Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vatican Codex La Nu Ka Tae Wònye Kesinɔnu?

Vatican Codex La Nu Ka Tae Wònye Kesinɔnu?

Vatican Codex La Nu Ka Tae Wònye Kesinɔnu?

NU XƆASI geɖe le Vatikan nudzraɖoƒea. Wodea asixɔxɔ gã aɖe eƒe gliŋunutatawo, nɔnɔme wɔwɔewo, kple xɔtuɖaŋuwo ŋu ŋutɔ le woƒe atsyɔ̃ kple ale si wonya kpɔe ta. Ke hã, womeɖe mɔ be woakpɔ nu xɔasi siwo le afi ma la dometɔ ɖeka aɖe o, hena ƒe alafa geɖewo. Asinuŋɔŋlɔgbalẽ vevi aɖe si kɔ Mawu ƒe Nya la, si woŋlɔ ƒe akpe geɖewoe nye ema, ƒe akpa geɖewo me la, le Vatikan Ƒe Agbalẽdzraɖoƒea. Wona ŋkɔe be Vatican Codex. *

Alexandrine kple Sinaitic, siwo nye blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxoetɔ siwo li la dometɔ eve siwo ŋu agbalẽnyalagãwo dea asixɔxɔe ŋutɔ la, ƒe ŋutinya siwo ku ɖe ale si wowɔ ke ɖe wo ŋu kple ale si wokpɔ wo tae ŋu la ɖe dzesi ŋutɔ. Gake womenya nu geɖe tso Vatican Codex la ya ŋu o.

Kesinɔnu Ɣaɣla Aɖe

Afi kae Vatican Codex la dzɔ tso? Eƒe ŋutinya xoxoetɔ kekeake si ŋu woke ɖo la dze le ƒe alafa 15 lia me agbalẽdzraɖoƒe nuŋlɔɖigbalẽ aɖe si le Vatikan Ƒe Agbalẽdzraɖoƒea la me. Agbalẽnyalagãwo do susua ɖa be anye Egipte, Kaisarea, alo Roma gɔ̃ hãe woanya ŋlɔe le. Gake esi Nufialagã J. Neville Birdsall si le Birmingham Yunivɛsiti, England, dzro nya siawo me vɔ la, eƒo nya ta be: “Kpuie ko la, míate ŋu aɖo kpe ɣeyiɣi alo teƒe si tututu Codex Vaticanus la dzɔ tso la dzi o, eye togbɔ be agbalẽnyalawo dze agbagba ŋutɔ hã la, womete ŋu ke ɖe eƒe ŋutinya aɖeke ŋu do ŋgɔ na ƒe alafa wuiatɔ̃lia o.” Ke hã, woƒoa nu tso Vatican Codex la ŋu be enye Biblia bliboa ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ vevitɔwo kekeake dometɔ ɖeka. Nu ka tae?

Le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la, nugbugbɔgaŋlɔlawo wɔ vodada aɖewo le Biblia me nyaawo gbugbɔgaŋlɔ me. Eya ta nu si va zu kuxi na gbegɔmeɖela siwo di be yewoaɖe Biblia me nyawo gɔme pɛpɛpɛ lae nye keke ɖe asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo dzi woate ŋu aka ɖo, siwo wɔ ɖeka kple nuŋlɔɖi gbãtɔwo la ŋu. Eya ta kpɔ ale si gbegbe agbalẽnyalagãwo adi vevie be yewoato Vatican Codex la, si nye Helagbe me Biblia si woŋlɔ kple asi le ƒe alafa enelia M.Ŋ. me, si mede ƒe 300 tso esime wowu Biblia bliboa ŋɔŋlɔ nu o la mee ɖa le susu me! Hebri Ŋɔŋlɔawo kple Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽwo katã dze le asinuŋɔŋlɔgbalẽ sia me, negbe akpa ʋɛ aɖewo koe bu esi ɣeyiɣiawo va le yiyim.

