Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Ame kae nye “gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegã,” eye dɔ kae wòwɔna?

“Gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegã” hã nɔ Yuda-subɔsubɔhakplɔla siwo na wolé apostolo Petro kple Yohanes, esime wonɔ gbeƒã ɖem la dome. (Dɔwɔwɔwo 4:1-3) Biblia megblɔ dɔ siwo gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegã la wɔna na mí o, gake ŋutinyamenuŋlɔɖiwo ɖe nya vevi aɖewo ɖe go.

Edze abe le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, nunɔla si nɔa nunɔlagã la te tẽe ye nɔa ɖoƒe sia. Gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegã lae kpɔa egbɔ be nuwo nayi edzi le ɖoɖo nu le Yerusalem gbedoxɔa me kple egodo siaa. Ekpɔa tadedeagu wɔna siwo yia edzi le afi ma kple ame siwo woate ŋu ayɔ be gbedoxɔa ŋu srafowo la ƒe ƒuƒoƒoa dzi. Amegã bubu siwo le eyama te la hã kpɔa dzɔla siwo ʋua gbedoxɔa ƒe agbowo le ŋdi me hetua wo le fiẽ me, eye wokpɔa egbɔ be ame aɖeke nagage ɖe afi siwo womeɖe mɔ be woayi o, eye wokpɔa gbedoxɔa ƒe nudzraɖoƒea dzi la dzi.

Woma nunɔlawo kple Lewi vi siwo wɔa dɔ le gbedoxɔa me la ɖe hatsotso 24 me, eye hatsotso siawo nɔa wo nɔewo ɖɔ lim kwasiɖa sia kwasiɖa, si wɔnɛ be zi evee kwasiɖa ɖeka ƒe subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ sia sua hatsotsoawo dometɔ ɖe sia ɖe si le ƒe ɖeka me. Anɔ eme be gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegã aɖe nɔa hatsotso siawo dometɔ ɖe sia ɖe nu.—1 Kronika 24:1-18.

Ŋusẽnɔƒe gã aɖee gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegã siawo le. Woyɔ wo kpe ɖe nunɔlawo ƒe tatɔ siwo ɖo nugbe be yewoawu Yesu la ŋu, eye woawoe dɔ asrafo siwo le woƒe kpɔkplɔ te la ɖa be woaɖalé Yesu.—Luka 22:4, 52.

Mateo 3:4 gblɔ be Yohanes Amenyrɔ- ɖetsimela ƒe nuɖuɖue nye “ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.” Ðe ʋetsuviwo nye nuɖuɖu si bɔ ɣemaɣia?

Ame aɖewo meka ɖe edzi be nudzodzoewo ŋutɔŋutɔe Yohanes ɖu o, eye wogblɔna be ayi ƒomevi aɖe, atikutsetse aɖe, alo tɔmelã ƒomevi vovovowo gɔ̃ hã ŋue Mateo nɔ nu ƒom tso. Ke hã, Helagbe me nya si Mateo zã la ku ɖe ʋetsuvi ƒomevi vovovo aɖewo (Acrididae) koŋ ŋu. Esi bɔ wu le Israel ɣemaɣie nye dzogbeʋetsuvi gblẽnu siwo ŋu wogblɔ le be wonɔa hatsotso gãwo me.—Yoel 1:4, 7; Naxum 3:15.

Ʋetsuviwo nyea nuɖuɖu vevi aɖe ŋutɔ na Asiriatɔwo kple Etiopiatɔwo ɣemaɣi, eye Bedouintɔwo kple Yemen Yudatɔ aɖewo gakpɔtɔ ɖunɛ egbea. Wobua ʋetsuviwo be wonye ame dahewo ƒe nuɖuɖu le Israel ɣemaɣi. Woɖea eƒe ta, afɔwo, kple ƒodo ɖa heɖua akpa susɔea mumui, alo wotɔnɛ, alo sianɛ wòƒuna hafi ɖunɛ. Ɣeaɖewoɣi la, wodea dze ʋetsuviawo alo dea wo wain tsitsi loo alo anyitsi me hafi ɖuna. Blemaŋutinyaŋlɔla Henri Daniel-Rops gblɔ be woƒe vivi dea bɔlu ƒe vivi ɖi ge.

Esi wònye gbedadaƒoe Yohanes ɖe gbeƒã le ta la, keke ɖe ʋetsuviwo ŋu masesẽ nɛ o. (Marko 1:4) Esi wònye be amenyinu si nye protein alafa memama 75 lɔƒoe le ʋetsuviwo me ta la, woa kple anyitsi ɖuɖu nyea nuɖuɖu si me nunyiame geɖe le.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Subɔvi Asiriatɔ siwo tsɔ ʋetsuviwo kple yevuboɖawo va yina

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

From the book Discoveries Among the Ruins of Nineveh and Babylon (1853)