Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Edze Agbagba Ðu Vɔvɔ̃ Kple Ðikeke Dzi

Edze Agbagba Ðu Vɔvɔ̃ Kple Ðikeke Dzi

Srɔ̃ Woƒe Xɔse

Edze Agbagba Ðu Vɔvɔ̃ Kple Ðikeke Dzi

PETRO gbla ɖe atablu la ŋu le tɔa dzi le viviti la me. Kekeli sue aɖe kpɔmee wòle le tɔa ƒe yɔyrɔenu ɖaa le ɣedzeƒe gome, si fia be agudzeɣi ɖo mlɔeba? Eƒe dzime kple abɔtawo katã nɔ evem le tɔdziʋua kuku gaƒoƒo geɖe ta. Ya si nɔ ƒoƒom sesĩe, si nɔ ta dzi tom nɛ papapa la, na Galilea Ƒua dze agbo vevie. Ƒutsotsoewo nɔ mimlim va nɔ tɔdziʋua ƒe ŋgɔgbe lɔm henɔ tsi hlẽm ɖe eŋu, si na ye ametia katã ƒo tsi. Eyi edzi nɔ ʋua kum ŋkubiãtɔe.

Yesu ya tsi ƒua to hafi Petro kple eƒe zɔhɛawo dze ƒudzimɔzɔzɔ sia gɔme. Gbe ma gbe la, wokpɔ eteƒe Yesu tsɔ abolo kple tɔmelã ʋɛ aɖewo ko nyi ame akpe geɖewo nukutɔe. Esia wɔe be ameawo di be yewoalé Yesu aɖo fiae, gake medi be yeade nu dunyahenuwɔna aɖeke me o. Eɖoe kplikpaa be yeakpe ɖe ye yomedzelawo hã ŋu woaƒo asa na nu sia tɔgbi. Esi wòna amehawo dzo vɔ la, ebia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woaku tɔdziʋua ayi ƒua ƒe go kemɛ, esime eya ŋutɔ yi to la dzi be yeaɖado gbe ɖa.—Marko 6:35-45; Yohanes 6:14, 15.

Dzinu si de sɔsɔ ge tegblee la nɔ dzedzem le dzi ɖaa esime nusrɔ̃laawo dze mɔ; fifia enɔ ɖiɖim blewu yina ɖe anyime ʋĩi le ɣetoɖoƒekpa dzi. Ke hã, kilometa ʋɛ aɖewo ƒe mɔ koe nye ema wote ŋu zɔ. Agbagbadzedze blibo si tɔdziʋua kuku bia kple ale si yaƒoƒoa nu sẽe kpakple ƒutsotsoeawo ƒe adãwɔwɔ atraɖii wɔe be dzeɖoɖo kple ame nɔewo zu dɔ. Anɔ eme godoo be Petro nɔ ŋugble dem vevie.

Nu gbogbo kawo gbegbee nye esi ŋu wòanya nɔ bubum! Ƒe eve kple edzivɔ siwo yɔ fuu kple nudzɔdzɔ vovovowo lae wòtsɔ nɔ Yesu Nazaretetɔ la yome. Esrɔ̃ nu gbogbo aɖewo ŋutɔ, gake nu geɖewo gakpɔtɔ li wòasrɔ̃. Ale si wòlɔ̃ faa be yeasrɔ̃e, si nye ale si wòadze agbagba aɖu vɔvɔ̃ kple ɖikeke dzi, la na wòzu kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe si wòle be míasrɔ̃. Mina míakpɔ ale si wòwɔ esiae ɖa.

“Míekpɔ Mesia La”!

Petro maŋlɔ ŋkeke si dzi wòkpɔ Yesu Nazaretetɔ la be akpɔ gbeɖe o. Nɔviaŋutsu, Andrea, ye va gblɔ nya nyui wɔnuku sia nɛ gbã be: “Míekpɔ Mesia la.” Nya mawo sese te tɔtrɔwo hehe va Petro ƒe agbe me. Maganɔ agbe abe ale si wònɔnɛ tsã ene gbeɖe o.—Yohanes 1:41.