Vatikan megãwo gbe asiɖeɖe le codex la ŋu na Biblia ŋuti nunyalawo hena ƒe geɖe. Ŋɔŋlɔawo ŋuti nunyala xɔŋkɔ Aƒetɔ Frederic Kenyon gblɔ be: “Le ƒe 1843 me la, woɖe mɔ na [Biblia ŋuti nunyalagã Konstantin von] Tischendorf be wòakpɔe hena gaƒoƒo ade ko, le esi wòlala hena ɣleti gbogbo aɖewo megbe. . . . Le ƒe 1845 me la, woɖe mɔ na Eŋlisiawo ƒe agbalẽnyalagã Tregelles be wòakpɔe, gake be mele be wòakɔpi emenya aɖeke o.” Tischendorf gabia be woaɖe mɔ na ye yeagakpɔ asinuŋɔŋlɔgbalẽ sia ake, gake esi wòkɔpi axa 20 le ŋkeke enyi me megbe la, womegaɖe mɔ nɛ be wòayi edzi o. Ke hã, Kenyon ƒe nyatakakawo ɖee fia be, “le kukuɖeɖe vevie ake megbe la, wòɖe mɔ nɛ be wòayi eƒe dɔa dzi hena ŋkeke ade bubu, si wɔe be ɣeyiɣi siwo katã wòtsɔ wɔ dɔ tso asinuŋɔŋlɔgbalẽ sia ŋu ɣemaɣi la va le ŋkeke wuiene, si me wòzã gaƒoƒo etɔ̃ le gbe sia gbe; eye esi Tischendorf wɔ ɣeyiɣi siawo ŋu dɔ nyuie ta la, ete ŋu gbugbɔŋlɔ asinuŋɔŋlɔgbalẽ sia pɛpɛpɛ heɖee ɖe go le ƒe 1867 me.” Emegbe Vatikan megãwo hã va wɔ asinuŋɔŋlɔgbalẽa ƒe kɔpi yeye.

‘Esɔ Kple Esi Dzi Wokpɔ Gbugbɔ Ŋlɔ La Pɛpɛpɛ’

Alekee Vatican Codex la me nyawo le? Agbalẽ aɖe gblɔ be “ale si woŋlɔ nya ɖeka tɔgbiwo le teƒe vovovoawo la to mɔ ɖeka, eye emenyawo de pɛpɛpɛ, le esi wònye beléle tɔxɛe wotsɔ gbugbɔ ŋlɔ woe ta.” (The Oxford Illustrated History of the Bible) Agbalẽ sia ke gblɔ kpee be: “Eya ta míate ŋu aƒo nya ta be asinuŋɔŋlɔgbalẽ sia nye esi agbalẽnyalagãwo tsɔ beléle tɔxɛ gbugbɔ ŋlɔ.”

Agbalẽnyalagã xɔŋkɔ eve siwo dzi asixɔxɔ si gbegbe le Vatican Codex la ŋu wɔ dɔ ɖo vevie lae nye B. F. Westcott kple F.J.A. Hort. Woƒe Biblia si nye New Testament in the Original Greek, si woɖe ɖe go le ƒe 1881 me, si wotu ɖe Vatican kple Sinaitic asinuŋɔŋlɔgbalẽawo dzi lae kpɔtɔ nye asinuŋɔŋlɔgbalẽ vevitɔ siwo dzi egbegbe gbegɔmeɖela geɖewo tu Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, siwo dome The Emphasised Bible, si J. B. Rotherham ta, kple New World Translation hã le la ɖo.

Gake ɖeklemiɖela aɖewo bui be mesɔ be Westcott kple Hort naka ɖe Vatican Codex la dzi nenema gbegbe o. Ðe wogbugbɔ ŋlɔ asinuŋɔŋlɔgbalẽ sia me nyawo wosɔ pɛpɛpɛ ɖe ŋɔŋlɔ gbãtɔawo nua? Bodmer ƒe aƒlagbalẽ siwo wogbugbɔ ta le ƒe 1956 kple 1961 dome la do dzidzɔ na agbalẽnyalagãwo ale gbegbe, le esi Luka kple Yohanes ƒe agbalẽawo ƒe akpa aɖewo, siwo woŋlɔ le ƒe alafa etɔ̃lia M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze me, dze le wo me ta. Ðe wo me nyawo sɔ ɖe nya siwo va dze le Vatican Codex la me emegbe la nua?

Philip B. Payne kple Paul Canart ŋlɔ ɖe Novum Testamentum me be: “Ðekawɔwɔ ɖedzesi aɖe le Vaticanus la kple Bodmer ƒe aƒlagbalẽ siwo ŋu woke ɖo la me nyawo dome. Esia na susu le eme be míaƒo nya ta be ame gbãtɔ si gbugbɔ ŋlɔ Vaticanus asinuŋɔŋlɔgbalẽa la anya kɔpi nyaawo tso asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖe si anya de sɔsɔ ge kple Bodmer ƒe aƒlagbalẽa pɛpɛpɛ la me. Ðewohĩ asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxo aɖe loo alo esi wotu ɖe xoxotɔ aɖe dzi la mee nugbugbɔŋlɔla sia kɔpi nyaawo tso.” Nufialagã Birdsall gblɔ be: “Asinuŋɔŋlɔgbalẽ eveawo me nyawo wɔ ɖeka kple wo nɔewo ale gbegbe. . . . Beléle bliboe wotsɔ gbugbɔ ŋlɔ [Codex la] me nyawo: ale si woŋlɔe la sɔ kple esi dzi wokpɔ gbugbɔ ŋlɔ la pɛpɛpɛ.”

