ gbe dom ɖa nɛ gɔ̃ hã. Mina míakpɔ nu siwo kpe ɖe mawudzimaxɔsela kple Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖikela aɖewo ŋu wode ŋugble tso Wɔla aɖe ƒe anyinɔnɔ ŋu vevie, eye mlɔeba wova le ƒomedodo kplikplikpli me kplii la ɖa.

Nu Kae Kpe Ðe Wo Ŋu Wova Xɔ Wɔla Aɖe Ƒe Anyinɔnɔ Dzi Se?

Ðekakpui si va srã Bertil kpɔ la na wòkpɔe kɔtɛ be vovototo gã aɖe le Kristotɔnyenye vavãtɔ kple subɔsubɔha siwo blea wo ɖokuiwo be yewonye Kristotɔwo la dome. Bertil ɖe nu me tso nu si wɔ dɔ ɖe edzi wu numeɖeɖe nyui siwo ku ɖe Wɔla ƒe anyinɔnɔ ŋu la ŋu be: “Mekpɔ ŋudzedze ɖe dzigbɔɖi si gbegbe wòɖe fiam ɣeyiɣi didi aɖe, togbɔ be nyemexɔa eƒe nyawo dea eme o hã la ŋu ŋutɔ. . . . Ewɔa nu ɖe ŋunye tufafatɔe, eye wòtsɔa agbalẽ aɖe vana nam ɣesiaɣi hedzrana ɖo ɖe numeɖeɖe siwo wòanam la hã ŋu nyuie.” *

Svetlana, si dzi nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti nufiafia kple Kɔmiunisttɔwo ƒe nukpɔsusu kpɔ ŋusẽ ɖo la xɔ nya sia si nye “sesẽawoe tsia agbe” la dzi se. Ke hã, agbenɔnɔ ŋuti nukpɔsusu totro sia ɖea fu nɛ. Nu siwo wofiae le atikeŋutinunya suku la gana wòtɔtɔ ɖe edzi; egblɔ be: “Míesrɔ̃ nu tso sesẽawoe tsia agbe ƒe nya la ŋu le sukua ƒe nusɔsrɔ̃ si ku ɖe mawudzimaxɔse ŋu me. Gake le atikeŋutinunya ƒe nusɔsrɔ̃wo ya me la, wofia mí be ele be míakpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu.” Nu si hã gaɖea fu nɛ ye nye be, nenye nyateƒee wònye be kese mee amegbetɔwo dzɔ tso la, nu ka tae seselelãmekuxiwo ɖea fu na amegbetɔwo evɔ meɖea fu na kesewo ya o. Mekpɔ nya manyatelenu siawo ŋuti numekɔkɔ tso afi si nyemekpɔ mɔ be makpɔe le o: “Mamanye zã Biblia tsɔ ɖe nu me nam be míaƒe blibomademade gbɔe wòtso be seselelãmekuxiwo ɖea fu na mí.” Svetlana kpɔ dzidzɔ hã ŋutɔ be Biblia kpe ɖe ye ŋu yekpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi aɖewo, abe nu si ta ame nyuiwo kpea fu ɖo ene.

Leif, si nye Scandinaviatɔ la xɔ nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti nufiafiaa dzi se vevie, eye wòbua Biblia be emenyawo nye glitoto aɖe ko. Gake gbe ɖeka la, xɔlɔ̃a aɖe he nya ɖe eƒe dzixɔsewo ŋu be: “Ènya be ame bubuwo ƒe nyawo koe wò hã nèsena nɔa gbɔgblɔm, evɔ wò ŋutɔ menya naneke tso Biblia ŋu oa?” Leif ɖe nu me tso ŋusẽ si nya mawo kpɔ ɖe edzi la ŋu be: “Mede dzesii be nyemeku nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti nufiafia la me kpɔ o, ɖeko mexɔe de eme nenema ko. . . . Menyae be hekpe ɖe nu bubuwo ŋu la, Biblia me nyagblɔɖiwo kple wo me vava ŋuti sidzedze ate ŋu akpe ɖe mawudzimaxɔsela ŋu wòabu ta me vevie.”—Yesaya 42:5, 9.