Petro nɔ Kapernaum, si nye ƒutadu si nɔ Galilea Ƒua, si nye ta aɖe si menye dzetsi o la to. Woa kple Andrea kpakple Yakobo kple Yohanes, siwo nye Zebedeo viwo, wodea tɔƒo ɖekae. Menye Petro kple srɔ̃a koe nɔ aƒe me o, ke nɔviaŋutsu Andrea kple lɔ̃xoa hã nɔ egbɔ. Edze ƒãa be ƒome blibo sia dzi kpɔkpɔ to tɔƒodede me bia dɔ sesẽ wɔwɔ, kutrikuku, kple aɖaŋudzedze geɖe. Míate ŋu akpɔ kutri si gbegbe ŋutsu siawo kuna zã sia zã nɔa woƒe ɖɔwo dam hehea lã ɖe sia ɖe si ge ɖe ɖɔawo me la toa tɔdziʋu eveawo dome va go ta la ɖa le susu me. Míate ŋu akpɔ kutrikuku siwo yia edzi gaƒoƒo geɖe le ŋkeke me la hã le susu me; wonɔa tɔmelãwo me tiam henɔa wo dzram, wonɔa ɖɔwo dzram ɖo henɔa wo kpalam.

Biblia gblɔ na mí be Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe nusrɔ̃vie Andrea nye. Anɔ eme godoo be Petro se Yohanes ƒe gbeƒãɖeɖewo ŋuti nya dodzidzɔname geɖewo tso nɔvia gbɔ. Gbe ɖeka la, Andrea nɔ eteƒe esime Yohanes nɔ asi fiam Yesu Nazaretetɔ la hegblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi lae nye esi!” Enumake Andrea zu Yesu yomedzela, eye wova gblɔ nya nyui sia na Petro be: Mesia la va ɖo! (Yohanes 1:35-40) Anɔ abe ƒe 4,000 aɖewo do ŋgɔ na ɣemaɣi, esime mía dzila gbãtɔawo dze aglã le Eden la, Yehowa Mawu do ŋugbe be ame tɔxɛ aɖe ava he mɔkpɔkpɔ vavã vɛ na ameƒomea. (1 Mose 3:15) Andrea kpɔ Ðela sia si nye Mesia la! Petro hã ɖe abla va kpe Yesu.

Va de asi na ɣemaɣi la, ŋkɔ si wonya na Petroe nye Simon. Gake Yesu kpɔe dũu hegblɔ nɛ be: “‘Wòe nye Simon, Yohanes vi; woayɔ wò be Kefas’ (si gɔme woɖe be Petro).” (Yohanes 1:42) “Kefas” nye ŋkɔ si gɔmee nye “kpe,” alo “agakpe.” Edze ƒãa be nyagblɔɖie Yesu ƒe nya siawo nye. Ekpɔe do ŋgɔ be Petro ava nɔ abe agakpe ene—anye ame like, si anɔ te sesĩe, si dzi woate ŋu aka ɖo, eye wòakpɔ ŋusẽ nyui ɖe Kristo yomedzelawo dzi. Ðe Petro ŋutɔ hã bu eɖokui nenema? Míeka ɖe edzi o. Ame geɖe siwo xlẽa Nya Nyui Gbalẽawo egbea la gɔ̃ hã mekpɔ kpeɖodzi boo aɖeke be Petro nye agakpe o. Ame aɖewo gblɔ be menye ame like ale o, enye ame si mete ŋu nɔa te sesĩe o, eye womate ŋu aka ɖe edzi bliboe o.