Eɖe Vi Na Gbegɔmeɖelawo

Enye nyateƒe be asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖe ate ŋu anye xoxoetɔ kekeake, evɔ manye esi wɔ ɖeka kple nuŋlɔɖi gbãtɔa pɛpɛpɛ o. Ke hã, Vatican Codex la tsɔtsɔ sɔ kple asinuŋɔŋlɔgbalẽ bubuwo kpe ɖe agbalẽnyalawo ŋu wonya nu si tututu nɔ nuŋlɔɖi gbãtɔawo me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gbalẽ vovovo siwo me woŋlɔ ŋutinyamenudzɔdzɔwo ɖo, tso Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ va se ɖe Kronika Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa dzi, la dometɔ geɖe menɔ Sinaitic Asinuŋɔŋlɔgbalẽa ƒe akpa siwo ŋu wòke ɖo, si hã woŋlɔ le ƒe alafa enelia M.Ŋ. me, la me o. Gake woƒe dzedze le Vatican Codex la me na wokpɔ kakaɖedzi be wole Biblia gbalẽwo dome vavã.

Le The Oxford Illustrated History of the Bible ƒe nya nu la, “nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Kristo kple Mawuɖekaetɔ̃ kɔkɔea ŋu” la koŋ ŋue agbalẽnyalawo hea nya le. Alekee Vatican Codex la na wokpɔ numekɔkɔ ku ɖe nya sia ŋu?

Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi. Abe ale si wòdze le Yohanes 3:13 ene la, Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke melia yi dziƒo o, negbe ame si ɖi tso dziƒo va la ko, si nye Amegbetɔvi la.” Gbegɔmeɖela aɖewo tsɔ nya siawo kpee be, “si le dziƒo.” Nya siawo siwo wotsɔ kpee la na wodze abe Yesu nɔ dziƒo hafi ganɔ anyigba dzi le ɣeyiɣi ma ke me ene—si nye nukpɔsusu si de Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la dzi. Nya ma siwo wotsɔ kpee la dze le asinuŋɔŋlɔgbalẽ ʋɛ aɖewo si nɔ anyi le ƒe alafa atɔ̃lia kple ewolia M.Ŋ. me la me. Gake esi nya siawo medze le Vatican kple Sinaitic asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxoetɔawo me o ta la, egbegbe gbegɔmeɖela geɖewo hã ɖe wo le eme. Esia ɖe tɔtɔ si nɔ anyi ku ɖe ame si tututu Kristo la nye ŋu la ɖa eye wòwɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa susɔeawo. Yesu menɔ teƒe eve le ɣeyiɣi ɖeka me o, ke boŋ dziƒoe wòtso va eye wògatrɔ “lia yi” Fofoa gbɔ le dziƒo.—Yohanes 20:17.

Vatican Codex la gana numekɔkɔ geɖe le mawunyakpukpui siwo ku ɖe tameɖoɖo si le Mawu si na anyigba la ŋu. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi. Le Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me gɔmeɖeɖea ƒe nya nu la, apostolo Petro gblɔ nya ɖi be “anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ.” (2 Petro 3:10) Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo hã zã nya mawo ke, siwo wotu ɖe ƒe alafa atɔ̃lia me Alexandrine Codex la kple asinuŋɔŋlɔgbalẽ bubu siwo wova ŋlɔ emegbe la dzi. Esia na Biblia srɔ̃la dovevienu geɖewo ƒo nya ta be Mawu gbɔna anyigba la ŋutɔ tsrɔ̃ ge.

Gake ƒe alafa ɖeka lɔƒo do ŋgɔ na Alexandrine Codex la ŋɔŋlɔ la, Vatican Codex (kple asinuŋɔŋlɔgbalẽ bubu si nɔ anyi ɣemaɣi, si nye Sinaitic) la ɖe Petro ƒe nyagblɔɖia gɔme be “anyigba kple dɔwɔwɔ siwo le eme la adze ƒãa.” Ðe esia wɔ ɖeka kple Biblia me nya susɔeawoa? Nenema tututue! Anyigba la ŋutɔ “maʋã akpɔ o ɖaa tegbee.” (Psalmo 104:5, NW) Gake alekee anyigba la ‘adze ƒãae’? Ŋɔŋlɔ bubuwo ɖee fia be woate ŋu azã nya “anyigba” le kpɔɖeŋumɔ nu. Wogblɔ tso “anyigba” ŋu be eƒo nu eye wòdzi ha. (1 Mose 11:1, NW; Psalmo 96:1) Eya ta wote ŋu zãa nya “anyigba” wòfiana ameƒomea, alo amegbetɔwo. Ðe mefaa akɔ na mí be míanya be Mawu mele anyigba la ŋutɔ tsrɔ̃ ge gbeɖe o, ke boŋ be ɖee woava ɖe vɔ̃ɖinyenye siwo yia edzi le edzi kple ame siwo donɛ ɖe ŋgɔ la ɖe go ƒãa oa?