Dunyahehemenuwɔnawo va ɖe dzi le Ciarán si ŋu míeƒo nu tso do ŋgɔ la ƒo vevie le eɖokui ƒoƒo ɖe wo me hena ƒe gbogbo aɖewo megbe. Esime wònɔ ŋugble dem tso agbea ŋu la, nya sia va susu me nɛ be: Mawu ŋusẽkatãtɔ lɔ̃ame aɖe koe ate ŋu akpɔ kuxi siwo le anyigba dzi la gbɔ ahakpe ɖe amegbetɔwo ŋu woado le nɔnɔme wɔnublanui si me wole la me. Azɔ exa nu le eɖokui me vevie be: ‘Oo, aleke mawɔ ake ɖe Mawu sia ŋu?’ Etsɔ vevesese do gbe ɖa be: “Ne èli hele to ɖomem vavã la, ke meɖe kuku na manya, eye kpe ɖe ŋunye makpɔ ta na nɔnɔme sesẽ siwo me tom mele, eye nàɖe ameƒomea tso fukpekpe siwo me tom wòle la me.” Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Yehowa Ðasefo aɖe va ƒo ʋɔ nɛ. Ðasefoa ɖe nu me nɛ tso nu si Biblia fia ku ɖe ŋusẽtɔ vɔ̃ɖi si le megbe na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo la ŋu. (Efesotɔwo 6:12) Numeɖeɖe sia ɖo kpe nu siwo teƒe Ciarán ŋutɔ kpɔ la ƒe nyateƒenyenye dzi nɛ, eye wòʋãe wòdi be yeaganya nu geɖe tso nya sia ŋu. Esi wòlɔ̃ wova srɔ̃ Biblia kplii zi gbɔ zi geɖe la, eva xɔ edzi se be Wɔla lɔ̃ame aɖe li, eye eƒe xɔse sia yi edzi nɔ sesẽm ɖe edzi.

Ƒomedodo Me Nɔnɔ Kple Ameƒomea Wɔla La

Mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔwɔwo, abe mawudzimaxɔselawo ƒe nufiafia si ku ɖe nɔnɔmetɔtrɔ ŋu la ene, kple ale si gbegbe vɔ̃ɖinyenye bɔ ɖe xexea me la wɔe be ame geɖe kea ɖi le Wɔla aɖe ƒe anyinɔnɔ ŋu, alo gblɔna be meli kura o. Ke hã, ne wò ŋutɔ nèɖe mɔ la, Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖo fakɔnamewo na biabia siwo ɖea fu na wò. Eɖe ta me si Mawu ɖo ɖe mía ŋu hã fia, “ŋutifafa ƒe ta mee, ke menye vɔ̃ tɔ o, ne [wòana] etsɔme kple mɔkpɔkpɔ [mí].” (Yeremiya 29:11, NW) Le Bernadette, ame si meka ɖe Wɔla aɖe ƒe anyinɔnɔ dzi o, si vi nye nuwɔametɔ gome la, mɔkpɔkpɔ sia fa akɔ nɛ le eƒe fukpekpewo me, abe atike aɖee wotsɔ ɖo abi siwo nu siawo de eƒe dzi ŋu la dzi ene.

Numeɖeɖe si Biblia na ku ɖe nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo ŋu la de dzi gbɔ na ame geɖe siwo nye mawudzimaxɔselawo tsã la, eye wòna wotrɔ susu. Ne ègbɔ dzi ɖi di ŋuɖoɖo na nyabiase vevi siawo le Biblia me la, wò hã àva ka ɖe edzi be, nyateƒee, Mawu aɖe li si “mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.”—Dɔwɔwɔwo 17:27.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Be nànya ne esɔ be Kristotɔ vavã nakpɔ gome le aʋawɔwɔ me la, kpɔ nyati si nye “Ðe Wòsɔ Be Kristotɔwo Nayi Aʋa?” si dze le axa 29-31.

^ mm. 22 Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe axa 106 va se ɖe 114 hena numekɔkɔ bubu siwo ku ɖe nu si ta Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo ŋu.

^ mm. 25 Kpɔ September 2006, ƒe yevugbe me Nyɔ! si ƒe tanyae nye “Is There a Creator?” (Y a-​t-​il un Créateur ?), si Yehowa Ðasefowo ta, hena numekɔkɔ bubu siwo ku ɖe Wɔla aɖe ƒe anyinɔnɔ ŋu.

[Aɖaka si le axa 13]

Nyabiase Siwo Nɔnɔmetɔtrɔŋutinufialawo Mekpɔ Ŋuɖoɖo Na O

• Alekee agbe ate ŋu adzɔ tso nane si me agbe mele o me?—PSALMO 36:10.

• Nu ka tae lãwo dzina le wo ƒomeviwo ko nu eye nu miemiewo hã miena wo tɔ wo tɔwoe?—1 MOSE 1:11, 21, 24-28.

• Ne amegbetɔ dzɔ tso kese me la, nu ka tae ame-ɖi-kese aɖeke megali o? —PSALMO 8:6, 7.

• Alekee sesẽawoe tsia agbe ƒe nya la wɔ ɖeka kple nyuiwɔwɔ na ame havi ƒe nɔnɔme si le mía si le dzɔdzɔme nu? —ROMATƆWO 2:14, 15.

• Ðe mɔkpɔkpɔ vavã aɖe li na ameƒomea le etsɔmea?—PSALMO 37:29.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12, 13]

Aleke wòanya wɔ be Mawu lɔ̃ame nawɔ xexe aɖe si me ɖeviwo anɔ fu kpem le?

Mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔwɔwo wɔe be ame geɖewo gbe Mawu dzi xɔxɔ se