Gbɔdzɔgbɔdzɔwo nɔ Petro ŋu. Yesu nya esiawo nyuie. Gake abe Yehowa ene la, Yesu dzea agbagba ɣesiaɣi be yeakpɔ nu nyui si le amewo me. Yesu kpɔ nɔnɔme nyui siwo le Petro si, eye wòdi be yeakpe ɖe eŋu wòatu nɔnɔme nyui mawo ɖo woaɖe dzesi. Yehowa kple Via dia nu nyui si le míawo hã mía me egbea. Ate ŋu asesẽ na mí be míaka ɖe edzi be woate ŋu akpɔ nɔnɔme nyuiwo le mía me. Ke hã, ele be míaka ɖe wo dzi eye míalɔ̃ be woafia nu mí ahaɖɔ mí ɖo abe ale si wònɔ le Petro gome ene.—1 Yohanes 3:19, 20.

“Dzudzɔ Vɔvɔ̃”

Petro anya kplɔ Yesu ɖo yi teƒe siwo wòyi ɖaɖe gbeƒã le la dometɔ aɖewo. Ðewohĩ anya kpɔ eteƒe esi Yesu wɔ eƒe nukunu gbãtɔ, si nye ale si wòtrɔ tsi wòzu wain le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe aɖe le Kana. Nu si gaɖe dzesi wue nye be ese Yesu ƒe gbedeasi si yɔ fũu kple mɔkpɔkpɔ wɔnuku si ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Ke hã, eva gbugbɔ le eyome hegatrɔ ɖe eƒe tɔƒodededɔa ŋu. Gake le ɣleti aɖewo megbe la, Petro kple Yesu gado go ŋkume kple ŋkume ake—eye fifia ya Yesu bia tso esi be wòazu ye yomedzela koŋ le eƒe agbe me katã.

Ðeko Petro dagba ɖe yame zã bliboa katã koe nye ema. Woda ɖɔa zi gbɔ zi geɖe, gake ɖɔ ƒuƒlu koe wohena doa goe. Anɔ eme godoo be Petro zã eƒe tɔƒodeɖaŋuwo kple ŋutetewo katã be yeatsɔ akpɔ kuxia gbɔ, eda ɖɔ ɖe tɔa ƒe teƒeteƒe siwo wòsusu be lã geɖewo anɔ, gake gbeɖegbeɖea koe. Ðikekemanɔmee la, ɣeyiɣi aɖewo vana si Petro, abe tɔƒodela bubuwo ke ene la, sena le eɖokui me be ne ɖee yeate ŋu akpɔ tsia te anya afi si tututu lãwo be ɖo ahato mɔ aɖe nu ana woage ɖe ɖɔawo me la, ne anyo ŋutɔ. Gake ɖeko ebubu alea agana dzi naɖe le eƒo wu. Esia nye ŋkubiãnya na Petro, elabena eƒe lãɖeɖedɔa nue eƒe ƒomea nɔa agbe ɖo. Gake mlɔeba la, eva ɖi go lã aɖeke maɖemaɖee. Ke hã, enɔ nɛ be wòakpala ɖɔawo. Eya ta eƒe ŋku biã ɖe dɔ sia ŋu vevie esime Yesu te ɖe eŋu.

Ameha aɖewo nɔ Yesu mimim ɖo henɔ to ɖom eƒe nyawo. Esi womimi Yesu ɖo nenema ta la, ege ɖe Petro ƒe tɔdziʋua me hebia tso esi be wòakui ate ɖa le goa ŋu vie. Yesu nɔ ʋua me le tsia dzi ƒo nu na ameha la eme kɔ nyuie. Petro ɖo to eƒe nyaawo nyuie abe amehaawo ke ene. Gbeƒã si ɖem Yesu nɔ na wo ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu la sese meti Petro o. Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbe nye esi wòanye be wòakpe ɖe Kristo ŋu le gbeƒãɖeɖe mɔkpɔkpɔ ƒe gbedeasi sia na amewo le anyigba bliboa dzi me! Gake ɖe esia anya wɔa? Alekee woawɔ akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ? Ðewohĩ Petro gaɖo ŋku ale si wòdagba ɖe yame zã bliboa katã la dzi.—Luka 5:1-3.