“Anɔ Anyi Tegbee”

Nublanuitɔe la, woxe mɔ ɖe Vatican Codex la nu hena ƒe alafa geɖe, si wɔe be zi geɖe la, Biblia me nya aɖewo ƒe gɔmesese vavãtɔ mesua Biblia xlẽla aɖewo si o. Gake tso esime wota Vatican Codex la kple egbegbe Biblia gɔmeɖeɖe siwo dzi woate ŋu aka ɖo la, ekpe ɖe nyateƒea dilawo ŋu be wova nya nu si tututu Biblia la fia.

Zi geɖe la, nugbugbɔŋlɔla gbãtɔawo ŋlɔa nya siawo ɖe woƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽwo me be: “Asi siwo ŋlɔ nya siawo la nyunyɔ ɖe yɔdo me, gake nu siwo woŋlɔ la ya li tegbee.” Egbea la, míekpɔa ŋudzedze geɖe ɖe ame siawo siwo míenya o, siwo ku kutri gbugbɔ ŋlɔ nya siawo la ŋu. Gake Biblia la ta kpɔkpɔ ƒe kafukafu gãtɔ yi na Ame si ƒe agbalẽ wònye, si ƒe gbɔgbɔ ʋã eƒe nyagblɔɖila aɖe wòŋlɔ ɖi gbe aɖe gbe ke be: “Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke mía Mawu ƒe nya anɔ anyi tegbee.”—Yesaya 40:8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Wogayɔa Vatican Codex la be Vatican Manuscript 1209, alo Codex Vaticanus, eye agbalẽnyalagãwo tsɔ ŋɔŋlɔdzesi si nye “B” dea dzesii. Codex sia ƒe dzedzeme le abe ale si egbegbe gbalẽwo le ene. Kpɔ nyati si nye “Tso Agbalẽxatsaxatsa Dzi Yi Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ Dzi—Ale Si Biblia Wɔ Va Zu Agbalẽ,” si dze le magazine sia ƒe tata si nye June 1, 2007 tɔa me.

[Aɖaka si le axa 20]

Ale Si Wowɔ Nya Ɣeyiɣi Siwo Me Woŋlɔ Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo

Togbɔ be nugbugbɔgaŋlɔla aɖewo ŋlɔa ɣeyiɣi si me wowu woƒe dɔa nu ɖi hã la, nyatakaka vevi siawo medze le Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ akpa gãtɔ me o. Ke aleke agbalẽnyalagãwo wɔna te ŋu nyaa ɣeyiɣi si me woŋlɔ Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖe? Ale si ko gbegbɔgblɔwo kple aɖaŋudɔwo toa vovo tso dzidzime yi dzidzimee la, nenema kee asinuŋɔŋlɔwo hã toa vovoe. Le kpɔɖeŋu me, ŋɔŋlɔdzesi gã siwo xa vie eye nuŋɔŋlɔawo nɔa fli me nyuie lae ƒe alafa enelia M.Ŋ. kple ƒe alafa geɖe siwo kplɔe ɖo la me tɔwo zã le nuŋɔŋlɔ me. Agbalẽnyalagãwo tsɔa beléle léa ŋku ɖe asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo ŋlɔɣi womenya o la ƒe nuŋɔŋlɔwo ŋu nyuie hetsɔa wo sɔna kple esiwo ɖi wo, siwo ŋlɔɣi wonya eye wote ŋu nyaa ɣeyiɣi si tututu me lɔƒo woŋlɔ wo.

Gake seɖoƒewo li na mɔnu sia hã. Princeton Osɔfosuku Nufialagã Bruce Metzger gblɔ be: “Esi wònye ame ƒe asinuŋɔŋlɔ metrɔna boo le eƒe agbemeŋkekewo me o ta la, masɔ be woaɖo ɣeyiɣi siwo me lɔƒo woanya ŋlɔ asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖe la ƒe didime wòaɖiɖi wu ƒe blaatɔ̃ o.” Agbalẽnyalagãwo dometɔ akpa gãtɔ nɔ te ɖe ɣeyiɣikɔntabubu ŋuɖɔɖotɔe alea dzi lɔ̃ ɖe edzi be ƒe alafa enelia M.Ŋ. mee woŋlɔ Vatican Codex la.