Esi Yesu wu eƒe nuƒoa nu la, egblɔ na Petro be: “Ku ʋua yi afi si goglo, eye miɖi miaƒe ɖɔawo, ne miaɖe lã.” Ðikeke yɔ Petro me fũu. Egblɔ be: “Nufiala, míeku kutri zã blibo la katã, gake míeɖe naneke o, gake le wò nya nu la, maɖi ɖɔawo.” Le nyateƒe me la, Petro megadi kura be yeagaɖi ɖɔ ɖe tɔa me o—vevietɔ le ɣeyiɣi sia si me lãawo maganɔ nu ɖum o! Ke hã, elɔ̃ ɖe edzi, ɖewohĩ hemia asi eƒe hadɔwɔla siwo nɔ tɔdziʋu kemɛa me be woakplɔ yewo ɖo.—Luka 5:4, 5.

Esi Petro te ɖɔawo hehe la, ekpɔ be enɔ kpekpem nukutɔe. Etsɔ ɖikeke gagbla ɖe ehehe ŋu, eye eteƒe medidi o, ekpɔe be lã gbogbo aɖewo ŋutɔ nɔ ʋiʋlim le ɖɔa me! Enumake emia asi ame siwo le tɔdziʋu evelia me be woava kpe ɖe yewo ŋu. Esi wohe ɖɔawo la, wova kpɔe kɔtɛ be lãawo sɔ gbɔ akpa na tɔdziʋu ɖeka. Woɖe wo de tɔdziʋu eveawo me woyɔ ale gbegbe be ɖeko wode asi toyiyi me. Ewɔ nuku na Petro ale gbegbe be gbɔgblɔ bu ɖee. Ekpɔ Kristo ƒe nukunuwɔwɔ teƒe kpɔ, gake eya ŋutɔe wòwɔ esia ya na tẽe! Ŋutsu aɖee nye esia si te ŋu naa tɔmelãwo tea ŋu gena ɖe ɖɔwo me! Vɔvɔ̃ ɖo Petro ale gbegbe. Edze klo ɖe eƒe afɔ nu enumake gblɔ be: “Aƒetɔ, dzo le gbɔnye, elabena nu vɔ̃ wɔla menye.” Aleke wòanya wɔ be woade ha kple Ame sia si te ŋu zãa Mawu ƒe ŋusẽ le mɔ wɔnuku sia nu la?—Luka 5:6-9.

Yesu gblɔ nɛ lɔlɔ̃tɔe be: “Dzudzɔ vɔvɔ̃. Tso fifia dzi la, ànɔ amewo ɖem agbagbee.” (Luka 5:10, 11) Menye ɖikeke kple vɔvɔ̃ ƒe ɣeyiɣie nye esia o. Susu mele eme be Petro nake ɖi le gbe sia gbe nuwɔnawo, abe tɔƒodede ene ŋu o; mele be wòavɔ̃ le eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple ale si wòbunɛ be yemedze o la ŋu kura o. Dɔ geɖe nɔ Yesu si wòawɔ, si nye subɔsubɔdɔ si ahe tɔtrɔ ɖedzesi aɖe ava ameƒomea ƒe ŋutinya me. Mawu si tsɔa ‘nu vɔ̃ kena geɖe’ la ƒe dɔ wɔm wònɔ. (Yesaya 55:7) Yehowa akpɔ woƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo katã gbɔ na wo.—Mateo 6:33.

Petro wɔ nu kpata, nenema kee Yakobo kple Yohanes hã wɔe. “Woku tɔdziʋuawo va ɖi go, eye wogblẽ nu sia nu ɖi hedze eyome.” (Luka 5:11) Petro xɔ Yesu kple Ame si dɔe ɖa la dzi se. Esia nye nyametsotso nyuitɔ kekeake si wòate ŋu awɔ. Kristotɔ siwo ɖu woƒe ɖikeke kple vɔvɔ̃ dzi hele Mawu subɔm egbea la hã wɔ nu le xɔse me. Woƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu alea mazu dzodzro gbeɖe o.—Psalmo 22:5, 6.

“Nu Ka Tae Nèke Ði?”

Ƒe eve aɖewo le Petro ƒe gododo Yesu megbe la, Petro nɔ tɔdziʋu kum to Galilea Ƒua dzi le zã ma si me ya nɔ ƒoƒom sesĩe la me, abe ale si míeƒo nu tso eŋu le nyati sia ƒe gɔmedzedze ene. Nyateƒee, míate ŋu anya nu siwo ŋu Petro anya nɔ bubum o. Nu geɖewo li siwo ŋu wòate ŋu abu! Yesu da dɔ na Petro lɔ̃xo. Egblɔ Todzimawunya la hã. Eɖee fia to eƒe nufiafia kple nukunuwɔwɔwo dzi enuenu be yenye Yehowa ƒe Ame Tiatia, si nye Mesia la. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, edze ƒãa be Petro ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, abe ale si wòɖea vɔvɔ̃ kple ɖikeke ƒe seselelãme fiana ene la dzi ɖe kpɔtɔ. Yesu tia Petro de eƒe apostolo 12-awo dome gɔ̃ hã! Ke hã, Petro meɖu vɔvɔ̃ kple ɖikeke dzi keŋkeŋ o, abe ale si wòava kpɔe ene.

Le zã ƒe ŋudzɔɣi enelia, si anye fɔŋli ga 3 kple agudzeɣi dome la, Petro ɖi vo hedzudzɔ ʋua kuku enumake. Nanee nye ema zɔ ƒua dzi gbɔna! Ƒutsotsoewoe yi dzi eye dzinu nɔ keklẽm ɖe wo dzia? Ao, nua dzɔ kã akpa. Amee! Ɛ̃, amee, eye ele zɔzɔm le tsia dzi gbɔna! Esi wònɔ tetem ɖe wo ŋu la, edze abe ɖe wòdi be yeato wo ŋu ayi ene. Nusrɔ̃laawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wobu be nukpekpe aɖee. Amea ƒo nu gblɔ be: “Milé dzi ɖe ƒo, nyee; migavɔ̃ o.” Yesue!—Mateo 14:25-28.

Petro ɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, nenye wòe la, ekema na mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.” Dzinɔameƒo ƒe seselelãme nue wòwɔ nu ɖo gbã le go sia me. Nukunu sia do dzidzɔ na Petro ale gbegbe be edi be yeaɖe yeƒe xɔse afia. Edi be yeakpɔ gome le nu si nɔ dzɔdzɔm la me. Dɔmenyotɔe la, Yesu lɔ̃ be neva. Petro ɖi le tɔdziʋua me heɖo afɔ tsia dzi. Wòya kpɔ ale si Petro anya se le eɖokui me esime wòɖo afɔ tsia dzi eye eƒe afɔwo te ŋu tɔ ɖe tsia dzi la ɖa le susu me. Anɔ eme be ewɔ nuku nɛ ŋutɔ be yete ŋu zɔ ɖo ta Yesu gbɔ. Kasia seselelãme bubu aɖe ɖo eme.—Mateo 14:29.

Ðe wòle be Petro ƒe susu katã naku ɖe Yesu ŋu hafi. Yesu, si nɔ ŋusẽ si Yehowa nɛ la zãm, ye na Petro te ŋu nɔ tsia dzi zɔm. Yesu wɔ esia le esi Petro ɖe eyama dzi xɔxɔ se fia ta. Gake nu bubu aɖe he Petro ƒe susu. Míexlẽ be: “Esi wòkpɔ ale si ya la le ƒoƒom sesĩe la, evɔ̃.” Petro kpɔ ale si ƒutsotsoeawo va nɔ ʋua lɔm henɔ tsiawo hlẽm ɖe yame la, eye ŋɔdzi lée. Ðewohĩ esusui be yele nyɔnyrɔm ɖe tɔa me. Esi vɔvɔ̃ ɖoe vevie la, eƒe xɔse hã gbɔdzɔ. Ŋutsu sia si woyɔ be Agakpe, le ŋutete si le esi be wòate ŋu anɔ te sesĩe ta la, te nyɔnyrɔ abe kpe ene le esi eƒe xɔse gbɔdzɔ ta. Petro bi ɖe tsiƒuƒu me ŋutɔ, gake fifia ya meɖo ŋu ɖe eƒe ŋutete ma ŋu o. Edo ɣli be: “Aƒetɔ, ɖem!” Yesu do asi ɖa helé eƒe alɔnu hee do goe. Esi wogakpɔtɔ nɔ tsitre ɖe tsia dzi la, Yesu he Petro ƒe susu yi nufiame vevi sia dzi be: “Wò xɔse ʋɛ tɔ, nu ka tae nèke ɖi?”—Mateo 14:30, 31.

‘Ðikeke’—nya sia sɔ nyuie ŋutɔ! Ðikeke ate ŋu agblẽ nu ale gbegbe. Ne míeɖe mɔ le eŋu la, ate ŋu agblẽ nu le míaƒe xɔse ŋu eye míagbɔdzɔ le gbɔgbɔ me. Ele be míadze agbagba aɖu edzi! Alekee? Ne míele ŋudzɔ le susu me. Ne míena míaƒe susu nɔa nu siwo doa vɔvɔ̃ na mí, nu siwo ɖea dzi le mía ƒo, nu siwo hea míaƒe susu ɖa le Yehowa kple Via ŋu la, míaƒe ɖikekewo nu aganɔ sesẽm ɖe edzi. Ne míena míaƒe susu le Yehowa kple Via, nu siwo wowɔ na ame siwo lɔ̃a wo, nu siwo wɔm wole na wo fifia, kple esiwo woava wɔ na wo le etsɔme ŋu la, ana ɖikeke magblẽ nu le míaƒe xɔse ŋu o.

Esi Petro nɔ Yesu ŋu wozɔ yi tɔdziʋua gbɔ la, ekpɔe be yaƒoƒo sesẽ la nu ɖiɖi. Ðoɖoe zi le Galilea Ƒua dzi toŋtoŋ. Petro kple nusrɔ̃la susɔeawo gblɔ na Yesu be: “Mawu ƒe Vie nènye vavã!” (Mateo 14:33) Esi wokpɔtɔ nɔ tɔa dzi eye ŋu nɔ kekem la, ɖikeke mele eme o be Petro yɔ fũu kple ŋudzedzekpɔkpɔ. Esrɔ̃ ale si wòaɖu vɔvɔ̃ kple ɖikeke dzi. Le nyateƒe me la, exɔ ɣeyiɣi geɖe hafi wòte ŋu va wɔ nu abe Kristotɔ like si Yesu kpɔ do ŋgɔ la ene. Gake eɖoe kplikpaa be yeayi edzi anɔ agbagba dzem ahanɔ tsitsim le xɔse me. Ðe nèɖoa ta me kplikpaa nenema? Ðikekemanɔmee la, àkpɔe be xɔse si Petro ɖe fia nye kpɔɖeŋu nyui aɖe ŋutɔ na mí.

[Nɔnɔmetata si le axa 22, 23]

Yesu de dzesi nɔnɔme nyui geɖe le tɔƒodela tsɛ sia ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

“Aƒetɔ . . . nu vɔ̃ wɔla menye”

[Nɔnɔmetata si le axa 24, 25]

“Esi wòkpɔ ale si ya la le ƒoƒom sesĩe la, evɔ̃”